Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dze Agbagba Nàkpɔ Amewo Abe Alesi Yehowa Kpɔa Woe Ene

Dze Agbagba Nàkpɔ Amewo Abe Alesi Yehowa Kpɔa Woe Ene

Dze Agbagba Nàkpɔ Amewo Abe Alesi Yehowa Kpɔa Woe Ene

‘Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui ye Mawu hã kpɔa nui o.’​—SAMUEL I, 16:7.

1, 2. Alekee Yehowa ƒe nukpɔsusu le Eliab ŋu to vovo na Samuel tɔe, eye nukae míate ŋu asrɔ̃ tso esia me?

LE ƑE alafa 11 lia D.M.Ŋ. me la, Yehowa dɔ eƒe nyagblɔɖila Samuel ɖe adzamedɔ aɖe gbe. Ede se na nyagblɔɖila la be wòayi ɖe ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Isai ƒe aƒeme aɖasi ami na Isai viŋutsuwo dometɔ ɖeka be wòanye fia si ava ɖu Israel dzi le etsɔme. Esi Samuel kpɔ Isai ƒe ŋgɔgbevi Eliab la, eka ɖe edzi be yeke ɖe amesi Mawu tia la ŋu. Gake Yehowa gblɔ be: “Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui [yee Mawu hã kpɔa nui] o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke Yehowa kpɔa keke dzi me ke.” (Samuel I, 16:6-8) Samuel mete ŋu kpɔ Eliab abe alesi Yehowa kpɔe ene o. *

2 Alekee wòle bɔbɔe nye si be amegbetɔwo nawɔ vodada le alesi wokpɔa ame bubuwoe me! Le go aɖe me la, amesiwo ƒe dzedzeme nya kpɔ evɔ wovlo le ememe la ate ŋu able mí. Le go bubu me la, míaƒe nya me asẽ eye míaɖe mɔ ɖe naneke ŋu kura o ne míele ŋku lém ɖe anukwareɖila siwo ƒe amenyenye doa dziku na mí ŋu.

3, 4. (a) Ne kuxi aɖe do mo ɖa ɖe Kristotɔ eve dome la, nukae wòle be wo dometɔ ɖesiaɖe naɖo kplikpaa be yeawɔ? (b) Nya kawoe wòle be míabia mía ɖokui ne masɔmasɔ sẽŋu aɖe ɖo mía kple haxɔsetɔ aɖe dome?

3 Kuxiwo ate ŋu ado mo ɖa ne míetsɔ dzitsitsi drɔ̃ ʋɔnu amewo—ate ŋu anye amesiwo míenya ƒe geɖee nye sia gɔ̃ hã. Ðewohĩ èwɔ dzre sesẽ aɖe kple Kristotɔ aɖe si nye xɔ̃wò vevi tsã. Àdi be yeadzra mía dome ɖoa? Nukae akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia?

4 Nukatae màtsɔ susu nyui akpɔ nɔviwòŋutsu alo nɔviwònyɔnu Kristotɔ la ɣeyiɣi didi o? Eye wɔ esia esime Yesu ƒe nyawo le susu me na wò be: “Ame aɖeke mate ŋu ava gbɔnye o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o.” (Yohanes 6:44) Emegbe bia ɖokuiwò be: ‘Nukatae Yehowa he amesia va Via gbɔe? Nɔnɔme nyui kawoe le amesia si? Ðe meŋea aɖaba ƒua nɔnɔme siawo dzi alo bua wo be womeɖi naneke oa? Nuka koŋue na míedze xɔ̃ mía nɔewo gbã ya? Nukae hem ɖe amesia ŋu?’ Gbã la, asesẽ na wò be nàbu nɔnɔme nyuiwo ŋu, vevietɔ ne dziku le dɔ me na wò ɖe eŋu hena ɣeyiɣi aɖe. Gake esia nye mia kple evea dome dzadzraɖo ƒe afɔɖeɖe vevi aɖe. Be míawɔ alesi woate ŋu awɔ esiae ƒe kpɔɖeŋu la, mina míadi nɔnɔme nyuiwo le ŋutsu eve aɖewo siwo ŋu woƒoa nu gbegblẽ le ɣeaɖewoɣi la ŋu. Woawoe nye nyagblɔɖila Yona kple apostolo Petro.

Susu Nyui Tsɔtsɔ Akpɔ Yonae

5. Dɔ kae wode Yona si, eye alekee wòwɔ nu ɖe eŋui?

5 Yona nye nyagblɔɖila le dziehe Israel fiaɖuƒea me le Yoas-vi, Fia Yerobeam II, ŋɔli. (Fiawo II, 14:23-25) Gbeɖeka la, Yehowa de se na Yona be wòadzo le Israel azɔ mɔ ayi Niniwe, si nye Asiria-fiaɖuƒe sẽŋu la ƒe fiadu me. Nuka wɔgee wòyina? Be wòaɖaxlɔ̃ nu dua me tɔwo be wogbɔna woƒe dugã xɔŋkɔa tsrɔ̃ ge. (Yona 1:1, 2) Le esi teƒe be Yona nawɔ ɖe Mawu ƒe mɔfiafia dzi la, esi le enu! Eɖo meli aɖe si yina Tarsis, si gbɔ didi ʋĩ tso Niniwe gbɔ.—Yona 1:3.

6. Nukatae Yehowa tia Yona be wòayi Niniwe?

6 Nukae vaa susu me na wò ne èbu Yona ŋu? Ðe nèbua eyama be enye nyagblɔɖila sẽtoa? Ŋkumalémalé ɖe eyama ŋu nyuie ate ŋu ana míaƒo nya ta alea. Gake ɖe Mawu tia Yona be wòanye nyagblɔɖila le esi wònye tosẽla taa? Kura o! Nɔnɔme nyui aɖewo anɔ Yona si godoo. Bu nyagblɔɖila ƒe dɔ siwo wòwɔ ŋu kpɔ.

7. Nɔnɔme kawo mee Yona nɔ Yehowa subɔm le le Israel, eye alekee esia nyanya wɔ dɔ ɖe alesi nèkpɔnɛ dzie?

7 Le nyateƒe me la, Yona wɔ dɔ nuteƒewɔwɔtɔe le Israel, si nye afisi amewo ƒe to tri ŋutɔ le. Nyagblɔɖila Amos, si nɔ anyi le Yona ŋɔli lɔƒo, ɖɔ Israel-vi siwo nɔ anyi ɣemaɣi be wonye ŋutilã me dzidzɔdonuwo lɔ̃lawo. * Nu gbegblẽwo nɔ dzɔdzɔm le anyigbaa dzi, gake Israel-viawo metsɔ ɖeke le eme kura o. (Amos 3:13-15; 4:4; 6:4-6) Ke hã, Yona yi edzi wɔ dɔ si wode esi be wòaɖe gbeƒã na wo la nuteƒewɔwɔtɔe. Ne ènye nyanyuigbeƒãɖela la, ènya alesi wòsesẽe be woaƒo nu na ɖokuiŋudzelawo kple ɖekematsɔlemetɔwo. Eyata togbɔ be míanɔ asi tɔm Yona ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi hã la, migana míaŋe aɖaba aƒu nuteƒewɔwɔ kple dzidodo ƒe nɔnɔme siwo nɔ esi esime wònɔ gbeƒã ɖem na Israel-vi siwo si xɔse menɔ o la dzi o.

8. Kuxi kawoe adze ŋgɔ Israel nyagblɔɖila le Niniwe?

8 Niniwe yiyi ƒe dɔdasia ya gɔ̃ hã sẽ wu. Ehiã be Yona nazɔ afɔ abe kilometa 800 ene—si nye mɔzɔzɔ sesẽ aɖe si axɔ ɣleti ɖeka ya teti—hafi aɖo dugã ma me. Ne nyagblɔɖila la ɖo afima la, ele be wòaɖe gbeƒã na Asiriatɔ, siwo ƒe ŋkɔ de dzi le woƒe ŋutasẽnuwɔwɔ ta la. Wolɔ̃a ŋutasẽnu nyɔŋuwo wɔwɔ le woƒe aʋawɔwɔwo me. Woƒoa adegbe gɔ̃ hã le woƒe nuvlowɔwɔa ŋu. Eyata mewɔ nuku be woyɔ Niniwe be “hlɔ̃dodu” o!—Naxum 3:1, 7.

9. Nɔnɔme kawoe Yona ɖe fia esime ahom sesẽ aɖe do ŋɔdzi na ƒudzidelaawo?

9 Esi wòsesẽ na Yona be wòawɔ ɖe Yehowa ƒe sea dzi ta la, eɖo meli si tsɔe to mɔ bubu dzo le eƒe dɔdasia gbɔ ʋĩ. Ke hã, Yehowa meɖe asi le eƒe nyagblɔɖilaa ƒe nya me alo wɔ ɖoɖo be ame bubu naxɔ ɖe eteƒe o. Ke boŋ Yehowa ɖe afɔ tsɔ kpe ɖe Yona ŋui be wòanyɔ le eɖokui me. Mawu na ahom sesẽ aɖe tu le atsiaƒua dzi. Ƒutsotsoeawo nɔ meli si me Yona nɔ la nyamam. Ame maɖifɔwo ƒe agbe ɖo afɔku me, le Yona ta! (Yona 1:4) Alekee Yona awɔ nui? Esi Yona medi be ƒudzidela siwo le melia me nabu woƒe agbe le ye ta o ta la, egblɔ na wo be: “Mikɔm ƒu gbe ɖe ƒua me, ekema ƒua adze anyi le mia ŋu godoo; elabena menyae be, tanyee ahom gã sia va mia dzi ɖo.” (Yona 1:12) Susu aɖeke meli si ta Yona nabu be ne ƒudzidelaawo tsɔ ye ƒu gbe ɖe ƒua me mlɔeba la, Yehowa aɖe ye o. (Yona 1:15) Gake Yona lɔ̃ faa be yeaku ale be ƒudzidelaawo nagatsrɔ̃ o. Ðe míekpɔ dzinɔameƒo, ɖokuibɔbɔ, kple lɔlɔ̃ ƒe nɔnɔmewo le esia me oa?

10. Nukae dzɔ esime Yehowa gbugbɔ Yona ƒe dɔdasia nɛ?

10 Mlɔeba la, Yehowa ɖe Yona. Ðe nɔnɔme si Yona ɖe fia fifia la wɔe be magadze asubɔ Mawu le ɖoƒe si wòle la akpɔ oa? Ao, Yehowa tsɔ nublanuikpɔkpɔ kple lɔlɔ̃ gbugbɔ dɔ si wòde nyagblɔɖilaa si be wòaɖaɖe gbeƒã na Niniwetɔwo la de esi. Esi Yona ɖo Niniwe la, etsɔ dzinɔameƒo gblɔ na dua me tɔwo be Mawu le nuvɔ̃ gã siwo wɔm wole la kpɔm eye be ŋkeke 40 koe susɔ woatsrɔ̃ woƒe dugã la. (Yona 1:2; 3:4) Le Yona ƒe gbedasi si le tẽ la sese megbe la, Niniwetɔwo trɔ dzime, eye woƒe dua megaxa tsrɔ̃ o.

11. Nukae ɖee fia be Yona srɔ̃ nu vevi aɖe?

11 Ke hã, nukpɔsusu nyuitɔ menɔ Yona si o kokoko. Gake Yehowa to kpɔɖeŋu nyui aɖe dzi kpe ɖe Yona ŋu dzigbɔɖitɔe be wòanyae be Yekpɔa nu dea ŋgɔ wu ame ƒe dzedzeme ko. Edzroa dzi la me. (Yona 4:5-11) Nyateƒe si wònye be Yona srɔ̃ nu vevi aɖe le esia me la dze le nusi eya ŋutɔ ŋlɔ ɖi anukwareɖiɖitɔe la me. Eƒe lɔlɔ̃ faa be yeagblɔ yeƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo tsitotsito le mɔ si doa ŋukpe ame nu gaɖoa kpe eƒe ɖokuibɔbɔ dzi ɖe edzi. Ebia dzinɔameƒo be woalɔ̃ ɖe vodada dzi!

12. (a) Alekee míewɔ nya be Yesu bua amewo abe alesi Yehowa hã bua woe ene? (b) Nukpɔsusu ka ƒe dzie wode ƒo na mí be wòanɔ mía si ɖe amesiwo míeɖea gbeƒã nyanyuia na ŋu? (Kpɔ aɖaka si le axa 18.)

12 Ƒe alafa geɖewo megbe la, Yesu Kristo gblɔ nya nyui aɖe le Yona ƒe agbemenudzɔdzɔ aɖe ŋu. Egblɔ be: “Abe alesi Yona nɔ ƒumelãtsu ƒe dɔ me xɔ ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃ la, nenema ke amegbetɔvi la anɔ anyigba ƒe tu me ŋkeke etɔ̃ kple zã hã etɔ̃.” (Mateo 12:40) Ne wofɔ Yona ɖe tsitre la, asee be Yesu tsɔ ɣeyiɣi si Eya ŋutɔ anɔ yɔdo me la sɔ kple nyagblɔɖila la ƒe ɣeyiɣi madeamedzi sia. Ðe menye dzidzɔ na mí be míele Mawu si meɖea asi le esubɔlawo ƒe nya me ne wowɔ vodadawo la subɔm oa? Hakpala la ŋlɔ bena: “Alesi fofo ƒe dɔme trɔna ɖe viawo ŋui la, nenema Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe amesiwo vɔ̃nɛ la ŋui. Elabena enya míaƒe wɔwɔme, eɖoa ŋui be, kewɔ míenye.” (Psalmo 103:13, 14) Le nyateƒe me la, “kewɔ” sia—hekpe ɖe ame madeblibo siwo li egbea ŋu—ate ŋu awɔ nu geɖe le Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kpekpeɖeŋu me!

Petro Ŋuti Nukpɔsusu si Da Sɔ

13. Petro ƒe nɔnɔme kawo dzie míaɖo ŋkui, gake nukatae Yesu tiae be wòanye apostolo?

13 Azɔ mina míade ŋugble le kpɔɖeŋu evelia ŋu, si nye apostolo Petro tɔ. Ne wobia wò be nàɖɔ Petro la, nɔnɔme siwo nye dzitsitsi, dzimagbɔɖi, kple dada gɔ̃ hã dzie nàɖo ŋkui enumakea? Ele eme be Petro ɖe nɔnɔme siawo tɔgbe fia ɣeaɖewoɣi ya. Gake ɖee Yesu atia Petro be wòanye yeƒe apostolo 12-awo dometɔ ɖeka ne Petro nye dzitsila, dzimagbɔɖila, alo dadala nyateƒea? (Luka 6:12-14) Kura o! Edze ƒã be Yesu kpɔ nu de ŋgɔ wu gbɔdzɔgbɔdzɔ siawo eye wòkpɔ Petro ƒe nɔnɔme nyuiwo dze sii.

14. (a) Nukae ate ŋu aɖe Petro ƒe nuƒoƒo gbã la me? (b) Nukatae wòle be míada akpe be Petro biaa nya edziedzi?

14 Petro xɔa nya ɖe apostolo bubuawo nu ɣeaɖewoɣi. Ame aɖewo abui be esia ɖo kpe edzi be mebɔbɔa eɖokui o. Gake nenemae nyaa le tututua? Wobui be Petro anya nye xoxo na apostolo bubuawo—ɖewohĩ be etsi wu Yesu ŋutɔ hã. Ne ema nye nyateƒe la, esia akpe ɖe mía ŋu míaɖe nusitae Petro trea nuƒoƒo zi geɖe la me. (Mateo 16:22) Gake nu bubu aɖe gali si ŋu wòle be míabu. Petro nye gbɔgbɔmeme. Sidzedze si wòdi vevie be nesu ye si lae ʋãe be wòabia nyawo. Esia ɖe vi na mí. Yesu gblɔ nya vevi geɖewo le Petro ƒe biabiawo ŋuɖoɖo me, eye woŋlɔ esiawo ɖe Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Petro ƒe nya aɖe ŋuɖoɖo mee Yesu ƒo nu tso “xɔnuvi nuteƒewɔla” la ŋu le. (Luka 12:41-44) Eye bu nya si Petro bia be, “Míawo míegblẽ nuwo katã ɖi, eye míedze yowòme: nuka gɔ̃e lanye mía tɔ mahã?” la ŋu kpɔ. Esiae wɔe be Yesu do ŋugbe doŋusẽame sia be: “Amesiame, si ke gblẽ nɔviŋutsuwo alo nɔvinyɔnuwo alo fofo alo dada alo srɔ̃ alo viwo alo abɔwo alo xɔwo ɖi le nye ŋkɔ ŋuti la, elaxɔ teƒeɖoɖo geɖe, eye anyi agbe mavɔ dome.”—Mateo 15:15; 18:21, 22; 19:27-29.

15. Nukatae míate ŋu agblɔe be Petro nye nuteƒewɔla nyateƒe?

15 Nɔnɔme nyui bubu nɔ Petro si—enye nuteƒewɔla. Esi nusrɔ̃lawo dometɔ geɖe trɔ le Yesu yome le esi womese eƒe nufiafiawo dometɔ ɖeka gɔme o la, Petroe ƒo nu ɖe apostolo 12-awo nu hegblɔ be: “Aƒetɔ, ameka gbɔ gɔ̃ míaʋu ayi mahã? Agbe mavɔ nyawo le asiwò.” (Yohanes 6:66-68) Aleke gbegbee nya mawo ado dzidzɔ na Yesu ƒe dzi enye si! Emegbe, esime nuvlowɔha aɖe va Aƒetɔ la léƒe la, eƒe apostoloawo ƒe akpa gãtɔ si. Gake Petro nɔ ameha la yome le adzɔge hege ɖe nunɔlagã la ƒe xɔxɔnu ŋutɔ. Dzinɔameƒoe wòtsɔ yi ɖe afimae, menye klẽnɔnyenyee o. Esime wonɔ gbe biam Yesu la, Petro yi ɖanɔ Yudatɔ siwo nɔ dzo si nɔ xɔxɔm nyuie ƒum la dome. Nunɔlagã la ƒe subɔviawo dometɔ ɖeka kpɔe dze sii hetsɔ nya ɖe eŋu be enɔ Yesu ŋu. Ẽ, Petro gbe nu le eƒe Aƒetɔ gbɔ, gake mina míagaŋlɔ be o be nuteƒewɔwɔ kple ɖetsɔtsɔ le Yesu mee kplɔ Petro de afɔku ƒe nɔnɔme ma, si apostolo akpa gãtɔ medi be yewoadze ŋgɔe kura o me.—Yohanes 18:15-27.

16. Susu nyui kae míetsɔ de ŋugble le Yona kple Petro ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋui?

16 Petro ƒe nɔnɔme nyuiwo ƒo eƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ta sasasã. Nenemae wòle le Yona hã gome. Abe alesi míetsɔ nukpɔsusu nyui kpɔ Yona kple Petro wu alesi míebua wo do ŋgɔe ene la, nenemae wòle be míamla mía ɖokuii be míatsɔ nukpɔsusu nyui anɔ míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo li egbea kpɔmee. Esia wɔwɔ ana be mía kpli wo dome ƒomedodo me nanyo ɖe edzi. Nukatae esia hiã vevie?

Nusi Míesrɔ̃ la Dede Dɔwɔna me Egbea

17, 18. (a) Nukatae masɔmasɔ ate ŋu aɖo Kristotɔwo dome? (b) Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míakpɔ mía kple haxɔsetɔwo dome nya sesẽwo gbɔ?

17 Ŋutsu, nyɔnu, kple ɖevi siwo ƒe nɔnɔme le vovovo eye woƒe ganya kple agbalẽnyanya le vovovo eye wonye ameƒomevi vovovowo lae wɔ ɖeka le Yehowa subɔm egbea. (Nyaɖeɖefia 7:9, 10) Amenyenye vovovo kawoe nye esi míekpɔna le Kristo-hamea me! Esi wònye be míele Mawu subɔm ɖekae ta la, masɔmasɔwo ado mo ɖa ɣeaɖewoɣi godoo.—Romatɔwo 12:10; Filipitɔwo 2:3.

18 Togbɔ be míekpɔa mía nɔviwo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo hã la, míeɖoa susu wo ŋu o. Míedzea agbagba be míasrɔ̃ Yehowa, amesi ŋu hakpala la dzi ha le be: “Yehowa, ne ebe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?” (Psalmo 130:3) Le esi teƒe be míanɔ ŋku lém ɖe amewo ƒe nɔnɔme siwo ahe mama ade mía dome ŋu la, ‘míetia nusiwo hea ŋutifafa vɛ kple nusiwo tua ame nɔewo ɖo la yome.’ (Romatɔwo 14:19) Míedzea agbagba be míakpɔ amewo abe alesi Yehowa kpɔa woe ene, aŋe aɖaba aƒu gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi ahaɖo susu nɔnɔme nyuiwo ŋu. Ne míewɔ esia la, ekpena ɖe mía ŋu be ‘míahe adodo kple mia nɔewo.’—Kolosetɔwo 3:13.

19. Gblɔ afɔ siwo Kristotɔ ate ŋu aɖe le masɔmasɔ sesẽwo gbɔ kpɔkpɔ me.

19 Ke ne nugɔmemasemase siwo gbɔ míate ŋu akpɔ le míaƒe dzi me o ya do mo ɖa ɖe? (Psalmo 4:5) Ðe esia dzɔ ɖe mia kple haxɔsetɔ aɖe domea? Nukatae màdze agbagba akpɔ nyaa gbɔ o? (Mose I, 32:13-15) Gbã la, te ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me nàbia eƒe mɔfiafia. Emegbe, esime amea ƒe nɔnɔme nyuiwo le susu me na wò la, te ɖe eŋu “le nunya ƒe dɔmefafa me.” (Yakobo 3:13) Gblɔ nɛ be yedi be yeawɔ ŋutifafa kplii. Ðo ŋku aɖaŋuɖoɖo si tso gbɔgbɔ me la dzi be: “[Ðe] abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu hã le dziku me.” (Yakobo 1:19) Aɖaŋu si woɖo be ‘woanɔ blewu le dziku me’ la fia be ame kemɛa awɔ nane alo agblɔ nya aɖe si ate ŋu ado dziku na wò. Ne ema dzɔ la, bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàlé ɖokuiwò. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Ðe mɔ na nɔviwòa wòaƒo nu, eye nàɖo toe nyuie. Ne mèda asi ɖe nusianu si gblɔm wòle dzi o gɔ̃ hã la, mègatso nya ɖe enu o. Ðewohĩ eƒe nukpɔsusu masɔ o, gake eƒe nukpɔsusue nye ma. Dze agbagba nàkpɔ kuxia abe alesi wòle ekpɔmee ene. Ema abia be nàkpɔ ɖokuiwò abe alesi nɔviwòa le kpɔwòmee ene.—Lododowo 18:17.

20. Ne èle masɔmasɔwo dzram ɖo la, afɔ bubu kawo ɖeɖee ate ŋu ana woawɔ ŋutifafaa?

20 Ne eɖo dziwò be nàƒo nu la, ƒo nua tufafatɔe. (Kolosetɔwo 4:6) Gblɔ nusi dzɔa dzi na wò le nɔviwòa ŋu nɛ. Ðe kuku ɖe nusi nèwɔ si na masɔmasɔa me sẽ ɖe edzi la ta. Ne agbagba siwo nèdze ɖokuibɔbɔtɔe na míewɔ ɖeka la, da akpe na Yehowa. Ne womena miewɔ ɖeka o la, yi edzi nànɔ mɔfiafia biam Yehowa esime nèle mɔnukpɔkpɔ bubu siwo dzi nàto awɔ ŋutifafa la dim.—Romatɔwo 12:18.

21. Alekee numedzodzro sia kpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ amewo abe alesi Yehowa kpɔa woe ene?

21 Yehowa lɔ̃ esubɔlawo katã. Enye dzidzɔ nɛ be yeazã mí katã le eƒe subɔsubɔdɔa me metsɔ le míaƒe blibomademade me o. Ne míeyi edzi le nu srɔ̃m tso alesi wòkpɔa amewoe ŋu la, lɔlɔ̃ si le mía si na mía nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo la adzi ɖe edzi. Ne lɔlɔ̃ si le mía si na hati Kristotɔ aɖe nu tsi la, míate ŋu agade dzo eme ake. Yayra kae nye si wòanye na mí ne míeɖoe kplikpaa dze agbagba be míaɖe amewo ŋuti nukpɔsusu nyuiwo afia—ẽ, be míakpɔ wo abe alesi Yehowa kpɔa woe ene!

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 1 Eva dze emegbe be nɔnɔme siwo woadi be wòanɔ fia si adze aɖu Israel dzi la menɔ Eliab dzeɖekɛ la si o. Esi Filistitɔ dzɔtsu Goliat tɔ gbe Israel-viawo be woakpe aʋa kpli ye la, ŋɔdzi lé Eliab, kpakple Israel-ŋutsu bubuwo ŋutɔ.—Samuel I, 17:11, 28-30.

^ mm. 7 Le aʋadziɖuɖu gã aɖewo kple anyigba xoxo la gbugbɔgaxɔ kpakple adzɔ si esia na wova nɔ xɔxɔm ta la, edze ƒã be Yerobeam II dze agbagba dzi dziehe fiaɖuƒea ƒe kesinɔnuwo ɖe edzi.—Samuel II, 8:6; Fiawo II, 14:23-28; Kronika II, 8:3, 4; Amos 6:2.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Aleke Yehowa kpɔa esubɔla wɔnuteƒewo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwoe?

• Yona kple Petro ƒe nɔnɔme nyui kawoe nàte ŋu agblɔ?

• Nɔviwò Kristotɔwo ŋuti nukpɔsusu kae nèɖo kplikpaa be wòanɔ ye si?

[Biabiawo]

[Aɖaka si le axa 18]

Bu Alesi Mawu Kpɔa Amewoe Ŋu

Esi nèle ŋugble dem le Biblia me nuŋlɔɖi si ku ɖe Yona ŋu ŋuti la, ɖee nèkpɔe be ehiã be amesiwo nèɖea gbeƒã nyanyuia na ŋuti nukpɔsusu yeye nasu ye sia? Woadze abe amesiwo nye ɖokuiŋudzelawo alo ɖekematsɔlemelawo ene, abe Israel-viawo ene, alo woatsi tre ɖe Mawu ƒe gbedasia ŋu. Ke hã, alekee Yehowa Mawu kpɔa woe? Amesiwo nye ame ŋkutawo le nuɖoanyi sia me gɔ̃ hã ate ŋu ava trɔ ɖe Yehowa ŋu gbeɖeka, abe alesi Yona ƒe gbeƒãɖeɖea na Niniwe-fia trɔ dzimee ene.—Yona 3:6, 7.

[Nɔnɔmetata si le axa 15]

Ðe nèkpɔa amewo abe alesi Yehowa kpɔa woe enea?

[Nɔnɔmetata si le axa 16, 17]

Yesu kpɔ nu nyui aɖe gblɔ le Yona ƒe nudzɔdzɔa ŋu