Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae Biblia gblɔ be ele be amesi dzi wodze be woadɔ egbɔ sesẽe la nado ɣli sesĩe?

Amesi dzi womedze kpɔ ŋɔdzitɔe be woadɔ egbɔ sesẽe o la mate ŋu ase alesi nudzɔdzɔ sia gblẽa ame ƒe agbe domee la gɔme tututu o. Ŋɔdzi léa amesi dzi wòdzɔ ɖo la vevie ale gbegbe be ate ŋu aɖe fu nɛ le eƒe agbenɔɣi mamlɛa katã me. * Ðetugbi Kristotɔ aɖe si dzi wodze be woadɔ egbɔ sesẽe ƒe aɖewoe nye si va yi la ka nya ta be: “Ŋɔdzi si gbegbe lém le zã ma me la manya gblɔ nam pɛpɛpɛ o, eye abi si gbegbe ɖo nye seselelãme ŋu si dzi wòle be maɖu tso ɣemaɣi hã manya gblɔ nam pɛpɛpɛ o.” Edze ƒã be ame geɖe megalɔ̃na be yewoaƒo nu tso nudzɔɖeamedzi doŋɔdziname sia ŋu gɔ̃ hã o. Ke hã, edzɔna be wodɔa amewo gbɔ sesẽe le xexe vɔ̃ɖi sia me.

Biblia meƒo asa na nuƒoƒo tso nya siwo dzɔ le blema ku ɖe ame gbɔ dɔdɔ sesẽe kple esiwo wote kpɔ la ŋu o. (Mose I, 19:4-11; 34:1-7; Samuel II, 13:1-14) Gake eɖo nusi wòle be ame nawɔ ne wodze edzi be woadɔ egbɔ sesẽe ŋuti ɖaŋu hã. Nusi Sea gblɔ le nyaa ŋu dze le Mose V, 22:23-27. Eku ɖe nudzɔdzɔ eve ŋu. Le nudzɔdzɔ gbãtɔ me la, ŋutsu aɖe kpɔ ɖetugbi aɖe le dua me helée dɔ egbɔ. Nyɔnua medo ɣli, alo ƒu asi nu be woaxɔ na ye o. Eyata wotso nya me be edze agɔ ‘le esi du mee wolée le gake medo ɣli o’ ta. Ne ɖe wòdo ɣli la, anye ne amesiwo tsɔ ɖe teƒea ava xɔ nɛ. Le nudzɔdzɔ evelia me la, ŋutsu aɖe kpɔ ɖetugbi aɖe le gbeme, afisi ‘wòlée le sesẽe hede asi eŋu.’ Le ɖetugbia ɖokuitaʋiʋli me la, ‘edo ɣli, gake ame aɖeke meli axɔ nɛ o.’ To vovo na nudzɔdzɔ gbãtɔ me nyɔnua la, edze ƒã be nyɔnu sia melɔ̃ ɖe edzidzelaa ƒe nuwɔnaa dzi o. Eʋli vevie, do ɣli hena kpekpeɖeŋu, gake eɖu edzi. Eƒe ɣlidodoa ɖo kpe edzi be melɔ̃ ɖe edzi hafi o; mewɔ nuvɔ̃ o.

Togbɔ be Kristotɔwo mele Mose ƒe Sea te egbea o hã la, gɔmeɖose siwo ŋu woƒo nu tsoe le afima la fia mɔ wo. Nya sia ɖo kpe ame ɖokuitaʋiʋli kple ɣlidodo hena kpekpeɖeŋu ƒe vevienyenye dzi. Wogabunɛ kokoko be nu nyuitɔ si wòle be woawɔ ne wodze ame aɖe dzi be woadɔ egbɔ sesẽe la nye ɣlidodo. Mɔxexe na nuvlowɔwɔ ŋutinunyala aɖe gblɔ be: “Ne wodze nyɔnu dzi la, eƒe aʋawɔnu nyuitɔ kekeake koe nye eƒe gbe.” Ne amewo se nyɔnu aɖe ƒe ɣlidodo la, woadi be yewoanya aƒa nɛ, eye woate ŋu ana kpekpeɖeŋui, alo ate ŋu ana vɔvɔ̃ naɖo edzidzelaa wòasi. Ðetugbi Kristotɔ aɖe si dzi wodze be woadɔ egbɔ sesẽe la gblɔ be: “Medo ɣli kple nye ŋusẽ katã, ale wòɖe asi le ŋunye hehe ɖe megbe. Esi wògazɔ ɖe dzinye ake la, megado ɣli sesĩe hesi dzo. Tsã la, menɔ bubum ɣesiaɣi be, ‘Nukae ɣlidodo ate ŋu awɔ ne ŋutsu sesẽ aɖe lém heɖoe kplikpaa be yeagblẽm?’ Gake meva kpɔe be ewɔa dɔ!”

Ne wòdzɔ nublanuitɔe be woɖu nyɔnu aɖe dzi hedɔ egbɔ sesẽe gɔ̃ hã la, eɖokui ta si wòʋli kple ɣli si wòdo hena kpekpeɖeŋu la mazu dzodzro o. Ke boŋ enye kpeɖodzi be ewɔ nusianu si wòate ŋui tsɔ tsi tre ɖe edzidzelaa ŋui. (Mose V, 22:26) Togbɔ be wodɔ egbɔ sesẽe hã la, dzitsinya dzadzɛ agate ŋu anɔ esi, bubu aganɔ eŋu, eye kakaɖedzi anɔ esi be yele kɔkɔe le Mawu ŋkume. Ŋɔdzinu si me wòto la ade abi eƒe seselelãme ŋu ya, gake enyanya be yewɔ nusianu si yeate ŋui tsɔ ʋli ye ɖokui tae akpe ɖe eŋu vivivi wòahaya.

Le nusi Mose V, 22:23-27 me nyawo fia gɔmesese nu la, ele be míade dzesii be nuŋlɔɖi kpui sia meƒo nu tso ame gbɔ dɔdɔ sesẽe ƒe nuwɔna ɖesiaɖe si ate ŋu adzɔ ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, meƒo nu tso nudzɔdzɔ si me nyɔnu si dzi wodze la mate ŋu ado ɣli o esi wònye aɖetututɔ, wòku ƒenyi, alo wògbɔdzɔ le dzidziƒoame ta, alo wotsyɔ asi nu nɛ alo te ɖovu ɖe nu me nɛ si ta mete ŋu do ɣli o la ŋu o. Ke hã, esi Yehowa te ŋu daa nya sia nya kpakple dzimesusuwo kpɔna ta la, ewɔa nu le nugɔmesese kple dzɔdzɔenyenye me le nya siawo tɔgbe me, elabena “eƒe mɔwo katã dzɔ.” (Mose V, 32:4) Enya nu tso nusi tututu dzɔ kpakple agbagba siwo amea dze tsɔ tsi tre ɖe edzidzelaa ŋui la ŋu. Eyata amesi dzi wodze, si mete ŋu do ɣli o, evɔ wòwɔ nusianu si wòate ŋu awɔ le nɔnɔme ma me la ate ŋu agblẽ nyawo ɖe Yehowa si me.—Psalmo 55:23; Petro I, 5:7.

Togbɔ be ele nenema hã la, nyɔnu Kristotɔ aɖewo siwo dzi wodze hede asi wo ŋu la ƒe dzi kpɔtɔ bua fɔ wo edziedzi. Ne woɖo ŋku nudzɔdzɔa dzi la, wosena le wo ɖokui me be ɖe wòle be yewoagawɔ nu geɖe atsɔ axe mɔ na nudzɔdzɔa hafi. Gake le esi teƒe be amesiawo nanɔ fɔ bum wo ɖokui la, woate ŋu ado gbe ɖa na Yehowa, abia eƒe kpekpeɖeŋu, ahaka ɖe eƒe amenuveve gã la dzi.—Mose II, 34:6; Psalmo 86:5.

Eyata kakaɖedzi ate ŋu anɔ nyɔnu Kristotɔ siwo le seselelãme kuxiwo me tom fifia le ame gbɔ dɔdɔ sesẽe ƒe nudzɔdzɔ aɖe si me woto ta la si be Yehowa sea veve si sem wole la gɔme bliboe. Mawu ƒe Nya na kakaɖedzi wo be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Nu bubu si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woanɔ te ɖe dzigbãnyaa nu enye haxɔsetɔ siwo le Kristo-hamea me ƒe kpekpeɖeŋu kple dzifanamenyawo xɔxɔ. (Hiob 29:12; Tesalonikatɔwo I, 5:14) Gawu la, amesi dzi wodze la ŋutɔ ƒe agbagbadzedze be yeanɔ nu ɖɔʋuwo ko ŋu bum la akpe ɖe eŋu be “Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta” nadzɔ eŋu.—Filipitɔwo 4:6-9.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Togbɔ be nyɔnu siwo dzi wodze be woadɔ wo gbɔ sesẽe ŋue nyati sia ƒo nu tsoe hã la, gɔmeɖose siwo ŋu míeƒo nu tsoe la ku ɖe ŋutsu siwo dzi wodze hã ŋu.