Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wole Fiaɖuƒegbedasia “Sem” le Brazil

Wole Fiaɖuƒegbedasia “Sem” le Brazil

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Wole Fiaɖuƒegbedasia “Sem” le Brazil

BE WOATE ŋu aɖe gbeƒã Fiaɖuƒeŋutinya nyuia na Tokunɔwo la, Yehowa Ðasefo siwo le Brazil la lɔ̃ be yewoasrɔ̃ Brazil Tokunɔgbe si sɔsrɔ̃ mele bɔbɔe kura o la. Woƒe agbagbadzedzea le ku nyui geɖewo tsem, abe alesi nuteƒekpɔkpɔ siwo gbɔna la ɖee fia ene.

Eva, * si nye nyɔnu tokunɔ aɖe le São Paulo, te tokunɔgbe sɔsrɔ̃ esime woa kple via etɔ̃ ʋu yi ɖanɔ aƒe ɖeka me kple ŋutsu aɖe si nye tokunɔ. Eva kple eƒe ahiãvia do go tokunɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe siwo nye Ðasefowo le fiase aɖe me, amesiwo kpe wo be woava kpekpe aɖe le Fiaɖuƒe Akpata me. Woxɔ amekpekpea, hesusu be hadomewɔna aɖee wònye.

Esi Eva mese tokunɔgbe nyuie o ta la, mese nya siwo wogblɔ le kpekpea me la gɔme tututu o. Emegbe, Ðasefo geɖewo kpee be wòava yewoƒe aƒeme ava ɖu numeɖenu aɖewo kpli yewo. Wozã nɔnɔmetata siwo le Se Agbe ƒe Vivi le Anyigba Dzi Tegbee! ƒe agbalẽ gbadzaa me tsɔ ɖe nu me nɛ tso etsɔme anyigba dzi paradiso si ƒe ŋugbe Mawu do la ŋuti. Nusi Eva srɔ̃ la vivi enu eye wòte kpekpeawo dede edziedzi.

Ema megbe kpuie la, Eva dzo le eƒe ahiãvia gbɔ be yeate ŋu anɔ agbe ɖe Biblia ƒe dzidzenuwo nu. Togbɔ be eƒe ƒometɔwo tsi tre ɖe eŋu vevie hã la, eyi edzi wɔ gbɔgbɔmeŋgɔyiyi hexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1995 me. Ɣleti ade megbe la, Eva ge ɖe mɔɖeɖedɔa, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Tso ɣemaɣi la, ekpe ɖe tokunɔ ene ŋu woɖe adzɔgbe hexɔ nyɔnyrɔ.

Wodzi Carlos tokunɔe. Eƒo eɖokui ɖe atikevɔ̃ɖizazã, agbegbegblẽnɔnɔ, kple fififi me tso ɖevime ke. Esi nuvlowɔha bubu me tɔwo do ŋɔdzi nɛ la, esi yi São Paulo ɖanɔ João gbɔ ɣeyiɣi aɖe. João hã nye tokunɔ abe Carlos ke ene, eye menɔa agbe ɖɔʋu o.

Ƒe aɖewo megbe la, Carlos va se Fiaɖuƒegbedasia, si ʋãe wòɖɔ eƒe agbe ɖo heɖe nyɔnu si woa kplii woli la le se nu. Le Ŋɔŋlɔawo ƒe nudidiwo gbɔ ɖoɖo me la, Carlos xɔ nyɔnyrɔ tsɔ wɔ eƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui. Le ɣeyiɣi ma ke me la, João hã ke ɖe nyanyuia ŋu, eye eya hã wɔ tɔtrɔ gãwo le eƒe agbenɔnɔ me, si mele nyanya na Carlos o. Esi João srɔ̃e be nɔnɔmewɔwɔwo zazã medzea Yehowa ŋu o la, etsɔ “ame kɔkɔewo” ƒe nɔnɔmewɔwɔ siwo le esi la ƒu gbe. João hã xɔ nyɔnyrɔ le asiɖeɖe le eƒe tsãgbenɔnɔ ŋu megbe.

Aleke gbegbe dzi dzɔ Carlos kple João enye si esime wodo go le Fiaɖuƒe Akpata me hekpɔ tɔtrɔ si wo dometɔ ɖesiaɖe wɔ la! Wo ame evea siaa nye ƒome ƒe ta ɖɔʋuwo fifia, eye wonye Fiaɖuƒegbeƒãɖela veviedolawo.

Le Brazil fifia la, tokunɔgbe hame 30 kple ƒuƒoƒo 154 ye li, eye gbeƒãɖela siwo le wo me wu 2,500, siwo dometɔ 1,500 lɔƒo nye tokunɔwo. Ame 3,000 kple edzivɔe de ƒe 2001 “Mawu ƒe Nya Fialawo” Nutome Gã Takpekpe siwo wowɔ na tokunɔwo le Brazil, eye ame 36 xɔ nyɔnyrɔ. Míele mɔ kpɔm be ne Yehowa lɔ̃ la, tokunɔ geɖe ava xɔ Fiaɖuƒegbedasia.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔawo.