Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Vɔsamlekpui—Akpa Kae Wòwɔna Le Tadedeagu Me?

Vɔsamlekpui—Akpa Kae Wòwɔna Le Tadedeagu Me?

Vɔsamlekpui—Akpa Kae Wòwɔna Le Tadedeagu Me?

ÐE NÈBUA vɔsamlekpui, alter alo autel, be ewɔa akpa vevi aɖe le wò tadedeagu mea? Le Kristodukɔa ƒe sɔlemedela geɖe gome la, alter alo autel la anye nusi me wotsɔa ɖe le vevie. Ède ŋugble le nusi Biblia gblɔ le vɔsamlekpui zazã le tadedeagu me ŋu kpɔa?

Vɔsamlekpui gbãtɔ si ŋu woƒo nu tsoe le Biblia me enye esi Noa ɖi be yeatsɔ lã asa vɔe esime wòdo le aɖakaʋu si me wokpɔ wo ta le, le Tsiɖɔɖɔa megbe la me. *Mose I, 8:20.

Esi wotɔtɔ gbegbɔgblɔ na ameƒomea le Babel megbe la, wokaka ɖe anyigba bliboa dzi. (Mose I, 11:1-9) Le dzɔdzɔmedidi si le amegbetɔwo me be woade ta agu ta la, wodi be yewoate ɖe Mawu, si ŋu womenya nu boo aɖeke le o la, ŋu hele ‘asi tsam le edim’ ŋkuagbãtɔe. (Dɔwɔwɔwo 17:27; Romatɔwo 2:14, 15) Tso Noa ƒe ŋkekea me ke la, ame geɖewo ɖi vɔsamlekpuiwo na woƒe mawuwo. Subɔsubɔhawo kple ame vovovowo zã vɔsamlekpuiwo le alakpasubɔsubɔ me. Esi ame aɖewo te ɖa le Mawu vavã la ŋu ta la, wozã vɔsamlekpuiwo le kɔnu nyɔŋu siwo me wowua amewo, ɖeviwo gɔ̃ hã, le la me. Esi Israel gblẽ Yehowa ɖi la, eƒe fia aɖewo ɖi vɔsamlekpuiwo na trɔ̃wo, abe Baal ene. (Fiawo I, 16:29-32) Ke vɔsamlekpuiwo zazã le tadedeagu vavãtɔ me ya ɖe?

Vɔsamlekpuiwo Kple Tadedeagu Vavãtɔ le Israel

Le Noa megbe la, nuteƒewɔla bubuwo ɖi vɔsamlekpui be yewoazã le yewoƒe tadedeagu na Mawu vavã, Yehowa, me. Abraham ɖi vɔsamlekpuiwo le Sixem, ɖe teƒe aɖe si te ɖe Betel ŋu, le Hebron, kple le Moria-to dzi, afisi wòtsɔ agbo si Mawu na la sa vɔe ɖe Isak teƒe le. Emegbe Isak, Yakob, kple Mose wotso le wo ɖokui si ɖi vɔsamlekpuiwo hena zazã le woƒe tadedeagu na Mawu me.—Mose I, 12:6-8; 13:3, 18; 22:9-13; 26:23-25; 33:18-20; 35:1, 3, 7; Mose II, 17:15, 16; 24:4-8.

Esi Mawu tsɔ eƒe Sea na Israel-dukɔa la, ede se be woatu avɔgbadɔ, si nye agbadɔ kpokploe aɖe, si woyɔ hã be ‘takpegbadɔ,’ be wòanye ɖoɖo si dzi woato ate ɖe ye ŋu la ƒe akpa vevitɔ. (Mose II, 39:32, 40) Vɔsamlekpui evee nɔ avɔgbadɔa, alo agbadɔa, me. Woda esi dzi wosaa numevɔwo le, si wotsɔ xéti wɔe hefa akɔbli ɖe eŋu, la ɖe eŋgɔ eye wotsɔa lãwo saa vɔe le edzi. (Mose II, 27:1-8; 39:39; 40:6, 29) Woda vɔsamlekpui si dzi wodoa dzudzɔ le, si hã wowɔ kple xéti hefa sika ɖe eŋu, la ɖe avɔgbadɔa me, ɖe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒea ŋgɔtsovɔa ŋgɔ. (Mose II, 30:1-6; 39:38; 40:5, 26, 27) Wodoa dzudzɔ ʋeʋĩ tɔxɛwo le edzi zi eve gbeɖeka, ŋdi kple fiẽ. (Mose II, 30:7-9) Wotu gbedoxɔ si Fia Salomo tu wòanɔ anyi ɖaa la ɖe avɔgbadɔa ƒe nɔnɔme nu eye vɔsamlekpui eve nɔ eme.

“Agbadɔ Vavã” Kple Kpɔɖeŋu Vɔsamlekpui La

Esi Yehowa tsɔ Sea na Israel la, ena nusi de ŋgɔ wu sewo ko, si nu eƒe dukɔa anɔ agbe ɖo la wo kple alesi woate ɖe ye ŋu le vɔsasa kple gbedodoɖa me la wo. Ðoɖo si nu wòle la dometɔ geɖe sɔ kple nusi apostolo Paulo yɔ be ‘dziƒonuwo ƒe vɔvɔli,’ eƒe “kpɔɖeŋu,” alo “lododo.” (Hebritɔwo 8:3-5; 9:9; 10:1; Kolosetɔwo 2:17) Ne míagblɔe bubui la, menye Kristo ƒe vava gbɔ koe Sea ƒe akpa geɖe kplɔ Israel-viwo yii o ke boŋ wonye kpɔɖeŋu na Mawu ƒe tameɖoɖo siwo ava va eme to Yesu Kristo dzi. (Galatiatɔwo 3:24) Ẽ, gɔmesese le Sea ƒe akpa aɖewo ŋu le nyagblɔɖi mɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, Ŋutitotolẽvi, si ƒe ʋu wozã wònye xɔxɔ ƒe dzesi na Israel-viawo, la nye kpɔɖeŋu na Yesu Kristo. Eyae nye “Mawu ƒe alẽvi, si le xexeame ƒe nuvɔ̃ la tsɔm yina,” amesi ƒe ʋu wokɔ ɖi tsɔ ɖe mí tso nuvɔ̃ me.—Yohanes 1:29; Efesotɔwo 1:7.

Nu geɖe siwo ku ɖe avɔgbadɔa kple gbedoxɔa me subɔsubɔ ŋu nye kpɔɖeŋu na gbɔgbɔmetɔwo. (Hebritɔwo 8:5; 9:23) Le nyateƒe me la, Paulo ŋlɔ nu tso “agbadɔ vavã, si Mawu ŋutɔ tu” ŋu. Eyi edzi be: “Kristo va nye nu nyui, siwo le vava ge la ƒe nunɔlagã, eye wòto agbadɔ, si nye gãtɔ kple blibotɔ wu, si wometsɔ asi wɔe o, eye metso xexe sia me o la me.” (Hebritɔwo 8:2; 9:11) “Agbadɔ, si nye gãtɔ kple blibotɔ wu” la enye Yehowa ƒe gbɔgbɔmegbedoxɔ gã ƒe ɖoɖo la. Ŋɔŋlɔawo fia be gbɔgbɔmegbedoxɔ gã la enye ɖoɖo si dzi amegbetɔwo ate ŋu ato ate ɖe Yehowa ŋu to Yesu Kristo ƒe avulévɔsa dzi.—Hebritɔwo 9:2-10, 23-28.

Esɔsrɔ̃ le Mawu ƒe Nya la me be Sea ƒe ɖoɖo kple dzidzenu aɖewo nye kpɔɖeŋu na gbɔgbɔmenu gã, siwo ŋu gɔmesese le wu, la ana míaxɔ Biblia dzi ase godoo be etso gbɔgbɔ me. Etua ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nunya si woɖe fia etɔxɛe le Ŋɔŋlɔawo me ŋu hã ɖo.—Romatɔwo 11:33; Timoteo II, 3:16.

Nyagblɔɖi me gɔmesese le numevɔsa ƒe vɔsamlekpuia hã ŋu. Edze abe etsi tre ɖi na Mawu ƒe “lɔlɔ̃nu,” alo eƒe didi faa be yeaxɔ ame deblibo Yesu ƒe vɔsa la ene.—Hebritɔwo 10:1-10.

Emegbe le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me la, Paulo gblɔ nya dodzidzɔname sia be: “Vɔsamlekpui le mía si, esi ŋuti amesiwo subɔna le agbadɔ me la, womekpɔ mɔ be, woaɖu nu le o.” (Hebritɔwo 13:10) Vɔsamlekpui ka ŋu nya gblɔm wòle?

Katoliko gbegɔmeɖela geɖe gblɔ be vɔsamlekpui si woyɔ le Hebritɔwo 13:10 lae nye esi ŋu wodea Kplɔ̃ Ŋu le, si nye “sakramento” si dzi wobe wogbugbɔna wɔa Kristo ƒe vɔsaa yeye le ne wole Misa wɔm. Gake àte ŋu akpɔe le nya siwo ƒo xlãe me be vɔsamlekpui si ŋu nya gblɔm Paulo le la nye kpɔɖeŋutɔ. Agbalẽnyala geɖe gblɔ be kpɔɖeŋugɔmesesee le “vɔsamlekpuia” ŋu le mawunyakpukpui sia me. Le Yesutɔ Giuseppe Bonsirven gome la, “esia sɔ pɛpɛpɛ kple kpɔɖeŋu siwo katã le lɛta [si woŋlɔ ɖo ɖe Hebritɔwo] la me.” Eŋlɔ bena: “Le Kristotɔwo ƒe nyagbɔgblɔ nu la, gbɔgbɔmegɔmesese nue wozãa nya ‘vɔsamlekpui’ ɖo tsã eye Irenaeus, kple vevietɔ Tertullian kple St. Cyprian, megbee wova zãnɛ na kplɔ̃ŋudede kple na kplɔ̃ si ŋu woxɔa nuɖuɖu kɔkɔea le la.”

Abe alesi Katoliko magazine aɖe gblɔe ene la, vɔsamlekpui zazã va bɔ le “Konstantino ƒe ɣeyiɣia” kple le “gbedoxɔwo tuɣi.” Rivista di Archeologia Cristiana (Kristotɔ ƒe Ŋkuléle Ðe Tomenukukuwo Ŋu) gblɔ be: “Kakaɖedzi le eŋu be le ƒe alafa eve gbãtɔwo me la, womate ŋu aƒo nu tso tadeaguƒe aɖe koŋ ŋu o ke boŋ enyea subɔsubɔkɔnu si yia edzi le amewo ƒe aƒewo me le xɔ me . . . , eye ne wɔnaa wu enu la, wogatrɔna zãa xɔa abe aƒea me xɔ dzro ko ene.”

Alesi Kristodukɔa Zãa Vɔsamlekpuie

Katolikotɔwo ƒe magazine si nye La Civiltà Cattolica gblɔ le ‘alter’ alo “vɔsamlekpui” ŋu be “enye nu vevitɔ, menye le sɔlemexɔa ɖeɖe ko me o, ke boŋ le Ha gbagbe la hã me.” Ke hã Yesu Kristo meɖo subɔsubɔ nuwɔna ɖeka pɛ hã anyi si woawɔ le alter alo autel dzi o; eye mede se na eƒe nusrɔ̃lawo be woazãe le wɔnawo me o. Yesu ƒe vɔsamlekpui yɔyɔ le Mateo 5:23, 24 kple teƒe bubuwo la ku ɖe subɔsubɔ me nuwɔna siwo nɔ anyi le Yudatɔwo dome ŋu, gake megblɔ be ye yomedzelawo azã alter alo autel le tadedeagu na Mawu me o.

Amerikatɔ ŋutinyaŋlɔla George Foot Moore (ƒe 1851-1931) ŋlɔ bena: “Kristotɔwo ƒe tadedeagu ƒe akpa veviwo kpɔtɔ nɔa nenema ɣesiaɣi, gake le ɣeyiɣi aɖe megbe la, wotrɔ asi le kɔnu bɔbɔe siwo Justin to vɛ le ƒe alafa evelia ƒe domedome ŋu wova zu subɔsubɔwɔna kpeɖi xɔŋkɔwo.” Katoliko kɔnuwo kple hadome subɔsubɔwɔnawo sɔ gbɔ hegoglo ale gbegbe be wozu nusɔsrɔ̃nyati—subɔsubɔkɔnuwo alo liturgy—siwo ŋu wòle be woasrɔ̃ nu tsoe le Katoliko sɔfosukuwo me. Moore yi edzi be: “Nubabla Xoxoa ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzie do nuwɔna sia, si le kɔnuwo katã me la, ɖe ŋgɔ koŋ esime wova bu Kristo subɔsubɔha kplɔlawo abe amesiwo va xɔ ɖe nunɔlanyenye si nɔ subɔsubɔ ƒe ɖoɖoa me tsã teƒe la ene. Nunɔlagã ƒe awu kpeɖi la, nunɔla bubuawo ƒe azãɖuwuwo, gbɔlɔlɔ wɔdɔɖeamedziawo, Lewi-viawo ƒe psalmowo tsɔtsɔ dzi ha viviwoe, lifi ƒe dzudzɔ si tuna kɔlikɔli tso dzudzɔdosonu siwo nyẽm wole me—esiawo katã dze abe kpɔɖeŋu si Mawu na hena subɔsubɔ me tadedeagu ene, si na sɔlemehaa di be yeawɔ nu wòasɔ kple blema subɔsubɔ ƒe ɖoɖo la.”

Awɔ nuku na wò be nànya be kɔnu, azã, awu, kple nu bubu siwo wozãna le tadedeagu me le subɔsubɔha vovovowo me egbea la dometɔ geɖe mewɔ ɖeka kple Kristotɔwo ƒe nufiafia si le Nyanyuigbalẽawo me o, ke boŋ wowɔ ɖeka kple Yudatɔwo kple trɔ̃subɔlawo ƒe kɔnuwo. Enciclopedia Cattolica gblɔ be, “Yuda-subɔsubɔ kple trɔ̃subɔsubɔ ƒe akpa aɖe” gbɔe Katoliko subɔsubɔhaa ‘srɔ̃ alter alo autel zazã tsoe.’ Minucius Felix, si nye ƒe alafa etɔ̃lia M.Ŋ. me xɔsetaʋlila, ŋlɔ bena ‘gbedoxɔwo alo vɔsamlekpuiwo menɔ’ Kristotɔwo si o. Numekunyagɔmeɖegbalẽ si nye Religioni e Miti (Subɔsubɔhawo Kple Nyakpakpawo) gblɔ nya mawo tɔgbe be: “Kristotɔ gbãtɔwo gbe vɔsamlekpuiwo zazã be woatsɔ ade vovototo woa kple Yuda-subɔsubɔ kpakple trɔ̃subɔsubɔ dome.”

Le esi wònye be gɔmeɖose siwo dzi wòle be woalɔ̃ ɖo ahazã le gbesiagbe gbenɔnɔ me le dukɔ ɖesiaɖe me dzie wotu Kristotɔnyenye ɖo ta la, du kɔkɔe si anɔ anyigba dzi, alo gbedoxɔ ŋutɔŋutɔ si me vɔsamlekpui (alter alo autel) le, alo nunɔla siwo anɔ ɖoƒe tɔxɛwo ahanɔ awu tɔxɛwo me la megahiã o. Yesu gblɔ be: “Gaƒoƒo gbɔna, esi menye to sia dzi alo Yerusalem miado gbe ɖa na Fofo la le o. . . . Nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me.” (Yohanes 4:21, 23) Gɔmesese si mele kɔnuwo ŋu o kple egbegbe vɔsamlekpui, alter alo autel si subɔsubɔha geɖe zãna la nye nusi Yesu gblɔ ku ɖe alesi wòle be woasubɔ Mawu vavã lae ŋu la dzi mawɔmawɔ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Do ŋgɔ la, anye vɔsamlekpuiwo dzie Kain kple Habel sa vɔ na Yehowa le.—Mose I, 4:3, 4.