Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔɖui ƒe Amesinɔnɔ Kple Eme Dzidzɔkpɔkpɔ

Dɔwɔɖui ƒe Amesinɔnɔ Kple Eme Dzidzɔkpɔkpɔ

Dɔwɔɖui ƒe Amesinɔnɔ Kple Eme Dzidzɔkpɔkpɔ Ðo Afɔku Me

DUKƆ ƑOƑUAWO ƒe Xexeame Katã ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Nuŋlɔɖi gblɔ be “dɔwɔɖui ƒe amesinɔnɔ nye amegbetɔwo katã ƒe gomenɔamesi vevi.” Gake kpeɖodzi meli be gomenɔamesi sia anɔ amewo si ɣesiaɣi o. Dɔwɔɖui ƒe amesinɔnɔ nɔ te ɖe nu geɖe dzi—tso nutoa me ganyawo ƒe kelili dzi yi xexeame katã ƒe asitsanyawo ƒe nɔnɔme dzi. Togbɔ be ele alea hã la, dɔ ƒe gege le ame si alo eŋuti dzimaɖitsitsi hea nyaʋiʋliwo, ʋunyaʋunyawɔwɔwo, kple dɔwɔlawo ƒe aglãdzedze be yewomayi dɔme o vɛ zi geɖe. Dukɔ ʋɛ aɖewo koe do le eme. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔ be, nya si nye “dɔ” ɖeɖe gɔ̃ hã “nyɔa seselelãme sesẽwo ɖe ame me abe alesi wònɔna ɖaa ene.”

Susu geɖewo tae dɔwɔɖui le vevie na mí ɖo. Tsɔ kpe ɖe ga si míekpɔna tsoa eme ŋu la, edoa míaƒe susume kple seselelãme ƒe nyonyo ɖe ŋgɔ. Dɔwɔɖui kpɔa amegbetɔ ƒe didi be yeanye dukɔmevi ɖɔʋu kple amesi ƒe agbe ŋu taɖodzinu le gbɔ. Enaa míesena le mía ɖokui me hã be bubu le mía ŋu. Eyata amesiwo si ga geɖe le woatsɔ akpɔ woƒe nuhiahiãwo gbɔe alo amesiwo ƒe ƒe de woaxɔ dzudzɔ le dɔme la dometɔ aɖewo gɔ̃ hã dina be yewoaganɔ dɔa me kokoko. Ẽ, dɔwɔɖui le vevie ale gbegbe be eƒe amesimanɔmanɔ hea hadome kuxi sesẽwo vɛ zi geɖe.

Le go bubu me la, ame aɖewo hã li siwo si dɔwɔɖui le gake wodzea ŋgɔ nyaƒoɖeamenu geɖe le dɔme ale gbegbe be dzi megadzɔa wo ɖe dɔa ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, le alesi hoʋiʋli geɖe va le asitsanyawo mee egbea ta la, adzɔha gbogbo aɖewo yi edzi le woƒe dɔwɔlawo dzi ɖem kpɔtɔ bena yewoaɖe gazazã dzi akpɔtɔ. Esia ate ŋu ada agbanɔamedzi bubuwo ɖe dɔwɔla siwo susɔ, siwo wòle na be woawɔ dɔ bubuwo akpe wo tɔ la dzi.

Egbeŋkekea me mɔ̃ɖaŋununya si woto vɛ be wòana agbea nabɔbɔ wu ahana dɔ nanyo ɖe edzi la, hãe anya le nyaƒoɖeamenu dzim ɖe edzi le dɔwɔƒea. Le kpɔɖeŋu me, kɔmpiutawo, faksmɔ̃wo, kple Internet naa amewo te ŋu tsɔa woƒe dɔwo yia aƒemee le dɔwɔɣiwo megbe, si wɔe be vovototo megava le dɔwɔƒe kple aƒeme dome o. Dɔwɔla aɖe se le eɖokui me be yewoƒe dɔwɔƒea ƒe nyatakakaxɔmɔ̃ kple asitelefon le abe ka makpɔmakpɔ si wode ye tsi ɖe yeƒe dɔmemegã ŋu ene.

Vɔvɔ̃ si le ame tsitsi geɖe ɖom vevie le tɔtrɔ siwo le míaƒe dɔwɔnya kple ganyawo me vam kabakaba ŋu enye alesi wobua wo be wotsi akpa na dɔa hafi woƒe ɣeyiɣi dena. Chris Sidoti, si nye Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesi Ŋu Nyawo Gbɔkpɔla tsã, gblɔ le nya sia ŋu be: “Edze abe ɖe dɔnyala bibiwo va li ale gbegbe be ne wò ƒe mele ʋɛ wu ƒe 40 o la, mate ŋu azã kɔmpiutawo kple mɔ̃ɖaŋununya yeyeawo o ene.” Esia ta, wova le dɔwɔla nyui geɖe siwo woabu tsã be wonye dɔwɔla zazɛ̃wo la bum be wotsi akpa na dɔa. Nublanuinya kae nye si!

Edze ƒã be moveviɖoɖo ɖe dɔ ŋu kple anukwareɖiɖi na adzɔhaa ƒe gbɔgbɔ si nɔ anyi tsã la yi to ale gbegbe le ƒe siawo me. Franseawo ƒe magazine si nye Libération gblɔ be: “Ne adzɔhawo ɖe asi le amewo ŋu le adzɔnuwo ƒe asi ƒe ɖiɖi vie ko ta la, anukwareɖiɖi na adzɔhawo zua gbaɖegbenya. Ele be nàwɔ dɔa ya, gake menye na adzɔhaa o, ke boŋ na wò ŋutɔ ɖokuiwò.”

Togbɔ be kuxi siawo le dzidzim ɖe edzi hã la, dɔwɔwɔ kpɔtɔ nye amegbetɔ ƒe nuhiahiã vevi. Eyata le míaƒe ɣeyiɣi siwo le tɔtrɔm kabakaba me la, aleke ame ate ŋu atu dɔwɔɖui ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ɖo, eye le ɣeyiɣi ma ke me la, wòase le eɖokui me be yeƒe dɔ anɔ ye si eye dzi nadzɔe le ewɔwɔ me?

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

Egbeŋkekea me mɔ̃ɖaŋununya le nyaƒoɖeamenua dzim ɖe edzi le dɔwɔƒe