Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Miyi Edzi Mianɔ Ku Geɖe Tsem’

‘Miyi Edzi Mianɔ Ku Geɖe Tsem’

‘Miyi Edzi Mianɔ Ku Geɖe Tsem’

‘Miyi edzi mianɔ ku geɖe tsem eye miaɖee fia be nye nusrɔ̃lawo mienye.’​—YOHANES 15:8.

1. (a) Nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi ka ŋue Yesu ƒo nu tsoe na eƒe apostolowo? (b) Biabia kawoe wòle be míabia mía ɖokui?

ZÃ SI do ŋgɔ na eƒe ku mee. Yesu xɔ ɣeyiɣi geɖe ƒo nu tso dzi me tsɔ de dzi ƒo na eƒe apostolowo. Zã anya tsi ŋutɔ ɣemaɣi, gake esi lɔlɔ̃ si le Yesu si na eƒe xɔlɔ̃ veviawo ʋãe ta la, eyi edzi nɔ nu ƒom na wo. Eye esi eƒe nuƒoa nɔ edzi yim la, etsɔ nudidi bubu aɖe si gbɔ wòle be woaɖo be woakpɔtɔ anye eƒe nusrɔ̃lawo la ɖo wo ŋkume. Egblɔ be: “Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo.” (Yohanes 15:8) Ðe míeɖoa nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi sia gbɔ egbea? Nukae wòfia be ‘míanɔ ku geɖe tsem’? Be míanya la, mina míatrɔ ɖe dze si wòɖo kpli wo le zã ma me la ŋu.

2. Le zã si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, lo kae wodo tso ku tsetse ŋu?

2 Nuxlɔ̃ame si nye be woatse ku la nye lo aɖe si Yesu do na eƒe apostolowo la ƒe akpa aɖe. Egblɔ be: “Nyee nye weinti vavã la, eye Fofonyee nye agbledela la. Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu. Mia ŋuti kɔ xoxo le nya, si megblɔ na mi la ta. Minɔ menye, eye nye hã manɔ mia me. Alesi alɔ la mate ŋu atse le eɖokui si, ne menɔ weinti la ŋuti o la, nenema ke miawo hã, ne mienɔ menye o la, miele eŋute ge atse o. Nyee nye weinti la, miawo mienye alɔwo. . . . Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe, eye miazu nye nusrɔ̃lawo. Sigbe alesi Fofo la lɔ̃am ene la, nenema ke nye hã melɔ̃a mi; minɔ nye lɔlɔ̃ la me! Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me.”—Yohanes 15:1-10.

3. Nukae wòle be Yesu yomedzelawo nawɔ be woatse ku?

3 Le lododo sia me la, Yehowae nye Agbledela la, Yesue nye weinti la, eye apostolo siwo Yesu nɔ nua ƒom na lae nye alɔawo. Ne apostoloawo dze agbagba be ‘yewoanɔ’ Yesu ‘me’ ko la, woatse ku. Emegbe Yesu ɖe alesi apostoloawo ate ŋu akpɔ dzidzedze le ɖekawɔwɔ vevi sia me léle ɖe asi me be: “Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mianɔ nye lɔlɔ̃ la me.” Emegbe la, apostolo Yohanes aŋlɔ nya mawo tɔgbe ke na ehati Kristotɔwo be: “Amesi léa [Kristo ƒe] seawo me ɖe asi la, enɔa eme.” * (Yohanes I, 2:24; 3:24) Eyata to Kristo ƒe sewo me léle ɖe asi me la, eyomedzelawo kpɔtɔ nɔa ɖekawɔwɔ me kplii, eye ɖekawɔwɔ kplii alea kpena ɖe wo ŋu be woatse ku. Aleke ku si wòle be míatse la ƒe nɔnɔme le?

Mɔnukpɔkpɔ Li be Woawɔ Ŋgɔyiyi

4. Nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi Yehowa ‘lãa’ alɔ sia alɔ si metsea ku o ɖa la me?

4 Le weinti ƒe lododoa me la, Yehowa ‘lãa’ alɔ aɖe ƒua gbe ne metsea ku o. Nuka fiamee nya sia le mí? Menye ɖeko wòle mía fiam be wodi tso nusrɔ̃lawo katã si be woatse ku ko o, ke boŋ be ŋutete le wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu be wòate ŋu atse ku, nɔnɔme alo kuxi ka kee ɖale wo ŋu o. Ne míebu eŋu kpɔ la, anye nusi tsi tre ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃mɔwo ŋu be ‘wòalã,’ alo axɔ dɔ le Kristo ƒe nusrɔ̃la aɖe si, ɖe dɔ aɖe si gbɔ eƒe ŋutete ŋu si mete ŋu wɔ o ta.—Psalmo 103:14; Kolosetɔwo 3:23; Yohanes I, 5:3.

5. (a) Aleke Yesu ƒe lododoa ɖee fia be míate ŋu awɔ ŋgɔyiyi le fiaɖuƒea ƒe ku tsetse mee? (b) Kutsetse eve ƒomevi kawo ŋue míade ŋugble le?

5 Yesu ƒe weinti lododoa gaɖee fia hã be le míaƒe ŋutetewo ƒe seɖoƒewo me la, ele be míadi mɔnukpɔkpɔ awɔ ŋgɔyiyi le míaƒe nusrɔ̃lanyenye ƒe dɔwo wɔwɔ me. Kpɔ alesi Yesu gblɔ nya lae ɖa: ‘Alɔ sia alɔ, si le ŋutinye, eye metsena o la, elãnɛ, eye ɖesiaɖe, si tsena la, eɖea eŋu, bena wòatse geɖe awu.’ (Yohanes 15:2) Le lododoa ƒe nuwuwu lɔƒo la, Yesu xlɔ̃ nu eyomedzelawo be ‘woatse ku geɖe.’ (Kpukpui 8) Nukae esia fia? Mele be míanye nusrɔ̃la siwo va nɔ nu wɔm ɖewoɖewoe gbeɖe o. (Nyaɖeɖefia 3:14, 15, 19) Ke boŋ ele be míadi mɔ siwo nu míato awɔ ŋgɔyiyi le ku tsetse me. Ku ka ƒomevie wòle be míadze agbagba atse geɖe wu? Woawoe nye (1) ‘gbɔgbɔ ƒe kutsetse’ kple (2) Fiaɖuƒeku tsetse.—Galatiatɔwo 5:22, 23; Mateo 24:14.

Kristotɔwo ƒe Nɔnɔmewo ƒe Kutsetse

6. Aleke Yesu Kristo te gbe ɖe gbɔgbɔ ƒe kutsetse gbãtɔ si woyɔ la ƒe asixɔxɔ dzii?

6 ‘Gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo’ dometɔ gbãtɔ si woyɔ enye lɔlɔ̃. Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea naa Kristotɔwo tsea lɔlɔ̃ ƒe ku, elabena wowɔa se si Yesu de do ŋgɔ teti na weinti si tsea ku ƒe lo si wòdo la dzi. Egblɔ na eƒe apostolowo be: “Se yeye mena mi bena, mialɔ̃ mia nɔewo, sigbe alesi melɔ̃a mi ene, bena miawo hã mialɔ̃ mia nɔewo nenema ke.” (Yohanes 13:34) Le nyateƒe me le dze si Yesu ɖo le eƒe anyigba dzi gbenɔnɔ ƒe zã mamlɛa katã me la, exlɔ̃ nu apostoloawo edziedzi tso alesi wòhiãe be woaɖe nɔnɔme si nye lɔlɔ̃ afia la ŋu.—Yohanes 14:15, 21, 23, 24; 15:12, 13, 17.

7. Alekee apostolo Petro ɖee fia be ku tsetse do ƒome kple Kristo ƒe nɔnɔmewo ɖeɖe fia?

7 Petro, amesi nɔ anyi le zã ma me la se egɔme be ele be Kristo ƒe lɔlɔ̃ la kpakple nɔnɔme bubu siwo kpe ɖe eŋu la nadze le Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo dome. Ƒe geɖewo megbe la, Petro de dzi ƒo na Kristotɔwo be woatu nɔnɔmewo abe ɖokuidziɖuɖu, nɔvilɔlɔ̃, kple lɔlɔ̃ ene ɖo. Egblɔ kpee be wo tutuɖo kpena ɖe mía ŋu be ‘míanye kuviatɔwo kple ame matsekuwo o.’ (Petro II, 1:5-8) Aleke kee míaƒe nɔnɔmewo ɖale o, gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo ɖeɖe fia megbɔ míaƒe ŋutetewo ŋu o. Eyata mina be míadze agbagba aɖe lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, dɔmefafa, kple Kristo ƒe nɔnɔme bubuwo afia geɖe wu, elabena “nenem nusiawo la se la metsi tre ɖe wo ŋu o” alo seɖoƒe meli na wo o. (Galatiatɔwo 5:23) Eyata mina míatse ‘ku geɖe.’

Fiaɖuƒekuwo Tsetse

8. (a) Kadodo kae le gbɔgbɔa ƒe kutsetse kple Fiaɖuƒea ƒe kutsetse dome? (b) Nyabiase ka ŋue wòhiã be míade ŋugble le?

8 Atikutsetse dzeani viviwo ɖoa atsyɔ̃ na ati. Gake atikutsetse mawo ƒe viɖe yi ŋgɔ sasasã wu atsyɔ̃ɖoɖo ma. Atikutsetsewo le vevie bena atia nakaka ayi teƒe bubuwo to woƒe kuwo dzi. Nenema kee gbɔgbɔ ƒe kutsetsea wɔ nu geɖe wu atsyɔ̃ ɖoɖo na míaƒe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme ko. Nɔnɔmewo abe lɔlɔ̃ kple xɔse ene ʋãa mí hã be míakaka Fiaɖuƒegbedasia ƒe ku siwo le Mawu ƒe Nya la me. Se alesi apostolo Paulo te gbe ɖe kadodo vevi sia dzii ɖa. Egblɔ be: “Míawo hã míexɔna sena, [si nye gbɔgbɔa ƒe kutsetseawo dometɔ ɖeka] eyata míegblɔa nya hã.” (Korintotɔwo II, 4:13) Paulo gayi edzi ɖe nu me be to mɔ sia nu la, ‘míetsɔa kafukafuvɔsa nɔa Mawu nam, si nye nuyi ƒe kutsetse’—si nye kutsetse ƒomevi evelia si wòle be míaɖe afia. (Hebritɔwo 13:15) Ðe mɔnukpɔkpɔwo sua mía si le agbe me be míatse ku geɖe wu, le nyateƒe me la, be míanye Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe gbeƒãɖela siwo ‘tsea ku geɖea’?

9. Ðe nusrɔ̃lawo wɔwɔ nye fiaɖuƒeku tsetsea? Ðe eme.

9 Be míana ŋuɖoɖo si sɔ la, ehiã be míase nusi Fiaɖuƒea ƒe kutsetse nye gɔme gbã. Ðe wòasɔ be míaƒo nya ta be nusrɔ̃lawo wɔwɔe nye ku tsetsea? (Mateo 28:19) Ðe ku siwo míatse la fia ame ɖekaɖeka siwo ŋu míekpe ɖo wova zu Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔwo la koŋua? Ao. Ne nenemae nyaa le la, ke dzi aɖe le Ðasefo lɔlɔ̃tɔ siwo katã le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒegbedasia nuteƒewɔwɔtɔe ƒe geɖe le anyigbamama siwo metsea ku boo o me la ƒo. Ẽ, ne Fiaɖuƒeku si míetsena la lɔ nusrɔ̃la yeyewo wɔwɔ ko ɖe eme la, Ðasefo dovevienu mawo anɔ abe alɔ matseku siwo ŋu Yesu ƒo nu tsoe le lododoa me la ene! Gake nyaa mele nenema kura o. Ekema nukae míaƒe subɔsubɔdɔa ƒe Fiaɖuƒeku vevitɔa nye?

Kutsetse to Fiaɖuƒekuwo Kaka Me

10. Aleke nukuwula kple anyigba vovovo siwo ŋuti lo si Yesu do la ɖe nusi Fiaɖuƒekua nye kple nusi menye o la fiae?

10 Nukuwula kple anyigba vovovoawo ŋuti lo si Yesu do la na ŋuɖoɖoa—si nye ŋuɖoɖo dedziƒoname aɖe na amesiwo ɖia ɖase le anyigbamama siwo metsea ku boo o me la. Yesu gblɔ be nuku lae nye Fiaɖuƒegbedasi si le Mawu ƒe Nya la me, eye be anyigbaa tsi tre ɖi na ame ƒe kpɔɖeŋudzi. Nuku aɖewo “ge ɖe anyigba nyui la dzi, eye wòmie eye wòtse.” (Luka 8:8) Ku kae wòtse? Ne lu mie hetsi la, menye lu fẽ miemie ye wòtsena o, ke boŋ luku yeyewo. Nenema kee menye nusrɔ̃la yeyewo kokokoe nye ku si Kristotɔ tsena o, ke boŋ Fiaɖuƒeku yeyewoe.

11. Aleke míate ŋu aɖe Fiaɖuƒea ƒe kutsetse mee?

11 Eyata kutsetsea menye nusrɔ̃la yeyewo alo Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo le nya sia me o. Esi wònye Fiaɖuƒea ŋuti nyae nuku si woƒã la nye ta la, ele be kutsetsea nanye nuku bubu geɖe siwo ado tso nuku ma me. Ku tsetse le nya sia me tsi tre ɖi na Fiaɖuƒea ŋu nyawo gbɔgblɔ. (Mateo 24:14) Ðe Fiaɖuƒeku sia tsetse—si nye gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒe ŋutinya nyuia—nye dɔ aɖe si anya wɔ na mí aleke kee míaƒe nɔnɔmewo ɖalea? Ẽ! Yesu ɖe nusita wòle nenema me le lododo ma ke me.

Míaƒe Ŋutete Katã Wɔwɔ Hena Mawu ƒe Ŋutikɔkɔe

12. Ðe Fiaɖuƒea ƒe ku tsetse nye nusi Kristotɔwo katã ate ŋu awɔa? Ðe eme.

12 Yesu gblɔ be: ‘Nusi wowu ɖe anyigba nyui dzi la tsena, ɖewo alafa, ɖewo blaade, ɖewo blaetɔ̃.’ (Mateo 13:23) Nuku siwo woƒã ɖe anyigba aɖe dzi la ƒe tsetse anɔ vovovo le nɔnɔme vovovowo ta. Nenema kee nusi míate ŋu awɔ le gbeƒãɖeɖe nyanyuia me anɔ vovovo le míaƒe nɔnɔmewo nu, eye Yesu ɖee fia be yenya esia. Mɔnukpɔkpɔ geɖe wu asu ame aɖewo si; lãmesẽ kple ŋusẽ anɔ ame bubuwo si. Eyata dɔ si míete ŋu wɔna la ate ŋu asɔ gbɔ alo anɔ sue wu ame bubuwo tɔ, gake zi alesi wònye míaƒe ŋutete katãe míetsɔ wɔe ko la, edzea Yehowa ŋu. (Galatiatɔwo 6:4) Ne tsitsi alo lãmegbegblẽ na míegate ŋu wɔa geɖe le gbeƒãɖeɖedɔa me o gɔ̃ hã la, ɖikeke mele eme o be mía Fofo nublanuikpɔla Yehowa bua mí dea amesiwo ‘yia edzi tsea ku geɖe’ la dome. Nukatae? Elabena ‘nusiwo katã le mía sie’ míetsɔ nɛ—si nye subɔsubɔ tso luʋɔ blibo me. *Marko 12:43, 44; Luka 10:27.

13. (a) Susu vevitɔ si ta wòle be ‘míayi edzi’ anɔ Fiaɖuƒeku tsem enye ka? (b) Nukae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi anɔ ku tsem le anyigbamama siwo me womeɖoa to nyaa le boo o me? (Kpɔ aɖaka si le axa 21.)

13 Afika kee míeɖatse Fiaɖuƒea ƒe kuwo se ɖo o, míase le mía ɖokui me be ‘míayi edzi anɔ ku tsem’ ne nusita míele etsem le susu me na mí. (Yohanes 15:16) Yesu gblɔ susu vevitɔ kekeake si ta míewɔnɛ ɖo be: “Esia me wokɔ Fofonye ŋuti le, bena mietsea ku geɖe.” (Yohanes 15:8) Ẽ, míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa kɔa Yehowa ƒe ŋkɔ ŋu le ameƒomea katã ŋkume. (Psalmo 109:30) Honor, si nye Ðasefo wɔnuteƒe si yina ƒe 75 xɔ ge gblɔ be: “Le anyigbamama siwo me wometsɔa ɖeke le nyaa me boo o gɔ̃ hã me la, enye mɔnukpɔkpɔ be míele Dziƒoʋĩtɔ la teƒe.” Esi wobia Claudio, amesi nye Ðasefo dovevienu tso keke ƒe 1974 me ke, be nukatae wòyia edzi ɖea gbeƒã togbɔ be amesiwo le eƒe anyigbamama me dometɔ ʋɛ aɖewo koe ɖo to hã la, eyɔ nya tso Yohanes 4:34 me, afisi míexlẽ Yesu ƒe nyawo le be: “Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.” Claudio gblɔ kpee be: “Abe Yesu ene la, nyemedi be madze Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa gɔme ko atɔ o, ke boŋ be mawu enu.” (Yohanes 17:4) Yehowa ƒe Ðasefo siwo le xexeame katã lɔ̃ ɖe nya sia dzi.—Kpɔ aɖaka si nye “Alesi ‘Woatse Ku le Dzigbɔɖeanyi Me,’” le axa 21.

Be Woaɖe Gbeƒã eye Woafia Nu

14. (a) Taɖodzinu eve ƒokpli kawoe nɔ Yohanes Amenyrɔɖetsimela kple Yesu ƒe dɔa ŋu? (b) Aleke nàɖɔ dɔ si wɔm Kristotɔwo le egbeae?

14 Fiaɖuƒegbeƒãɖela gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Nyanyuigbalẽawo me enye Yohanes Amenyrɔɖetsimela. (Mateo 3:1, 2; Luka 3:18) Eƒe taɖodzinu vevitɔ enye be ‘yeaɖi ɖase’ eye eɖii kple xɔse deto hekpɔ mɔ “bena amewo katã naxɔ ase.” (Yohanes 1:6, 7) Le nyateƒe me la, amesiwo Yohanes ɖe gbeƒã na la dometɔ aɖewo va zu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo. (Yohanes 1:35-37) Eyata Yohanes nye gbeƒãɖela kpakple nusrɔ̃lawɔla. Yesu hã nye gbeƒãɖela kpakple nufiala. (Mateo 4:23; 11:1) Ekema mewɔ nuku o be Yesu de se na eyomedzelawo, menye be woaɖe gbeƒã Fiaɖuƒea ko evɔ o, ke boŋ be woakpe ɖe amesiwo xɔe la ŋu be woazu yeƒe nusrɔ̃lawo. (Mateo 28:19, 20) Eyata dɔ si wɔm míele egbea la lɔ gbeƒãɖeɖe kple nufiafia siaa ɖe eme.

15. Go ka mee gbeƒãɖeɖedɔ si wowɔ le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me kple esi wɔm míele egbea sɔ le?

15 Ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me tɔ siwo se Paulo ƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia la dometɔ “aɖewo xɔ nusiwo wògblɔ la dzi se, eye ame aɖewo mexɔe se o.” (Dɔwɔwɔwo 28:24) Egbea la, alea tɔgbee amewo wɔa nu ɖe nyaa ŋui. Nublanuitɔe la, anyigba manyomanyo dzie Fiaɖuƒenukua akpa gãtɔ gena ɖo. Ke hã nuku aɖewo gena ɖe anyigba nyui la dzi, toa ke, hemiena abe alesi Yesu gblɔe ɖii ene. Le nyateƒe me la, ame 5,000 kple edzivɔe va zua Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo le mama dedie nu le ƒea ƒe kwasiɖa sia kwasiɖa me! Nusrɔ̃la yeye siawo ‘xɔa nusiwo míegblɔna’ la dzi sena, togbɔ be ame akpa gãtɔ mexɔnɛ sena o hã. Nukae na míete ŋu trɔ asi le woƒe dzi ŋu wònyo na Fiaɖuƒegbedasia xɔxɔ? Zi geɖe la, alesi Ðasefoawo tsɔa ɖe le eme na ameawo—si nyea tsi dede nuku yeye siwo woƒã le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu—gbɔe wòtsona. (Korintotɔwo I, 3:6) Se kpɔɖeŋu geɖe siwo li la dometɔ eve ko ɖa.

Ðetsɔtsɔ le Ameawo me Hea Wo

16, 17. Nukatae wòle vevie be míaɖe ɖetsɔleme afia amesiwo míedoa goe le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

16 Karolien, si nye Ðasefo sɔhɛ aɖe si le Belgium yi ɖe nyɔnu tsitsi aɖe si meɖe Fiaɖuƒegbedasia ŋuti ɖetsɔleme aɖeke fia o la gbɔ. Esi wobla nyɔnua ƒe asi kple abiblavɔ ta la, Karolien kple eƒe zɔhɛa gblɔ na nyɔnua be yewodi be yewoakpe ɖe eŋu, gake egbe. Ŋkeke eve megbe la, Ðasefo mawo ke gbugbɔ yi nyɔnua ƒe aƒeme ɖabia eƒe agbe ta se. Karolien gblɔ be: “Esiae na nyɔnua ƒe nɔnɔme trɔ. Ewɔ nuku nɛ be míetsɔ ɖe le ye me ŋutɔ. Emiã asi mí va eƒe aƒeme, eye míedze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kplii.”

17 Sandi, si nye Ðasefo le United States, hã tsɔa ɖe le eme na amesiwo wòɖea gbeƒã na. Eléa ŋku ɖe vidzidzi ŋuti gbeƒãɖeɖewo ŋu le wo gbɔ nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe me heɖia tsa yia dzila yeyewo gbɔ kple Nye Agbalẽ Si Nye Biblia-Ŋutinyawo. * Esi vidadawo nɔa aƒeme zi geɖe eye wònyea dzidzɔ na wo be yewoatsɔ yewoƒe vidzĩa afia amedzroa ta la, zi geɖe la, dzeɖoɖo dona tsoa eme. Sandi ɖe nu me be: “Meƒoa nu na dzilawo tso vevienyenye si le ƒomedodo tutuɖo kple vidzĩ to nuxexlẽ dzi ŋu. Emegbe meƒoa nu tsoa vinyinyi le egbexexea me ƒe kuxiwo ŋu.” Le sasrãkpɔ siawo ta la, nyitsɔ laa la, vidada aɖe kple via te Yehowa subɔsubɔ. Nu dodzidzɔname siawo tɔgbe ate ŋu ado tso afɔɖeɖe wɔwɔ kpakple ɖetsɔtsɔ le ameawo me le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me la me.

18. (a) Nukatae mí katã míate ŋu aɖo nudidi si nye be ‘míatse ku geɖe’ la gbɔ? (b) Nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi etɔ̃ kawoe woyɔ le Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa me siwo gbɔ nèɖo kplikpaa be yeaɖo?

18 Dzideƒoname ka gbegbee nye si wònye be míanya be nudidi si nye be ‘míayi edzi anɔ ku geɖe tsem’ la megbɔ míaƒe ŋutete ŋu o! Míeɖanye ɖeviwo alo ame tsitsiwo o, lãmesẽ ɖale mía si alo meli o, amewo ɖoa to le anyigbamama si me míeɖea gbeƒã le alo womeɖoa to o, mí katã míate ŋu atse ku geɖe. To mɔ ka nu? To gbɔgbɔa ƒe kuwo tsetse geɖe kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea ŋuti nyanyuia kaka kple míaƒe ŋutete katã me. Le ɣeyiɣi ma ke me la, míadze agbagba be ‘míanɔ Yesu ƒe nya la me’ eye ‘lɔlɔ̃ nanɔ mía dome.’ Ẽ, míetoa nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi vevi etɔ̃ siawo siwo ŋu woƒo nu tsoe le Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa me gbɔ ɖoɖo me ɖenɛ fiana be ‘míenye Kristo ƒe nusrɔ̃la vavãwo.’—Yohanes 8:31; 13:35.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Togbɔ be weinti si ŋu woƒo nu tsoe le lododoa me la ƒe alɔwo tsi tre ɖi na Yesu ƒe apostolo kple Kristotɔ bubu siwo anyi Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒea ƒe dome hã la, nyateƒenyawo le lododoa me si ate ŋu aɖe vi na Kristo yomedzelawo katã egbea.—Yohanes 3:16; 10:16.

^ mm. 12 Amesiwo tsi teƒe ɖeka le tsitsi alo dɔléle ta la ate ŋu aɖi ɖase to lɛta ŋɔŋlɔ dzi, alo to telefon dzi, le afisi woɖe mɔ ɖe eŋu le, alo ɖewohĩ woate ŋu agblɔ nyanyuia na amesiwo va srã wo kpɔ.

^ mm. 17 Yehowa Ðasefowoe tae.

Numetotobiabiawo

• Ku ka ƒomevie wòhiã be míanɔ tsetsem geɖe wu?

• Nukatae míate ŋu aɖo ‘ku geɖe tsetse’ ƒe taɖodzinua gbɔ?

• Nusrɔ̃lanyenye ƒe nudidi vevi etɔ̃ kawoe woyɔ le Yohanes ƒe Nyanyuigbalẽa me siwo ŋu míede ŋugble le?

[Biabiawo]

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 21]

Alesi ‘Woatse Ku Le Dzigbɔɖeanyi Me’

NUKAE kpena ɖe ŋuwò nèyia edzi ɖea gbeƒã Fiaɖuƒegbedasia nuteƒewɔwɔtɔe le anyigbamama siwo me womeɖoa to le boo o me? Nya sia ŋuti ŋuɖoɖo nyui aɖewoe nye si.

“Enyanya be Yesu le megbe na mí bliboe doa ŋusẽ mí be míakpɔ mɔ na nu nyuiwo ahado dzi, aleke kee amewo ɖawɔ nui le anyigbamamaa me o.”—Harry, amesi xɔ ƒe 72; eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me.

“Ŋɔŋlɔ si nye Korintotɔwo II, 2:17 dea dzi ƒo nam ɣesiaɣi. Egblɔ be míewɔa subɔsubɔdɔa ‘le Mawu kple Kristo ŋkume.’ Ne mele gbeadzi la, xɔ̃nye vevitɔ siawo ŋunɔnɔ doa dzidzɔ nam.”—Claudio, amesi xɔ ƒe 43; eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1974 me.

“Le nyateƒe me la, agbagbadzedze gã aɖee wònyena hafi mewɔa gbeƒãɖeɖedɔa. Ke hã, mekpɔ Psalmo 18:30 me nyawo ƒe nyateƒenyenye be: “Nye Mawu li kplim metia kpo flɔa gli.”—Gerard, amesi xɔ ƒe 79; eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1955 me.

“Ne mete ŋu xlẽ mawunyakpukpui ɖeka teti gɔ̃ hã na ame aɖe le gbeadzi la, nye dzi dzea eme be ame aɖe ɖe mɔ Biblia dzro eƒe dzi me.”—Eleanor, amesi xɔ ƒe 26; eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1989 me.

“Menɔa mɔnu vovovowo tem kpɔ ɣesiaɣi. Esiwo li la sɔ gbɔ ale gbegbe nyemate ŋu azã wo katã le nye agbenɔƒe mamlɛawo me o.”—Paul, amesi xɔ ƒe 79; eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1940 me.

“Nyemeɖea mɔ amewo ƒe ɖekematsɔleme ɖea fu nam o. Medzea agbagba be maɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia heɖoa dze kple amewo eye meɖoa to sea woƒe nukpɔsusu.”—Daniel, amesi xɔ ƒe 75; eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1946 me.

“Medo go nyɔnyrɔxɔla yeyewo, amesiwo gblɔ nam be nye gbeƒãɖeɖedɔa wɔ akpa aɖe le yewoƒe Ðasefo zuzu me. Emegbe ame bubu aɖe hã va srɔ̃ Biblia kpli wo hekpe ɖe wo ŋu wowɔ ŋgɔyiyi le nye manyamanya me. Enyanya be míaƒe subɔsubɔdɔa nye hamedɔ wɔwɔ la nyea dzidzɔ geɖe nam.”—Joan, amesi xɔ ƒe 66; eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1954 me.

Nukae kpena ɖe ŋuwò ‘nètsea ku le dzigbɔɖeanyi me’?—Luka 8:15.

[Nɔnɔmetata siwo le axa 20]

Míetoa gbɔgbɔa ƒe kuwo tsetse kple gbeƒãɖeɖe Fiaɖuƒegbedasia me tsea ku geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Nukae Yesu wɔnɛ esime wògblɔ na eƒe apostolowo be: ‘Miyi edzi miatse ku geɖe’?