Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woatu Dɔwɔwɔ Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Ðo

Alesi Woatu Dɔwɔwɔ Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Ðo

Alesi Woatu Dɔwɔwɔ Ŋuti Nukpɔsusu Si Da Sɔ Ðo

LE ASITSATSA me nyaƒoɖeamenu sesẽ siwo le xexeame godoo egbea, hoʋiʋli manyatalenuwo, kple adzɔnuwo wɔwɔ le agbɔsɔsɔ gãwo me ta la, dzi medzɔa ame geɖe ɖe dɔmeyiyi gbesiagbe ŋu o. Gake ele be míase vivi na míaƒe dɔ. Nukatae? Elabena Mawu ƒe nɔnɔme mee wowɔ mí ɖo—eye dzi dzɔa Mawu ɖe eƒe dɔ ŋu. Le kpɔɖeŋu me esi wònɔ ŋku lém ɖe dɔ si wòwɔ le nuwo wɔwɔ ƒe “ŋkeke” adelia alo ɣeyiɣiwo ŋu la, Mose I, 1:31 gblɔ be: “Mawu kpɔ nusiwo katã wòwɔ la, eye kpɔ ɖa, wonyo ŋutɔ.”

Ðikeke mele eme o be alesi Yehowa lɔ̃ dɔwɔwɔe nye susu siwo ta woyɔe be ‘dzidzɔ Mawu’ ɖo la dometɔ ɖeka. (Timoteo I, 1:11) Ekema ɖe susu mele eme o be zi alesi míeyi edzi le esrɔ̃m la, zi nenemae dzi adzɔ míi oa? Blema Israel-fia Salomo, amesi nye xɔtula kple ɖoɖowɔla ɖedzesi aɖe la, ŋlɔ le esia ŋu bena: ‘Amesiame naɖu nu ano nu eye wòakpɔ dzidzɔ le eƒe kutrikuku ta. Mawu ƒe nunanae wònye.’—Nyagblɔla 3:13.

Be woatu dɔwɔwɔ ŋuti nukpɔsusu si da sɔ henyo ɖo le egbexexe si me dɔwɔnyawo le tɔtrɔm edziedzi me la ate ŋu asesẽ ŋutɔ. Gake Yehowa Mawu yraa amesiwo wɔna ɖe mɔfiame siwo wònana lɔlɔ̃tɔe dzi la. (Psalmo 119:99, 100) Ame mawo va zua dɔwɔla siwo ŋu wodea asixɔxɔe hekana ɖe wo dzi eye dɔ megena le wo si bɔbɔe o. Wokpɔnɛ dzea sii hã be menye ŋutilã me nukpɔsusu koe wòle be yewoatsɔ abu yewoƒe dɔ ŋui o, ke boŋ kple gbɔgbɔ me nukpɔsusu hã. Esia kpena ɖe wo ŋu be woawɔ nyametsotso ɖɔʋuwo le agbe me eye be woakpɔe be yewoƒe dzidzɔkpɔkpɔ kple dedienɔnɔ menɔ te ɖe yewoƒe dɔwɔɖui kple dɔ malikewo dzi o. (Mateo 6:31-33; Korintotɔwo I, 2:14, 15) Ekpena ɖe wo ŋu be woatu dɔwɔwɔ ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ŋutɔŋutɔ ɖo.

Tu Dɔ Ŋuti Nukpɔsusu si Dzea Mawu Ŋu Ðo

Ame aɖewo wɔa dɔ atraɖii gbɔɖememanɔmee hetsɔa woƒe dɔ ɖoa nɔƒe gbãtɔ na nusianu. Ame bubuwo dina vevie be game nasu kaba ne yewoakpa ayi aƒeme. Nukpɔsusu si da sɔ lae nye ka? Biblia ɖo eŋu be: “Gbɔɖeme asiʋlo ɖeka nyo wu agbagbadzedze kple dagbadagba ɖe ya me asiʋlo eve taŋ.” (Nyagblɔla 4:6) Le nyateƒe me la, kuxi boŋue gbagbla ɖe dɔ ŋu akpa alo ewɔwɔ ɣeyiɣi didi akpa hena vɛ—enye “dagbadagba ɖe ya me” dzro ko. Nukatae wòle nenema? Elabena míate ŋu agblẽ nu le nusiwo koŋ hea dzidzɔkpɔkpɔ gãtɔ kekeake vɛ na mí: siwo nye mía kple míaƒe ƒometɔwo kpakple xɔlɔ̃wo dome ƒomedodo, míaƒe gbɔgbɔmemenyenye, míaƒe lãmesẽ, kple míaƒe agbedidinɔnɔ gɔ̃ hã ŋu. (Timoteo I, 6:9, 10) Nukpɔsusu si da sɔ enye be ŋutilãmenu ʋɛ si le mía si, si ŋu ŋutifafa kpe ɖo la nadze mía ŋu, tsɔ wu dɔ gbogbowo tsɔtsɔ ado agbae na mía ɖokui si ŋuti kuxiwo kple dzidzɔmakpɔmakpɔ akpe ɖo.

Esi Biblia nɔ nukpɔsusu si da sɔ ma ƒe dzi dem ƒo la, meda asi ɖe kuviawɔwɔ dzi o. (Lododowo 20:4) Kuviawɔwɔ gblẽa nu le bubunɔameŋu, si nye bubu si ame bubuwo ade mía ŋu la ŋu. Vɔ̃ɖitɔ wu la, egblẽa nu le mía kple Mawu dome ƒomedodo ŋu. Biblia gblɔe tẽ be amesi gbe dɔwɔwɔ ƒe nuɖuɖu naganye agba na ame bubuwo o. (Tesalonikatɔwo II, 3:10) Ke boŋ ele be wòatrɔ eƒe nɔnɔme ahawɔ dɔ sesĩe, bena wòate ŋu akpɔ eɖokui kple eƒemetɔwo dzi nyuie. To dɔwɔwɔ sesĩe me la, ate ŋu ana kpekpeɖeŋu amesiwo hiã tu ŋutɔŋutɔ la gɔ̃ hã—si nye nusi Mawu ƒe Nya de dzi ƒo be woawɔ.—Lododowo 21:25, 26; Efesotɔwo 4:28.

Dɔwɔwɔ Moveviɖoɖotɔe ƒe Hehexɔxɔ tso Ðevime

Moveviɖoɖo ɖe dɔ ŋu ƒe nɔnɔme mesua ame si le vome o; ɖe wosrɔ̃nɛ tso ɖevime. Eyata Biblia xlɔ̃ nu dzilawo be: “Mlã ɖevi ɖe mɔ, si wòato la ŋu, ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.” (Lododowo 22:6) Tsɔ kpe ɖe kpɔɖeŋu nyui si dzila nyanuwo ŋutɔ aɖo le dɔwɔwɔ me ŋuti la, wodzea hehenana wo vi suewo gɔme tso dɔɖoɖo na wo le aƒeme ɖe woƒe ƒexɔxɔ nu dzi. Togbɔ be aƒemedɔ aɖewo wɔwɔ mado dzidzɔ na ɖeviwo o hã la, woa ŋutɔwo ava kpɔe be yewonye ƒomea me tɔ siwo ŋu wodea asixɔxɔe—vevietɔ ne Dada kple Papa kafu wo ɖe dɔ aɖe si wowɔ nyuie la ta. Nublanuitɔe la, dzila aɖewo wɔa nusianu kloe na wo viwo, ɖewohĩ wobui vodadatɔe be ɖe yewole nublanui kpɔm na wo. Anyo be dzila siawo nade ŋugble le Lododowo 29:21 (NW) ŋu, si gblɔ be: “Ne ame aɖe wɔ vi na eƒe kluvi tso ɖevime la, ava zu akpemadala emegbe.”

Dzila ɖɔŋuɖowo tsɔa ɖe le wo viwo ƒe sukudede hã me vevie, hedea dzi ƒo na wo be woado vevie nusɔsrɔ̃ esime wole suku. Esia aɖe vi na ɖeviawo emegbe ne wotsi va zu dɔwɔlawo.

Tia Wò Dɔ si Nàwɔ la Nunyatɔe

Togbɔ be Biblia megblɔ dɔ si ƒomevi wòle be míatia na mí o hã la, ena mɔfiame nyuiwo mí bena míaƒe gbɔgbɔmeŋgɔyiyi, Mawu subɔsubɔ, kpakple agbanɔamedzi vevi bubuwo nagaɖo afɔku me o. Le kpɔɖeŋu me, apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Ɣeyiɣi la le kpuie; eyata azɔ la amesiwo . . . wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womele eŋuti dɔ wɔm o ene; elabena xexe sia me ƒe nɔnɔme nu va yina.” (Korintotɔwo I, 7:29-31) Naneke mele fifi nuɖoanyia me si nɔa anyi ɖaa alo lia ke keŋkeŋ o. Míaƒe ɣeyiɣi alo ŋusẽ katã zazã ɖe eŋu le ko abe ga siwo katã le mía si le agbe me la tsɔtsɔ aƒle aƒe aɖe si wotu ɖe tɔba me la ene. Ga dome gbegblẽ ka gbegbee nye si!

Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo ɖe nyagbe ‘woagawɔ eŋudɔ bliboe o’ gɔme be “woagaƒo ame ɖokui ɖe eme o” eye “be womatso hloloe ɖe eŋu o.” (The Jerusalem Bible; Today’s English Version) Nunyalawo meŋea aɖaba ƒua nyateƒenya si nye be ɣeyiɣi si susɔ na fifi nuɖoanyia le “kpuie” eye be “ame ɖokui ƒoƒo ɖe eme” alo “hloloetsotso ɖe eŋu” akplɔ ame ade mɔkpɔkpɔbuɖeame kple nuteɖeamedzi me godoo dzi o.—Yohanes I, 2:15-17.

‘Mawu Magblẽ Mi Ði Akpɔ O’

Yehowa nya míaƒe nuhiahiãwo wu alesi mía ŋutɔwo míenya woe gɔ̃ hã. Afisi míele le eƒe tameɖoɖo me vava me hã le nyanya nɛ. Eyata exlɔ̃ nu mí be: “Mina miaƒe susu navo tso galɔlɔ̃ me, eye nusiwo le mia si la, nadze mia ŋu; elabena [Mawu] gblɔ be: ‘Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.’” (Hebritɔwo 13:5) Aleke gbegbe nya mawo fa akɔe nye si! Le Mawu ƒe ɖetsɔtsɔ le eƒe amewo me lɔlɔ̃tɔe sɔsrɔ̃ me la, Yesu fia nu geɖe eƒe nusrɔ̃lawo tso dɔwɔwɔ kple ŋutilãmenuwo ŋuti nukpɔsusu nyuitɔ ŋu le eƒe Todzimawunya xɔŋkɔa me.—Mateo 6:19-33.

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoawɔ ɖe nufiafia mawo dzi. Le kpɔɖeŋu me, esi dɔtɔ aɖe gblɔ na Ðasefo aɖe, si nye elektrikdɔwɔla be woanɔ dɔme vam edziedzi le kpakpã le dɔme megbe la, dɔwɔvia melɔ̃ ɖe edzi o. Nukatae? Elabena medi be yeƒe dɔwɔɖui naxɔ ɣeyiɣi si yezãna ɖe yeƒe ƒomea kple gbɔgbɔmedɔwo ŋu la le ye si o. Esi wònye dɔwɔla nyui si dzi woka ɖo ta la, eƒe dɔtɔa de bubu eƒe didia ŋu. Ele eme be menye ɣesiaɣie nuwo ayi nenema ya o, eye ahiã be ame nadi dɔ bubu be wòate ŋu anɔ agbe si da sɔ. Gake amesiwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe la kpɔnɛ zi geɖe be yewoƒe agbenyuinɔnɔ kple dɔwɔwɔ ŋuti nukpɔsusu nyui na yewoƒe dɔtɔwo melɔ̃a nu yewogbɔ o.—Lododowo 3:5, 6.

Ɣeyiɣi si me Dɔ sia Dɔ Ado Dzidzɔ na Ame

Le fifi nuɖoanyi madeblibo sia me la, kuxi kple nuwo ƒe kemalimali magbe dɔwɔɖui kple dɔ kpɔkpɔ awɔ ŋu nyawo me nɔnɔ gbeɖe o. Le nyateƒe me la, nuwo agblẽ ɖe edzi esime xexeame yi edzi le ɖuɖum glɔmɔglɔmɔ eye ganyawo le ʋuʋum alo le gbegblẽm gɔ̃ hã. Gake ɣeyiɣi kpui aɖe koe nɔnɔme sia anɔ anyi. Esusɔ vie dɔ magage le ame aɖeke si o. Gawu la, vivisese anɔ dɔwɔwɔ me eye viɖe anɔ eme ŋutɔŋutɔ. Aleke esia anya wɔe? Nukae ahe tɔtrɔ sia vɛ?

Yehowa to eƒe nyagblɔɖila Yesaya dzi fia asi ɣeyiɣi ma. Yehowa gblɔ be: “Mawɔ dziƒo yeye kple anyigba yeye, eye womagaɖo ŋku tsãtɔwo dzi, alo woava ame ƒe ta me o.” (Yesaya 65:17) Dziɖuɖu yeye si wòaɖo anyi, si te ameƒome yeye kura anɔ la, ŋu nya gblɔmee wònɔ.—Daniel 2:44.

Nyagblɔɖia yi edzi gblɔ tso alesi amewo anɔ anyi ahawɔ dɔe ɣemaɣi ŋu be: “Woatu xɔ anɔ eme, eye woade weingble aɖu eme kutsetse. Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o, eye womaƒã nu ame bubu naɖu o; elabena nye dukɔ atsi, abe alesi ati tsinae ene, eye nye ame tiatiawo aɖu woawo ŋutɔ ƒe asinudɔwɔwɔwo. Womadze agbagba dzodzro o, eye womadzi dzikudziku o; elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe ƒome wonye, eye wo viwo le wo ŋu.”—Yesaya 65:21-23.

Aleke gbegbe Mawu ƒe xexe yeye ma ana nuwo natrɔe nye si! Ðe màdi be yeanɔ xexe ma tɔgbe, si me ‘madze agbagba dzodzro’ le o ke boŋ àɖu wò ŋutɔ wò “asinudɔwɔwɔwo” bliboe la me oa? Gake kpɔ amesiwo si yayra siawo asu ɖa: ‘Wonye Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe ƒome.’ Àte ŋu anye ‘ame yayra’ siawo dometɔ ɖeka to nusɔsrɔ̃ tso Yehowa ŋu kple eƒe nudidiwo dzi wɔwɔ me. Yesu gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.” (Yohanes 17:3) Anye dzidzɔ na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàxɔ sidzedze ma si naa agbe la to Mawu ƒe Nya, Biblia, sɔsrɔ̃ ɖe ɖoɖonu me.

[Aɖaka si le axa 6]

“Amesiawoe Wodina Ɣesiaɣi”

Biblia gblɔ be: “Nusianu, si ke miewɔna la, miwɔe tso dzi me, abe Aƒetɔ lae miewɔe na ene, eye menye na amewo o.” (Kolosetɔwo 3:23) Ðikeke mele eme o be amesi na gɔmeɖose nyui sia kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nɔnɔme ɖe dɔ ŋu dzi la anye dɔwɔla si woadi vevie. Le susu ma ta la, J. J. Luna ɖo aɖaŋu le eƒe agbalẽ si nye How to Be Invisible me na dɔtɔ siwo le dɔwɔlawo dim be woadi subɔsubɔha aɖewo me tɔ dovevienuwo, gake hegblɔ kpee be: “Nya la ŋutɔŋutɔe nye be zi geɖe la, [Yehowa] Ðasefowo koe míexɔna.” Susu siwo wòna be woawo tae la dometɔ ɖekae nye be wonye amesiwo wonya nyuie ɖe woƒe anukwareɖiɖi ta, eye ema na ‘wonye amesiwo wodina ɣesiaɣi’ le dɔ vovovowo me.

[Nɔnɔmetata si le axa 5]

Dada sɔ le ŋutilã kple gbɔgbɔ me dɔwo kple modzakaɖeɖe me hea dzidzeme vɛ