Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Hiãkame Nu Ayi Gbaɖegbea?

Ðe Hiãkame Nu Ayi Gbaɖegbea?

Ðe Hiãkame Nu Ayi Gbaɖegbea?

FIA nyanu Salomo si nɔ anyi le blema Israel gblɔ be: “Kpɔ ɖa, amesiwo wote ɖe anyi la ƒe aɖatsiwo le tsyɔtsyɔm, ke akɔfala aɖeke meli na wo o; amesiwo te wo ɖe anyi la, sẽ ŋuta le wo ŋu, ke akɔfala aɖeke meli na wo o.” (Nyagblɔla 4:1) Ðikeke mele eme o be, amesiwo wote ɖe anyi siwo nɔ susu me nɛ la dometɔ geɖe hã nye hiãtɔwo.

Menye ga ɖeɖe ko dzie woate ŋu anɔ te ɖo anya ne hiã tu ame aɖe o. Le nyatakaka aɖe si Xexeame Katã ƒe Gadzraɖoƒegã na le June 2002 me nu la, “wobu akɔnta be le ƒe 1998 me la, ame biliɔn 1.2 le xexeame godoo ye nɔa agbe ɖe ga home si mede dɔlar 1 o nu ŋkeke ɖeka . . . eye ame biliɔn 2.8 nɔa agbe ɖe esi mede dɔlar 2 o nu ŋkeke ɖeka.” Wode dzesii be togbɔ be ame xexlẽme siawo dzi ɖe kpɔtɔ wu xexlẽme siwo nɔ anyi tsã hã la, “wogakpɔtɔ sɔ gbɔ akpa le amegbetɔwo ƒe fukpekpe gome.”

Ðe hiãkame nu ayi gbaɖegbea? Yesu Kristo gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Ame dahewo li kpli mi ɖaa.” (Yohanes 12:8) Gake ɖe esia fia be hiãkame kple eme vevesesewo anɔ anyi ɖaa? Ao, elabena togbɔ be Yesu medo ŋugbe na eyomedzelawo be wo katã woava nye kesinɔtɔwo o hã la, mele be míanɔ te ɖe eƒe nyaa dzi aƒo nya ta be mɔkpɔkpɔ aɖeke meli na ame dahewo o.

Togbɔ be amegbetɔwo doa kpo nu le woƒe agbagbadzedzewo kple ŋugbe siwo wodona be yewoaɖe hiãkame ɖa la me zi geɖe hã la, Mawu ƒe Nya, Biblia ka ɖe edzi na mí be eteƒe madidi o hiãtɔwo maganɔ anyi o. Le nyateƒe me la, Yesu gblɔ ‘nyanyuia fia ame dahewo.’ (Luka 4:18) Nyanyui sia ƒe akpa aɖee nye be woaɖe hiãkame ɖa. Esia ava eme ne Mawu Fiaɖuƒea he dzɔdzɔenyenye ƒe nɔnɔmewo va anyigba dzii.

Aleke gbegbee xexea atrɔ ɣemaɣi enye si! Yesu Kristo, si woɖo Fiae le dziƒo la, “ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ.” Ẽ, “aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:13, 14.

Mixa 4:4 gblɔ le ɣeyiɣi ma ŋu be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.” Mawu ƒe Fiaɖuƒea akpɔ kuxi siwo katã le fu wɔm ameƒomea gbɔ ahaɖe dɔléle kple ku gɔ̃ hã ɖa. Mawu “ami ku saɖagatsi tegbee, eye Aƒetɔ Yehowa atutu aɖatsi ɖa le ŋkuwo katã me.”—Yesaya 25:8.

Àte ŋu aka ɖe ŋugbedodo siawo dzi elabena Mawu ŋutɔ ƒe gbɔgbɔ mee wotso. Nukata màku nusiwo ɖo kpe edzi be kakaɖedzi le Biblia ƒe nyagblɔɖiwo ŋu me akpɔ o?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

FAO photo/M. Marzot