Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Fiaɖuƒea Didi Gbãgbiagbã—Agbenɔnɔmɔ Si Me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔ Le

Fiaɖuƒea Didi Gbãgbiagbã—Agbenɔnɔmɔ Si Me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔ Le

Agbemeŋutinya

Fiaɖuƒea Didi Gbãgbiagbã​—Agbenɔnɔmɔ Si Me Dedienɔnɔ Kple Dzidzɔ Le

ABE ALESI JETHA SUNAL GBLƆE ENE

Le ŋdinu ɖuɖu megbe la, míese gbeƒãɖeɖea le radio dzi be: “Yehowa Ðasefowo ƒe habɔbɔa mele se nu o, eyata woɖo asi woƒe dɔa dzi.”

ƑE 1950 mee, eye mí nyɔnu ene siwo nɔ míaƒe ƒe 20-awo me la nye Yehowa Ðasefowo ƒe dutanyanyuigblɔlawo le Dominican Republic. Ƒe si do ŋgɔ mee míeva afima.

Dutanyanyuigblɔdɔ menye nye agbemetaɖodzinu tsã o. Ele eme be medea sɔleme esime menye ɖevi ya. Gake fofonye dzudzɔ sɔlemedede le Xexemeʋa I wɔɣi. Le gbesigbe mexɔ ŋusẽdodo le Episcopal Sɔlemehaa me le ƒe 1933 me la, mawunyakpukpui ɖeka koe bisiɔp la xlẽ le Biblia me ko hete nuƒoƒo tso dunyahenyawo ŋu. Nyaa ku dzi na Dada ale gbegbe be megaɖo afɔ sɔlemexɔ me kpɔ o.

Míaƒe Agbenɔnɔmɔ Trɔ

Vi atɔ̃e dzinyelawo, siwo ŋkɔe nye William Karl kple Mary Adams, wodzi. Ŋutsuviawoe nye Don, Joel, kple Karl. Nɔvinyenyɔnu Joy ye nye dɔmlɔea, eye nyee nye tsitsia. Ƒe 13 ye manya xɔ esime metso suku gbɔ gbeɖeka hekpɔ Dada wònɔ agbalẽvi aɖe si Yehowa Ðasefowo ta la xlẽm. Eƒe tanyae nye The Kingdom, the Hope of the World (Fiaɖuƒea, Xexeame ƒe Mɔkpɔkpɔ La). Egblɔ nam be: “Nyateƒeae nye sia.”

Dada gblɔ nusiwo srɔ̃m wònɔ le Biblia me la na mí katã. Eto nya kple kpɔɖeŋu me na míese Yesu ƒe aɖaŋuɖoɖo sia ƒe vevienyenye gɔme, be: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã.”—Mateo 6:33.

Nyaa sese medoa dzidzɔ nam ɣesiaɣi o. Megblɔ ɣeaɖeɣi be, “Dada, dzudzɔ gbeƒãɖeɖe nam, ne menye nenema o la, ne èklɔ agbawo la nyemagatutu wo me na wò azɔ o.” Gake eyi edzi ƒo nu na mí le ŋuɖɔɖo me. Ekplɔa mí ɖeviawo katã yia Biblia-nusrɔ̃ƒe, si wowɔna le Clara Ryan ƒe aƒeme, si medidi kura tso míaƒe aƒeme le Elmhurst, Illinois, U.S.A. gbɔ o la edziedzi.

Clara fiaa saŋkuƒoƒo hã. Esi eƒe sukuviwo va ƒo ha le haƒoƒo ƒe wɔna aɖe si wowɔna ƒe sia ƒe wɔƒe la, ezã mɔnukpɔkpɔa ƒo nu tso Mawu ƒe Fiaɖuƒe kple tsitretsitsimɔkpɔkpɔ ŋu. Esi haƒoƒo dzɔa dzi nam eye ƒe adre koe mexɔ hete violin ƒoƒo sɔsrɔ̃ ta la, meke to nyuie se Clara ƒe nyawo.

Eteƒe medidi o mí ɖeviawo míete Dada kpɔkplɔ ɖo yi hame ƒe kpekpeawo le Chicago ƒe ɣetoɖoƒe gome. Bɔs kple ketekee míeɖona le mɔ legbe sia zɔzɔ me, gake nusi wòfia be woadi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã ŋuti hehe si míexɔ tso ɖevime ƒe akpa aɖee wònye. Le ƒe 1938 me, si nye ƒe etɔ̃ le Dada ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, mekplɔe ɖo yi Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe aɖe le Chicago. Enye takpedu 50 siwo wotsiã ɖekae to telefon dzi la dometɔ ɖeka. Nya siwo mese le afima la wɔ dɔ ɖe dzinye ŋutɔ.

Ke hã, haƒoƒo kpɔtɔ lé dzi nam vevie. Medo le sekɛndrisuku le ƒe 1938 me, eye Papa wɔ ɖoɖo nam be made Amerikatɔwo ƒe Haƒoƒosrɔ̃suku le Chicago. Eyata le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, mesrɔ̃ haƒoƒo, ƒo ha le haƒoha eve me, eye mebui be haƒoƒo anye nye dɔwɔɖui.

Herbert Butler, si fia violin ƒoƒom la dzo le Europa va United States. Eyata metsɔ agbalẽvi si nye Refugees * nɛ, hesusu be axlẽe. Exlẽe nyateƒe, eye le kwasiɖa si kplɔe ɖo ƒe nusɔsrɔ̃ megbe la, egblɔ be: “Jetha, èƒoa violin nyuie, eye ne èyi esɔsrɔ̃ dzi la, àte ŋu ava nye haƒola le radiodɔwɔƒe alo haƒoƒo fiala. Gake” edo asi ɖe agbalẽvi si metsɔ nɛ gbɔ hegblɔ kpee be: “Mebui be wò dzi le nusia ŋu. Nukatae màna esia nanye wò agbemedɔ o?”

Mebu nya ma ŋu vevie. Le esi teƒe be mayi hasɔsrɔ̃a dzi la, melɔ̃ ɖe Dada ƒe yɔyɔ be míayi Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpe le Detroit, Michigan, le July 1940 me la dzi. Míedze kekexɔwo kple avɔgbadɔ siwo wotu ɖe takpekpewɔƒea la me. Metsɔ nye violin la ɖe asi, heƒo ha le takpekpea me hadzihawo dome. Gake medo go mɔɖela (ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔlawo) geɖe le míaƒe dzeƒea. Dzi nɔ wo katã dzɔm ale gbegbe. Metso nya me be maxɔ nyɔnyrɔ ahaɖo dɔbiagbalẽ ɖa be mawɔ mɔɖeɖedɔa. Medo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa le nye agbe me katã.

Medze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le mía de. Emegbe mesubɔ le Chicago. Le ƒe 1943 me la, meʋu yi Kentucky. Le dzomeŋɔli ma si do ŋgɔ na nutome gã takpekpea me la, wokpem be mava de Gilead Suku ƒe klass evelia, afisi maxɔ dutanyanyuigblɔdɔ ŋuti hehe le. Sukua adze egɔme le September ƒe 1943 me.

Le takpekpea wɔɣi le dzomeŋɔli ma me la, medze Ðasefo aɖe gbɔ, amesi gblɔ nam be mate ŋu atsɔ awu sia awu si medi le ye vinyɔnuvi ƒe awuɖaka me. Vianyɔnuvia ɖage ɖe asrafodɔ me, eye wògblɔ na dadaa be wòama yeƒe nuwo katã na amewo. Le gonyeme la, nunana siawo nye Yesu ƒe ŋugbedodo si nye: “Midi mawufiaɖuƒe la kple eƒe dzɔdzɔenyenye gbãgbiagbã, eye woatsɔ nusiawo katã akpe ɖe eŋuti na mi” la me vava. (Mateo 6:33) Ɣleti atɔ̃ si míenɔ Gilead Sukua va yi kaba ŋutɔ, eye le sukua nu wuwu le January 31, 1944 dzi la, menɔ mɔ kpɔm vevie na gege ɖe dutanyanyuigbɔgblɔdɔa me.

Woawo Hã Tia Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa

Dada dze mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1942 me. Ɣemaɣi la, nɔvinyeŋutsu etɔ̃ kple nɔvinyenyɔnu kpɔtɔ nɔ suku dem. Zi geɖe Dada va doa go wo ne wokpã tso suku hekplɔa wo yia gbeadzii. Efia aƒemedɔ hã wɔwɔ wo. Eya ŋutɔ nɔa zã dzi ɖoa nuwo dzi hewɔa dɔ vevi bubuwo kple susu be yeate ŋu ayi gbeadzi le ŋkeke me.

Le January ƒe 1943 me esime menɔ mɔɖeɖedɔa wɔm le Kentucky la, nɔvinyeŋutsu Don hã dze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme. Nusia te ɖe Papa dzi vevie, elabena eƒe mɔkpɔkpɔ enye be ye viwo katã nade kɔledzi, abe alesi woa kple Dada wodee ene. Esi Don wɔ mɔɖeɖedɔa ƒe eve kloe megbe la, wokpee be wòava yi eƒe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe xexeame katã ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, New York, anye dɔwɔlawo dometɔ ɖeka.

Esi Joel kpɔtɔ nɔ aƒeme la, edze mɔɖeɖedɔa wɔwɔ gɔme le June ƒe 1943 me. Ɣemaɣi la, edze agbagba be yeaɖe nu me na Papa wòaɖe mɔ na ye yeayi takpekpe do kpoe. Gake esi Joel dze agbagba be yeadze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple ame aɖe le nutoa me wòglo la, Papa lɔ̃ be wòawɔ nusɔsrɔ̃ kpli ye le agbalẽ si nye “The Truth Shall Make You Free” me. Eɖo biabiawo ŋu bɔbɔe, gake zinɛ ɖe Joel dzi be wòaɖo kpe nya siwo wogblɔ le agbalẽa me la dzi le Ŋɔŋlɔawo me. Ema kpe ɖe Joel ŋu wòwɔ Biblia ƒe nyateƒenyawo etɔe.

Joel susu be Dɔwɔƒe si Ðea Ame le Asrafodɔ Me, si lɔ̃ ɖe edzi be Don nye subɔla heɖee le asrafodɔ me la aɖe ye hã le eme. Gake esi dɔwɔƒea kpɔe be Joel meɖi ame tsitsi kura o la, wogbe be yewomada asi ɖe edzi be enye subɔla o eye woɖo agbalẽ ɖee be wòava wɔ asrafodɔa. Esi wògbe be yemayi o la, wodɔ amewo be woaɖalée. Esi Dukɔa ƒe Hlɔ̃nyamekuƒe (FBI) numekulawo ƒe asi kae la, enɔ gaxɔ me ŋkeke etɔ̃ le Cook nuto me.

Papa tsɔ míaƒe aƒe da megbee heɖee le gaxɔa me. Ema megbe la, ewɔ nu ma ke na Ðasefo ɖekakpui bubu siwo dze ŋgɔ nɔnɔme ma ke. Dzi ku fofonye vevie le nya madzemadze si wotsɔ ɖe Joel ŋu ta, eye wòkplɔe yi Washington, D.C. be yeakpɔe ɖa be anya wɔ be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ hã. Mlɔeba wova lɔ̃ ɖe edzi be Joel nye subɔla eye woɖe asi le nyaa ŋu. Fofonye ŋlɔ agbalẽ nam le nye dutanyanyuigblɔƒea be, “mebui be ele be míatsɔ kafukafua na Yehowa ɖe dzi ɖuɖu sia ta!” Le August 1946 ƒe nuwuwu lɔƒo la, wokpe Joel hã be wòawɔ dɔ le dɔwɔƒegãa le Brooklyn.

Karl wɔ mɔɖeɖedɔa zi geɖe ne woke mɔ le suku hafi va wu sekɛndrisuku nu le ƒe 1947 ƒe gɔmedzedze me eye wòdze gbesiagbemɔɖeɖedɔa gɔme. Papa ƒe lãme megava nɔ sesẽm tututu ɣemaɣi o, eyata Karl kpe asi ɖe eŋu vie le eƒe dɔwɔƒe hafi dzo ɖadze mɔɖeɖedɔa gɔme le teƒe si woɖoe ɖo. Le ƒe 1947 ƒe nuwuwu la, Karl dze subɔsubɔ gɔme le Brooklyn dɔwɔƒegãa henye Betel-ƒomea me tɔ kpe ɖe Don kple Joel ŋu.

Esi Joy wu sekɛndrisuku nu la, edze mɔɖeɖedɔa gɔme. Emegbe le ƒe 1951 me la, ewɔ ɖeka kple nɔviaŋutsuawo le Betel. Ewɔ xɔmedzadzraɖodɔ, eye emegbe ewɔ dɔ le Nudɔdɔwo Gbɔkpɔƒea hã. Le ƒe 1955 me la, eɖe Roger Morgan, si hã nye Betel-ƒomea me tɔ. Le ƒe adre lɔƒo megbe esi wotiae be yewoadzi vi la, wodzo le Betel. Le ɣeyiɣi aɖewo megbe la, wonyi vi eve, eye woawo hã va nye Yehowa subɔlawo.

Esi ɖeviawo katã va nɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm la, Dada de dzi ƒo na Papa alesi dze, ale be eya hã tsɔ eƒe agbe ɖe adzɔgbe na Yehowa hexɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1952 me. Togbɔ be dɔléle meɖe mɔ nɛ fũ o hã la, edo vevie nu ŋutɔ dia mɔnuwo gblɔa Fiaɖuƒea ŋuti nyateƒea na amewo hena ƒe 15 vaseɖe esime wòku.

Dada va dzudzɔ mɔɖeɖedɔa ɣeyiɣi kpui aɖe le Papa ƒe dɔlélea ta, hegava yi edzi vaseɖe esime wòku. Dada meƒle ʋu kpɔ o; eye gasɔ hã menɔ esi o. Enye ame kpui aɖe si afɔzɔzɔ metina o, zi geɖe la, ezɔna yia teƒe didiwo le kɔƒenutowo me ɖawɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kpli amewo.

Dutanyanyuigblɔƒe Yiyi

Le Gilead Sukua nuwuwu megbe la, mía dometɔ aɖewo wɔ mɔɖeɖedɔa le New York City ƒe dziehe gome ƒe ɖeka hafi míaƒe mɔzɔgbalẽwo ka mía si. Mlɔeba le ƒe 1945 me la, míedzo yi dukɔ si me woɖo mí ɖo la me, si nye Cuba, afisi míetrɔ ɖe agbenɔnɔmɔ yeye ŋu le ʋɛʋɛʋɛ. Woɖoa to míaƒe gbeƒãɖeɖea nyuie, eye eteƒe medidi o mí katã míenɔ Biblia-nusɔsrɔ̃ geɖe wɔm. Míesubɔ le afima ƒe geɖe. Emegbe woɖe mí yi Dominican Republic. Gbeɖeka medo go nyɔnu aɖe si bia tso asinye be makpɔ yeƒe asisi aɖe si nye Fransetɔ, si ŋkɔe nye Suzanne Enfroy, amesi di be woakpe ɖe ye ŋu yease Biblia gɔme.

Yudatɔe Suzanne nye, eye esime Hitler va dze France dzi la, srɔ̃a kplɔ woa kple wo vi evea dzoe yi dukɔ bubu me. Enumake Suzanne te nusiwo wòsrɔ̃ la gbɔgblɔ na amewo. Nyɔnu aɖe si bia tso asinye be mava srã ye kpɔ lae wòƒo nu na gbã, emegbe na Blanche, si nye xɔlɔ̃ aɖe si tso France. Wo ame evea siaa wɔ ŋgɔyiyi va xɔ nyɔnyrɔ.

Suzanne biam be: “Nukae mate ŋu awɔ akpe ɖe vinyewo ŋu?” Viaŋutsu nɔ atikeŋutinunya srɔ̃m, eye vianyɔnu nɔ ɣeɖuɖu srɔ̃m be yeava nye ɣeɖula le Radio City Hadziƒe le New York. Suzanne dɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! na wo. Esia wɔe be Suzanne viŋutsu kple srɔ̃a, kpakple srɔ̃a ƒe venɔvi wova zu Ðasefowo. Suzanne srɔ̃, Louis, nɔ vɔvɔm ɖe srɔ̃a nu le ɖetsɔtsɔ le Yehowa Ðasefowo me ta, elabena Dominican Republic dziɖuɖua ɖo asi míaƒe dɔa dzi ɣemaɣi. Gake esi ƒome bliboa va ʋu yi United States la, eya hã va zu Ðasefo.

Míenɔ Mɔxeɖenu Te Gake Yi Subɔsubɔdɔa Dzi

Togbɔ be woɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Dominican Republic eteƒe medidi hafi woɖo mí ɖe afima le ƒe 1949 me o hã la, míeɖoe kplikpaa be míaɖo to Mawu abe Dziɖula ene wu amewo. (Dɔwɔwɔwo 5:29) Míeyi edzi di Mawu ƒe Fiaɖuƒea gbãgbiagbã to eŋuti nyanyuia gbɔgblɔ na amewo me, abe alesi Yesu de se na eyomedzelawo be woawɔ ene. (Mateo 24:14) Gake míesrɔ̃ alesi ‘míadze aɖaŋu abe dawo ene, ahadza abe ahɔ̃nɛwo ene’ le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa wɔwɔ me. (Mateo 10:16) Le kpɔɖeŋu me, nye violin la de dzinye ŋutɔ. Metsɔnɛ ɖe asi yia Biblia-nusɔsrɔ̃ wɔƒee. Nye nusrɔ̃viwo meva zu violin ƒolawo o, gake ƒome geɖe va zu Yehowa subɔlawo!

Esi woɖo asi míaƒe dɔa dzi la, wona mí ɖetugbivi eneawo—mía kple Mary Aniol, Sophia Soviak, kple Edith Morgan—míeʋu tso dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe si le San Francisco de Macorís me yi esi le alɔdzedɔwɔƒe si le Santo Domingo, si nye fiadua la me. Gake mezɔa mɔ yia du si me woɖo mí ɖo gbã la me ɣleti sia ɣleti ɖafiaa haƒoƒo. Ema na mete ŋu tsɔa gbɔgbɔmenuɖuɖu dea nye violin la ƒe kotoku me yinɛ na mía nɔvi Kristotɔwo hetsɔa woƒe gbeadzikɔntabubuwo gbɔnɛ.

Esi wode nɔvi siwo tso San Francisco de Macorís gaxɔ me le Santiago ɖe woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta la, wobia tso asinye be matsɔ ga, eye ne anya wɔ la, matsɔ Biblia, ayi na wo, ahaxɔ nyatakaka vɛ na woƒe ƒometɔwo. Esi dzɔlawo kpɔ nye violin kotokua le nye axada me le Santiago-gaxɔa me la, wobia be, “Nukae nètsɔe yina wɔwɔ gee?” Meɖo eŋu be, “Metsɔe yina modzaka ɖe gee na wo.”

Ha siwo meƒo ƒe ɖee nye esi Ðasefo aɖe kpa esime wònɔ Nazi fuwɔamegaxɔ me. Ha mae nye hadzidzi 29 lia le Yehowa Ðasefowo ƒe hadzigbalẽ me fifia. Meƒoe kple susu be mía nɔvi siwo nɔ gaxɔa me la nate ŋu asrɔ̃ edzidzi.

Mese be woɖe Ðasefoawo dometɔ geɖe yi Trujillo, si nye dukplɔlaa, ƒe agble dzi. Wogblɔ nam be medidi tso bɔs-mɔa to o. Eyata le ŋdɔ me lɔƒo la, meɖi le bɔsua me hebia mɔa ta. Fiase sue aɖe tɔ fia asi to aɖewo megbe nam hegblɔ be yeaɖe asi le yeƒe sɔ kple ŋutsuvi aɖe ŋu wòakɔm ayii ne matsɔ nye violin la ada megbee.

Tɔ aɖe le to mawo megbe wòle be míatso, eye mí ame evea míenɔ sɔa dzi wòtsɔ mí tso tsiae. Míekpɔ ako gbogbo aɖewo, siwo ƒe fu si nye gbemumu kple blɔ la nɔ dzo dam nyuie le ŋdɔa gbe. Wonya kpɔ ale gbegbe! Medo gbe ɖa be: “Yehowa, akpe na wò ɖe alesi nèwɔ wo wonya kpɔ ale gbegbee la ta.” Mlɔeba míeva ɖo agblea dzi le ɣetrɔ ga ene me. Asrafo si nye wo nu nɔla ɖe mɔ nam dɔmenyotɔe meƒo nu kple nɔviawo, eɖe mɔ nam metsɔ nusiwo katã metsɔ vɛ na wo la na wo, hekpe ɖe Biblia sue aɖe gɔ̃ hã ŋu.

Esi míetrɔ gbɔna la, gbedodoɖa dzi koe menɔ, elabena xexeame tsyɔ. Tsi ƒo mí vevie míetsɔ gbɔ va ɖo fiasea mee. Esi bɔs mamlɛa ho xoxo ta la, megblɔ na fiasetɔa be wòatɔ agbatsɔʋu aɖe si nɔ eme tsom la nam. Ðe afɔku manɔ eme be mayi kple ŋutsu eve siwo nɔ ʋua me oa? Wo dometɔ ɖeka biam be: “Ènya Sophie hãa? Esrɔ̃ nu kple ƒenye.” Metso nya me be gbe si medo ɖa na Yehowa ƒe ŋuɖoɖoe nye sia! Wokɔm ɖo Santo Domingo dedie.

Le ƒe 1953 me la, menɔ amesiwo tso Dominican Republic yi Yehowa Ðasefowo ƒe dukɔwo dome takpekpe le Yankee Stadium le New York la dome. Míaƒe ƒomea katã de, hekpe ɖe fofonye ŋu. Le alesi gbeƒãɖeɖedɔa nɔ ŋgɔ yimee le Dominican Republic ŋuti nyatakaka aɖe gbɔgblɔ megbe la, dɔdasi sue aɖe nɔ mía kple nye dutanyanyuigblɔzɔhɛ, Mary Aniol, si le wɔnaa me, si nye alesi míewɔ gbeƒãɖeɖedɔa le mɔxeɖenua tee la wɔwɔ fia.

Mɔzɔzɔdɔ me Dzidzɔ Tɔxɛwo

Le dzomeŋɔli ma me la, medo go Rudolph Sunal, si va zu srɔ̃nye le ƒe si kplɔe ɖo me. Eƒe ƒometɔwo va zu Ðasefowo le Allegheny, Pennsylvania, le Xexemeʋa I megbe kpuie. Le gamenɔnɔ ɖe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade ta le Xexemeʋa II megbe la, ete subɔsubɔ le Betel le Brooklyn, New York. Le míaƒe srɔ̃ɖeɖea megbe kpuie la, wokpee be wòanye dzikpɔla mɔzɔla anɔ hamewo srãm kpɔ. Le ƒe 18 siwo kplɔe ɖo me la, mekplɔe ɖo le nutome sue dɔa wɔwɔ me.

Teƒe siwo míaƒe dɔa kplɔ mí yii dometɔ aɖewoe nye Pennsylvania, West Virginia, New Hampshire, kple Massachusetts. Zi geɖe la, míedzea mía nɔvi Kristotɔwo gbɔ le woƒe aƒewo me. Enye dzidzɔ tɔxɛ be míanya wo nyuie ahawɔ ɖeka kpli wo le Yehowa subɔsubɔ me. Woɖea lɔlɔ̃ kple amedzrowɔwɔ vavãtɔ fiaa mí ɣesiaɣi. Esi Joel ɖe Mary Aniol, si nye nye zɔhɛ tsã le dutanyanyuigblɔdɔa me megbe la, woa kplii wowɔ mɔzɔzɔdɔa ƒe etɔ̃, nɔ hamewo srãm kpɔ le Pennsylvania kple Michigan. Emegbe le ƒe 1958 me la, wokpe Joel be wòava nye Betel-ƒomea me tɔ ake, fifia ya, woa kple Mary.

Karl nɔ Betel abe ƒe adre ene esime woɖoe ɖe nutome sue dɔa me ɣleti ʋɛ aɖewo bena nuteƒekpɔkpɔ nasu esi. Emegbe eva zu Gilead Suku nufiala. Le ƒe 1963 me la, eɖe Bobbie, amesi subɔ le Betel nuteƒewɔwɔtɔe vaseɖe esime wòku le October ƒe 2002 me.

Le ƒe gbogbo siwo me Don subɔ le Betel me la, ezɔa mɔ ɣeaɖewoɣi yia dukɔ bubuwo me ɖasubɔa amesiwo le dɔ wɔm le alɔdzedɔwɔƒewo kple dutanyanyuigblɔlawo. Eƒe dɔdasia kplɔe yi Ɣedzeƒe, Afrika, Europa, kple Amerika-dukɔ vovovowo me. Don kple srɔ̃a lɔlɔ̃a Dolores ye zɔa mɔa zi geɖe.

Míaƒe Nɔnɔmewo Trɔ

Le dɔléle ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, fofonye ku, gake hafi wòaku la, egblɔ nam be enye dzidzɔ gã na ye be míetiae be míasubɔ Yehowa Mawu. Egblɔ be míexɔ yayra geɖe wu alesi wòanɔ ne ɖe míeyi kɔledzia abe alesi yedii ene. Esi mekpe ɖe Dada ŋu wòƒo te eƒe nuwo ahaʋu ayi afisi te ɖe nɔvinyenyɔnu Joy ŋu vɔ la, mía kple srɔ̃nyeŋutsu míexɔ mɔɖeɖedɔa wɔwɔ le New England ƒe du vovovo me ƒe dɔdasi, ale be wòate ɖe dadaa, si hiã míaƒe kpekpeɖeŋu ɣemaɣi la ŋu. Le dadaa ƒe ku megbe la, nɔnye va nɔ mía gbɔ ƒe 13. Emegbe le January 18, ƒe 1987 dzi la, ewu eƒe anyigba dzi dɔdasi nu le ƒe 93 xɔxɔ me.

Zi geɖe ne xɔlɔ̃wo kafu Dada be enyi viawo katã wolɔ̃ Yehowa hesubɔnɛ la, egblɔna ɖokuibɔbɔtɔe be: “Nye ya ‘anyigba’ nyui ye mekpɔ ƒã nukuawo ɖo.” (Mateo 13:23) Yayra ka gbegbee nye si wònye be míekpɔ dzila siwo vɔ̃a Mawu woɖo kpɔɖeŋu nyui na mí le veviedodo kple ɖokuibɔbɔ me!

Fiaɖuƒea Kpɔtɔ Nye Nu Gbãtɔ

Míeyi edzi tsɔ Mawu ƒe Fiaɖuƒea ɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me hedze agbagba hã be míatsɔ nuxlɔ̃ame si Yesu na tso nunana amewo ŋu awɔ dɔe. (Luka 6:38; 14:12-14) Yehowa hã naa nusiwo hiã mí la mí wògbɔa eme. Agbe si me dzidzɔ kple dedienɔnɔ le ye su mía si.

Fifia la Haƒoƒo ganye nusi doa dzidzɔ na mía kple Rudy kokoko. Enyea dzidzɔ geɖe ne amesiwo hã lɔ̃ haƒoƒo va míaƒe aƒeme fiẽ aɖe eye míeƒo míaƒe haƒomɔ̃wo ɖekae. Gake haƒoƒo menye nye agbemedɔ o. Ðeko wògadea vivi agbea ŋu. Enyea dzidzɔ na mía kple srɔ̃nye ne míekpɔ kutsetse siwo do tso míaƒe mɔɖeɖedɔa me, siwo nye amesiwo ŋu míekpe ɖo le ƒeawo me.

Togbɔ be lãmegbegblẽ le fu ɖem na mí fifia hã la, mate ŋu agblɔ be dzidzɔ kple dedienɔnɔ yɔ míaƒe agbe me le ƒe 60 kple edzivɔ siawo siwo míetsɔ wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔae la me. Ne mefɔ ŋdi sia ŋdi la, medaa akpe na Yehowa be eɖo gbe si medo ɖa le nye ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔmedzeɣi ƒe gbogbo aɖewoe nye si va yi la ŋu, eye nye ŋugbledede fifia enye be, ‘Aleke madi Fiaɖuƒea gbãgbiagbã egbeae?’

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 14 Yehowa Ðasefowoe tae, gake womegale etam azɔ o.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Míaƒe ƒomea, le ƒe 1948 me (tso miame yi ɖusime): Joy, Don, Dada, Joel, Karl, nye, kpakple Papa

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Dada ɖo kpɔɖeŋu nyui le subɔsubɔdɔa wɔwɔ kutrikukutɔe me

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Karl, Don, Joel, Joy, kple nye ŋutɔ egbea, si nye ƒe 50 kple edzivɔ megbe

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Tso miame yi ɖusime: Nye, Mary Aniol, Sophia Soviak, kple Edith Morgan le dutanyanyuigblɔdɔa me le Dominican Republic

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Mía kple Mary (miame) le Yankee Stadium, ƒe 1953

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Mía kple srɔ̃nye esime wònɔ nutome sue dzikpɔdɔa wɔm