Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wodoe Kpɔ Le Fuwɔame Sesẽwo Me

Wodoe Kpɔ Le Fuwɔame Sesẽwo Me

Agbemeŋutinya

Wodoe Kpɔ Le Fuwɔame Sesẽwo Me

ABE ALESI PERICLES YANNOURIS GBLƆE ENE

Gaxɔ si me nɔ ya ɖem vevie la me fa ɖem ale gbegbe. Esi nye ɖeka menɔ anyi ɖe afima eye kuntru falɛfalɛ aɖe koe mekpɔ tsyɔ la, nye ŋku ganɔ alesi ɖetugbi si meɖe ƒe mo wɔ nublanuii esime asrafowo hem do goe le nye aƒea me le ŋkeke eve siwo do ŋgɔ me, eye megblẽ eya ɖeka kple mía vi vidzĩ eve siwo nɔ dɔ lém ɖi la dzi kokoko. Emegbe srɔ̃nye, amesi mewɔ ɖeka kplim le xɔse me o la, ɖo nubablɛ aɖe kple lɛta aɖe ɖem si me nyawo xlẽ ale: “Mele akpɔnɔ siawo ɖom ɖe wò, eye mexɔe se be àdze dɔ vevie abe viwòwo ene.” Manɔ agbe agakpɔ nye ƒomea gbeɖekaa?

EMAE nye Kristotɔwo ƒe xɔsea ta ʋiʋli sesĩe ƒe geɖe la me nudzɔdzɔ ɖeka ko, si nye ʋiʋli si lɔ ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu, ame nyanya le nutoa me, ʋɔnunyawo, kple yometiti sesẽ ɖe eme. Gake aleke wòdzɔe be nye, amesi nye ame fafa kple Mawu-vɔ̃la la, va nyɔ ɖe teƒe wɔnublanui sia, eye nukatae? Taflatse mina maɖe eme.

Ŋutsuvi Dahe si ƒe Taɖodzinuwo Kɔkɔ

Esi wodzim le ƒe 1909 me le Stavromeno, Crete, la, aʋawɔwɔ, hiãkame, kple dɔwuame nɔ nu gblẽm le dukɔa ŋu vevie. Emegbe la, nu via aɖe koe susɔ Spaintɔwo ƒe dzamezã nadze mía kple yonyemetɔ ene dzi. Meɖo ŋku edzi be mía dzilawo do agbo ɖe mía nu le aƒeme ɣeaɖeɣi kwasiɖa geɖe bena dzamezã la nagadze mía dzi o.

Papa, si nye agbledela dahe aɖe la nye amesi tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie gake metea tɔ ɖe eƒe nukpɔsusuwo dzi o. Esi wònɔ France kple Madagascar kpɔ ta la, ese nu geɖe tso mawusubɔsubɔ ŋu. Ke hã, míaƒe ƒomea kpɔtɔ lé Greece Orthodɔks Sɔlemeha la me ɖe asi sesĩe, míedea Misa Kwasiɖagbe ɖesiaɖe eye míaƒe aƒemee nutoa me bisiɔp la dzena le eƒe ƒe sia ƒe sasrãkpɔwo me. Menɔ hadziha me, eye nye taɖodzinu enye be mava zu nunɔla.

Le ƒe 1929 me la, mezu kpovitɔ. Menɔ dɔ me le Thessalonica, le Greece ƒe dziehe, esime Papa ku. Le akɔfafa kple gbɔgbɔmenumekɔkɔ didi ta la, mebia woɖem yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe si le Athos-to, si nye saɖagaxɔmenɔlawo ƒe nuto si gbɔ medidi o, si ŋu Orthodɔks Kristotɔwo dea bubui be “to kɔkɔe” la dzi. * Mewɔ dɔ le afima ƒe ene, eye melé ŋku ɖe alesi saɖagaxɔmenɔlawo ƒe agbenɔnɔ le ŋu nyuie. Le esi teƒe be nye afima nɔnɔ nahem ɖe Mawu ŋu la, saɖagaxɔmenɔlawo ƒe agbegbegblẽnɔnɔ kple nufitifitiwɔwɔ si dze gaglã ŋutɔ la nyɔ ŋu nam ale gbegbe. Ewɔ moya nam ŋutɔ esi bisiɔptenɔla aɖe si ŋu medea bubui vevie la di be yeanɔ agbe gbegblẽ kplim. Togbɔ be dziɖeleameƒonu siawo dzɔ hã la, megadi vevie kokoko be masubɔ Mawu ahazu nunɔla. Medo nunɔla aɖe ƒe awu gɔ̃ hã tsɔ ɖe fotoe be matsɔ anɔ ŋku ɖom edzii. Mlɔeba la, metrɔ yi Crete.

“Evɔ̃ɖi Ŋutɔ!”

Le ƒe 1942 me la, meɖe nyɔnuvi dzetugbe aɖe, si ŋkɔe nye Frosini, amesi tso ƒome aɖe si ŋu bubu le me. Srɔ̃ɖeɖea na ŋusẽ gaɖo nye didi be mava zu nunɔla ŋu, elabena srɔ̃nye ƒometɔwo tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie. * Meɖoe kplikpaa be mayi Athens aɖade osɔfosuku. Le ƒe 1943 ƒe nuwuwu la, meva Iráklion melidzeƒe le Crete, gake nyemete ŋu yi Athens la o. Anye esi meke ɖe teƒe bubu si manɔ gbɔgbɔ me dzideƒonamenyawo xɔm tsoe ŋu la tae. Nukae dzɔ?

Ƒe aɖewoe nye esia la, Emmanuel Lionoudakis, si nye ɖekakpui gbeƒãɖela dovevienu aɖe si nye Yehowa Ðasefo la nɔ Biblia ƒe nyateƒe kɔnumename fiam le Crete godoo. * Alesi Ðasefoawo ɖea Mawu ƒe Nyaa gɔme eme kɔnae la he ame aɖewo wodo le alakpasubɔsubɔ me. Woɖo Ðasefo kutrikulawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe ɖe Sitía-du si gbɔ medidi o la me. Nusia medo dzidzɔ na nutoa me bisiɔp la, amesi—esi wònɔ United States kpɔ ta la—nya alesi Yehowa Ðasefowo doa vevie gbeƒãɖeɖee la kura o. Eɖoe kplikpaa be yeaɖe “aglãdzela” siawo ɖa le ye dome. Eƒonɛ ɖe kpovitɔwo nu wohea Ðasefoawo yia ʋɔnui edziedzi ɖe alakpanutsotso vovovowo ta hedea wo mɔ.

Ðasefo siawo dometɔ ɖeka te kpɔ be yeaɖe Biblia ƒe nyateƒea me nam gake ewɔ nɛ be nyemetsɔ ɖeke le eme o. Eyata edɔ subɔla si si nuteƒekpɔkpɔ le wu be wòava ƒo nu nam. Anye alesi metso nya ɖe Ðasefo evelia nui na wòtrɔ yi ƒuƒoƒo suea gbɔ ɖagblɔ na wo be: “Pericles mate ŋu ava zu Ðasefo o. Evɔ̃ɖi ŋutɔ!”

Tsitretsiɖeŋu Gbãtɔ me Toto

Enye dzidzɔ nam be Mawu mebum nenema o. Le February 1945 me la, nɔvinyeŋutsu Demosthenes, amesi xɔe se be Yehowa Ðasefowoe nɔ nyateƒea fiam la, tsɔ agbalẽvi si nye Comfort All That Mourn * nam. Emenyawo wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe. Enumake míedzudzɔ Orthodɔks Sɔlemea dede, heɖawɔ ɖeka kple ƒuƒoƒo suea le Sitía, heɖia ɖase tso xɔse yeye si su mía si la ŋu na mía yometɔwo. Wo katã xɔ Biblia ƒe nyateƒea. Abe alesi míekpɔ mɔe ene la, nyametsotso si mewɔ be mado le alakpasubɔsubɔ me na srɔ̃nye kple nye ƒometɔwo tsi tre ɖe ŋunye vevie hegbe nu le gbɔnye. Tonye gbe be yemagaƒo nu nam gɔ̃ hã o hena ɣeyiɣi aɖe. Masɔmasɔ kple dziku nɔ aƒea me ɣesiaɣi. Togbɔ be nuwo nɔ alea hã la, Nɔviŋutsu Minos Kokkinakis na nyɔnyrɔ mía kple Demosthenes le May 21, 1945, dzi. *

Mlɔeba la, nye taɖodzinu be mava zu subɔla vavã na Mawu la su asinye! Megaɖoa ŋku zi gbãtɔ si mewɔ tso aƒeme yi aƒeme ƒe subɔsubɔdɔa la dzi kokoko. Metsɔ agbalẽvi 35 de nye akplo me eye nye ɖeka meɖo bɔs yi kɔƒe aɖe me. Metsɔ vɔvɔ̃ dze dɔa gɔme tso aƒeme yi aƒeme. Zi alesi mele gbeƒã ɖem le ŋgɔ yimee la, zi nenemae dzi ɖoa ƒonyee. Esi nunɔla aɖe si do dziku vevie va afima la, mete ŋu nɔ te ɖe enu dzinɔameƒotɔe eye esi wòzi dzinye ʋuu be madze ye yome míayi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe la, megbe. Megblɔ nɛ be ne metsa le kɔƒe bliboa me vɔ hafi madzo, eye nu ma tututue mewɔ. Dzi dzɔm ale gbegbe be nyemelala be bɔsua natrɔ va maɖo o, mezɔ afɔ kilometa 15 trɔ yi aƒeme.

Meɖo Nuvlowɔha Sẽŋutawo ƒe Asi Me

Le September 1945 me la, wona mɔnukpɔkpɔ bubuwom le hame yeye si woɖo ɖe Sitía la me. Eteƒe medidi o dukɔmeviʋa dzɔ le Greece. Dunyahehadzidelawo nɔ nu wɔm kple wo nɔewo adãtɔe le fuléle ta. Nutoa me nunɔla aɖe zã mɔnukpɔkpɔa hegblɔ na vivimeʋawɔha aɖe be woawɔ nusianu si woate ŋui aɖe Ðasefowo ɖa. (Yohanes 16:2) Esi vivimeʋawɔhaa ɖo bɔs aɖe dze mɔ gbɔna míaƒe kɔƒea me la, nyɔnu dɔmenyotɔ aɖe si hã nɔ ʋua me la se woƒe tameɖoɖo be yewogbɔna “dɔ si Mawu de yewo si” la wɔ ge, eye wòva gblɔe na mí. Míesi ɖabe eye míaƒe ƒometɔ aɖe ʋli mía ta. Míedo le wo si me.

Esia dzra mɔ dzi ɖo na fukpekpe geɖe siwo le ŋgɔ gbɔna. Ƒoƒo kple ŋɔdzidoname meɖi naneke o. Míaƒe tsitretsiɖeŋulawo te kpɔ be yewoazi mía dzi míatrɔ ayi sɔlemea, be yewoade tsi ta na mía viwo, eye be míawɔ atitsoga ƒe dzesi. Gbeɖeka woƒo nɔvinyeŋutsua ʋuu vaseɖe esime wosusu be eku. Ete ɖe dzinye ŋutɔ esi mekpɔ wovuvu awu le nɔvinyenyɔnu eve ŋu heƒo wo vevie. Le ɣeyiɣi ma me la, sɔlemehaa lé Yehowa Ðasefowo ƒe vi enyi hede tsi ta na wo akpa sesẽe.

Le ƒe 1949 me la, nɔnye ku. Nunɔlaa gati mía yome ake, hetsɔ nya ɖe mía ŋu be míewɔ nusi sea bia hena kunuwɔwɔ ƒe mɔɖeɖe xɔxɔ la dzi o. Wodrɔ̃ nya nam le ʋɔnu heɖe asi le ŋunye. Esia nye ɖaseɖiɖi gã aɖe, elabena wose Yehowa ƒe ŋkɔ le nyaa gɔmedzeɣi. Mɔ si ko susɔ míaƒe futɔwo nato “ana míabu tame” enye be woalé mí aɖe mí ɖa le dua me. Eyae wowɔ le April 1949 me.

Wokplɔ Mí De Fuwɔame Sesẽ Me

Menye nɔviŋutsu etɔ̃ siwo wolé la dometɔ ɖeka. Srɔ̃nye meɖo afɔ kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe si le dua me gɔ̃ hã be yeakpɔm ɖa o. Teƒe gbãtɔ si wokplɔ mí yii enye gaxɔ si le Iráklion me. Abe alesi megblɔe le gɔmedzedzea ene la, metsi akogo eye mewɔ nublanui na ɖokuinye. Megblẽ srɔ̃nye si nye ɖetugbi si mewɔ ɖeka kplim le xɔse me o la kple ɖevi sue eve ɖe megbe. Medo gbe ɖa na Yehowa vevie be wòakpe ɖe ŋunye. Mawu ƒe nya si woŋlɔ ɖe Hebritɔwo 13:5 va susu me nam: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” Mekpɔ nunya si le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bliboe me dze sii.—Lododowo 3:5.

Míese be wole mía ɖe ge ɖa le dua me ayi Makrónisos, si nye ƒukpo mawɔnu aɖe si le Attica, Greece, la dzi. Makrónisos ŋkɔ ɖeɖe sese na dzidzi ƒo amesiame, elabena funyafunyawɔƒe kple kluvinyeƒee asaɖa si le afima nye míenya. Esi míele mɔ dzi yina gaxɔa me la, míetɔ ɖe Piraeus. Togbɔ be kunyowu kpɔtɔ nɔ asi na mí hã la, dzi ɖo mía ƒo esime haxɔsetɔ aɖewo va tɔdziʋua me va wɔ atuu na mí.—Dɔwɔwɔwo 28:14, 15.

Nɔnɔmea dziŋɔ ŋutɔ le Makrónisos. Asrafoawo wɔa fu gamenɔlawo tso ŋdi ʋuu zã koe dona. Gamenɔla siwo menye Ðasefowo o la dometɔ geɖe ƒe susu tɔtɔ, bubuwo ku, eye gbogbo aɖewo zu nuwɔametɔwo. Le zã me la, míesea amesiwo wole funyafunya wɔmee la ƒe avifafa kple nuxaxa. Ðeko kuntru falɛfalɛ si le asinye léa vuvɔ nam vie le zã siwo me vuvɔ wɔna ŋutɔ me.

Ʋɛʋɛʋɛ la, wova nya Yehowa Ðasefo siwo le asaɖaa me la nyuie elabena woyɔa ŋkɔa ŋdi sia ŋdi le gamenɔlawo ƒe ŋkɔ yɔɣi. Eyata mɔnukpɔkpɔ geɖe su mía si be míaɖi ɖase. Mɔnukpɔkpɔ su asinye gɔ̃ hã mena nyɔnyrɔ dunyahela aɖe si wode game, si wɔ ŋgɔyiyi hetsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbee na Yehowa.

Le nye aboyomenɔɣia katã me la, meyi edzi nɔ lɛta ŋlɔm na srɔ̃nye lɔlɔ̃a, gake meɖo ɖeka pɛ hã ŋu o. Esia mena medzudzɔ lɛtaŋɔŋlɔ tufafatɔe, akɔfafa nɛ, kple dzidede ƒo nɛ be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe mɔxenu koe esia nye eye be míagava nye dzidzɔkpɔlawo ake o.

Míaƒe xexlẽme yi edzi nɔ dzidzim ɖe edzi esime woyi edzi le nɔvi geɖe kplɔm vɛ. Esi menɔ dɔ wɔm le woƒe ɔfis aɖe la, medze xɔlɔ̃ asrafomegã si le asaɖaa nu. Esi wòdea bubu Ðasefowo ŋu ta la, melé dzi ɖe ƒo biae be míate ŋu anɔ Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖewo xɔm tso míaƒe dɔwɔƒe si le Athens hã. Egblɔ be: “Ema manya wɔ o, gake nukatae mia tɔ siwo le Athens la mablae, aŋlɔ nye ŋkɔ ɖe edzi, ahaɖoe ɖem maxɔ na mi o?” Nye nu koe ku! Ŋkeke ʋɛ aɖewo megbe esime míele agba ɖem le tɔdziʋu aɖe si va me la, kpovitɔ aɖe do gbe na asrafomegã la, hegblɔ nɛ be: “Nye Aƒetɔ, wò nubablɛa va ɖo.” Ebia be: “Nubablɛ ka?” Dzidzɔtɔe la, nyemenɔ adzɔge boo o eye mese dzeɖoɖoa, eyata medo dalĩ nɛ be: “Anye míaƒe nubablɛ si woɖo ɖa to dziwòe, abe alesi nèbe míawɔe ene.” Mɔ siwo dzi Yehowa to kpɔ egbɔ be míeɖu nu le gbɔgbɔ me dometɔ ɖekae nye ema.

Yayra si Nyemenɔ Mɔ Kpɔm na O—Emegbe Fukpekpea Dzi Ðe Edzi

Le ƒe 1950 ƒe nuwuwu la, woɖe asi le ŋunye. Metrɔ yi aƒe—mezu dɔnɔ, fu ɣie, heɖi ku ŋutɔ, eye nyemenya alesi woaxɔmee o. Aleke gbegbe dzi dzɔmee nye si be megakpɔ srɔ̃nye kple vinyewo ake! Gawu la, ewɔ nuku nam be Frosini ƒe tsitretsiɖeŋua tɔ te. Lɛta mawo siwo meŋlɔ le gaxɔa me la wɔ dɔ. Nye dzidodo kple tamanamana la wɔ dɔ ɖe Frosini dzi vevie. Ema megbe kpuie la, meɖo dze kplii ɣeyiɣi didi tsɔ dzra mía kplii dome ɖo. Elɔ̃ be masrɔ̃ Biblia kpli ye eye wòtu xɔse ɖo na Yehowa kpakple eƒe ŋugbedodowo. Dzidzɔɣi gãwo dometɔ ɖeka le nye agbe me enye ƒe 1952 esime mena nyɔnyrɔe wòzu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe!

Le ƒe 1955 me la, míedze agbalẽvi si nye Christendom or Christianity—Which One Is “the Light of the World”? mama na nunɔla ɖesiaɖe gɔme. Wolé mía kple hati Ðasefo aɖewo hekplɔ mí yi ʋɔnui. Nya siwo wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu sɔ gbɔ ale gbegbe be ʋɔnudrɔ̃ƒea tia ŋkeke tɔxɛ aɖe koŋ na wo dɔdrɔ̃. Gbemagbe la, ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo katã le nutoa me nɔ anyi, eye nunɔlawo yɔ ʋɔnudrɔ̃ƒea tititi. Bisiɔp la nɔ zikpuiawo dome tom nɔ yiyim nɔ gbɔgbɔm dzitsitsitɔe. Nunɔlawo dometɔ ɖeka tso nunye be meva ye gbɔ be matrɔ ye sesẽe. Ʋɔnudrɔ̃laa biae be: “Ðe wò xɔse gbɔdzɔ nenema gbegbe be agbalẽ gbadza aɖe xexlẽ nate ŋu atrɔ wòa?” Esia na nunɔlaa mete ŋu ke nu o. Woɖe asi le ŋunye, gake wotso afia be nɔvi aɖewo nayi mɔ ɣleti ade.

Le ƒe siwo kplɔe ɖo me la, woyi edzi nɔ míalém edziedzi, eye mía ŋu nyawo dzi ɖe edzi le ʋɔnudrɔ̃ƒea. Nyawo gbɔ kpɔkpɔ na míaƒe senyalawo nɔ dɔ dzi madzudzɔmadzudzɔe. Zi gbɔ zi 17 sɔŋ ye wokplɔm yi ʋɔnui. Togbɔ be wotsi tre ɖe mía ŋu alea hã la, míenɔ míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi. Míetsɔ dzidzɔ nɔ te ɖe kuxi sia nui, eye dodokpɔ sesẽ siawo trɔ asi le míaƒe xɔse ƒe nyonyome ŋu.—Yakobo 1:2, 3.

Mɔnukpɔkpɔ Yeyewo Kple Kuxiwo

Le ƒe 1957 me la, míeʋu yi Athens. Eteƒe medidi o wotiam be masubɔ le hame yeye aɖe si woɖo me. Le srɔ̃nye ƒe alɔ dodom tso dzi blibo me ta la, míete ŋu wɔ míaƒe agbe tsɛe hena gbɔgbɔmedɔwo xɔ nɔƒe gbãtɔ. Eyata míete ŋu zã míaƒe ɣeyiɣi ƒe akpa gãtɔ ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Le ƒeawo me la, wobia tso mía si míeʋu yi hame vovovo siwo me hiahiã nɔ la me.

Vinyeŋutsu xɔ ƒe 21 le ƒe 1963 me, eye ehiã be wòatsɔ eɖokui ana awɔ asrafodɔ. Le Ðasefo siwo wobe woawɔ asrafodɔa ƒe akpaɖekedzimademade ta la, woƒo wo, ɖu fewu le wo ŋu, heɖi gbɔ wo. Nɔnɔme sia mee vinyeŋutsua hã to. Eyata metsɔ kuntru si mezã le Makrónisos la nɛ be wòanye kpɔɖeŋu si ade dzi ƒo nɛ be wòasrɔ̃ nuteƒewɔla siwo nɔ anyi tsã ƒe kpɔɖeŋu. Wodrɔ̃a nya na nɔviŋutsu siwo woyɔ be woawɔ asrafodɔ la le asrafowo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye zi geɖe woƒe tohehe nyena tso ƒe eve yi ƒe ene ƒe gamenɔnɔ. Le woƒe dodo megbe ko la, wogayɔa wo gadea wo mɔ ake. Abe subɔsubɔha aɖe ƒe subɔla ene la, mete ŋu ɖia tsa yia gaxɔ vovovowo me eye wonaa ɣeyiɣi sue aɖem mekpɔa vinyeŋutsua kple Ðasefo wɔnuteƒe bubuwo. Wona vinyeŋutsua nɔ ga me ƒe ade kple edzivɔ.

Yehowa Lé Mí Ðe Te

Esi wova ɖe mɔ ɖe mawusubɔsubɔ ŋu le Greece la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mewɔ ɣeyiɣi aɖe ƒe mɔɖela vevi ƒe dɔ le Rhodes-ƒukpo dzi. Emegbe le ƒe 1986 me la, hiahiã aɖe va Sitía, Crete, afisi medze Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa gɔme le. Enye dzidzɔ nam be maxɔ dɔdasi sia ahasubɔ kple haxɔsetɔ lɔlɔ̃ siwo menya tso nye ɖekakpui me ke la ake.

Esi menye míaƒe ƒomea ƒe ame tsitsi ta la, enye dzidzɔ nam be mekpɔ ƒonyemetɔ 70 le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Eye xexlẽmea yi edzi le dzidzim ɖe edzi. Wo dometɔ aɖewo nye hamemegãwo, subɔsubɔdɔwɔlawo, mɔɖelawo, Betel-dɔwɔlawo, dzikpɔla mɔzɔlawo. Ƒe 58 kple edzivɔe wotsɔ do nye xɔse kpɔe le fuwɔame sesẽwo me. Mexɔ ƒe 93 fifia, eye ne metrɔ kpɔ megbe la, mete ɖe dzinye kura be mele Mawu subɔm o. Edo ŋusẽm mewɔ ɖe eƒe yɔyɔ si me lɔlɔ̃ le la dzi be: “Vinye, tsɔ wò dzi nam, eye nye mɔwo nedze wò ŋkuwo ŋu!”—Lododowo 23:26.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, December 1, 1999, axa 30-1.

^ mm. 11 Woɖe mɔ na Greece Orthodɔks Sɔlemehaa ƒe nunɔlawo woɖea srɔ̃.

^ mm. 12 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, September 1, 1999, axa 25-9 hena Emmanuel Lionoudakis ƒe agbemeŋutinya.

^ mm. 15 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam fifia o.

^ mm. 15 Kpɔ Minos Kokkinakis ƒe dziɖuɖu le ʋɔnu ŋuti nya le Gbetakpɔxɔ, September 1, 1993, axa 27-31 me.

[Aɖaka si le axa 27]

Makrónisos​—Ƒukpo si Dzi Dziŋɔ Ŋutɔ

Makrónisos-ƒukpo mawɔnu si dzi amewo mele o la nye gamenɔla 100,000 kple edzivɔ nɔƒe ƒe ewo sɔŋ, tso ƒe 1947 va ɖo 1957. Amesiawo dometɔ aɖewo nye Ðasefo gbogbo aɖewo siwo woɖo ɖe afima le woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta. Greece Orthodɔks Sɔlemehaa kplɔla siwo tsoa Ðasefoawo nu alakpatɔe be wonye Kɔmiunisttɔwo la koŋue naa woɖoa wo ɖe afima.

Greecegbe me numekugbalẽ si nye Papyros Larousse Britannica gblɔ tso mɔ si dzi wotona be yewole ame “ɖɔm ɖo” le Makrónisos ŋu be: “Funyafunya wɔwɔ ame nublanuimakpɔmakpɔe ƒe mɔnuwo, . . . nɔnɔme siwo me wonɔa agbe le, si mesɔ na dukɔ si ƒe ŋku ʋu kura o, kpakple dzɔlawo ƒe nu ɖigbɔwo wɔwɔ ɖe gamenɔlawo ŋu . . . nye ŋukpenanya le Greecetɔwo ƒe ŋutinya me.”

Wogblɔ na Ðasefo aɖewo be womele asi ɖe ge le wo ŋu akpɔ o, negbe ɖe wogbe woƒe subɔsubɔdzixɔsewo hafi. Ke hã, womete ŋu gblẽ Ðasefowo ƒe nuteƒewɔwɔ me o. Gawu la, amesiwo wode ga ɖe dunyahenyawo ta la dometɔ aɖewo va xɔ Biblia ƒe nyateƒea le gododo Ðasefowo ta.

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Minos Kokkinakis, (ame etɔ̃lia tso ɖusime) kpakple nye si nye (ame enelia tso miame) le Makrónisos-ƒukpo si nye toheƒe la dzi

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Dɔwɔwɔ kple hati Ðasefo aɖe le Sitía, Crete, afisi mesubɔ le nye ɖekakpui me le