Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nukata Wòle Be Nàɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu Ƒe Azã La?

Nukata Wòle Be Nàɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu Ƒe Azã La?

Nukata Wòle Be Nàɖu Aƒetɔ Ƒe Fiẽnuɖuɖu Ƒe Azã La?

“Nusi mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la, metsɔ de asi na mi.”—KORINTOTƆWO I, 11:23.

1, 2. Nukae Yesu wɔ le Ŋutitotoŋkekenyuia ƒe zã me le ƒe 33 M.Ŋ. me?

YEHOWA ƒe Tenuvi la nɔ eteƒe. Nenema kee ŋutsu 11 siwo ‘do dzi nɔ anyi kplii le eƒe tetekpɔwo me’ hã nɔ eteƒe. (Luka 22:28) Yawoɖa, March 31, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe fiẽmee, eye ɣleti si sɔ tegblee la anya na Yerusalem ƒe dziŋgɔli nya nɔ kpɔkpɔm ɖe edzi. Ðeko Yesu Kristo kple eƒe apostolowo wu Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu nu enye ma. Wona Yuda Iskariot si nye yomemɔfiala la do go, gake game mede be ame kpɔtɔeawo nadzo o. Nukatae? Elabena Yesu le nane si le vevie wu la wɔ ge. Nukae wònye?

2 Esi wònye be Nyanyuiŋlɔla Mateo nɔ eteƒe ta la, mina wòagblɔe na mí. Eŋlɔ bena: “Yesu tsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe eme hetsɔ na nusrɔ̃lawo gblɔ bena: Mixɔe ɖu! Esia nye nye ŋutilã! Eye wòtsɔ kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu; elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la tɔ, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.” (Mateo 26:26-28) Zi ɖeka ƒe nuwɔna koe esia anyea? Gɔmesese kae le eŋu? Ðe viɖe aɖe le eŋu na mí egbea?

‘Minɔ Esia Wɔwɔ Dzi’

3. Nukatae nusi Yesu wɔ le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe zã me la ɖe dzesi?

3 Nusi Yesu Kristo wɔ le Nisan 14, ƒe 33 M.Ŋ. ƒe zã me la lɔ nu geɖe ɖe eme wu be wòanye eƒe agbe me nudzɔdzɔ aɖe ko. Apostolo Paulo ƒo nu tso eŋu esime wònɔ agbalẽ ŋlɔm ɖo ɖe Kristotɔ amesiamina siwo nɔ Korinto, afisi woganɔ wɔwɔm ɖe kpɔɖeŋua dzi le le ƒe 20 megbe. Togbɔ be Paulo menɔ Yesu kple apostolo 11-awo dome le ƒe 33 M.Ŋ. me o hã la, anya se nusi dzɔ le ŋkeke ma dzi la tso apostoloawo dometɔ aɖewo gbɔ godoo. Gakpe ɖe eŋu la, edze ƒã be Paulo xɔ nusiwo yi edzi le nudzɔdzɔ ma me la ŋuti kpeɖodzi le ɖeɖefia si tso gbɔgbɔ me la me. Paulo gblɔ be: “Nye la, nusi mexɔ tso Aƒetɔ la gbɔ la, metsɔ de asi na mi bena, Aƒetɔ Yesu le zã, si me wofia eyome mɔ la, etsɔ abolo ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, eŋe eme gblɔ bena: ‘Mixɔe ɖu, esiae nye nye ŋutilã, si [wona] le mia ta; miwɔ esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.’ Nenema ke wòtsɔ kplu le nuɖuɖu la megbe hegblɔ bena: ‘Esiae nye nubabla yeye ƒe kplu le nye ʋu me; miwɔ esia, zi alesi mianoe la, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.’”—Korintotɔwo I, 11:23-25.

4. Nukatae wòle be Kristotɔwo naɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe azã?

4 Nyanyuiŋlɔla Luka ɖo kpe edzi be Yesu de se be: “Minɔ esia wɔwɔ dzi hena ŋkuɖoɖo dzinye.” (Luka 22:19, NW) Woɖe nya siawo gɔme hã be “Miwɔ esia miatsɔ aɖo ŋku dzinyee.” (Today’s English Version) Le nyateƒe me la, wolɔ̃a azã sia yɔyɔ be Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzi. Paulo hã yɔe be Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la—si sɔ, esi wònye fiẽmee wòɖoe anyi ta. (Korintotɔwo I, 11:20) Wode se na Kristotɔwo be woaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe azã. Gake nukatae woɖo azã sia anyi ɖo?

Nusitae Woɖoe Anyi

5, 6. (a) Susu siwo ta Yesu ɖo Ŋkuɖodzia anyi la dometɔ ɖeka ɖe? (b) Gblɔ susu bubu si ta woɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi.

5 Susu ɖeka si ta woɖo Ŋkuɖodzia anyi la ku ɖe nu ɖeka si gbɔ Yesu ƒe kua kpɔ ŋu. Eku abe Fofoa si le Dziƒo ƒe dziɖulanyenye taʋlila ene. Kristo to esia me ɖe Satana Abosam, amesi gblɔ alakpatɔe be ɖokuitɔdidi ƒe susuwo ta koe amegbetɔwo subɔa Mawu ɖo la, fia be enye aʋatsokala. (Hiob 2:1-5) Yesu ƒe ku si wòku nuteƒewɔwɔtɔe ɖee fia be nya sia nye aʋatso eye wòna Yehowa ƒe dzi kpɔ dzidzɔ.—Lododowo 27:11.

6 Susu bubu si tae woɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi enye be wòaɖo ŋku edzi na mí be to ku si Yesu ku abe amegbetɔ deblibo, mawɔnuvɔ̃, ene me la, ‘etsɔ eƒe agbe na ɖe ame geɖewo ƒe xɔxɔ ta.’ (Mateo 20:28) Esi ame gbãtɔ wɔ nuvɔ̃ ɖe Mawu ŋu la, ebu amegbetɔ ƒe agbe deblibo kple mɔkpɔkpɔ siwo katã kpe ɖe eŋu la. Gake Yesu gblɔ be: “Ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.” (Yohanes 3:16) Le nyateƒe me la, “nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mía Aƒetɔ me.” (Romatɔwo 6:23) Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe azã la ɖuɖu ɖoa ŋku lɔlɔ̃ gã si Yehowa kple Via woɖe fia mí to Yesu ƒe vɔsakua dzi la dzi na mí. Aleke gbegbee wòle be míaɖe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe lɔlɔ̃ ma ŋu enye si!

Ɣekaɣie Wòle Be Míaɖui?

7. Mɔ ka nue Kristotɔ amesiaminawo ɖua Ŋkuɖodzia ‘zi geɖe’ le?

7 Paulo gblɔ le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu be: “Zi alesi mieɖua abolo sia, eye mienoa nu le kplu sia nu la, miele gbeƒã ɖem Aƒetɔ la ƒe ku, halase esime wòava va.” (Korintotɔwo I, 11:26) Kristotɔ amesiaminawo aɖu Ŋkuɖodzia ƒe kpɔɖeŋunuawo halase esime woaku. Woato esia me anɔ gbeƒã ɖem le Yehowa Mawu kple xexeame ŋkume be yewoxɔ Yesu ƒe tafevɔsa ƒe ɖoɖo si Mawu wɔ la dzi se.

8. Ɣeyiɣi didi kae Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha la aɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la?

8 Ɣeyiɣi didi kae Kristotɔ amesiaminawo ƒe ha la aɖu Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzia? Paulo gblɔ be: “Halase esime wòava,” si me kɔ ƒã be azã sia ɖuɖu ayi edzi vaseɖe esime Yesu ava be wòaxɔ eyomedzela amesiaminawo ayi dziƒo to wo fɔfɔ ɖe tsitre le eƒe ‘anyinɔɣia’ me. (Tesalonikatɔwo I, 4:14-17) Esia wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nya si wògblɔ na apostolo wɔnuteƒe 11 la be: “Ne meyi, eye medzra teƒe ɖo ɖi na mi la, magava, eye maxɔ mi ɖe nye ŋutɔ gbɔnye, bena afisi nye la mele la, miawo hã mianɔ afima.”—Yohanes 14:3.

9. Nukae Yesu ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Marko 14:25 la fia?

9 Esi Yesu ɖo Ŋkuɖodzia anyi la, etsɔ weinkplu la hegblɔ na eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be: “Mele egblɔm na mi bena: Tso esia dzi la nyemegale weintsetse aɖeke me tsi no ge o vaseɖe ŋkeke ma dzi, esime mano yeye le mawufiaɖuƒe la me.” (Marko 14:25) Esi wònye Yesu mano wein ŋutɔŋutɔ le dziƒo o ta la, anɔ eme be dzidzɔ si wotsɔa wein wɔa kpɔɖeŋu na ɣeaɖewoɣi ye nɔ susu me nɛ. (Psalmo 104:15; Nyagblɔla 10:19) Woƒe ɖekawɔwɔ le Fiaɖuƒea me la anye nudzɔdzɔ dodzidzɔname aɖe si woa kple eƒe afɔɖoƒe yomedzelawo kpɔa mɔ na vevie.—Romatɔwo 8:23; Korintotɔwo II, 5:2.

10. Zi nenie wòle be woaɖu Ŋkuɖodzia?

10 Ðe wòle be woaɖu Yesu ƒe kuzã la ɣleti sia ɣleti, kwasiɖa sia kwasiɖa, alo gbesiagbe gɔ̃ hãa? Ao. Ŋutitotoŋkekenyui, si woɖuna wònyea ‘ŋkuɖoɖo’ Israel-viwo ƒe ɖeɖe tso kluvinyenye na Egiptetɔwo le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me ‘dzi’ la dzie Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi le eye wowui le ŋkeke ma dzi. (Mose II, 12:14) Zi ɖekae woɖua Ŋutitotoŋkekenyuia le ƒe me, le Yudatɔwo ƒe ɣleti si nye Nisan ƒe ŋkeke 14 lia dzi. (Mose II, 12:1-6; Mose III, 23:5) Esia fia be ele be woaɖo ŋku Yesu ƒe kua dzi abe alesi woɖua Ŋutitotoŋkekenyuiae ene—ƒe sia ƒe—menye ɣleti sia ɣleti, kwasiɖa sia kwasiɖa, alo gbesiagbe o.

11, 12. Nukae ŋutinyawo ɖe fia le alesi woɖu Ŋkuɖodziae tsã ŋu?

11 Ekema esɔ be woaɖu Ŋkuɖodzia ƒe sia ƒe le Nisan 14 lia dzi. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Woyɔ Kristotɔ siwo le Asia Sue la be Ŋkeke Wuieneliatɔwo le kɔ si wònye na wo be woaɖu Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la le Nisan 14 lia dzi godoo ta . . . Ŋkekea ate ŋu adze Fiɖa alo ŋkeke ɖesiaɖe dzi le kwasiɖaa me.”—The New Schaff-Herzog Encyclopedia of Religious Knowledge, Babla IV, axa 44.

12 Esime ŋutinyaŋlɔla J. L. von Mosheim nɔ nu ƒom tso ƒe alafa evelia M.Ŋ. me nuwɔnawo ŋu la, egblɔ be Ŋkeke Wuieneliatɔawo ɖua Ŋkuɖodzia le Nisan 14 lia dzi elabena “wobu Kristo ƒe kpɔɖeŋua be enye sedede si sẽŋu.” Ŋutinyaŋlɔla bubu gblɔ be: “Alesi Ŋkeke Wuieneliatɔwo ƒe hame siwo le Asia ɖunɛ la sɔ ɖe hame si le Yerusalem la tɔ nu. Le ƒe alafa 2 lia me la, hame siawo ɖu xɔxɔ ƒe ɖoɖo si Kristo ƒe kua he vɛ la le woƒe Pascha me le Nisan 14 lia dzi.”—Studia Patristica, Babla V, 1962, axa 8.

Nusi Aboloa Fia

13. Abolo ka ƒomevie Yesu zã esime wònɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ɖom anyi?

13 Esi Yesu ɖo Ŋkuɖodzia anyi la, “etsɔ abolo ɖe asi, eye esi wògblɔ akpedanya la, eŋe me, eye wòtsɔe na [apostoloawo].” (Marko 14:22) Abolo si wòzã le wɔnaa me la nye esi wozã eteƒe medidi o le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɖu me. (Mose II, 13:6-10) Esi wònye amɔʋãnu menɔ eme o ta la, enɔ gbabɛ henɔ ƒuƒuie eye ɖe woŋe eme hafi mae. Esime Yesu to nukumɔ nu na abolo dzi ɖe edzi na ame akpewo la, abolo ma hã nɔ ƒuƒuie, elabena eŋe wo me ale be woate ŋu amae. (Mateo 14:19; 15:36) Eyata edze ƒã be gbɔgbɔmegɔmesese aɖeke mele Ŋkuɖodzi-boloa ŋeŋe ŋu o.

14. (a) Nukatae wòsɔ be Ŋkuɖodzi-boloa nagaʋã o? (b) Abolo ka ƒomevie woate ŋu akpɔ alo ame azã le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe azã la me?

14 Yesu gblɔ le abolo si wòzã esime wònɔ Ŋkuɖodzia ɖom anyi ŋu be: ‘Esia le tsitre ɖi na nye ŋutilã si wona le mia ta.’ (Korintotɔwo I, 11:24; Marko 14:22) Esɔ ŋutɔ be abolo la meʋã o. Nukatae? Elabena amɔ si ʋã ate ŋu afia gbegblẽ, vɔ̃ɖinyenye, alo nuvɔ̃. (Korintotɔwo I, 5:6-8) Aboloa tsi tre ɖi na Yesu ƒe amegbetɔ ŋutilã deblibo, si ŋu nuvɔ̃ mele o, si wotsɔ na tafevɔsae wòsɔ. (Hebritɔwo 7:26; 10:5-10) Esia le susu me na Yehowa Ðasefowo eye wowɔna ɖe kpɔɖeŋu si Yesu ɖo dzi to abolo maʋamaʋã zazã le Ŋkuɖodzizãa ɖuɖu me. Le go aɖewo me la, wozãa Yudatɔwo ƒe akpɔnɔ si me womede nuwo, abe sabala alo koklozi ene o. Alo woate ŋu ablu abolowɔ sue aɖe kple tsi vi aɖe atsɔ awɔ abolo maʋamaʋãe. Ele be woaƒo amɔa wòanɔ gbabɛ eye woate ŋu amee hã le agba si me wosi ami sue aɖe ɖo me vaseɖe esime aboloa naƒu ate ŋu aŋe kluikluiklui.

Nusi Wein la Fia

15. Nukae nɔ kplu si Kristo zã esime wòɖo eƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia anyi la me?

15 Le abolo maʋamaʋã la tsɔtsɔ tsae megbe la, Yesu tsɔ kplu ɖe asi, ‘da akpe le eta hetsɔe na apostoloawo, eye wo katã wono le enu.’ Yesu ɖe nu me be: ‘Esia tsi tre ɖi na nye nubabla yeye ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.’ (Marko 14:23, 24) Nukae nɔ kplua me? Wein tsitsi ye, menye weintsetse me tsi matsimatsi aɖee o. Ne Ŋɔŋlɔawo ƒo nu tso wein ŋu la, menye weintsetse me tsi si metsi o lae wòwɔnɛ o. Le kpɔɖeŋu me, abe alesi Yesu gblɔe ene la, wein si nu sẽ, ke menye weintsetse me tsi o, ye agbã “lãgbalẽgolo xoxowo.” Eye Kristo ƒe futɔwo tsɔ nya ɖe eŋu be enye “ahatsunola.” Gɔmesese manɔ nutsotso sia ŋu nenye be weintsetse me tsi masẽmasẽ dzro aɖe koe wònye o. (Mateo 9:17; 11:19) Wonoa wein le Ŋutitotoŋkekenyuia ɖuɣi, eye Kristo zãe esime wònɔ eƒe kua ƒe Ŋkuɖodzia ɖom anyi.

16, 17. Wein ka ƒomevie sɔ na Ŋkuɖodzia ɖuɖu, eye nukatae?

16 Wein si le dzĩe koe sɔ be woatsɔ awɔ nusi nɔ kplua me la ƒe kpɔɖeŋui, si nye Yesu ƒe ʋu si wòkɔ ɖi la. Eya ŋutɔ gblɔ be: “Esia nye nye nubabla yeye ƒe ʋu, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ta.” Eye apostolo Paulo ŋlɔ bena: “[Mi Kristotɔ amesiaminawo] mienyae bena, menye nu gbegblẽ, siwo nye klosalo alo sika la, wotsɔ xe fe ɖe mia ta heɖe mi tso miaƒe yakanyinɔnɔ, si su mia si tso mia fofowo gbɔ la me o, ke boŋ kple Kristo ƒe ʋu xɔasi la abe alẽvi, si ŋu mokaka mele o la, ƒe ʋu ene.”—Petro I, 1:18, 19.

17 Ðikeke mele eme o be weintsetse dzĩ ƒe ahae Yesu zã esime wònɔ Ŋkuɖodzia ɖom anyi. Gake wein dzĩ siwo li egbea dometɔ aɖewo mesɔ o elabena wodea aha sesẽ alo gbe kple nu ʋeʋĩ aɖewo eme be enu nagasẽ ɖe edzi. Yesu ƒe ʋua sɔ na tafexexe, eye mehiã be woatsɔ naneke akpe ɖe eŋu o. Eyata weinwo abe port, sherry, kple vermouth ene masɔ o. Wein dzĩ si me womede nui be wòavivi ahasẽ ɖe edzi o ye wòle be woakɔ ɖe Ŋkuɖodzi kplua me. Woate ŋu azã weintsetse dzĩ me tsi si wofia le aƒeme eye womede nui be wòavivi o la, eye nenema ke woate ŋu azã wein siwo nye burgundy kple claret dzĩ hã.

18. Nukatae Yesu mewɔ nukunu aɖeke le Ŋkuɖodzi boloa kple wein la gome o?

18 Esime Yesu nɔ nuɖuɖu sia ɖom anyi la, mewɔ nukunu aɖe, si me wòtrɔ kpɔɖeŋunuawo wozu eƒe ŋutilã kple ʋu ŋutɔŋutɔ o. Amelãɖuɖu kple ʋunono nye Mawu ƒe se dzi dada. (Mose I, 9:3, 4; Mose III, 17:10) Yesu ƒe ŋutilã bliboa nɔ dedie eye eƒe ʋu katã kpɔtɔ nɔ eyama me pɛpɛpɛ. Etsɔ eƒe ŋutilã la na wònye vɔsa deblibo, eye le Yudatɔwo ƒe ŋkeke, si nye Nisan 14, ƒe ŋdɔ ma ke mee wokɔ eƒe ʋu ɖi. Eyata kpɔɖeŋunuwoe Ŋkuɖodzi boloa kple wein la nye eye wotsi tre ɖi na Kristo ƒe ŋutilã kple ʋu. *

Ŋkuɖodzia​—Nusi Woɖuna le Hame

19. Nukatae woate ŋu azã agba kple kplu siwo wu ɖeka le Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ƒe azã ɖuɖu me?

19 Esime Yesu ɖo Ŋkuɖodzia anyi la, ekpe eƒe apostolo wɔnuteƒeawo be woano nu le kplu ɖeka nu. Mateo ƒe Nyanyuia gblɔ be: “[Yesu tsɔ] kplu ɖe asi, eye esi wòda akpe le eta la, etsɔe na wo gblɔ bena: Mi katã mino le enu.” (Mateo 26:27) Esi wònye ame 11 koe kpɔ gome le wɔna ma me eye anɔ eme be wonɔ kplɔ̃ ɖeka ŋu si ta woate ŋu atsɔ kplua ana wo nɔewo ta la, kuxi aɖeke menɔ “kplu” ɖeka pɛ ko, ke menye kplu geɖe o, zazã me o. Le ƒe sia me la, ame akpe geɖe akpe ta le Yehowa Ðasefowo ƒe hame 94,000 kple edzivɔ me le xexeame godoo na Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu ƒe azã la ɖuɖu. Esi ame gbogbo aɖewo akpe ta le teƒe geɖe hena azã sia ɖuɖu le zã ɖeka me ta la, manya wɔ be woazã kplu ɖeka ko na wo katã o. Gake nusi kplua tsi tre ɖi na ƒe gɔmesese ɖeka ma kee le wo si le kplu geɖewo zazã me ale be woate ŋu atsɔ wo atsae le nyaselawo dome le ɣeyiɣi ƒe didime si sɔ me. Nenema kee woate ŋu azã agba si wu ɖeka na aboloa hã. Ŋɔŋlɔawo me nya aɖeke mefia be ele be kplua nanɔ atsyã aɖe koŋ me o. Ke hã ele be kplua kple agbaa nana bubu si le wɔnaa ŋu nadze. Nunya anɔ eme be woagaku ahaa ɖe kplua me wòayɔ banabana be wòanɔ gbe ƒum ne wotsɔe le tsatsam o.

20, 21. Nukatae míate ŋu agblɔ be Ŋkuɖodzia nye hame nuɖuɖu?

20 Togbɔ be woate ŋu azã agba si wu ɖeka na aboloa kple kplu si wu ɖeka na wein la hã la, Ŋkuɖodzia nye nusi woɖuna le hame. Le blema Israel la, ame ate ŋu awɔ hame nuɖuɖu ƒe ɖoɖo to lã aɖe tsɔtsɔ ayi Mawu ƒe gbedoxɔa me, eye woawu lãa le afima. Wotɔa dzo lãa ƒe akpa aɖe le vɔsamlekpuia dzi, akpa aɖe nyea nunɔla si wɔ eŋudɔ la tɔ eye akpa aɖe yina na Aron-vi nunɔlawo, eye nua nala kple eƒe aƒemetɔwo hã kpɔa gome le nua ɖuɖu me. (Mose III, 3:1-16; 7:28-36) Ŋkuɖodzia hã nye hame nuɖuɖu elabena elɔ nu ɖuɖu ɖekae ɖe eme.

21 Yehowa kpɔa gome le hame nuɖuɖu sia me elabena eyae nye Amesi gbɔ ɖoɖoa tso. Yesu enye vɔsalã la, eye Kristotɔ amesiaminawo ɖua kpɔɖeŋunuawo abe gomekpɔlawo le eme ene. Nuɖuɖu le Yehowa ƒe kplɔ̃ ŋu fia be nua ɖulawo le ŋutifafa me kplii. Le esia ta, Paulo ŋlɔ bena: “Yayrakplu, si míeyrana la, menye Kristo ƒe ʋu la ƒe hadedee o ɖe? Eye abolo, si míekana la, menye Kristo ƒe ŋutilã ƒe hadedee o ɖe? Elabena abolo ɖekae, ŋutilã ɖeka mí ame geɖewo míenye, elabena mí katã míeɖua abolo ɖeka la ƒe ɖe.”—Korintotɔwo I, 10:16, 17.

22. Ŋkuɖodzia ŋuti biabia kawoe gakpɔtɔ li siwo me míava dzro?

22 Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖu la koe nye ƒe sia ƒe mawusubɔsubɔ ƒe azã si Yehowa Ðasefowo ɖuna. Esia sɔ elabena Yesu de se na eyomedzelawo bena: “Miwɔ esia, ne miatsɔe aɖo ŋku dzinye.” Le Ŋkuɖodzia ɖuƒe la, míeɖoa ŋku Yesu ƒe ku dzi, si nye ku si do Yehowa ƒe dziɖulanyenye ɖe dzi. Abe alesi míede dzesii ene la, le hame nuɖuƒe sia la, abolo la tsi tre ɖi na Kristo ƒe amegbetɔ ŋutilã si wòtsɔ sa vɔe eye wein la fia eƒe ʋu si wòkɔ ɖi. Ke hã ame ʋɛ aɖewo koe ɖua kpɔɖeŋu-boloa henoa wein la. Nukatae? Ðe viɖe ŋutɔŋutɔ aɖe le Ŋkuɖodzia ŋu na ame miliɔn siwo meɖua nuawo o laa? Le nyateƒe me la, gɔmesese kae wòle be wòanɔ Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua ŋu na wò?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 18 Kpɔ Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, Babla 2, axa 271.

Ŋuɖoɖo Kawoe Nàna?

• Nukatae Yesu ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi?

• Zi nenie wòle be woaɖu Ŋkuɖodzia?

• Nukae Ŋkuɖodzia ƒe abolo maʋamaʋã la fia?

• Nukae Ŋkuɖodzia ƒe wein la tsi tre ɖi na?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Yesue ɖo Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua anyi