Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Minɔ Nye Nya La Me’

‘Minɔ Nye Nya La Me’

‘Minɔ Nye Nya La Me’

“Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye.”​—YOHANES 8:31.

1. (a) Esi Yesu trɔ yi dziƒo la, nukae wògblẽ ɖe megbe le anyigba dzi? (b) Biabia kawo mee míadzro?

ESI Yesu Kristo, Kristotɔnyenye Ðoanyila, trɔ yi dziƒo la, meŋlɔ agbalẽ aɖeke, wɔ ŋkuɖodzikpe aɖeke, alo ƒo kesinɔnuwo nu ƒu gblẽ ɖe anyigba sia dzi o. Gake egblẽ nusrɔ̃lawo kpakple nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi gobii aɖewo ya ɖi. Le nyateƒe me le Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa me la, míekpɔe be Yesu yɔ nudidi vevi etɔ̃ siwo gbɔ wòle be amesiame si di be yeanye eƒe nusrɔ̃la naɖo. Nudidi kawoe wonye? Nukae míate ŋu awɔ aɖo wo gbɔ? Eye aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be mía ŋutɔwo míedze anye Kristo ƒe nusrɔ̃lawo egbea? *

2. Nukae nye nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi vevi aɖe si woŋlɔ ɖe Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa me?

2 Anye ɣleti ade do ŋgɔ na Yesu ƒe ku la, eyi Yerusalem ɖaɖe gbeƒã na ameha siwo ƒo ƒu ɖe afima hena kwasiɖa ɖeka ƒe Agbadɔŋkekenyui ɖuɖu. Esia wɔe be kaka ŋkekenyuia ɖuɣi nama eme la, “ame geɖewo xɔ edzi se le ameha la dome.” Yesu yi gbeƒãɖeɖea dzi, ale be le ŋkekenyuia ƒe ŋkeke mamlɛa dzi la, “ame geɖewo [gaxɔ] edzi se.” (Yohanes 7:10, 14, 31, 37; 8:30) Ɣemaɣi la, Yesu trɔ susu ɖe xɔsetɔ yeyeawo ŋu hegblɔ nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi vevi aɖe, si apostolo Yohanes ŋlɔ ɖi be: ‘Ne mienɔ nye nya la me la, ekema nye nusrɔ̃la vavãwo mienye.’—Yohanes 8:31.

3. Nɔnɔme kae hiã be ame ‘nanɔ Yesu ƒe nya me ɖaa’?

3 Menye ɖe Yesu gblɔ nya mawo tsɔ nɔ fiafiam be xɔse menɔ nusrɔ̃la yeyeawo si o. Ke boŋ enɔ eɖem fia be mɔnukpɔkpɔ ʋu ɖi na wo be woava zu yeƒe nusrɔ̃la vavãwo—ne wonya do dzi nɔ yeƒe nya la me ko. Woxɔ eƒe nyaa, gake fifia la, ehiã be woalé eme ɖe asi. (Yohanes 4:34; Hebritɔwo 3:14) Le nyateƒe me la, Yesu bu dzidodo nɔnɔme vevi si wòle be wòanɔ eyomedzelawo si ale gbegbe be le eƒe dzeɖoɖo mamlɛa kple eƒe apostolowo, si woŋlɔ ɖe Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa me me la, Yesu xlɔ̃ nu wo zi gbɔ zi eve be: ‘Minɔ yonyeme ɖaa!’ (Yohanes 21:19, 22) Ema tututue Kristotɔ gbãtɔwo dometɔ geɖe wɔ. (Yohanes II, 4) Nukae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi?

4. Nukae kpe ɖe Kristotɔ gbãtɔwo ŋu be wodo dzi?

4 Apostolo Yohanes, amesi nye Kristo ƒe nusrɔ̃la wɔnuteƒe abe ƒe 70 ene la, tɔ asi nu vevi aɖe dzi. Ekafu Kristotɔ wɔnuteƒewo be: “Miesesẽ eye Mawu ƒe nya la nɔa mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.” Kristo ƒe nusrɔ̃la mawo do dzi, alo nɔ Mawu ƒe nya la me, elabena Mawu ƒe nya la nɔ wo me. Wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu tso dzi me ke. (Yohanes I, 2:14, 24) Nenema kee egbea la, be míate ŋu ‘ado dzi vaseɖe nuwuwu’ la, ele be míakpɔ egbɔ be Mawu ƒe nya la le mía me. (Mateo 24:13) Aleke míate ŋu awɔ esiae? Ŋuɖoɖoa dze le lo aɖe si Yesu do me.

‘Nya la Sese’

5. (a) Anyigba ƒomevi vovovo kawo ŋue Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododowo dometɔ ɖeka me? (b) Nukae nukua kple anyigbaa tsi tre ɖi na le Yesu ƒe lododoa me?

5 Yesu do lo aɖe tso nukuwula aɖe, si nɔ nuku wum la ŋu, eye woŋlɔe ɖe Mateo, Marko, kple Luka ƒe Nyanyuigbalẽawo me. (Mateo 13:1-9, 18-23; Marko 4:1-9, 14-20; Luka 8:4-8, 11-15) Ne èle nuŋlɔɖia xlẽm la, àde dzesii be lododoa ƒe akpa si koŋ he ame ƒe susu enye be nuku ɖeka ƒomevi aɖe ge ɖe anyigba vovovo dzi, hetse ku vovovowo. Anyigba gbãtɔa sesẽ, anyi mele evelia dzi de to o, eye ŋu mie ɖe etɔ̃lia dzi fũ. To vovo na anyigba etɔ̃awo la, enelia ya nye “anyigba nyui.” Yesu ŋutɔ ɖe nu me be nuku lae nye Fiaɖuƒegbedasi si le Mawu Nya la me, eye anyigbaa tsi tre ɖi na amewo ƒe dzi ƒe nɔnɔme vovovowo. Togbɔ be nanewo sɔ le amesiwo anyigba vovovoawo tsi tre ɖi na la ŋu hã la, nɔnɔme aɖe le amesiwo anyigba nyuia tsi tre ɖi na la si, si na woto vovo tso susɔeawo gbɔ.

6. (a) Aleke anyigba enelia si le Yesu ƒe lododoa me to vovo tso etɔ̃ bubuawo gbɔe, eye nukae ema fia? (b) Nukae le vevie bena Kristo ƒe nusrɔ̃lawo nate ŋu ado dzi?

6 Nuŋlɔɖi si le Luka 8:12-15 ɖee fia be le go eneawo katã me la, amewo ‘se nya la.’ Gake amesiwo ƒe ‘dzi nyo hedza’ la wɔ nusi yi ŋgɔ wu ‘nya la sese’ ko. “Wolé eme ɖe asi sesĩe, eye wotsena le dzigbɔɖanyi me.” Esi anyigba si nyo hedza la bɔbɔ hede to ta la, enaa nukua ƒe ke te ŋu yia to si naa wòte ŋu tsina hetsea ku. (Luka 8:8) Nenema kee amesiwo si dzi nyui le la sea Mawu ƒe nya la gɔme, dea asixɔxɔ eŋu, heléa eme ɖe asi. (Romatɔwo 10:10; Timoteo II, 2:7) Mawu ƒe nya la nɔa wo me. Esia wɔnɛ be wotsea ku le dzigbɔɖeanyi me. Eyata Mawu ƒe Nya la ƒe asixɔxɔ kpɔkpɔ dze sii le vevie bena Kristo ƒe nusrɔ̃lawo nate ŋu ado dzi. (Timoteo I, 4:15) Gake alekee míate ŋu atu Mawu ƒe Nya la ŋuti ŋudzedzekpɔkpɔ si tso dzime ɖoe?

Dzi ƒe Nɔnɔme Kple Ŋugbledede Ðɔʋu

7. Nuwɔna ka ŋue woyɔa dzi nyui si dza la ɖo edziedzi?

7 Kpɔ nuwɔna si Biblia yɔna ɖe dzi si nyo hedza ŋu edziedzi la ɖa. ‘Ame dzɔdzɔe ƒe dzi dea ŋugble, ne wòaɖo nya ŋu.’ (Lododowo 15:28) ‘Nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nedze ŋuwò, Yehowa!’ (Psalmo 19:15) ‘Nye dzimesusuwo anye gɔmesese.’—Psalmo 49:4.

8. (a) Ne míele Biblia xlẽm la, nukae wòle be míaƒo asa na, gake nukae wòle be míawɔ? (b) Viɖe kawoe míekpɔna tsoa ŋugbledede le Mawu ƒe Nya ŋu gbedodoɖatɔe me? (Ƒo nu tso aɖaka si nye ‘Woli Ke Ðe Nyateƒea Me’ ŋu.)

8 Abe Biblia-ŋlɔla siawo ene la, ehiã be míawo hã míatsɔ ŋudzedzekpɔkpɔ kple gbedodoɖa ade ŋugble le Mawu ƒe Nya kple eƒe dɔwɔwɔwo ŋu. Ne míele Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽwo xlẽm la, mele be míawɔ nu abe modzakaɖetsaɖila siwo tsɔa dzitsitsi tsana tsoa nukpɔkpɔ ɖeka gbɔ yia bubu gbɔ nɔa foto ɖem nusianu gake kpɔa nu ʋɛ aɖewo ko la ene o. Ke boŋ ne míele Biblia srɔ̃m la, anyo be míagbɔ dzi ɖi alé ŋku ɖe mawunyakpukpui ɖesiaɖe ŋu tsitotsito. * Ne míede ŋugble le nusi míexlẽ ŋu le ɖoɖoezizi me la, Mawu ƒe nya la wɔa dɔ ɖe míaƒe dzi dzi. Ewɔa dɔ ɖe míaƒe seselelãmewo dzi heɖɔa míaƒe tamesusuwo ɖo. Eʋãa mí hã be míaɖe míaƒe dzimesusu ɣaɣlawo agblɔ na Mawu le gbedodoɖa me. Ewɔnɛ be ŋusẽ ɖoa mía kple Yehowa dome ƒomedodo ŋu, eye míaƒe lɔlɔ̃ na Mawu ʋãa mí be míayi edzi anɔ Yesu yome le nɔnɔme sesẽwo gɔ̃ hã me. (Mateo 10:22) Ðikekemanɔmee la, ŋugbledede le nya si Mawu gblɔ ŋu le vevie ne míedi be míawɔ nuteƒe vaseɖe nuwuwu.—Luka 21:19.

9. Aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míaƒe dzi kpɔtɔ nyo na Mawu ƒe nya la xɔxɔ?

9 Yesu ƒe lododoa ɖee fia hã be nanewo xe mɔ na nukua, si nye Mawu ƒe nya la, ƒe tsitsi. Eyata be míakpɔtɔ anye nusrɔ̃la wɔnuteƒewo la, ele be (1) míade dzesi mɔxenu siwo anyigba ƒe nɔnɔme madeamedzia tsi tre ɖi na le lododoa me eye (2) míawɔ afɔɖeɖe aɖɔ wo ɖo alo aƒo asa na wo. Esia ana míakpɔ egbɔ be míaƒe dzi kpɔtɔ nyo na Fiaɖuƒenukua eye míayi edzi atse ku.

“Ðe Mɔ To”​—Efia Hloloetsotso

10. Ðɔ anyigba gbãtɔ si le Yesu ƒe lododoa me ƒe nɔnɔme, eye nàɖe nusi wòfia me.

10 Anyigba gbãtɔ si dzi nukua ge ɖo lae nye “mɔ to” afisi “woɖo afɔ edzi” le. (Luka 8:5) Mɔ si to nukugble aɖe me la dzi ƒuna kplakplakpla le esi ame gbogbowo toa edzi ta. (Marko 2:23) Nenema kee amesiwo ɖea mɔ xexeame ƒe hloloetsotso xɔa ɣeyiɣi kple ŋusẽ le wo si madzemadzee akpɔe be yewoxaxa ale gbegbe be yewomate ŋu atu Mawu ƒe nya la ŋuti ŋudzedzekpɔkpɔ aɖeke ɖo tso dzi me o. Wosenɛ, gake wodo kpo ŋugbledede le eŋu. Eyata nyaa mete ŋu gena ɖe woƒe dzi me o. Kaka woayi lɔlɔ̃ tu ge ɖo nɛ la, “Abosam vana, eye wòɖea nya la le woƒe dzi me yinɛ, bena woagaxɔ ase, eye woakpɔ ɖeɖe o.” (Luka 8:12) Ðe woate ŋu axe mɔ na nusia ƒe dzɔdzɔa?

11. Aleke míate ŋu akpɔ egbɔ be míaƒe dzi ƒe nɔnɔme magava nɔ abe anyigba sesẽ ene o?

11 Nu geɖe li woate ŋu awɔ atsɔ akpɔ egbɔ be dzi la nagava nɔ abe mɔtonyigba mawɔnu la ene o. Anyigba si dzi wozɔ wòte ate ŋu ava bɔbɔ ahawɔ nu ne wodzoboe heɖe afɔmɔa to teƒe bubu. Nenema kee ɣeyiɣi didi na Mawu ƒe Nya sɔsrɔ̃ kple ŋugbledede le eŋu ate ŋu ana dzia nava nɔ abe anyigba nyui wɔnu ene. Nu vevitɔe nye be woagaɖe mɔ gbesiagbedɔwo naxɔ ame ƒe ɣeyiɣi katã o. (Luka 12:13-15) Ke boŋ kpɔ egbɔ be yeɖo ɣeyiɣi ɖi atsɔ ade ŋugble le agbemenu ‘siwo le vevie wu’ la ŋu.—Filipitɔwo 1:9-11.

‘Ðe Kpe Gbadza Dzi’​—Efia Vɔvɔ̃ Ðoame

12. Susu ka koŋ tae nukua yrɔ le anyigba evelia si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le lododoa me dzi?

12 Esi nukua ge ɖe anyigba ƒe nɔnɔme evelia dzi la, metsi edzi ko, abe alesi wònɔ le gbãtɔa gome ene o. Eto ke hemie. Gake esi ŋdɔ ʋu la, ɣea ƒe dzoxɔxɔ ɖu numiemiea wòyrɔ. Gake de dzesi nyaa ƒe akpa vevi sia. Menye dzoxɔxɔa koŋue nye susu si ta numiemiea yrɔ ɖo o. Elabena ŋdɔkutsua ɖu nuku si mie ɖe anyigba nyuia dzi hã, gake meyrɔ o—le nyateƒe me la, ɖe wòwɔ nyuie boŋ. Ke nukae na ekemɛa ya yrɔ? Yesu ɖe eme be nuku sia yrɔ ‘elabena mekpɔ anyi sɔ gbɔ’ kple ‘tsi o.’ (Mateo 13:5, 6; Luka 8:6) Anyigba si gɔme ‘kpe gbadza’ le xea mɔ na nukua be eƒe ke mete ŋu yia to kpɔa tsi ate ŋu atsi o. Nukua yrɔna elabena anyigbaa mebɔbɔ yi to o.

13. Amekawo ƒomevie le abe anyigba si dzi anyi mesɔ gbɔ ɖo o la ene, eye susu ka koŋ tae wowɔ nu nenema?

13 Lododoa ƒe akpa sia ku ɖe amesiwo ‘xɔa nya la kple dzidzɔ’ hedzea Yesu yome dzonɔamemetɔe hena “ɣeyiɣi aɖe” ŋu. (Luka 8:13) Ne wodo go “fukpekpe kple yometiti” si le abe ŋdɔkutsu heliheli ene la, vɔvɔ̃ ɖoa wo ale gbegbe be woƒe dzidzɔ kple ŋusẽ vɔna ale be wogbugbɔna le Kristo yome. (Mateo 13:21) Gake menye yometiti ta koŋue vɔvɔ̃ ɖoa wo ɖo o. Elabena Kristo ƒe nusrɔ̃la miliɔn geɖe toa xaxa ƒomevi vovovowo me gake kpɔtɔna léa nuteƒewɔwɔ me ɖe asi. (Korintotɔwo II, 2:4; 7:5) Susu si koŋ ta vɔvɔ̃ ɖoa wo dometɔ aɖewo eye wogbugbɔna ɖe megbe enye be woƒe dzi ƒe nɔnɔme si le abe kpe ene xea mɔ na wo be womete ŋu dea ŋugble le nu tuameɖowo kple gbɔgbɔmenuwo ŋu wòdea to o. Le esia ta, Yehowa kple eƒe nya ŋuti ŋudzedzekpɔkpɔ si wotu ɖo medea to hesẽa ŋu ate ŋu anɔ te ɖe yometiti nu o. Aleke ame ate ŋu axe mɔ na nu sia ƒe dzɔdzɔe?

14. Afɔ kawoe wòle be ame naɖe atsɔ akpɔ egbɔ be yeƒe dzi ƒe nɔnɔme naganɔ abe anyigba si dzi anyi mesɔ gbɔ ɖo o la ene o?

14 Ehiã be amesiame nakpɔ egbɔ be kplamatsedonu siwo le abe kpe ene, siwo ƒe ɖee nye nyaveame heliheli maɖeasileŋu, ɖokuitɔdidi ƒe nɔnɔme ɣaɣla, alo seselelãme sesẽ ɣaɣla siawo tɔgbe aɖeke naganɔ eƒe dzi me o. Ne mɔxenu siawo tɔgbe le ame aɖe ƒe dzi me xoxo la, ŋusẽ si le Mawu ƒe nya ŋu la ate ŋu ahoe ɖa. (Yeremya 23:29; Efesotɔwo 4:22; Hebritɔwo 4:12) Le ema megbe la, ŋugbledede gbedodoɖatɔe ado ŋusẽ “nya, si wodo” la be wòaƒo ke ɖe amea ƒe dzi me sesĩe. (Yakobo 1:21) Esia ana ŋusẽe wòatsɔ anɔ te ɖe dziɖeleameƒo ɣeyiɣiwo nu eye dzi anɔ eƒo wòalé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi le dodokpɔwo gɔ̃ hã me.

‘Ðe Ŋuwo Me’​—Efia Dzi Blibo Manɔamesi

15. (a) Nukatae wòle be míalé ŋku ɖe anyigba etɔ̃lia si ŋu Yesu ƒo nu tsoe la ŋu etɔxɛe? (b) Nukae va dzɔ mlɔeba le anyigba etɔ̃lia dzi, eye nukatae?

15 Ele be míalé ŋku ɖe anyigba etɔ̃lia, si dzi ŋuwo le, la ŋu etɔxɛe, elabena eɖi anyigba nyui la le mɔ aɖewo nu. Abe anyigba nyuia ene la, nukua te ŋu to ke hemie le ŋuawo me. Le gɔmedzedzea me la, vovototo aɖeke menɔ nuku fẽawo ƒe tsitsi le anyigba eveawo dzi dome o. Gake le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, nɔnɔme aɖe do mo ɖa si vu tsyɔ nukua dzi mlɔeba. To vovo na anyigba nyuia la, ŋuwo mie ɖe anyigba sia dzi keŋ. Esi nuku fẽa mie tso anyigba sia me la, ‘ŋu siwo mie kplii’ la nɔ ho ʋlim kplii. Numiemie evea sia nɔ nunyiame, ŋdɔ, kple nɔƒe, ʋlim kple wo nɔewo hena ɣeyiɣi aɖe gake mlɔeba la, ŋuawo ɖu nukua dzi ‘hevu tsyɔ edzi.’—Luka 8:7.

16. (a) Amekawoe ɖi ŋunyigba la? (b) Le Nyanyuigbalẽ etɔ̃awo nu la, nukae ŋuawo tsi tre ɖi na?—Kpɔ etenuŋɔŋlɔa.

16 Amekawo ƒomevie ɖi ŋunyigba la? Yesu ɖe eme be: “Woawo nye amesiwo see, eye wodzo heyi, eye agbagbadzedze kple kesinɔnuwo kple agbe ƒe dzidzɔwo vu tsyɔ wo dzi, eye wometsena ɖina o.” (Luka 8:14) Abe alesi nukuwulaa ƒe nukua kple ŋuawo nɔ tsitsim le ɣeyiɣi ɖeka mee ene la, nenemae ame aɖewo dzea agbagba be yewoaxɔ Mawu ƒe nya la kpakple ‘agbe sia me ƒe dzidzɔdonuwo’ le ɣeyiɣi ɖeka me. Woƒã Mawu ƒe nya ƒe nyateƒea ɖe woƒe dzi me, gake nya la kple nu bubu siwo yome wotina ʋlia woƒe ɣeyiɣi. Woƒe kpɔɖeŋudzia ma. (Luka 9:57-62) Esia xea mɔ na wo be womekpɔa ɣeyiɣi geɖe tsɔ dea ŋugble le Mawu ƒe nya ŋu kple gbedodoɖa o. Wodoa kpo wo ɖokui ƒoƒo ɖe Mawu ƒe nya la me bliboe si wɔnɛ be ŋudzedzekpɔkpɔ si tsoa dzi me si wohiã hena dzidodo la bɔa wo. Ʋɛʋɛʋɛ la, ŋutilãmetaɖodzinuwo va kpɔa ŋusẽ ɖe woƒe ɖetsɔtsɔ le gbɔgbɔmenuwo me dzi ‘hevuna tsyɔa wo keŋkeŋ.’ * Aleke gbegbee amesiwo melɔ̃ Yehowa kple dzi blibo o ƒe nuwuwu wɔ nublanui enye si!—Mateo 6:24; 22:37.

17. Tiatia kawoe wòle be míawɔ le agbe me bena kpɔɖeŋuŋu siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le eƒe lododoa me nagavu atsyɔ mí o?

17 To gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ na ŋutilãmenuwo me la, míana xexe sia me ƒe vevesesewo kple dzidzɔdonuwo navu atsyɔ mí o. (Mateo 6:31-33; Luka 21:34-36) Mele be míaŋe aɖaba aƒu Biblia xexlẽ kpakple ŋugbledede le nusi míexlẽ ŋu dzi gbeɖegbeɖe o. Ne míewɔ míaƒe agbe tsɛe alesi wòanya wɔe la, míakpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ ade ŋugble vevie gbedodoɖatɔe. (Timoteo I, 6:6-8) Mawu subɔla siwo wɔe nenema—siwo ho ŋuawo le anyigbaa dzi le kpɔɖeŋumɔ nu be nuku tsekua nakpɔ nunyiame, ŋdɔ, kple nɔƒe—la le teƒeɖoɖo geɖe kpɔm tso Yehowa gbɔ. Sandra, si xɔ ƒe 26 la gblɔ be: “Ne mede ŋugble le yayra siwo mekpɔ le nyateƒea me ŋu la, mekpɔnɛ dzea sii be naneke mele xexeame si wòanam si sɔ kplii o!”—Psalmo 84:12.

18. Aleke míawɔ ate ŋu anɔ Mawu ƒe nya la me ahanye Kristotɔ siwo doa dzi?

18 Eyata edze ƒã be mí katã, ɖeviwo kple tsitsiawo siaa, míanɔ Mawu ƒe nya la me ahanye Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo doa dzi ne Mawu ƒe nya la nɔa mía me ko. Eyata mina míakpɔ egbɔ be míaƒe kpɔɖeŋudzia ƒe anyigba la nagate asesẽ, wòanye esi dzi anyi mesɔ gbɔ ɖo o, alo gbe nato ɖe edzi gbeɖe o, ke boŋ míana wòabɔbɔ ahade to ɣesiaɣi. Le mɔ sia nu la, míate ŋu aƒo mía ɖokui ɖe Mawu ƒe nya la me bliboe ‘ahatse ku le dzigbɔɖeanyi me.’—Luka 8:15.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Le nyati sia me la, míadzro nudidi siawo ƒe gbãtɔ me. Míadzro eve mamlɛawo me le nyati siwo kplɔe ɖo me.

^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, be nàde ŋugble le Biblia ƒe akpa aɖe si nèxlẽ ŋu kple gbedodoɖa la, àte ŋu abia ɖokuiwò be: ‘Ðe wòɖe Yehowa ƒe nɔnɔme ɖeka alo esi wu nenema fiaa? Aleke wòku ɖe Biblia ƒe tanya ŋui? Aleke mate ŋu azãe le nye agbenɔnɔ me alo azãe atsɔ akpe ɖe ame bubuwo ŋui?’

^ mm. 16 Le Yesu ƒe lododoa ŋuti nuŋlɔɖi si le Nyanyuigbalẽ etɔ̃awo me nu la, xexe sia me ƒe vevesesewo kple dzidzɔdonu siwo nye: “Xexeame ƒe agbagbadzedzewo” “kesinɔnuwo ƒe beble” “nu mamleawo ƒe amedzodzro” kpakple ‘agbe sia me ƒe dzidzɔdonuwoe’ vu tsyɔ nukua dzi.—Marko 4:19; Mateo 13:22; Luka 8:14; Yeremya 4:3, 4.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae wòhiã be ‘míanɔ Yesu ƒe nya la me’?

• Aleke míate ŋu ana Mawu ƒe nya nanɔ míaƒe dzi mee?

• Amekawo ƒomevie anyigba vovovo ene siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe la tsi tre ɖi na?

• Nukae nàwɔ ate ŋu akpɔ ɣeyiɣi atsɔ ade ŋugble le Mawu ƒe nya ŋu?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 10]

‘WOLI KE ÐE NYATEƑEA ME’

KRISTO ƒe nusrɔ̃la tsitsi geɖe ɖee fia le ƒeawo me be ‘yewoli ke ɖe nyateƒea me.’ (Petro II, 1:12) Nukae kpe ɖe wo ŋu wodo dzi? De ŋugble le woƒe nya aɖewo ŋu kpɔ.

“Mexlẽa Biblia ƒe akpa aɖe hedoa gbe ɖa tsɔ wua ŋkeke ɖesiaɖe nui. Emegbe medea ŋugble le nusi mexlẽ ŋu.”—Jean, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1939 me.

“Ŋugbledede le alesi Yehowa, amesi kɔkɔ ale gbegbe, lɔ̃ mí vevie ŋu naa mesena le ɖokuinye me be mele dedie eye wòdoa ŋusẽm be mayi edzi alé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi.”—Patricia, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me.

“To Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo nyui me léle ɖe asi kpakple ɖetsɔtsɔ le ‘Mawu ƒe nu goglowo’ me me la, mekpɔtɔ le mɔ la dzi.”—Korintotɔwo I, 2:10; Anna, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1939 me.

“Mexlẽa Biblia kple míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo kple susu be matsɔ adzro nye dzi kple tamesusuwo mee.”—Zelda, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1943 me.

“Ɣeyiɣi siwo me nye dzi dzea eme wu ɖesiaɖee nye esime mete ŋu te ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me hena wònya alesi tututu mesena le ɖokuinye mee.”—Ralph, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1947 me.

“Medzea ŋkekea gɔme kple ŋkekea ƒe mawunyakpukpuia me dzodzro kple Biblia ƒe akpa aɖe xexlẽ. Esia na mekpɔa nya yeye aɖe dea ŋugble le eŋu le ŋkekea me.”—Marie, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1935 me.

“Le gonyeme la, Biblia-gbalẽ aɖe ƒe kpukpui ɖesiaɖe me dzodzro nyea ŋusẽdoamenu ŋutɔŋutɔ nam.”—Daniel, si xɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me.

Ɣekaɣie nèdia ɣeyiɣi tsɔ dea ŋugble le Mawu ƒe nyaa ŋu gbedodoɖatɔe?—Daniel 6:11b; Marko 1:35; Dɔwɔwɔwo 10:9.

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

To gbɔgbɔmenuwo tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me la, míate ŋu ‘atse ku le dzigbɔɖeanyi me’