Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

‘Lɔlɔ̃ Nenɔ Mia Dome’

“Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.”​—YOHANES 13:35.

1. Nɔnɔme ka dzie Yesu te gbe ɖo do ŋgɔ kpuie na eƒe ku?

“VINYEWO.” (Yohanes 13:33) Aleae Yesu yɔ eƒe apostolowo lɔlɔ̃tɔe le zã si do ŋgɔ na eƒe ku la me. Nuŋlɔɖi aɖeke mele Nyanyuigbalẽawo me be Yesu zã nya fadziname sia le nuƒoƒo na eƒe nusrɔ̃lawo me ɣeaɖekeɣi wu esia o. Gake le zã tɔxɛ ma me la, ese le eɖokui me be yeazã nya fadziname sia atsɔ aɖe lɔlɔ̃ deto si le ye si na ye yomedzelawo la afia. Le nyateƒe me la, Yesu ƒo nu tso lɔlɔ̃ ŋu abe zi 30 ene le zã ma me. Nukatae wòte gbe ɖe nɔnɔme sia dzi nenema gbegbe ɖo?

2. Nukatae lɔlɔ̃ ɖeɖe fia le vevie ŋutɔ na Kristotɔwo?

2 Yesu ɖe nusita lɔlɔ̃ le vevie ŋutɔ la me. Egblɔ be: “Esia me amewo katã woanyae le bena, nye nusrɔ̃lawo mienye, ne lɔlɔ̃ le mia dome.” (Yohanes 13:35; 15:12, 17) Kristo yomedzela nyenye zɔna aduadu kple nɔvilɔlɔ̃ ɖeɖe fia. Menye awu tɔxɛ aɖe dodo alo kɔnu tɔxɛ aɖe wɔwɔ mee wodzea si Kristotɔ vavãwo le o, ke boŋ to lɔlɔ̃ si woɖena fiaa wo nɔewo mee. Lɔlɔ̃ ɖedzesi sia ƒe amesinɔnɔ nye nu vevi etɔ̃ siwo woyɔ le nyati si do ŋgɔ me be wodi tso Kristo ƒe nusrɔ̃la si la ƒe evelia. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míayi edzi aɖo nudidi sia gbɔ?

‘Miyi Edzi Miaɖee Fia Geɖe Wu’

3. Nuxlɔ̃ame kae Paulo na ku ɖe lɔlɔ̃ ŋu?

3 Abe alesi wònɔ le Kristo yomedzelawo dome le ƒe alafa gbãtɔ mee ene la, amewo dea dzesi lɔlɔ̃ tɔxɛ sia le Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo dome egbea hã. Apostolo Paulo ŋlɔ ɖo ɖe ƒe alafa gbãtɔ me Kristotɔwo bena: “Le nɔvilɔlɔ̃ ŋuti la mehiã mi bena, míaŋlɔe aɖo ɖe mi o; elabena Mawu fia mia ŋutɔwo be, mialɔ̃ mia nɔewo; elabena miewɔ esia ke na [nɔviawo].” Ke hã, Paulo gblɔ kpee be: ‘Miyi edzi miaɖee fia geɖe wu.’ (Tesalonikatɔwo I, 3:12; 4:9, 10) Ehiã be míawo hã míawɔ ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃amea dzi ahadze agbagba aɖe lɔlɔ̃ afia mía nɔewo ‘geɖe wu.’

4. Le Paulo kple Yesu ƒe nya nu la, amekawo ŋue wòle be míabu etɔxɛe?

4 Le lɛta ma ke si tso gbɔgbɔ me me la, Paulo de dzi ƒo na ehati xɔsetɔwo be ‘woafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo’ eye ‘woaxɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo.’ (Tesalonikatɔwo I, 5:14) Ɣebubuɣi la, exlɔ̃ nu Kristotɔwo be amesiwo ‘ŋu ŋusẽ le la natsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo.’ (Romatɔwo 15:1) Yesu hã na nuxlɔ̃ame ku ɖe kpekpeɖeŋu nana gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu. Esime Yesu gblɔ ɖi be Petro agblẽ ye ɖi le zã si me woalé ye me megbe la, egblɔ na Petro bena: “Gbesigbe nètrɔ la, nado ŋusẽ nɔviwòwo!” Nukatae? Elabena anye be woawo hã gblẽ Yesu ɖi si ta wòahiã be woakpe ɖe wo ŋu. (Luka 22:32; Yohanes 21:15-17) Eyata Mawu ƒe Nya xlɔ̃ nu mí be míaɖe lɔlɔ̃ afia amesiwo gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me kpakple amesiwo dzudzɔ hadede kple Kristo-hamea. (Hebritɔwo 12:12) Nukatae wòle be míawɔ nenema? Ŋuɖoɖoa dze le kpɔɖeŋu nyui eve aɖewo si Yesu wɔ me.

Alẽ Kple Klosalo Bubu La

5, 6. (a) Kpɔɖeŋu kpui eve kae Yesu wɔ? (b) Nukae kpɔɖeŋu siawo ɖe fia tso Yehowa ŋu?

5 Be Yesu nafia nusi nye Yehowa ƒe nukpɔsusu le amesiwo tra mɔ ŋu eƒe nyaselawo la, ewɔ kpɔɖeŋu kpui eve. Ðeka ku ɖe alẽkplɔla aɖe ŋu. Yesu be: “Ameka le mia dome, ne alẽ alafa le esi, eye wo dometɔ ɖeka bu ɖee la, ɖe magblẽ blaasieke vɔ asieke la ɖe gbeadzi, eye wòadi esi bu la, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã? Eye ne ekpɔe la, akɔe ada ɖe eƒe abɔta kple dzidzɔ. Eye ne eva aƒe la, ayɔ xɔlɔ̃awo kple aƒelikawo aƒo ƒu, agblɔ na wo bena: Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ nye alẽ, si bu la. Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti wu ame dzɔdzɔe blaasieke vɔ asieke, siwo mehiã dzimetɔtrɔ o la.”—Luka 15:4-7.

6 Kpɔɖeŋu evelia ku ɖe nyɔnu aɖe ŋu. Yesu gblɔ be: “Nyɔnu ka si klosalo ewo le, ne ebu ɖeka la, ɖe masi akaɖi, eye wòakplɔ xɔa me, eye wòadi vevie, vaseɖe esime wòakpɔe o mahã? Eye ne ekpɔe la, ayɔ xɔlɔ̃awo kple aƒelikawo aƒo ƒu, agblɔ na wo bena: Mikpɔ dzidzɔ kplim, elabena mekpɔ klosalo, si mebu la. Mele egblɔm na mi bena: Nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.”—Luka 15:8-10.

7. Nusɔsrɔ̃ eve kawoe le alẽ kple klosalo bubu ƒe kpɔɖeŋuawo me na mí?

7 Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋu kpui siawo me? Wofia mí (1) alesi wòle be míase le mía ɖokui me le amesiwo gbɔdzɔ ŋu kple (2) nusi wòle be míawɔ atsɔ akpe ɖe wo ŋui. Mina míade ŋugble le nya siawo ŋu.

Wobu Gake Wode Asixɔxɔ Wo Ŋu

8. (a) Aleke alẽkplɔlaa kple nyɔnua wɔ nu ɖe woƒe nu bubuawo ŋui? (b) Nukae alesi wowɔ nui ɖe fia mí ku ɖe alesi wobu nu bubuawo ŋu?

8 Le kpɔɖeŋu evea siaa me la, nane bu, gake de dzesi alesi nua tɔwo wɔ nui. Alẽkplɔlaa megblɔ be: ‘Alẽ 99 ye susɔ ɖe asinye, nukae ɖeka si bu agblẽ le ŋunye? Ate ŋu abu faa o.’ Nyɔnua megblɔ be: ‘Nukatae wòle be matsi dzi ɖe klosalo ɖeka ŋu? Asieke si susɔ ɖe asinye la sɔ gbɔ nam’ o. Ke boŋ alẽkplɔlaa di eƒe alẽ bubua vevie abe eya ɖeka koe le esi ene. Eye nyɔnua ƒe klosalo si bu la vee vevie abe ɖe klosalo bubu aɖeke megale esi o ene. Le kpɔɖeŋu evea siaa me la, nu bubua kpɔtɔ nye nu xɔasi le nua tɔ ƒe susu me. Nukae esia fia?

9. Nukae alẽkplɔlaa kple nyɔnua ƒe ɖetsɔlemea ɖe fia?

9 Se alesi Yesu ƒo nya tae le nudzɔdzɔ evea siaa ŋui ɖa: “Nenema ke wòanye dzidzɔ le dziƒo le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti” kple ‘mele egblɔm na mi bena nenema ke wòanye dzidzɔ le mawudɔlawo ƒe ŋku me le nuvɔ̃wɔla ɖeka, si trɔ le dzi me la ŋuti.’ Eyata alẽkplɔlaa kple nyɔnua ƒe ɖetsɔlemea ɖe Yehowa kple eƒe dziƒodɔlawo ƒe seselelãme fia le mɔ sue aɖe nu. Abe alesi nusi bu la kpɔtɔ xɔ asi na alẽkplɔlaa kpakple nyɔnua ene la, nenemae amesiwo tra hedzo le Mawu ƒe amewo dome la kpɔtɔ xɔ asi le Yehowa ŋkumee. (Yeremya 31:3) Amesiawo anya gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ya, gake mefia kokoko be wozu aglãdzelawo o. Togbɔ be wogbɔ dzɔ hã la, ɖewohĩ woanɔ Yehowa ƒe nudidiwo dzi wɔm ase ɖe afi aɖe. (Psalmo 119:176; Dɔwɔwɔwo 15:29) Eyata abe alesi wònɔ le ɣeyiɣi siwo va yi mee ene la, Yehowa metsia klokloklo be ‘yeaɖe wo ɖa le yeƒe ŋkuta o.’—Fiawo II, 13:23.

10, 11. (a) Aleke míadi be míabu amesiwo tra tso hamea gbɔ lae? (b) Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu eveawo nu la, aleke míate ŋu aɖee afia be míetsɔ ɖe le eme na woe?

10 Abe Yehowa kple Yesu ene la, míawo hã míetsɔa ɖe le eme na amesiwo gbɔdzɔ kple amesiwo bu le Kristo-hamea me la vevie. (Xezekiel 34:16; Luka 19:10) Míebua amesi gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me la abe alẽ bubu ene—ke menye abe amesi ŋu mɔkpɔkpɔ aɖeke megale ene o. Míaƒe nukpɔsusu menyea: ‘Nukatae wòle be míatsi dzi ɖe amesi gbɔdzɔ ŋu? Eya manɔmee hã hamea le dzidzedze kpɔmee’ o. Ke boŋ abe Yehowa ene la, míebua amesiwo tra gake hedi be yewoatrɔ agbɔ la be wole vevie.

11 Gake aleke míate ŋu aɖee fiae be míetsɔ ɖe le eme na wo? Yesu ƒe kpɔɖeŋu evea ɖee fia be míate ŋu awɔe (1) to ŋgɔdodo aɖe afɔ, (2) to nuwɔwɔ kpli wo tufafatɔe, kple (3) to kutrikuku vevie me. Mina míalé ŋku ɖe mɔ siawo ŋu ɖekaɖeka.

Wɔ Afɔɖeɖea Gbã

12. Nukae nya si nye ‘yi ɖadi esi bu la’ gblɔ na mí tso alẽkplɔlaa ƒe nɔnɔme ŋu?

12 Le kpɔɖeŋu eveawo ƒe gbãtɔ me la, Yesu gblɔ be alẽkplɔlaa ‘ayi aɖadi esi bu la.’ Alẽkplɔlaa doa ŋgɔ wɔa afɔɖeɖea gbã heɖonɛ koŋ dzea agbagba vevie be yeakpɔ alẽ bubua. Fukpekpe, afɔku, kple teƒea ƒe didi mexea mɔ nɛ o. Ke boŋ alẽkplɔlaa yia edzi dinɛ ‘vaseɖe esime wòkpɔe.’—Luka 15:4.

13. Aleke blematɔ wɔnuteƒewo wɔ nu ɖe amesiwo gbɔdzɔ la ƒe nuhiahiãwo ŋui, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ Biblia me kpɔɖeŋu siawoe?

13 Nenema kee kpekpeɖeŋu nana amesi hiã dzideƒo biana zi geɖe be amesi ŋu ŋusẽ le nado ŋgɔ awɔ afɔɖeɖea gbã. Blematɔ wɔnuteƒewo kpɔ esia dze sii. Le kpɔɖeŋu me, esime Fia Saul ƒe vi Yonatan de dzesii be ye xɔlɔ̃ vevi Dawid hiã dzideƒo la, Yonatan “dze mɔ yi Dawid gbɔ le ave la me, eye wòtsɔ Mawu de dzi ƒo nɛ.” (Samuel I, 23:15, 16) Ƒe alafa geɖe megbe, esime Mɔmefia Nexemya kpɔe be ye nɔvi Yudatɔwo gbɔdzɔ la, eya hã ‘tso enumake’ hede dzi ƒo na wo be ‘woƒe ŋku nanɔ Yehowa dzi.’ (Nexemya 4:8) Míawo hã míadi egbea be ‘míatso’—míado ŋgɔ aɖe afɔa gbã—be míade dzi ƒo na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo. Hamea me tɔ kawoe wòle be woawɔ esia?

14. Kristo-hamea me tɔ kae wòle be wòana kpekpeɖeŋu amesiwo gbɔdzɔ la?

14 Kristotɔ hamemegãwo koŋ ƒe agbanɔamedzie wònye be ‘woado ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, ade agbe klo beliwo me,’ eye woawoe “[agblɔ] na amesiwo ƒo dzi ɖe le la be: Milé dzi ɖe ƒo, migavɔ̃ o!” (Yesaya 35:3, 4; Petro I, 5:1, 2) Gake de dzesii be menye hamemegãwo koe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame si nye be ‘woafa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo’ eye be ‘woaxɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo’ la yi na o. Ke boŋ ‘Tesalonika-hamea katãe’ Paulo ƒe nyawo yi na. (Tesalonikatɔwo I, 1:1; 5:14) Eyata kpekpeɖeŋunana gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo nye Kristotɔwo katã ƒe agbanɔamedzi. Abe alẽkplɔla si ŋu woƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me ene la, ele be Kristotɔ ɖesiaɖe nase le eɖokui me be ‘yeayi aɖadi amesi bu la.’ Ke hã nuwɔwɔ aduadu kple hamemegãwo ye nana esia nya wɔna nyuie wu. Ðe nàte ŋu awɔ afɔɖeɖe aɖewo akpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ aɖe ŋu le miaƒe hamea mea?

Wɔ Nu Tufafatɔe

15. Nukatae alẽkplɔlaa anya wɔ nusiwo wòwɔ la?

15 Esi alẽkplɔlaa kpɔ alẽ bubua mlɔeba la, nukae wòwɔ? ‘Ekɔe ɖe abɔta.’ (Luka 15:5) Nuwɔna wɔdɔɖeamedzi ka gbegbee nye si! Alẽa anya tsa tsaglãla ŋkeke kple zã geɖe to teƒe manyamanyawo, ɖewohĩ dzatawo gɔ̃ hã kplɔe ɖo ŋɔdzitɔe. (Hiob 38:39, 40) Ðikeke mele eme o be nuɖuɖu makpɔmakpɔ ana alẽa nagbɔdzɔ. Ŋusẽ aɖeke kura manɔ eŋu wòaɖu mɔxenu siwo wòado goe le mɔ dzi ne eya ŋutɔ trɔ gbɔna alẽhaa me la dzi o. Eyata alẽkplɔlaa bɔbɔ kɔ alẽa blewuu, hekɔe to mɔxenuwo katã ta gbɔ va alẽhaa mee. Aleke míate ŋu aɖe belélename si alẽkplɔla sia ɖe fia la afiae?

16. Nukatae wòle be míaɖe tufafa ƒe nɔnɔme si alẽkplɔlaa ɖe fia alẽ bubua afia?

16 Ðeɖi ate amesi tra tso hamea gbɔ la ŋu le gbɔgbɔ me. Abe alẽ si klã tso alẽkplɔlaa gbɔ ene la, ame ma anya tsa tsaglãla to xexe sia me ƒe teƒe klitsa madeamedziwo. Ametakpɔkpɔ si tsoa alẽhaa, si nye Kristo-hamea gbɔ manɔmee la, mɔ ʋu ɖe eŋu na Abosam, amesi “le tsatsam abe dzata, si le gbe ɖem hele ame dim, be yeavuvu ami ene” be wòadze edzi wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. (Petro I, 5:8) Gakpe ɖe eŋu la, gbɔgbɔmenu makpɔmakpɔ aɖu na wògbɔ dzɔ. Eyata ŋusẽ aɖeke mele eŋu eya ɖeɖe nate ŋu anɔ te ɖe kplamatsedonu siwo wòado goe ne etrɔ gbɔna va hamea me la nu o. Eyata le kpɔɖeŋumɔ nu la, ehiã be míabɔbɔ akɔ gbɔdzɔgbɔdzɔtɔa blewuu atsɔ agbɔe. (Galatiatɔwo 6:2) Aleke míate ŋu awɔ esiae?

17. Aleke míate ŋu asrɔ̃ apostolo Paulo ne míeyi gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ aɖe srã ge kpɔ?

17 Apostolo Paulo gblɔ be: “Amekae gbɔdzɔ, eye nyemagbɔdzɔ oa?” (Korintotɔwo II, 11:29; Korintotɔwo I, 9:22) Paulo se veve ɖe amewo, siwo dome gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo hã nɔ nu. Míadi be míaɖe veveseseɖeamenu ma tɔgbe afia amesiwo gbɔdzɔ. Ne èyi Kristotɔ si gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me srã ge kpɔ la, na kakaɖedzii be exɔ asi le Yehowa ŋkume eye ehati Ðasefowo le esusum vevie. (Tesalonikatɔwo I, 2:17) Na wòanya be wole klalo be yewoakpe ɖe eŋu eye wolɔ̃ faa be yewoanye ‘nɔviwo nɛ le hiã me.’ (Lododowo 17:17; Psalmo 34:19) Nya siwo míagblɔ tso dzi me ate ŋu ade dzi ƒo nɛ tufafatɔe eye ʋɛʋɛʋɛ la, ate ŋu atrɔ va alẽhaa me. Nukae wòle be míawɔ emegbe? Nyɔnua kple klosaloa ŋuti kpɔɖeŋua na mɔfiame mí.

Ku Kutri

18. (a) Nukatae mɔkpɔkpɔ mebu ɖe nyɔnu si ŋu nya wogblɔ le kpɔɖeŋua me la o? (b) Aleke gbegbe nyɔnua ku kutrii eye nukae do tso eme?

18 Nyɔnu si bu klosaloa nya be edidi asesẽ gake mefia be ebu keŋkeŋ o. Ne ave dodo aɖe alo ba goglo aɖe mee wòge ɖo la, anye ne dzi aɖe le eƒo be ebu tegbetegbe. Gake esi wònya be klosaloa anɔ teƒe aɖe le yeƒe aƒea me, si yeate ŋu akpɔ ta la, ete edidi nyuie kutrikukutɔe. (Luka 15:8) Gbã la, esi akaɖi be aƒea me si do viviti la nakɔ. Emegbe etsɔ xa kplɔ anyigbae, henɔ mɔ kpɔm be eŋkɔ aɖi yease. Mlɔeba etsɔ akaɖia tsa afisiafi le aƒea me vaseɖe esime akaɖia klẽ ɖe klosalo aɖe dzi. Nyɔnua ƒe kutrikukua ɖe vi!

19. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso nusi nyɔnua wɔ le klosalo bubu ƒe kpɔɖeŋua me le kpekpeɖeŋunana gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo me?

19 Abe alesi kpɔɖeŋua ƒe akpa sia si me woɖe nyuie ɖo ŋku edzi na míi ene la, Ŋɔŋlɔawo me gbanɔamedzi si nye kpekpeɖeŋu nana Kristotɔ si gbɔdzɔ la menye nusi gbɔ míaƒe ŋutete ŋu o. Le ɣeyiɣi ma ke me la, míekpɔe dze sii be ebia kutrikuku. Le nyateƒe me la, apostolo Paulo gblɔ na hamemegã siwo nɔ Efeso la be: “Ale wòle be, ame nawɔ dɔ, be wòaxɔ na ame gbɔdzɔgbɔdzɔwo.” (Dɔwɔwɔwo 20:35a) Nenɔ susu me na wò be nyɔnua metsa le aƒea me ɖewoɖewoe ko kpɔ klosaloa o. Kpao, ɖe wòdii ɖe ɖoɖo nu ‘vaseɖe esime wòkpɔe’ tae wòkpɔ dzidzedze ɖo. Nenema kee ne míele agbagba dzem be míakpe ɖe ame aɖe si gbɔdzɔ le gbɔgbɔ me ŋu ŋusẽ nagaɖo eŋu la, ehiã be míaɖo tame kplikpaa ahaku kutri. Nukae míate ŋu awɔ?

20. Nukae míate ŋu awɔ be míakpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu?

20 Aleke míate ŋu akpe ɖe amesi gbɔdzɔ ŋu be wòatu xɔse kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖo? Ðewohĩ Biblia sɔsrɔ̃ kplii le Kristotɔwo ƒe agbalẽ si sɔ me koe anye nusi hiã. Le nyateƒe me la, Biblia sɔsrɔ̃ kple amesi gbɔdzɔ ana míakpe ɖe eŋu nyuie le mɔ si sɔ nu. Subɔsubɔdɔdzikpɔlae anya amesi ate ŋu ana kpekpeɖeŋu si wòhiã lae. Ate ŋu afia nyati si woate ŋu asrɔ̃ kplii kpakple agbalẽ si woasrɔ̃ kplii wòade edzi wu. Abe alesi nyɔnu si ŋu woƒo nu tsoe le kpɔɖeŋua me ɖo eƒe taɖodzinua gbɔ to dɔwɔnu si sɔ zazã me la, nenema kee dɔwɔnuwo le mía si egbea siwo kpena ɖe mía ŋu be míawɔ dɔ si Mawu de mía si be míana kpekpeɖeŋu amesiwo gbɔdzɔ la. Míaƒe dɔwɔnu, alo agbalẽ, yeye eve akpe ɖe mía ŋu etɔxɛe le agbagbadzedze sia me. Agbalẽ siawoe nye Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La kple Te Ðe Yehowa Ŋu. *

21. Alekee kpekpeɖeŋunana amesiwo gbɔdzɔ la hea yayra vɛ na mí katãe?

21 Kpekpeɖeŋunana gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo hea yayra vɛ na mí katã. Amesi ŋu wole kpekpem ɖo la kpɔa dzidzɔ be yegava le ɖeka wɔm kple xɔlɔ̃ vavãwo ake. Dzidzɔkpɔkpɔ vavã si nunana ko hena vɛ la sua mía si. (Luka 15:6, 9; Dɔwɔwɔwo 20:35b) Dzidzɔ yɔa hamea me tɔwo katã me esime amesiame le ɖe tsɔm le nɔvia me lɔlɔ̃tɔe. Ƒo wo katã ta la, enyea bubu na mía Kplɔla lɔ̃ameawo, Yehowa kple Yesu, ne woƒe didi be yewoakpe ɖe gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo ŋu dze le woƒe subɔla siwo le anyigba dzi la ƒe nuwɔna me. (Psalmo 72:12-14; Mateo 11:28-30; Korintotɔwo I, 11:1; Efesotɔwo 5:1) Eyata susu nyui ka gbegbee nye si le mía si be míayi edzi ‘aɖe lɔlɔ̃ afia le mía nɔewo dome’!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 20 Yehowa Ðasefowoe tae.

Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?

• Nukatae lɔlɔ̃ ɖeɖe fia le vevie na mía dometɔ ɖesiaɖe?

• Nukatae wòle be míaɖe lɔlɔ̃ fia amesiwo gbɔdzɔ?

• Nukae míesrɔ̃ tso alẽ kple klosalo bubu ŋuti kpɔɖeŋua me?

• Afɔ kae míate ŋu aɖe atsɔ akpe ɖe amesi gbɔdzɔ la ŋui?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Le kpekpeɖeŋu nana gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo me la, míedoa ŋgɔ wɔa afɔɖeɖe gbã, wɔa nu tufafatɔe, heɖea kutrikuku fiana

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16, 17]

Kpekpeɖeŋu nana amesiwo gbɔdzɔ la hea yayra vɛ na mí katã