Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me

Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Tso Dzi Blibo Me

“Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò.”​—PSALMO 9:11.

1, 2. Nusiwo ŋu amewo ɖoa ŋu ɖo dzodzroe hena dedienɔnɔ dometɔ aɖewo ɖe?

EGBEA si nu gbogbo aɖewo na míaƒe dedienɔnɔ ɖo afɔku me la, mewɔ nuku o be woaɖo ŋu ɖe ame aɖe alo nane si gbɔ woakpɔ dedienɔnɔ tsoe ŋu. Ame aɖewo susu be ga geɖe si anɔ yewo si ana yewoƒe etsɔme nanɔ dedie, gake le nyateƒe me la, ga nye sitsoƒe malike. Biblia gblɔ be: “Amesi ɖo ŋu ɖe eƒe kesinɔnu ŋu la, adze anyi.” (Lododowo 11:28) Ame bubuwo ɖoa ŋu ɖe amegbetɔ dziɖulawo ŋu, gake dziɖula nyuitɔwo kekeake gɔ̃ hã wɔa vodada. Eye wo katã kuna mlɔeba. Biblia gblɔ nunyatɔe be: “Migaɖo ŋu ɖe amegãwo, amegbetɔvi, siwo mate ŋu axɔ na ame o la ŋu o.” (Psalmo 146:3) Nya mawo siwo tso gbɔgbɔ me xlɔ̃ nu mí be míagaɖo ŋu ɖe mía ŋutɔwo ƒe agbagbadzedzewo hã ŋu o. ‘Amegbetɔviwo’ koe míawo hã míenye.

2 Nyagblɔɖila Yesaya ƒo nu tsi tre ɖe Israel-dukɔa kplɔla siwo nɔ anyi le eŋɔli me ŋu le ŋuɖoɖo ɖe “aʋatsositsoƒe” ŋu ta. (Yesaya 28:15-17) Esi wonɔ dedienɔnɔ dim la, wobla nu kple dukɔ siwo ƒo xlã wo ƒe dziɖuɖuwo. Kakaɖedzi mele nubabla mawo ŋu o—wonye aʋatsositsoƒe. Le mɔ ma tɔgbe nu la, subɔsubɔhakplɔla geɖe dzea xɔlɔ̃ dunyahelawo egbea. Xɔlɔ̃dzedze mawo hã ava zu ‘aʋatsositsoƒe.’ (Nyaɖeɖefia 17:16, 17) Womakpɔ wo ta tegbee o.

Yosua Kple Kaleb ƒe Kpɔɖeŋu Nyuiawo

3, 4. Aleke Yosua kple Kaleb ƒe nyatakaka to vovo tso ŋkutsala ewo bubuawo tɔ gbɔe?

3 Ekema afikae míatrɔ ɖo hena dedienɔnɔ? Afisi Yosua kple Kaleb trɔ ɖo le Mose ŋɔlie. Le Israel-viwo ƒe dzodzo le Egipte megbe kpuie ko la, dukɔa nɔ klalo hena Kanaan, si nye Ŋugbedodonyigba la dzi yiyi. Wodɔ ŋutsu 12 ɖa be woaɖatsa ŋku le anyigbaa dzi, eye le ŋkeke 40 megbe la, wotrɔ gbɔ kple woƒe nyatakakawo. Wo dometɔ eve pɛ, Yosua kple Kaleb, koe gblɔ nya nyui tso Israel-viwo ƒe dzidzedzekpɔkpɔ le Kanaan ŋu. Ŋkutsala mamlɛawo lɔ̃ ɖe edzi be anyigbaa nyo, gake hegblɔ be: “Dukɔ, si le anyigba la dzi, koe kako, woƒe duwo sesẽ . . . Míate ŋu ade dukɔ mawo gbɔ o, elabena wosesẽ wu mí.”—Mose IV, 13:27, 28, 31.

4 Israel-viawo xɔ ŋkutsala ewoawo ƒe nyawo dzi se eye vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe be wote liʋiliʋilili le Mose ŋu. Mlɔeba Yosua kple Kaleb tsɔ seselelãme deto gblɔ be: “Anyigba, si dzi míede ɖatsa ŋku le la, nyo ʋuu keke tso me. Ne míaƒe nu dze Yehowa ŋu ko la, ekema akplɔ mí ayi anyigba sia dzii, eye wòatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mí. Ðeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ [anyigbaa dzi tɔwo o].” (Mose IV, 14:6-9) Gake Israel-viawo gbe toɖoɖo eye le ema ta la, womena woyi Ŋugbedodonyigbaa dzi ɣemaɣi o.

5. Nukatae Yosua kple Kaleb tsɔ nyatakaka nyui gbɔe?

5 Nukatae Yosua kple Kaleb ya tsɔ nya nyui gbɔe, gake ŋkutsala ewoawo ya va gblɔ nya manyomanyo? Ŋkutsala 12 la katãe kpɔ du sesẽ kple dukɔ kako mawo. Eye menye aʋatsoe ŋkutsala ewoawo ka esime wogblɔ be ŋusẽ mele Israel-viwo ŋu woate ŋu aɖu anyigbaa dzi tɔwo dzi o la o. Yosua kple Kaleb hã nyae nenema. Gake ŋutilãmenukpɔsusue ŋkutsala ewoawo tsɔ kpɔ nua woe. Yosua kple Kaleb ya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. Wokpɔ ŋusẽdɔ siwo wòwɔ le Egipte, le Ƒudzĩa gbɔ, kple le Sinai-toa gɔme. Le ƒe geɖe megbe la, dɔ mawo ŋuti nyatakaka koe Raxab si nɔ Yerixo la se wòwɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòtsɔ eƒe agbe de afɔku me ɖe Yehowa ƒe amewo ta! (Yosua 2:1-24; 6:22-25) Kakaɖedzi blibo nɔ Yosua kple Kaleb, amesiwo kpɔ Yehowa ƒe ŋusẽdɔwo teƒe, si be Mawu ayi edzi awɔ aʋa na eƒe amewo. Ƒe 40 megbe la, woƒe kakaɖedzia va eme esime Yosua kplɔ Israel-viwo ƒe dzidzime yeye ge ɖe Kanaan heɖu anyigbaa dzi tɔwo dzi.

Nusita Wòle Be Míaɖo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu Bliboe

6. Nukatae Kristotɔwo toa nyaƒoɖeamenu sesẽwo me egbea, eye ameka ŋue wòle be woaɖo ŋu ɖo?

6 Le ‘ɣeyiɣi sesẽ’ siawo me la, míawo hã míedze ŋgɔ futɔ siwo sesẽ wu mí, abe alesi Israel-viwo dze ŋgɔe ene. (Timoteo II, 3:1) Míedzea ŋgɔ agbenyuinɔnɔ, gbɔgbɔ, eye le go aɖewo me la, ŋutilã me nyaƒoɖeamenuwo gɔ̃ hã. Míate ŋu anɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu mawo nu le mía ɖokui si o, elabena Satana Abosam, amesi tri akɔ wu amegbetɔwo gbɔe wotso. (Efesotɔwo 6:12; Yohanes I, 5:19) Ekema afikae míate ŋu atrɔ ɖo? Blematɔ wɔnuteƒe aɖe gblɔ na Yehowa le gbedodoɖa me be: “Amesiwo dze si wò ŋkɔ la, ɖoa ŋu ɖe ŋuwò.” (Psalmo 9:11) Ne míenya Yehowa nyateƒe eye míese nusi eƒe ŋkɔ fia gɔme la, míaɖo ŋu ɖe eŋu bliboe abe Yosua kple Kaleb ene.—Yohanes 17:3.

7, 8. (a) Susu kawoe nuwɔwɔ na mí si ta wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu? (b) Susu kawoe Biblia na mí si ta wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

7 Nukatae wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu? Nusiwo ta Yosua kple Kaleb ɖo ŋu ɖe eŋu dometɔ aɖee nye eƒe ŋusẽ si wòɖe fia wokpɔ. Míawo hã míekpɔ wo teƒe nenema ke. Le kpɔɖeŋu me, de ŋugble le nusiwo Yehowa wɔ hekpe ɖe xexeame kple ɣletivihatsotso biliɔn nane siwo le eme la ŋu kpɔ. Nuwɔwɔ sẽŋu siwo dzi Yehowa kpɔ ŋusẽ ɖo la ɖee fia be nyateƒee, enye Ŋusẽkatãtɔ. Ne míede ŋugble le alesi nuwɔwɔwo wɔ nukui ŋu la, ele be míawɔ ɖeka kple Hiob, amesi gblɔ le Yehowa ŋu be: “Ameka axe mɔ nɛ? Ameka agblɔ nɛ be: ‘Nuka wɔm nèle?’” (Hiob 9:12) Nyateƒee wònye be ne Yehowa le mía dzi la, mahiã be míavɔ̃ ame aɖeke le xexe bliboa katã me o.—Romatɔwo 8:31.

8 De ŋugble le Yehowa ƒe Nya, Biblia, hã ŋu kpɔ. Ŋusẽ le Mawu ƒe nunya tsoƒe sia si nu meyina o la ŋu be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖu numame gbegblẽwo dzi ahana míaƒe agbenɔnɔ nawɔ ɖeka kple Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu. (Hebritɔwo 4:12) Biblia dzie míeto va dze si Yehowa ƒe ŋkɔ hese nusi eƒe ŋkɔ fia gɔme. (Mose II, 3:14) Míekpɔe dze sii be Yehowa ate ŋu azu nusianu si wòlɔ̃—Fofo lɔ̃ame, Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe, Aʋadziɖula—bena wòana eƒe tameɖoɖowo nava eme. Eye míekpɔ alesi eƒe nya vaa eme ɣesiaɣii. Ne míesrɔ̃ Mawu ƒe Nyaa la, eʋãa mí míegblɔa hakpala ƒe nya sia be: “Meɖo ŋu ɖe wò nya ŋu.”—Psalmo 119:42; Yesaya 40:8.

9. Aleke tafea kple Yesu ƒe tsitretsitsia do ŋusẽ míaƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋui?

9 Tafea hã nye susu bubu si ta wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu. (Mateo 20:28) Nuwɔnuku ka gbegbee nye si wònye be Mawu ɖo ye ŋutɔ Via ɖa wòva ku xe fe ɖe mía ta! Eye le nyateƒe me la, ŋusẽ le tafea ŋu. Enye fexexe ɖe ameƒomea me tɔ ɖesiaɖe si trɔ dzime hetrɔ ɖe Yehowa ŋu kple dzi blibo la ƒe nuvɔ̃ ta. (Yohanes 3:16; Hebritɔwo 6:10; Yohanes I, 4:16, 19) Tafexemɔnuawo dometɔ ɖekae nye Yesu fɔfɔ ɖe tsitre. Nukunu ma, si ŋu nuteƒekpɔla alafa geɖe ɖi ɖase le la, ganye susu bubu si ta wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ɖo. Enye kpeɖodzi be míaƒe mɔkpɔkpɔwo mazu dzodzro o.—Dɔwɔwɔwo 17:31; Romatɔwo 5:5; Korintotɔwo I, 15:3-8.

10. Susu kawoe le mía ŋutɔwo si siwo ta wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu?

10 Susu siwo ta míate ŋu aɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe eye wòle be míaɖo ŋu ɖe eŋu la dometɔ aɖewo koe nye esiawo. Bubu geɖewo gali, siwo dometɔ aɖewo nye mía ŋutɔwo ƒe nuteƒekpɔkpɔwo. Le kpɔɖeŋu me, ɣeaɖewoɣi la, mí katã míedzea ŋgɔ nɔnɔme sesẽwo le agbe me. Ne míebia Yehowa ƒe mɔfiame le wo gbɔ kpɔkpɔ me la, míekpɔa alesi mɔfiame ma ɖea vii. (Yakobo 1:5-8) Zi alesi míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me hekpɔ ewɔwɔ nenema me tsonu nyuiawo la, zi nenemae míaƒe ŋuɖoɖo ɖe eŋu me sẽnae.

Dawid Ðo Ŋu Ðe Yehowa Ŋu

11. Nɔnɔme kawo gɔ̃ hã mee Dawid ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le?

11 Dawid si nɔ blema Israel la nye amesi ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu vevie. Dawid dze ŋgɔ Fia Saul, amesi ɖoe be yeawui, kple Filistitɔwo ƒe aʋakɔ sesẽ siwo nɔ agbagba dzem be yewoasi Israel la ƒe ŋɔdzidoname. Ke hã, etsi agbe heɖu wo dzi gɔ̃ hã. Nukatae? Dawid ŋutɔ ɖe eme ale: “Yehowa enye nye kekeli kple nye xɔname, ameka mavɔ̃? Yehowa enye mɔ̃ na nye agbe, ameka adzi ŋɔ nam?” (Psalmo 27:1) Ne míawo hã míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu nenema la, míaɖu aʋa dzi godoo.

12, 13. Aleke Dawid ɖee fia be ele be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu ne tsitretsiɖeŋulawo zã woƒe aɖe abe aʋawɔnu ene ɖe mía ŋu?

12 Dawid do gbe ɖa ɣeaɖeɣi be: “Mawu, se nye gbe le nye konyifafa me, eye nakpɔ nye agbe ta tso futɔ la ƒe ŋɔdzidodo me! Ɣlam tso ame vɔ̃ɖiwo ƒe takpekpe kple ame vlowo ƒe howɔwɔ me! Amesiwo nyre woƒe aɖe abe yi ene, eye wovu woƒe aŋutrɔ, si nye woƒe nya veve heliheli la me, ne woada ame maɖifɔ la le vivi me.” (Psalmo 64:2-5) Nusi ʋã Dawid hafi wòŋlɔ nya siawo la mele nyanya na mí tututu o. Gake míenya be egbea la, tsitretsiɖeŋulawo “nyre woƒe aɖe” nenema ke, hezãa woƒe nyagbɔgblɔ abe aʋawɔnu ene. ‘Wodaa’ nu Kristotɔ maɖifɔwo, hezãa woƒe numenya alo nya siwo woŋlɔ abe “aŋutrɔ” ene tsɔ gblẽa wo ŋui. Ne míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu maʋãmaʋãe la, nukae ado tso eme?

13 Dawid yi edzi gblɔ be: “Mawu [ate] wo kple da, eye [woaxɔ] abi enumake. Woawo ŋutɔ ƒe aɖe atsɔ wo aƒu anyi. . . . Ame dzɔdzɔe akpɔ dzidzɔ ɖe Mawu Yehowa ŋu, eye woasii atso.” (Psalmo 64:8-11) Ẽ, togbɔ be futɔwo nyre woƒe aɖe ɖe mía ŋu hã la, ‘woa ŋutɔwo ƒe aɖe tsɔa wo ƒua anyi’ mlɔeba. Mlɔeba Yehowa kpɔa egbɔ be nu nyui dona tsoa nyaa me wònyea dzidzɔ na amesiwo ɖo ŋu ɖe eŋu.

Xizkiya ƒe Ŋuɖoɖeŋu Mezu Dzodzro O

14. (a) Nɔnɔme dziŋɔ ka mee Xizkiya ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le? (b) Aleke Xizkiya ɖee fiae be yemexɔ Asiriatɔa ƒe alakpanyaawo dzi se o?

14 Ame bubu si ƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu mezu dzodzro o enye Fia Xizkiya. Le Xizkiya ƒe dziɖuɣi la, Asiriatɔwo ƒe aʋakɔ sesẽ la do ŋɔdzi na Yerusalemtɔwo. Aʋakɔ ma ɖu dukɔ bubu geɖe dzi. Eɖu Yuda-duwo gɔ̃ hã dzi wòkpɔtɔ Yerusalem ɖeɖeko, eye Sanxerib ƒo adegbe be yele du ma hã dzi ɖu ge. Eto Rabsake dzi ɖee fia—wòsɔ—be dzodzroe wòanye ne woɖo ŋu ɖe Egipte ŋu be wòakpe ɖe yewo ŋu. Gake egblɔ emegbe be: “Megana wò Mawu, si ŋu nèle dzi ɖom ɖo la, nanɔ fluwòm, eye nanɔ gbɔgblɔm be, womatsɔ Yerusalem ade asi na Asur-fia o.” (Yesaya 37:10) Gake Xizkiya nya be Yehowa meblea ame o. Eyata edo gbe ɖa be: “Yehowa, mía Mawu, ɖe mí tso [Asiriatɔwo si me], ne anyigba dzi fiaɖuƒewo katã nadze sii be, wò ɖeɖe koe nye Yehowa.” (Yesaya 37:20) Yehowa se Xizkiya ƒe gbedodoɖa. Le zã ɖeka me la, mawudɔla aɖe va wu Asiria-srafo 185,000. Wokpɔ Yerusalem ta, eye Sanxerib trɔ dzo le Yuda-nyigba dzi. Amesiwo katã se nudzɔdzɔ sia kpɔ Yehowa ƒe gãnyenye.

15. Nuka koe ate ŋu adzra mí ɖo ɖe nɔnɔme sesẽ ɖesiaɖe si ate ŋu ava mía dzi le xexe malike sia me la ŋu?

15 Egbea la, míele aʋa wɔm abe Xizkiya ene. Gbɔgbɔmeʋae mía tɔa nye. Ke hã, be míaɖu aʋa dzi le gbɔgbɔ me la, ele be míatu aʋawɔɖaŋu nyuiwo ɖo. Ehiã be míakpɔ mɔ na amedzidzedze ahabla akpa aʋli mía ɖokui ta. (Efesotɔwo 6:11, 12, 17) Le xexe malike sia me la, nɔnɔmewo ate ŋu atrɔ kpata. Nya sesẽwo ate ŋu ado mo ɖa le dukɔwo me kpata. Dukɔ siwo wonya be woɖea mɔ ɖe subɔsubɔblɔɖe ŋu ate ŋu atrɔ bubui. Ne abe Xizkiya ene, míedzra mía ɖokui ɖo to ŋuɖoɖeŋu sesẽ tutu ɖe Yehowa me dzi ko hafi míanɔ klalo na nusianu si ate ŋu adzɔ.

Nukae Ŋuɖoɖo Ðe Yehowa Ŋu Fia?

16, 17. Aleke míeɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋui?

16 Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu menye egbɔgblɔ kple nu dzaa ko ƒe nya o. Elɔ míaƒe dzi ɖe eme eye nuwɔnae míatsɔ aɖo kpe edzii. Ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, míaka ɖe eƒe Nya, Biblia, dzi bliboe. Míaxlẽe gbesiagbe, ade ŋugble le eŋu, ahaɖe mɔ wòafia mɔ mí le agbe me. (Psalmo 119:105) Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bia hã be míaɖo ŋu ɖe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe ŋusẽ ŋu. Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, míate ŋu atu kutsetse siwo dzea Yehowa ŋu ɖo, eye míate ŋu aɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ siwo ƒo ke ɖe mía me sesĩe la ŋu. (Korintotɔwo I, 6:11; Galatiatɔwo 5:22-24) Le gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me la, ame geɖe te ŋu dzudzɔ atama alo atikevɔ̃ɖiwo zazã. Ame bubuwo dzudzɔ agbegbegblẽnɔnɔ. Ẽ, ne míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu la, eƒe ŋusẽ mee míawɔ nu le, ke menye mía tɔ me o.—Efesotɔwo 3:14-18.

17 Gakpe ɖe eŋu la, ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fia kaka ɖe amesiwo dzi wòka ɖo la dzi. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa ɖoe be “dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la nakpɔ Fiaɖuƒea ƒe nu siwo le anyigba dzi la gbɔ. (Mateo 24:45-47) Míewɔa naneke le mía ɖokui si o, eye míedzea aglã ɖe tiatia ma ŋu o elabena míeka ɖe Yehowa ƒe ɖoɖoa dzi. Gakpe ɖe eŋu la, hamemegãwo subɔna le Kristo-hame si me míele la me, eye abe alesi apostolo Paulo ɖee fiae ene la, gbɔgbɔ kɔkɔe lae ɖo wo. (Dɔwɔwɔwo 20:28) To ɖekawɔwɔ kple hamemegãwo ƒe ɖoɖoa le hameawo me me la, míegaɖenɛ fiana be míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.—Hebritɔwo 13:17.

Srɔ̃ Paulo ƒe Kpɔɖeŋu

18. Aleke Kristotɔwo srɔ̃a Paulo ƒe kpɔɖeŋu egbeae, gake nuka ŋue womeɖoa ŋu ɖo o?

18 Apostolo Paulo do go nyaƒoɖeamenu geɖe le eƒe subɔsubɔdɔa me, abe míawo ke ene. Le eƒe ŋkekea me la, wogblẽ Kristotɔnyenye ŋu le ŋusẽtɔwo gbɔ, eye Paulo dzea agbagba ɣeaɖewoɣi be yeaɖɔ alakpanya mawo ɖo alo aɖo gbeƒãɖeɖedɔa anyi le se nu. (Dɔwɔwɔwo 28:19-22; Filipitɔwo 1:7) Kristotɔwo srɔ̃a eƒe kpɔɖeŋua egbea. Afisiafi si wòanya wɔ le la, míewɔa mɔnukpɔkpɔ ɖesiaɖe si sua mía si ŋudɔ ɖea nume na amewo tso míaƒe dɔa ŋu. Eye míedzea agbagba ʋlia nyanyuia ta heɖonɛ anyi le se nu. Ke hã, menye agbagbadzedze mawo ŋue míeɖoa ŋu ɖo bliboe o, elabena míebunɛ be menye dziɖuɖukpɔkpɔ le ʋɔnunyawo me alo amewo ƒe nu nyui ƒoƒo tso mía ŋu dzie míaƒe dzidzedzekpɔkpɔ alo kpododonu nɔ te ɖo o. Ke boŋ Yehowa ŋue míeɖoa ŋu ɖo. Míeɖoa ŋku dzideƒonamenya si Yehowa gblɔ na blema Israel-viwo dzi be: “Miaƒe ŋusẽ le ɖoɖoezizi kple ŋuɖoɖo ɖe eŋu me.”—Yesaya 30:15.

19. Aleke mía nɔviwo ƒe ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu le yometiti me mezu dzodzro o?

19 Le míaƒe egbeŋkekea ƒe ɣeyiɣi aɖewo me la, woɖo asi míaƒe dɔa dzi alo xe mɔ ɖe enu le Ɣedzeƒe kple Ɣetoɖoƒe Europa, le Asia kple Afrika ƒe akpa aɖewo, kpakple le Anyiehe kple Dziehe Amerika dukɔ aɖewo me. Ðe esia fia be dzodzroe míeɖo ŋu ɖe Yehowa ŋua? Ao. Togbɔ be Yehowa ɖea mɔ ɖe yometiti sesẽwo ŋu ɣeaɖewoɣi le eya ŋutɔ ƒe tameɖoɖo nyuiwo ta hã la, edoa ŋusẽ amesiwo dzi yometiti mawo va la lɔlɔ̃tɔe. Kristotɔ geɖe wɔ ŋkɔ nyui na wo ɖokui le xɔse kple ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu me le yometiti mawo me.

20. Togbɔ be ablɔɖe siwo woana mí le se nu ate ŋu aɖe vi na mí hã la, nukawo ŋue míaɖe asi le gbeɖe o?

20 Le go bubu me la, woda asi ɖe míaƒe subɔsubɔa dzi le se nu le dukɔ akpa gãtɔ me, eye ɣeaɖewoɣi la, woƒoa nu nyui tsoa mía ŋu le nyadzɔdzɔgbalẽwo me. Míedaa akpe ɖe esia ta eye míenya be esia hã dea Yehowa ƒe tameɖoɖo dzi. Le eƒe mɔɖeɖe nu la, míewɔa ablɔɖe geɖe si su mía si la ŋudɔ le mía ŋutɔwo ƒe nyonyo dodoɖeŋgɔ me o, ke boŋ míewɔa eŋudɔ le Yehowa subɔsubɔ bliboe le gaglãgbe me. Gake míaɖe asi le míaƒe akpaɖekedzimademadea ŋu, aɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi akpɔtɔ, alo awɔ subɔsubɔ si míetsɔna na Yehowa la ɖewoɖewoe le mɔ bubu aɖe nu, kple susu be ŋusẽtɔwo nade bubu mía ŋu ta ko gbeɖe o. Mesia Fiaɖuƒea teviwoe míenye eye míele Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi bliboe. Menye nuɖoanyi siawo dzie míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo o, ke boŋ ɖe xexe yeyea, afisi dziƒo Mesia Fiaɖuƒea ɖeɖekoe anye dziɖuɖu si aɖu anyigba sia dzi le, la dzi. Bɔmb loo alo tukpewo, alo nukliaʋawɔnuwo gɔ̃ hã mate ŋu aʋuʋu dziɖuɖu ma alo agee tso dziƒo akpɔ gbeɖe o. Ame aɖeke mate ŋu aɖu edzi gbeɖe o, eye awɔ tameɖoɖo si ta Yehowa ɖoe ɖo la ade goe.—Daniel 2:44; Hebritɔwo 12:28; Nyaɖeɖefia 6:2.

21. Nukae míeɖo kplikpaa be míawɔ?

21 Paulo gblɔ be: “Míawo míenye amesiwo gbugbɔna ɖe megbe ɖe gbegblẽ me la dometɔwo o, ke boŋ amesiwo xɔnɛ sena hena luʋɔ xɔxɔ la dometɔwo míenye.” (Hebritɔwo 10:39) Ekema neva eme be mí katã míasubɔ Yehowa nuteƒewɔwɔtɔe halase nuwuwu. Nusiwo ta wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe fifia halase mavɔmavɔ me la le mía si.—Psalmo 37:3; 125:1.

Nukae Nèsrɔ̃?

• Nukatae Yosua kple Kaleb tsɔ nyatakaka nyui gbɔe?

• Susu siwo ta wòle be míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe dometɔ aɖewo ɖe?

• Nukae ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fia?

• Le ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu me la, nukae míeɖo kplikpaa be míawɔ?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Nukatae Yosua kple Kaleb tsɔ nyatakaka nyui gbɔe?

[Nɔnɔmetata siwo le axa 16]

Xexemenuwɔwɔwo naa susu sẽŋu si ta míeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu mí

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

Foto etɔ̃awo kata: Courtesy of Anglo-Australian Observatory, photograph by David Malin

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu fia kaka ɖe amesiwo dzi wòka ɖo la dzi