Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Subɔsubɔhawo Yome Titi—Nukatae?

Subɔsubɔhawo Yome Titi—Nukatae?

Subɔsubɔhawo Yome Titi​—Nukatae?

ÈSUSU be ele be woati amewo yome ɖe woƒe subɔsubɔha taa? Ðewohĩ màbui nenema o—vevietɔ ne woƒe nuwɔnawo megblẽa nu le ame bubuwo ƒe gomenɔamesiwo ŋu o. Ke hã, wotiaa subɔsubɔhawo yome tso gbaɖegbe ke, eye wokpɔtɔ tiaa wo yome. Le kpɔɖeŋu me, woxɔ Yehowa Ðasefo geɖe ƒe gomewo le wo si zi geɖe le Europa kple xexeame ƒe akpa bubuwo hewɔ ŋutasẽnuwo ɖe wo ŋu le ƒe alafa 20 lia katã me.

Le ɣeyiɣi mawo me la, woti Yehowa Ðasefowo yome vevie hewɔ funyafunya wo ƒe geɖe le ŋutasẽdziɖuɖu gã eveawo te le Europa. Nukae woƒe nuteƒekpɔkpɔa fia mí tso subɔsubɔhawo yometiti ŋu? Eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso alesi wowɔ nu ɖe fukpekpe ŋui me?

“Womenye Xexeame ƒe Akpa Aɖeke O”

Yehowa Ðasefowo dzea agbagba be yewoanye sedziwɔlawo, ŋutifafamewo, kple agbenyuinɔlawo. Wometsia tre ɖe dziɖuɖuwo ŋu alo dina be yewoanɔ nya hem kpli wo o, eye womewɔa nu be woati wo yome kple susu be woanye xɔsetakulawo o. Kristotɔ siawo mehea dunya o. Esia wɔ ɖeka kple Yesu ƒe nya siawo be: “[Yonyemedzelawo menye] xexeame ƒe akpa aɖeke o, abe alesi nye hã nyemenye xexeame ƒe akpa aɖeke o ene.” (Yohanes 17:16, NW) Dziɖuɖu akpa gãtɔ da asi ɖe Ðasefowo ƒe akpaɖekedzimademade ƒe nyametsotsoa dzi. Gake ŋutasẽdziɖuɖuwo medea bubu Biblia ƒe nudidi be Kristotɔwo naganye xexeame ƒe akpa aɖeke o la ŋu o.

Woɖe susu si ta wòle alea ɖo me le takpekpe aɖe si wowɔ le Heidelberg Yunivɛsiti, Germany, le November ƒe 2000 me la me. Takpekpea ƒe tanyae nye “Ameteteɖeanyi Kple Ame Ðokui Taʋiʋli: Yehowa Ðasefowo le Sosialist Kple Kɔmiunist Dzizizidziɖuɖuwo Te.” Ðk. Clemens Vollnhals si le Hannah-Arendt-Institute si nye Ŋutasesẽdziɖuɖu Ŋuti Numekuƒe gblɔ be: “Ŋutasẽdziɖuɖuwo ƒe ŋusẽ metɔ ɖe dunyahenyawo ko dzi o. Wodi be woatsɔ ameti bliboa ake yewo.”

Kristotɔ vavãwo mate ŋu atsɔ woƒe “ameti bliboa” ake amegbetɔ dziɖuɖu o elabena woɖe adzɔgbe be yewoatsɔe na Yehowa Mawu ɖeɖeko. Ðasefo siwo le ŋutasẽdziɖuɖuwo te la kpɔe be Dziɖuɖua ƒe nudidiwo kple yewoƒe xɔse ƒe nudidiwo tsia tre ɖe wo nɔewo ŋu ɣeaɖewoɣi. Nukae wowɔ le masɔmasɔ mawo me? Ŋutinya ɖee fia be Yehowa Ðasefowo wɔa gɔmeɖose si Yesu Kristo ƒe nusrɔ̃lawo ɖe fia la ŋudɔ le woƒe agbe me be: “Ele be míaɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.”—Dɔwɔwɔwo 5:29, NW.

Ðasefo akpe geɖe lé woƒe xɔse me ɖe asi nuteƒewɔwɔtɔe eye ne woti wo yome ŋutasesẽtɔe hã la, womedea akpa aɖeke dzi le dunyahenyawo me o. Aleke wowɔ te ŋu nɔ te ɖe nɔnɔmeawo nu? Afikae wokpɔ ŋusẽ le tsɔ wɔ esiae? Mina woa ŋutɔwo naɖo eŋu. Eye mina míakpɔ nusi Ðasefowo kple amesiwo menye Ðasefowo o siaa ate ŋu asrɔ̃ tso woƒe nuteƒekpɔkpɔwo me.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

Yehowa Ðasefo siwo le Germany la to yometiti sesẽwo me ƒe geɖe le ƒe alafa 20 lia me ŋutasẽdziɖuɖu evea siaa te

[Nya si ɖe dzesi si le axa 4]

“Ŋutasẽdziɖuɖuwo ƒe ŋusẽ metɔ ɖe dunyahenyawo ko dzi o. Wodi be woatsɔ ameti bliboa ake yewo.”

Ðk. Clemens Vollnhals

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Woxɔ Kusserow ƒe ƒomea ƒe ablɔɖe le wo si le asimaɖemaɖe le woƒe xɔse ŋu ta

[Nɔnɔmetata si le axa 4]

Wowu Johannes Harms le Nazi gaxɔ aɖe me ɖe eƒe dzixɔsewo ta