Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Mègagblẽ Viwò ƒe Dzi Ði Mamlamamlae O!

Mègagblẽ Viwò ƒe Dzi Ði Mamlamamlae O!

Mègagblẽ Viwò ƒe Dzi Ði Mamlamamlae O!

ZEMELA bibi ate ŋu atrɔ asi le tsu gbɔlo ŋu wòazu ŋudɔwɔnu dzeani aɖe. Aɖaŋudɔwɔla ʋɛ aɖewoe te ŋu wɔa nu nyui gbogbo aɖewo tsoa nu maɖinuwo me. Ƒe akpe geɖe enye sia la, amegbetɔƒomea zã zemela ƒe kpluwo, agbawo, nuɖazewo, goewo, kple seƒoƒogbawo.

Dzilawo hã kpea asi ɖe ameƒomea ŋu vevie to asitɔtrɔ le wo viwo ƒe nɔnɔme kple amenyenye ŋu me. Biblia tsɔ mía dometɔ ɖesiaɖe sɔ kple anyi, eye Mawu de dɔ vevi, si nye asitɔtrɔ le ‘anyi’ si nye wo viwo ŋu, la asi na dzilawo. (Hiob 33:6; Mose I, 18:19) Abe alesi wòle le ze dzeani aɖe meme gome ene la, asitɔtrɔ le ɖevi ŋu be wòava zu ame tsitsi si dzi woaka ɖo si da sɔ la mele bɔbɔe o. Tɔtrɔ sia mevana le eɖokui si o.

Ŋusẽkpɔɖeamedzinu sẽŋu geɖe le dɔ wɔm ɖe mía viwo ƒe dzi dzi. Nublanuitɔe la, ŋusẽkpɔɖeamedzinu siawo dometɔ aɖewo gblẽa nu. Eyata le esi teƒe be woaɖe asi le ɖevi ƒe dzi ŋu be wòamla eɖokui la, dzila nyanuwo ana hehe ɖevia “ɖe mɔ, si wòato la ŋu,” kple kakaɖedzi be “ne eva tsi la, mate ɖa le edzi o.”—Lododowo 22:6.

Le ɣeyiɣi didi ƒe vinyinyi si me nuwo dzɔna le fũ me la, ahiã be dzila Kristotɔ nyanuwo nazã ɣeyiɣi ɖe ŋusẽkpɔɖeamedzinu gbegblẽ siwo adi be yewoaɖo wo via ƒe dzi me la ɖeɖe ɖa ŋu. Woado woƒe lɔlɔ̃ akpɔ vevie ne wotsɔ dzigbɔɖi le “nufiame, kple ɖɔɖɔɖo, si wotsɔna hea Kristotɔe la” nam ɖevia. (Efesotɔwo 6:4, The New English Bible) Le nyateƒe me la, dzilawo ƒe dɔa anɔ bɔbɔe wu ne wodze egɔme kaba.

Egɔmedzedze Kaba

Zemelawo dina anyi si me ade le si bɔbɔ alesi dze be wòate ŋu atsi nɔnɔme si me woawɔe ɖo me la zazã atsɔ ame nuwoe. Le anyia nyanya megbe la, wodina be yewoazãe le ɣleti ade me. Nenema kee ɣeyiɣi nyuitɔ si dzilawo ate asitɔtrɔ le wo viwo ƒe dzi ŋu enye ɣeyiɣi si me wòsea nu wu eye asitɔtrɔ le eŋu le bɔbɔe wu.

Ðeviwo ŋutinunyalawo gblɔ be kaka ɖevi naxɔ ɣleti enyi la, enya wo degbe ƒe ɖiɖime xoxo, etu ƒomedodo kplikplikpli kple edzilawo ɖo, etu nugɔmesese ŋutetewo ɖo, hete nusiwo yia edzi le egbɔ la nyanya. Ɣeyiɣi nyuitɔ si dzi wòle be woate asitɔtrɔ le eƒe dzi ŋu enye esime wògakpɔtɔ nye ɖevi sue. Aleke wòaɖe vii na viwò enye si ne ‘enya ŋɔŋlɔ kɔkɔeawo tso ɖevime’ abe Timoteo ene!—Timoteo II, 3:15. *

Le dzɔdzɔmenu la, vidzĩwo srɔ̃a wo dzilawo. Tsɔ kpe ɖe gbeɖiɖiwo, nyagbɔgblɔwo, kple nuwɔnawo sɔsrɔ̃ ŋu la, wosrɔ̃a lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, kple nublanuikpɔkpɔ ne wokpɔ wo dzilawo wole nɔnɔme siawo ɖem fia. Ne míedi be míatsɔ Yehowa ƒe sewo amla mía viwoe la, ele be gbã la, Mawu ƒe sededewo nanɔ míaƒe dzi me. Ŋudzedzekpɔkpɔ sia si tso dzi me la aʋã dzilawo be woaƒo nu tso Yehowa kple eƒe Nya la ŋu na wo viwo edziedzi. Biblia xlɔ̃ nu be, “[ƒo] nu le wo ŋu, ne èbɔbɔ nɔ aƒewò me, alo nèle mɔ dzi, ne èmlɔ anyi, alo nèfɔ.” (Mose V, 6:6, 7) Francisco kple Rosa ɖe alesi wowɔa esia kple wo vi sue eveawoe me ale. *

“Tsɔ kpe ɖe gbesiagbe dzeɖoɖowo ŋu la, míedzea agbagba be míaƒo nu na mía viawo ɖekaɖeka miniti 15 ya teti gbesiagbe. Ne míede dzesi kuxi aɖe la, míegazãa ɣeyiɣi geɖe wu—eye míedoa go kuxiwo hã. Le kpɔɖeŋu me, mía viŋutsu si xɔ ƒe atɔ̃ gbɔ tso suku nyitsɔ laa va gblɔ na mí be yemexɔ Yehowa dzi se o. Anye be eƒe sukuxɔmehati aɖee ɖe alɔme le eŋu hegblɔ be Mawu aɖeke meli o.”

Dzila siawo de dzesii be ehiã be ɖeviwo natu xɔse ɖo ɖe wo Wɔla la me. Woate ŋu atu xɔse sia ƒomevi ɖo ɖe dzidzɔ si woa ŋutɔwo kpɔna ɖe Mawu ƒe nuwɔwɔwo ŋu dzi. Asi kaka lã aɖe ŋu, seƒoƒowo fɔfɔ le gbe me, alo fefe le ƒutake me dzɔa dzi na ɖeviwo ŋutɔ! Dzilawo ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woakpɔ ƒomedodo si le nuwɔwɔ kple nuawo Wɔla dome. (Psalmo 100:3; 104:24, 25) Vɔvɔ̃ kple bubu deto si woatu ɖo na Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ate ŋu atsi wo si le woƒe agbemeŋkekewo katã me. (Psalmo 111:2, 10) Tsɔ kpe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ sia ŋu la, ɖevia ate ŋu atu didi be yeadze Mawu ŋu kple vɔvɔ̃ be wòawɔ nusi madze eŋu o ɖo. Esia aʋãe be ‘wòatsri vɔ̃.’—Lododowo 16:6.

Togbɔ be ɖevi akpa gãtɔ dina be yewoanya nusianu eye wosrɔ̃a nu kaba ŋutɔ hã la, womate ŋu anye toɖolawo bɔbɔe o. (Psalmo 51:7) Woadi be yewoanɔ yewo ɖokui si ɣeaɖewoɣi alo adi be nusianu si dzro yewo la nasu yewo si. Ehiã be dzilawo nate afɔ ɖe to, agbɔ dzi ɖi, ahana hehe wo be woatsɔ atsi nɔnɔme siawo nu be woagaƒo ke ɖe to o. (Efesotɔwo 6:4) Aleae wònɔ le Phyllis kple Paul, amesiwo he ɖevi atɔ̃ dzidzedzetɔe la, gome.

Phyllis gblɔ be: “Togbɔ be ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe kple eƒe amenyenyee hã la, wo dometɔ ɖesiaɖe di be yeawɔ nusi dze ye ɖokui ŋu. Esesẽ ŋutɔ, gake wova se míaƒe nya ‘ao’ si míegblɔna na wo gɔme mlɔeba.” Srɔ̃a, Paul, gblɔ be: “Zi geɖe la, ne wotsi ate ŋu ase susu si tae míewɔ nyametsotso aɖe gɔme ko la, míegblɔnɛ na wo. Togbɔ be míedzea agbagba ɣesiaɣi be míaɖe tufafa afia wo hã la, míefia wo be woade bubu ŋusẽ si Mawu na mí la ŋu.”

Togbɔ be ɖevi ƒe ƒe gbãtɔwo me nɔɣi ate ŋu ahe kuxiwo vɛ nɛ hã la, dzila geɖewo de dzesii be kuxi sesẽtɔwo vana le ƒewuiwo me esime dzi siwo metsi o la dzea ŋgɔ dodokpɔ yeye geɖewo.

Ƒewuivi ƒe Dzi Gbɔ Ðoɖo

Ele be zemela nawɔ eƒe dɔ hafi anyia naƒu. Ne edi be yeada ewɔɣia ɖe ŋgɔ la, ate ŋu awu tsi anyia dzi be tsi nanɔ eme ne wòawɔ ade. Nenema kee wòle be dzilawo nadze agbagba vevie be woade tsi wo vi ƒewuiviwo ƒe dzi be wòagatri o. Le nyateƒe me la, woƒe dɔwɔnu vevitɔ enye Biblia, si woate ŋu atsɔ ‘aka mo na wo viwo, aɖɔ wo ɖo, ahadzra wo ɖo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.’—Timoteo II, 3:15-17.

Gake ƒewuivi maxɔ dzilawo ƒe aɖaŋuɖoɖo bɔbɔe abe alesi wòaxɔe esime wòle sue wu ene o. Ƒewuiviwo ate ŋu ava nɔ to lém ɖe wo hatiwo ŋu wu, eyata dzeɖoɖo kple wo dzilawo tso dzi faa me dzi aɖe kpɔtɔ. Esi akpa si dzilawo kple ɖeviawo wɔna trɔ ta la, enyea ɣeyiɣi si me dzigbɔɖi kple aɖaŋudzedze geɖe hiã le. Ele be ƒewuivia natrɔ ɖe eƒe ŋutilã kple seselelãme siwo le tɔtrɔm ŋu. Ele be wòate nyametsotsowo wɔwɔ kpakple taɖodzinu siwo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe edzi le eƒe agbemeŋkekewo katã me la ɖoɖo. (Timoteo II, 2:22) Le ɣeyiɣi sesẽ siawo katã me la, ele be wòanɔ te ɖe ŋusẽ aɖe si ate ŋu agblẽ nu le eƒe dzi ŋu la nu—si nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu.

Menye mɔ ɖeka ko nue nyaƒoɖeamenu sia tona vana o. Ke boŋ edzena le nyagbɔgblɔ kple nuwɔna vovovo siwo ɖea dzi le ame ƒo me. Esiawo dzena le nusi nye ame geɖe ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔƒe gome—si nye vɔvɔ̃ vevie be sɔhɛ bubuwo ava gbe yewo. Le esi sɔhɛa madi be ŋu nakpe ye o eye wòadi be amewo nalɔ̃ yeƒe nya gbɔ ta la, ate ŋu ava nɔ lɔlɔ̃m ɖe ‘nusiwo le xexeame,’ si sɔhɛ bubuwo wɔna la dzi.—Yohanes I, 2:15-17; Romatɔwo 12:2.

Nusi gagblẽa nyaa ɖe edzi enye be dzi madebliboa ƒe dzɔdzɔmedidi ate ŋu ana ehatiawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia nu nagasẽ ɖe edzi nɛ. Gbɔgblɔ nɛ be “Wɔ nusi ana nàkpɔ dzidzɔ” kple “Wɔ nusi dze ŋuwò” la ate ŋu ava dze eŋu ŋutɔ. María gblɔ eƒe nuteƒekpɔkpɔ ale: “Melɔ̃ ɖe hati ƒewuivi siwo xɔe se be gome le sɔhɛwo si be woakpɔ dzidzɔ alesi wodii, metsɔ le emetsonuawo me o, la ƒe nya dzi. Esi medi be mawɔ nusi xɔ̃nye sukuviwo wɔna ta la, medze afɔku gã aɖe kloe.” Abe dzila ene la, àdi be yeakpe ɖe viwò ƒewuivia ŋu wòaɖu nyaƒoɖeamenu sia dzi, gake alekee nàte ŋu awɔ esiae?

To wò nyagbɔgblɔ kple nuwɔnawo me nàka ɖe edzi nɛ bena yetsɔ ɖe le eyama me. Dze agbagba nàkpɔ alesi wòsena le eɖokui me ku ɖe nuwo ŋu, eye dze agbagba nàse eƒe kuxiwo, siwo asesẽ wu esiwo me nèto le suku la, gɔme. Le ɣeyiɣi sia koŋ me la, ehiã be viwò nakpɔe be wòe nye amesi yeate ŋu agblɔ yeƒe dzimenyawo na. (Lododowo 20:5) Eƒe nuwɔnawo alo nɔnɔmewo ate ŋu ana nàkpɔe be ele nu xam alo tɔtɔ. Tso ɖe eƒe nuxaxawo ŋu, eye ‘nàfa akɔ na eƒe dzi.’—Kolosetɔwo 2:2.

Gake ele vevie be woate afɔ ɖe to le nu dzɔdzɔe me léle ɖe asi ŋu. Dzila geɖe kpɔe be yewodzea ŋgɔ amesi ƒe lɔlɔ̃nu woawɔ ŋuti masɔmasɔwo ɣeaɖewoɣi, gake yewomate ŋu alɔ̃ ɖe wo tɔ dzi ne kpeɖodzi nyuiwo le yewoƒe nyametsotsoa ŋu o. Ke hã kpɔ egbɔ be yese nɔnɔmea gɔme nyuie hafi anya ne yeana tohehe lɔlɔ̃tɔe kple alesi yeanae ne ehiã.—Lododowo 18:13.

Le Hamea me Gɔ̃ Hã

Anyinu aɖe adze abe esi ŋu wowɔ dɔ le vɔ ene, gake ne womemee le kpo me wòbi o la, tsi kple ami nu siwo ŋudɔ woawɔ le eme la kee ate ŋu agblẽe. Esi tetekpɔwo kple kuxiwo ɖea amesi ƒomeviwo míenye tututu fiana ta la, Biblia tsɔe sɔ kple numeme le dzo me. Ele eme baa be míaƒe xɔse ƒe dodokpɔwo ŋuti nya koŋ gblɔm Biblia le ya, gake le gɔmesese gbadzaa nu la, woate ŋu azãe le tetekpɔ bubuwo hã gome. (Yakobo 1:2-4) Nukutɔe la, tetekpɔ sesẽ aɖewo siwo ɖeviwo dzea ŋgɔe la ate ŋu atso hamea me.

Togbɔ be viwò ƒewuivia adze abe amesi le gbɔgbɔmelãmesẽ nyui me ene hã la, dzimevesusu anɔ fu ɖem nɛ le ememe. (Fiawo I, 18:21) Le kpɔɖeŋu me, Megan dze ŋgɔ xexeame ƒe nukpɔsusu siwo sɔhɛ bubu siwo vaa Fiaɖuƒe Akpataa me dona ɖa:

“Sɔhɛ siwo bua Kristotɔnyenye abe nutiame ene eye be exea mɔ ɖe modzakaɖeɖe nu la va kpɔ ŋusẽ ɖe dzinye. Nya siwo tɔgbe wogblɔna enye: ‘Ne menya xɔ ƒe 18 ko la, mado le nyateƒea me,’ alo ‘Dodo le eme mele tsɔtsɔm nam o.’ Woƒoa asa na ɖevi siwo medea wo dzi o henɔa wo yɔm be ame kɔkɔewo.”

Ame ɖeka alo eve pɛ siwo si nɔnɔme gbegblẽ le koe aƒoe ɖe ame mamlɛawo nu. Zi geɖe la, ame ɖekaɖeka siwo le ƒuƒoƒo aɖe me la wɔa nusi wɔm ame akpa gãtɔ le. Bometsitsi kple ɖokuiŋudzedze ate ŋu ana woaŋe aɖaba aƒu nunya kple ʋuɖɔɖɔ dzi. Le dukɔ geɖe me la, sɔhɛ Kristotɔ siwo dze afɔku le amehawo yomedzedze ta ƒe ŋutinya wɔnublanuiwo li.

Le nyateƒe me la, ƒewuiviwo hiã hadede dodzidzɔname vaseɖe afi aɖe. Aleke nàte ŋu ana esia abe dzila ene? Bu woƒe modzakaɖeɖewo ŋu vevie, eye nàwɔ ɖoɖo ɖe wɔna dodzidzɔname si me ƒomea alo sɔhɛwo kple ame tsitsiwo siaa akpɔ gome le ŋu. Dze si viwòa xɔlɔ̃wo. Kpe wo na nuɖuɖu aɖe, alo kpɔ gome kpli wo le wɔnaa aɖe me fiẽ aɖe. (Romatɔwo 12:13) De dzi ƒo na viwòa be wòaƒo eɖokui ɖe nuwɔna tuameɖo aɖe, abe haƒonu aɖe ƒoƒo sɔsrɔ̃ alo gbe bubu alo asinudɔ aɖe nyanya nyuie ene me. Zi geɖe la, ate ŋu awɔ esia le aƒeme, afisi le dedie wu.

Sukudede Ate Ŋu Anye Takpɔnu

Ƒewuivi ƒe sukudede ate ŋu akpe ɖe eŋu wòalé ŋku ɖe modzakaɖeɖe ŋu. Loli, si le suku gã aɖe dzi kpɔm ƒe 20 enye sia, gblɔ be: “Ðasefo sɔhɛ gbogbo aɖewo de suku le afisia. Wo dometɔ geɖe dze na kafukafu le woƒe agbenɔnɔ ta, gake vovototo aɖeke menɔ wo dometɔ aɖewo kple sukuvi bubuawo dome o. Ðikekemanɔmee la, wo dometɔ siwo ɖoa kpɔɖeŋu nyui lae nyea esiwo léa fɔ ɖe woƒe nusɔsrɔ̃wo ŋu vevie. Made dzi ƒo na dzilawo vevie be woatsɔ ɖe le wo viwo ƒe agbalẽsrɔ̃nyawo me, woadze si woƒe nufialawo, ahana wo viwo nanyae be ele vevie be woado vevie nu le suku. Ðewo adze agbagba vevie, gake wo katã ate ŋu aɖo ɖoƒe dzeameŋuwo eye woƒe nufialawo ade bubu wo ŋu.”

Sukudede alea hã ate ŋu akpe ɖe ƒewuiviwo ŋu woayi ŋgɔ le gbɔgbɔ me. Ate ŋu ana woasrɔ̃ alesi wosrɔ̃a nu wòdea ame dzii, alesi wobua tamee, kple alesi wodzea ŋgɔ agbanɔamedzii. Ðikeke mele eme o be ŋutete si le wo si be woaxlẽ nu nyuie ahase nyawo gɔme ade dzi ƒo na wo be woanye Mawu ƒe Nya la srɔ̃la kple efiala nyuiwo. (Nexemya 8:8) Woƒe sukudɔwo kple gbɔgbɔmenuwo sɔsrɔ̃ ƒe nudidia ate ŋu akpe ɖe wo ŋu woada modzakaɖeɖe ɖe nɔƒe si sɔ.

Enye Bubu na Mia Kple Yehowa

Le blema Hela la, zemelawo kple amesi do atsyã nɛ la ƒe ŋkɔwo nɔ seƒoƒoze geɖe ŋu. Nenema kee le ƒomea me la, ame evee kpɔa gome le asitɔtrɔ le ɖeviawo ŋu me zi geɖe. Fofo kple dada siaae kpɔa gome le mɔfiafia ɖevi ƒe dzi me, eye le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu la, mi ame evea siaa ƒe “ŋkɔwo” nɔa mia via ŋu. Abe zemela alo atsyãdola kpɔdzidzedze ene la, àte ŋu akpɔ dzidzɔ ɖe dɔ si nèwɔ le asitɔtrɔ le sɔhɛ aɖe ŋu be wòɖɔ ʋu henya kpɔ la ŋu.—Lododowo 23:24, 25.

Agbagbadzedze gã sia ƒe dzidzedzekpɔkpɔ nɔ te ɖe alesi gbegbe nètrɔ asi le viwò ƒe dzi ŋui dzi. Míekpɔ mɔ be àte ŋu ava gblɔ be: “Eƒe Mawu ƒe se la le eƒe dzi me, eye eƒe afɔɖeɖe meʋãna o.” (Psalmo 37:31) Ðevi ƒe dzi ƒe nɔnɔme le vevie ale gbegbe be mele be woaɖe asi le eŋu kura be wòamla eɖokui o.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 Dzila aɖewo xlẽa Biblia na wo vi vidzĩwo. Gbe fakɔname kple nuwɔna dodzidzɔname sia ate ŋu aƒã vividodo ɖe nuxexlẽ ŋu ɖe ɖevia me le eƒe agbemeŋkekewo katã me.

^ mm. 9 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.