Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Agbenɔnɔ le Sitsoƒesaɖa Me

Agbenɔnɔ le Sitsoƒesaɖa Me

Agbenɔnɔ le Sitsoƒesaɖa Me

NUKAE vaa susu me na wò ne èse woyɔ ŋkɔ si nye “sitsoƒesaɖa”? Ède ɖe me kpɔa? Aleke tututue wòle?

Esime wonɔ nyati sia ŋlɔm la, wotso sitsoƒesaɖawo ɖe teƒe 13 sɔŋ le Tanzania ƒe ɣetoɖoƒekpa dzi. Tanzania dziɖuɖua kpakple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔhagã na Sitsoƒedilawo (UNHCR) ye wɔ ɖeka le kpekpeɖeŋu nam sitsoƒedila siwo anɔ ame 500,000, siwo dukɔmeviʋawo nya tso Afrika-dukɔ bubuwo me de gbe la. Aleke asaɖa me gbenɔnɔ le?

Asaɖa la me Ðoɖo

Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe si ŋkɔe nye Kandida ɖe nusi dzɔ esime woƒe ƒomea ɖo asaɖaa me ƒe ʋɛ aɖewo enye si va yi me be: “Wona nuɖuɖuxɔgbalẽvi si dzi xexlẽdzesi tɔxɛ le la mí, eye woɖo míaƒe ƒomea ɖe Nyarugusu sitsoƒesaɖaa me. Míexɔ anyigba si woka na mí kple ablɔ si dzi wòle la ƒe xexlẽdzesiwo le afima. Wofia afisi míatso ati kple afisi míasi be le atsɔ atu mía ŋutɔwo ƒe xɔ sue lae mí. Míeme anyikpewo. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔhagã na Sitsoƒedilawo na xɔgbãnu si wotsɔ aŋe wɔe mí míetsɔ gbãe. Dɔa sẽ, gake dzi dzɔ mí esime míewu míaƒe aƒea nu.”

Míezãa nuɖuɖuxɔgbalẽvia kwasiɖa eve ɖesiaɖe ƒe Kuɖagbewo. Kandida yi edzi be: “Ẽ, míeɖoa fli ɖe nuɖuɖuxɔƒea xɔa nuɖuɖu si Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔhagã na Sitsoƒedilawo mana la.”

Nukae ame ɖeka ɖuna gbesiagbe?

“Mía dometɔ ɖesiaɖe xɔa bliwɔ abe kplu etɔ̃ ene, ayi kplu ɖeka, gbagbayiwɔ gram 20, nuɖami nuɖugatsi eve, kple dze gram 10. Ɣeaɖewoɣi la, míexɔa adzalẽ ti ɖeka, si míazã ɣleti bliboa.”

Ke tsi nyui ya ɖe? Elia? Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Riziki gblɔ be: “Ẽ, woyɔa tsi tso tɔsisi aɖe si te ɖe afima ŋu me kɔna ɖe zɔ gãwo me. Wokɔa atike ɖe tsia me hafi ɖona ɖe tsiduƒe siwo le asaɖa ɖesiaɖe me. Gake míedzea agbagba be míaɖa tsia hafi anoe be míagadze dɔ o. Zi geɖe míenɔa tɔme mɔ dzi tso ŋdi va ɖo fiẽ dua tsi tsɔ nyaa nuwo le tsiduƒe siawo. Tsi tɔkpo ɖeka kple afã koe wonaa mí ŋkeke ɖesiaɖe.”

Ne èku ʋu to asaɖawo dometɔ ɖeka me la, àkpɔ abɔdzokpowo, gɔmedzesukuwo, kple sekɛndrisukuwo. Ame tsitsiwo ƒe agbalẽsrɔ̃sukuwo gɔ̃ hã anɔ asaɖaa me. Kpovitɔwo nɔƒe kple dziɖuɖudɔwɔƒe si le asaɖaa godo tututu kpɔa egbɔ be asaɖaa me nɔa dedie. Àkpɔ asi gã aɖe si me fiase suesuesuewo hã le, afisi sitsoƒedilawo ate ŋu akpɔ detsiƒonu, atikutsetse, tɔmelã, koklolã, kple nuɖuɖu vevi bubuwo le aƒle. Dua me tɔ aɖewo va dzraa nu le asia me. Gake afikae sitsoƒedilawo kpɔa ga tsonɛ tsɔ ƒlea nui? Wo dometɔ aɖewo dea numiemiegble suewo hedzraa emenuwo le asia me. Bubuawo adzra wɔ si woxɔ la ƒe akpa aɖe alo ayi si woxɔ la, tsɔ ƒlea lã alo atikutsetse aɖewoe. Ẽ, asaɖaa aɖi kɔƒe gã aɖe wu asaɖa. Enye nusi bɔ be woakpɔ amewo woanɔ nu kom ahanɔ dzidzɔ kpɔm le asia me, abe alesi ko woawɔe le wo de ene.

Ne èto kɔa dzi la, ɖɔktawo dometɔ ɖeka agblɔ na wò be dɔnɔdzikpɔƒe ʋɛ aɖewo le asaɖaa me afisi wodaa dɔ suesuesuewo le; ke woɖoa dɔ kpatawo kple dɔ sesẽwo ɖe kɔ gã dzi. Gɔmesese le eŋu be afisi wokpɔa funɔwo gbɔ le kple afisi wodzia vi le kɔa dzi la nye teƒe vevi aɖe elabena ne èbu eŋu kpɔ la, le sitsoƒedila 48,000 siwo le asaɖaa me dome la, vidzĩ siwo wodzina ɣleti sia ɣleti te ŋu dena 250.

Woɖia Ƒo Nyuie le Gbɔgbɔ Me

Le xexeame godoo la, Yehowa Ðasefowo adi be yewoanya nu tso yewo nɔvi siwo le asaɖa siwo le Tanzania me ŋu. Ne míeƒo wo katã nu ƒu la, woade ame 1,200, siwo ma ɖe hame 14 kpakple ƒuƒoƒo 3 me. Aleke wole dɔ wɔmee?

Nu gbãtɔ siwo Kristotɔ veviedonula siawo wɔ esime woɖo asaɖaawo me la dometɔ ɖekae nye be woabia anyigba si dzi woatu Fiaɖuƒe Akpata ɖo. Esia ana sitsoƒedilaawo nanya afisi woate ŋu akpɔ Ðasefoawo le kple afisi woade kwasiɖa sia kwasiɖa ƒe kpekpewo le. Le Lugufu-saɖaa me la, hame 7 si me Kristotɔ veviedonula 659 le, ye li. Le kpekpe si hame 7 siawo wɔna le Kwasiɖagbewo me la, vavalawo ƒe ƒuƒoƒo nɔa abe ame 1,700 ene.

Ðasefo siwo le asaɖawo katã me hã kpɔa viɖe tso Kristotɔwo ƒe takpekpe suewo kple gãwo me. Esime wowɔ nutome gã takpekpe gbãtɔ le Lugufu-saɖaa me la, ame 2,363 ye de. Ðasefoawo ɖe ta aɖe si me woanyrɔ amewo le la ɖe takpekpea wɔƒe. Ta la nye ʋe aɖe si woɖe ɖe anyigba heɖo aŋe ɖe eme be tsi nate ŋu anɔ eme. Nɔviawo do gasɔ yi ɖadu tsi le tɔsisi aɖe si gbɔ didi tso teƒea anɔ kilometa eve me. Tsi lita 20 ye wotsɔna gbɔnɛ zi ɖesiaɖe, eye ema fia be ehiã be woade zi gbɔ zi geɖe. Nyɔnyrɔxɔlawo, siwo do awu ɖe nɔnɔme nyui me la, ɖo fli hexɔ nyɔnyrɔa. Le wo katã me la, ame 56 ye xɔ nyɔnyrɔa. Ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla aɖe si wobia gbee le takpekpea me ɖe eme be yesrɔ̃a Biblia kple ame 40. Eƒe nusrɔ̃vi ene xɔ nyɔnyrɔ le takpekpe ma me.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea wɔ ɖoɖo be dzikpɔla mɔzɔlawo nanɔ wo srãm kpɔ edziedzi. Wo dometɔ ɖeka gblɔ be: “Mía nɔviwo le vevie dom nu le subɔsubɔdɔa me ale gbegbe. Anyigbamama gã aɖe le wo si si me woaɖe gbeƒã le, eye le hame ɖeka me la, Ðasefo ɖesiaɖe zãa abe gaƒoƒo 34 ene le subɔsubɔdɔa me ɣleti ɖesiaɖe. Wo dometɔ geɖe srɔ̃a Biblia kple ɖetsɔlemetɔ atɔ̃ alo wu nenema. Mɔɖela [ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla] ɖeka gblɔ be yemegakpɔ anyigbamama nyui aɖeke wu esia le teƒea aɖeke o. Asaɖaa me tɔwo kpɔa ŋudzedze ɖe míaƒe agbalẽwo ŋu ale gbegbe.”

Aleke Biblia-srɔ̃gbalẽwo wɔna ɖoa asaɖawo me? Alɔdzedɔwɔƒea dea wo keteke ɖona ɖe Kigoma, si nye du si le Tanganyika-ta la ƒe ɣedzeƒe. Nɔviwo va xɔa agbalẽawo le afima eye wowɔa ɖoɖo tsɔa wo yina na hameawo. Ɣeaɖewoɣi la, wodaa agbatsɔʋu eye woa ŋutɔwo tsɔa agbalẽawo yina ɖe asaɖawo me. Esia nyea ŋkeke etɔ̃ alo ene ƒe mɔ si gblẽ ŋutɔ la zɔzɔ.

Ŋutilã me Kpekpeɖeŋu

Yehowa Ðasefo siwo le France, Belgium, kple Switzerland dze agbagba ŋutɔ le kpekpeɖeŋu nana sitsoƒedila siwo le asaɖa siawo me la me. Dumenyawo Gbɔkpɔƒe Kple Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔhagã na Sitsoƒedilawo ɖe mɔ na wo dometɔ aɖewo de asaɖa siwo le Tanzania me. Ðasefo siwo le Europa ƒo soy milk, awuwo, afɔkpawo, sukugbalẽwo, kple adzalẽ tɔn geɖe nu ƒu ɖo ɖa. Wona nusiawo be woama na sitsoƒedilawo katã, wònye wɔwɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosea dzi be: “Esi asinukpɔkpɔ le mía si la, mina míawɔ nu nyui na amesiame, ke vevietɔ na haxɔsetɔwo.”—Galatiatɔwo 6:10.

Nu nyui geɖe do tso kpekpeɖeŋunadɔ siawo me eye wònye kpekpeɖeŋu na sitsoƒedila geɖewo. Sitsoƒedilawo ƒe Nutowo Dzikpɔkɔmiti si le asaɖaawo dometɔ ɖeka me ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ fia le nya siawo me be: “Enye bubu na mí be míanɔ nuto bliboa teƒe ada akpe na mi ɖe kpekpeɖeŋu si miaƒe habɔbɔa na zi etɔ̃ sɔŋ la ta. . . . Ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi kpakple vidzĩ 12,654 siwo nu hiã ye xɔ awuawo . . . Sitsoƒedila siwo le Muyovozi sitsoƒesaɖaa me fifiae nye ame 37,000. Le ye katã me la, ame 12,654, si nye 34.2 le alafa me, ŋue wokpe ɖo.”

Le asaɖa bubu me la, sitsoƒedila 12,382 xɔ nudodo etɔ̃ eye asaɖa bubu xɔ sukugbalẽ akpe gbogbo siwo woazã le sekɛndri kple gɔmedze sukuwo kple abɔdzokposukuwo me. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔdzikpɔhagã na Sitsoƒedilawo ƒe amegã si kpɔa nuwo mama gbɔ le nutoawo dometɔ ɖeka me gblɔ be: “Míeda akpe ŋutɔ ɖe nunana siwo míexɔ ta si [kpɔ] sitsoƒedilawo ƒe asaɖawo me tɔ gbogbo aɖewo ƒe nuhiahiã veviwo gbɔ. Nunana si míexɔ nyitsɔ laa la nye sukugbalẽ si wode aɖakago gã 5 me, si míaƒe dɔwɔƒea ma na sitsoƒedilaawo. . . . Akpe geɖe na mi.”

Nutoa me nyadzɔdzɔgbalẽwo gɔ̃ hã ka nya ta le kpekpeɖeŋunanaa ŋu. Woɖo tanya na May 20, 2001, ƒe Sunday News me nyati aɖe be: “Nudodowo le Mɔ Dzi Gbɔna na Tanzania Sitsoƒedilawo.” Eƒe tata si nye February 10, 2002, gblɔ be: “Sitsoƒedilaawo kpɔa ŋudzedze ɖe nunana ŋu elabena ɖeviawo dometɔ aɖewo, siwo dzudzɔ sukudede esi awu mele wo si o ta la, le suku yim edziedzi azɔ.”

Míexaxa Gake Wɔna Mevɔna le Mía Ŋu O

Le sitsoƒedila akpa gãtɔ gome la, exɔa abe ƒe ɖeka ene hafi wote ŋu trɔna ɖe asaɖaa me gbenɔnɔ ŋu. Wonɔa agbe si le tsɛe. Yehowa Ðasefo siwo le asaɖa siawo me la le woƒe ɣeyiɣi akpa gãtɔ zãm tsɔ le nyanyui fakɔname la gblɔm na wo hati sitsoƒedilawo tso Mawu ƒe Nya, Biblia, me. Wogblɔa xexeme yeye aɖe, si me amewo katã ‘atsɔ woƒe yiwo atu agblenuwoe, eye woatsɔ woƒe akplɔwo atu hɛ gobɛwoe; dukɔ magatsɔ yi ɖe dukɔ ŋu azɔ o, eye womagasrɔ̃ aʋawɔwɔ azɔ o’ ŋu nya na wo. Ekema amesiame “abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.” Edze ƒã be Mawu ƒe yayra awɔe be xexeame ava nye xexe si me sitsoƒesaɖawo maganɔ o.—Mixa 4:3, 4; Psalmo 46:10.

[Nɔnɔmetata si le axa 8]

Aƒewo le Nduta-saɖa me

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Lukole Fiaɖuƒe Akpata (ɖusime) Nyɔnyrɔxɔxɔ le Lugufu (ete)

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Nutome gã takpekpe le Lugufu-saɖa me