Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia—Eƒe Agbe Va Trɔ Keŋkeŋ

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia—Eƒe Agbe Va Trɔ Keŋkeŋ

“Mite Ðe Mawu Ŋu, Eye Wòate Ðe Mia Ŋu”

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia​—Eƒe Agbe Va Trɔ Keŋkeŋ

ALEKE dzidzɔ kple gɔmesese megava nɔ agbe ŋu na Matsepang o enye si! Enye ɖetugbivi aɖe le Lesotho, si nye dukɔ aɖe si South Africa nyigba ƒo xlãe va kpe ɖo. Katolikoha mee wonyi Matsepang le. Gake le esi teƒe be woakpe ɖe eŋu wòate ɖe Mawu ŋu la, nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo wɔ ŋlɔmi le eŋu ƒe geɖe eye wotsɔa ga blea enui be wòanɔ agbegbegblẽ kpli yewo.

Esia wɔe be Matsepang megava tsɔa ɖeke le mawusubɔsubɔ me o eye mexɔe se be Wɔla lɔ̃ame aɖe li si léa be na eƒe nuwɔwɔ siwo nye amegbetɔ o. Bemalémalé kple ŋlɔmiwɔwɔ si me Matsepang to la de abi eƒe seselelãme ŋu vevie eye wòsena le eɖokui me be viɖe megale ye ŋu kura o. Etsi va zu ŋutasẽla kple dzikudola. Esia kplɔe de nuvlowɔwɔ me.

Mlɔeba Matsepang va zu nuvlowɔha aɖe si daa adzo amewo le keteke me la me tɔ. Wolée hedee mɔ le South Africa. Emegbe wonyae ɖo ɖe wo de Lesotho, afisi wòyi nuvlowɔwɔ, ahamumu, ŋutasẽnuwɔwɔ, kple agbegbegblẽnɔnɔ dzi le.

Ɣeaɖeɣi si Matsepang lé blanui vevie la, edo gbe ɖa na Mawu vevie be wòakpe ɖe ye ŋu. Edo ŋugbe be, “Mawu, ne mehaya la, mawɔ nusianu si mate ŋui be masubɔ wò.”

Eteƒe medidi o dutanyanyuigblɔla siwo nye Yehowa Ðasefowo te ɖe Matsepang ŋu. Wobia be yewoasrɔ̃ Biblia kplii. Le nua sɔsrɔ̃ me la, eva kpɔe dze sii be menye ɖee Mawu metsɔ ɖeke le eme alo be meléa be na mí o. Le nyateƒe me la, ede dzesii be Satana, “aʋatsokafofo” la, zãa ayedzedze kple amebeble ƒe mɔnuwo tsɔ naa ame aɖewo sena le wo ɖokui me be yewomeɖi naneke o eye wònana woxɔnɛ sena be Yehowa mate ŋu alɔ̃ yewo gbeɖe o.—Yohanes 8:44; Efesotɔwo 6:11.

Ðe esia teƒe la, aleke Matsepang ƒe dzi dze emee enye si esime wòsrɔ̃e be bubu ate ŋu anɔ mía ŋu ne míetrɔ dzime tso nuvɔ̃ siwo míewɔna me, bia Mawu ƒe tsɔtsɔke, hedze agbagba be míawɔ nusi dzea eŋu! Wokpe ɖe eŋu wòse egɔme be ‘Mawu nye gã wu míaƒe dzi’ eye ebua mí le mɔ si ato vovo kura tso alesi míekpɔa mía ɖokuii gbɔ la nu.—Yohanes I, 3:19, 20.

Dzi dzɔ Matsepang ŋutɔ esi wòxlẽ hakpala Dawid ƒe nya siawo be: “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ, eye wòxɔna na amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi.” (Psalmo 34:19) Abe “amesiwo ƒe gbɔgbɔ woƒo ƒu anyi” dometɔ ɖeka ene la, eva kpɔe dze sii be Yehowa megblẽa esubɔlawo ɖi o, ne dzi ɖe le wo dometɔ aɖewo ƒo alo wose le wo ɖokui me be yewo mele vevie o gɔ̃ hã. Edzɔ dzi nɛ esi wòse be Mawu léa be na eƒe alẽwo katã heléa wo ɖe te le nɔnɔme sesẽwo me. (Psalmo 55:23; Petro I, 5:6, 7) Nya siwo wɔ dɔ ɖe eyama dzi wu enye: “Mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu.”—Yakobo 4:8.

Eteƒe medidi o Mawu ƒe Nya, Biblia ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi va dze le Matsepang ƒe agbenɔnɔ me. Ete Kristotɔwo ƒe kpekpewo dede edziedzi eye wòɖe asi le nuwɔna siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o ŋu. Nukae do tso eme? Megasena le eɖokui me be yemedze be Mawu nalɔ̃ ye ahakpɔ nublanui na ye azɔ o. Tso esime wòxɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo la, ezã gaƒoƒo akpe geɖe le gbeƒã ɖem Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me. Togbɔ be Matsepang se veve va yi hã la, ele agbe si me dzidzɔ le eye wòɖɔ ʋu la nɔm fifia. Ŋusẽ si le Biblia ŋu be wòana amewo ƒe agbenɔnɔ nanyo ɖe edzi ƒe kpɔɖeŋu kae nye si!—Hebritɔwo 4:12.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Mawu, ne mehaya la, mawɔ nusianu si mate ŋui be masubɔ wò”

[Aɖaka si le axa 9]

Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Wɔa Dɔ

Biblia ƒe gɔmeɖose siwo fa akɔ na amesiwo ŋu wosẽ ŋuta le la dometɔ aɖewo enye:

“Mele ŋugble geɖe dem le nye dzi me, ke wò [Mawu ƒe] akɔfaname doa dzidzɔ na nye luʋɔ.” (Psalmo 94:19) “Akɔfaname” siwo le Yehowa ƒe Nya me nyea akɔfafa tsoƒe gã aɖe. Wo ŋu bubu le ŋugblẽdeɣiwo kple gbedoɖaɣiwo me nana woɖua dzimaɖitsitsi ƒe tamesusuwo dzi hetua kakaɖedzi ɖo ɖe Mawu me be enye Xɔlɔ̃ senugɔme.

“Eya [Yehowa] amesi daa gbe le amesiwo ƒe dzi gbã la ŋu, eye woblaa woƒe abiwo.” (Psalmo 147:3) Ne míekpɔa ŋudzedze ɖe Yehowa ƒe nublanuikpɔkpɔ kple ɖoɖo si wòwɔ tsɔ xe fe ɖe míaƒe nuvɔ̃wo ta to Yesu ƒe tafevɔsaa dzi ŋu la, míate ŋu atsɔ kakaɖedzi ate ɖe Mawu ŋu eye míaƒe dzi magabu fɔ mí azɔ o. Esia ate ŋu ahe susu me ƒe akɔdzeanyi kple akɔfafa si ɖeke mesɔ kpli o vɛ.

“Ame aɖeke mate ŋu ava [nye Yesu Kristo gbɔ] o, ne menye Fofo, si dɔm ɖa lae hee vɛ o, eye nye la mafɔe ɖe tsitre le nuwuwuŋkeke la dzi.” (Yohanes 6:44) Yehowa ŋutɔ toa eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kple Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa dzi hea mí ɖe Via ŋu henaa agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔ mí.