Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Do Tadedeagu Vavãtɔ Ðe Dzi le “Ararat-Nyigba” Dzi

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Do Tadedeagu Vavãtɔ Ðe Dzi le “Ararat-Nyigba” Dzi

Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ Do Tadedeagu Vavãtɔ Ðe Dzi le “Ararat-Nyigba” Dzi

Vifofo Armeniatɔ aɖe si si vi etɔ̃ le eye eƒe ta ƒo wɔ enye ma le tsitre ɖe dukɔa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ ŋkume. Eya kple eƒe haxɔsetɔ geɖewo ƒe ablɔɖe ɖo nya me. Ʋɔnua nɔ to dzi esi wòyɔ nya tso Biblia me tsɔ ɖe eƒe dzixɔsewo mee. Be míase alesi ʋɔnunya sia va zu dziɖuɖukpɔkpɔ na tadedeagu vavãtɔ le anyigba ma dzii gɔme la, mina míadzro alesi nyawo va yii me.

ARMENIA le Turkey ƒe ɣedzeƒekpa dzi le Caucasus-togbakawo ƒe anyiehe gome ko. Dukɔmeviawo sɔ gbɔ wu miliɔn etɔ̃. Afisi dukɔa ƒe fiadu, Yerevan, le la na be Ararat-towo ƒe kɔkɔƒe eveawo dzena nyuie wokpɔna le adzɔge ɖaa, si nye afisi ŋutinya fia be Noa ƒe aɖakaʋua va tsi le Tsiɖɔɖɔ si ɖe xexeame katã la megbe.—Mose I, 8:4. *

Yehowa Ðasefowo nɔ woƒe Kristotɔwo ƒe dɔwo wɔm le Armenia tso ƒe 1975 me ke. Esi Armenia xɔ ɖokuisinɔnɔ le ƒe 1991 tso Soviet Union si nɔ anyi tsã ƒe dziɖuɖu te megbe la, woɖo Dukɔa ƒe Aɖaŋudeha na Subɔsubɔnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ be wòade subɔsubɔhawo ƒe ŋkɔwo agbalẽ me le se nu. Gake zi gbɔ zi geɖe la, dɔwɔƒe sia gbe Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkɔ dede agbalẽ me, eye susu vevitɔ si tae nye woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me léle ɖe asi. Esia wɔe be tso ƒe 1991 me la, wotsɔ nya ɖe sɔhɛ Ðasefo siwo wu 100 ŋu le Armenia eye wode wo dometɔ geɖe gaxɔ me ɖe woƒe nyametsotso si nɔ te ɖe Biblia dzi be yewomawɔ asrafodɔ o ta.

Dɔwɔƒea bia tso dziɖuɖua ƒe senyawo gbɔkpɔƒe si be wòaku nu me atso Lyova Margaryan, si nye Kristotɔ hamemegã dɔwɔla veviedola aɖe si le dɔ wɔm le nutoa ƒe atɔmik elektrik dɔwɔƒea ƒe subɔsubɔdɔwɔnawo ŋu. Mlɔeba la, wonɔ te ɖe Dukplɔsea me Se 244 lia si nye se si woɖe tso Soviet dziɖuɖua ƒe se siwo wozã le Khrushchev ŋɔli me, kple taɖodzinu be woatsɔe axe mɔ ɖe Yehowa Ðasefowo kple subɔsubɔha bubuwo nu, la dzi tsɔ nya ɖe Nɔviŋutsu Margaryan ŋu be edze sea me.

Sedede ma gblɔ be enye hlɔ̃nu be woaɖo subɔsubɔha ƒe ƒuƒoƒo aɖe alo anɔ enu, eye woawɔ abe subɔsubɔha la ƒe dzixɔsewoe wole gbeƒã ɖemee ene, ‘able sɔhɛwo nu be woade subɔsubɔha si womede agbalẽ me o ƒe kpekpewo’ eye ‘woakpɔ ŋusẽ ɖe emenɔlawo dzi be woagbe woƒe dukɔmevinyenye ƒe agbanɔamedziwo tsɔtsɔ.’ Amenutsola la te tɔ ɖe edzi be ɖeviwo nɔa kpekpe siwo dzi kpɔm Nɔviŋutsu Margaryan le me le dugã si nye Metsamor la me. Amenutsola la tsɔ nya ɖe Nɔviŋutsu Margaryan ŋu hã be eblea hamea me tɔ siwo nye sɔhɛwo nu be woagbe asrafodɔ wɔwɔ.

Ʋɔnunya la Dze Egɔme

Nyadɔdrɔ̃a dze egɔme Fiɖa, July 20, 2001, le Armavir nutoa ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe, eye Ʋɔnudrɔ̃lagã Manvel Simonyan ye nɔ nyaa gbɔ kpɔm. Nyadɔdrɔ̃a yi edzi ʋuu va ɖo August me. Amenutsolawo ƒe ɖasefowo va lɔ̃ ɖe edzi mlɔeba le woƒe nyameʋuʋu me be Dɔwɔƒe si Kpɔa Dukɔa ƒe Dedienɔnɔnyawo Gbɔ (si nye KGB tsã) ƒe amedɔdɔwoe gblɔ nya siwo yewoŋlɔ ɖe Nɔviŋutsu Margaryan ŋu la me nya aɖewo na yewo be yewoaŋlɔ eye be ɖe wozii ɖe yewo dzi hã be yewoade asi nya mawo te. Le wo dometɔ ɖeka me la, nyɔnu aɖe ʋu eme be Dedienɔnɔ Dɔwɔƒea ƒe tatɔ aɖee tsɔ nya de ye nu bene yeatso “Yehowa Ðasefowo [nu be] wotsi tre ɖe míaƒe dziɖuɖua kple subɔsubɔ ŋu.” Nyɔnua ʋu nya me be ye ŋutɔ yemedze si Yehowa Ðasefo aɖeke o ke boŋ ɖeko yesenɛ woƒoa nu tsia tre ɖe wo ŋu le Dukɔa ƒe television dzi.

Esi wòɖo Nɔviŋutsu Margaryan dzi be wòaƒo nu la, egblɔ be ɖevi sue siwo dea Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo la vana le wo dzilawo ƒe mɔɖeɖe nu. Eɖe eme hã be ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe asrafodɔ wɔwɔ nye. Amenutsola la ƒe gbebiamewo yi edzi ŋkeke geɖe. Nɔviŋutsu Margaryan zã Biblia eye wòtsɔ tufafa ɖo nya siwo katã wobiae ku ɖe eƒe dzixɔsewo ŋu la ŋui, esime amenutsola ŋutɔ hã nɔ Ŋɔŋlɔawo dzi kpɔm le eya ŋutɔ ƒe Biblia me.

Le September 18, 2001, dzi la, ʋɔnudrɔ̃la la tso nya me be Margaryan “meɖi fɔ o,” eye wògblɔ be “hlɔ̃nuwɔwɔ aɖeke kura medze” le eƒe dɔwɔnawo me o. Wota numeɖeɖe tsitotsito ku ɖe ʋɔnunya sia ŋu le Associated Press nyadzɔdzɔgbalẽ me. Egblɔ be: “Woɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ŋgɔnɔla aɖe si le Armenia tso nya me egbea esi wotsɔ nya ɖe eŋu be ele dzime trɔm na amewo sesẽe eye wòle eƒom ɖe sɔhɛwo nu be woasi le asrafodɔ wɔwɔ nu. Le nyadɔdrɔ̃ si xɔ dzinu eve megbe la, Ʋɔnua gblɔ be kpeɖodzi boo aɖeke meli le nya si wotsɔ ɖe ŋgɔnɔla Levon Markarian [Lyova Margaryan] ŋu me o. Anye ne edze ŋgɔ gaxɔmenɔnɔ si ate ŋu axɔ ƒe atɔ̃ hafi. . . . Togbɔ be Armenia Dukplɔsea ɖe mɔ ɖe subɔsubɔhawo ƒe ablɔɖe ŋu hã la, esesẽ na ƒuƒoƒo yeyewo be woade woƒe ŋkɔwo agbalẽ me eye seawo de Armenia Apostolik Ha si koŋ xɔ anyinɔ dzi.” Nyatakaka si Europa ƒe Dedienɔnɔ Kple Ðekawɔwɔ Habɔbɔ (OSCE) na le September 18, 2001 dzi gblɔ be: “Togbɔ be afiatsotsoa dze mía ŋu hã la, ete ɖe Europa ƒe Dedienɔnɔ Kple Ðekawɔwɔ Habɔbɔa dzi be amewo tsɔ nya sia yi ʋɔnui si nye afɔ si mele be woaɖe gɔ̃ hã hafi o.”

Nyadɔdrɔ̃a Gayi Edzi

Ke hã nyatsɔɖeameŋulawo gabia ake be woagbugbɔ nyaa adrɔ̃ eye nyagbugbɔgadrɔ̃a yi edzi dzinu ene bubu sɔŋ. Esi wodze nyadɔdrɔ̃a gɔme teti eye wòɖo Nɔviŋutsu Margaryan dzi be wòaƒo nu la, ʋɔnudrɔ̃la siwo le nyaa gbɔ kpɔm dometɔ ɖeka bia biabia gbãtɔe. Esi Nɔviŋutsu Margaryan dze eŋuɖoɖo gɔme ko la, ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe zimenɔla tso nya ɖe enu hetsi tre ɖe eŋu. Le ema yome la, megaɖe mɔ na Nɔviŋutsu Margaryan be wòawu nya siwo katã wogabiae la dometɔ aɖeke nu kura o. Ʋɔnua ƒe zimenɔla ɖe biabia siwo amesiwo le nɔviŋutsua ta ʋlim do ɖa la dometɔ geɖe le nuŋlɔɖia me eye megblɔ susu si tae wòwɔ nusia ɖo hã o. Esi ʋɔnunyaa nɔ edzi yim la, zazɛ̃nyahela siwo tsi tre ɖe Ðasefowo ŋu va yɔ xɔa me eye wonɔ ɣli dom enuenu henɔ nyawo gblɔm tsɔ nɔ Nɔviŋutsu Margaryan dam ɖe anyi. Esi ʋɔnua kaka vɔ la, wogblɔ alakpanya kple nya totro geɖe ku ɖe nya si drɔ̃m wole ŋu le television dzi, le kpɔɖeŋu me, be Nɔviŋutsu Margaryan ŋutɔ lɔ̃ ɖe edzi be yedze agɔ.

Le nyadɔdrɔ̃a ƒe domedome lɔƒo la, ʋɔnudrɔ̃la etɔ̃ siwo nɔ nyaa gbɔ kpɔm ƒe zimenɔla wɔ nusi wɔ moya na eteƒekpɔlawo esi wòɖe lɛta aɖe si Dukɔa ƒe Aɖaŋudeha na Subɔsubɔnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ ŋlɔ si me wogblɔ le be ele be nyagbɔkpɔlawo nahe to na Nɔviŋutsu Margaryan kokoko. Nusia wɔ nuku na dukɔ bubu me tɔ siwo nɔ ŋku lém ɖe ʋɔnunya sia ŋu, elabena esi Armenia nɔ asi dem agbalẽ te be yeanye Europa Aɖaŋudeha me nɔla la, elɔ̃ ɖe edzi be “yewoakpɔ egbɔ be Sɔlemehawo katã alo subɔsubɔhawo, vevietɔ esiwo ŋu wogblɔna le be ‘womexɔ anyinɔ tso blema o,’ nayi edzi awɔ woƒe subɔsubɔdɔwo eye womado kplamatse wo o.”

Esi ʋɔnua nɔ edzi yim le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me la, nɔnɔmea va nɔ sesẽm ɖe edzi. Tsitretsiɖeŋulawo yi edzi nɔ fu ɖem na Ðasefowo henɔ ŋutasẽnuwo wɔm ɖe wo ŋu le ʋɔnudrɔ̃ƒe xɔa me kple egodo siaa. Amewo tu afɔ akpaligbe na Ðasefo nyɔnu aɖewo. Esi wotu asi Ðasefo aɖe eye mewɔ wɔɖenui o gɔ̃ hã la, wotu kɔ dzimeƒu nɛ sesĩe ale gbegbe be wòva hiã be woaxɔe ɖe kɔdzi.

Esime esiawo katã nɔ edzi yim la, wotia ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe zimenɔla bubu be wòakpɔ nyaa gbɔ. Togbɔ be nua teƒekpɔla aɖewo dze agbagba be yewoada senyala si nɔ eta ʋlim ɖe anyi hã la, zimenɔla yeye sia dze agbagba na nuwo dze akɔ anyi, eye wòɖe gbe gɔ̃ hã na poliswo be woakplɔ nyɔnu aɖe si nɔ ɣli dom tsɔ nɔ senyala si nɔ eta ʋlim dam ɖe anyi la ado goe le xɔa me.

Wotsɔ Nyaa Yi Armenia ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ

Mlɔeba le March 7, 2002, dzi la, nyagbugbɔgadrɔ̃ ʋɔnua tso nya me tsɔ da asi ɖe ʋɔnudrɔ̃ƒe gbãtɔ ƒe nyametsotsoa dzi. Nukutɔe le ŋkeke si do ŋgɔ hafi woagblɔ nyametsotso sia la, wogbã Dukɔa ƒe Aɖaŋudeha na Subɔsubɔnyawo Gbɔ Kpɔkpɔ ƒe habɔbɔa. Amenutsolawo gabia ake be woagagbugbɔ nyaa adrɔ̃, fifia ya le Armenia ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ—si nye Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ si Tea Fli Ðe Nya Me. Amenutsolawo bia be Ʋɔnua naɖo nyaa ɖa woagbugbɔ adrɔ̃ “atsɔ abu fɔ” amesi ŋu wotsɔ nyaa ɖo.

Ʋɔnudrɔ̃lagã ade siwo ƒo ƒu le nyaa gbɔ kpɔm, siwo ƒe zimenɔlae nye Ʋɔnudrɔ̃lagã Mher Khachatryan, va kpe ta le April 19, 2002, dzi le ŋdi ga 11:00 me. Le amenutsolawo dometɔ ɖeka ƒe ŋgɔdonya me la, eɖe alesi dzi le ekum vevie gblɔ esi ʋɔnudrɔ̃ƒe eve gbãtɔawo do kpo fɔɖiɖi kpɔkpɔ le Nɔviŋutsu Margaryan ŋu ta. Gake fifia ya amenutsolaa nue wotsi nya ɖo eye ʋɔnudrɔ̃lagã ene tsɔ nyabiase vovovowo ɖo eŋkume tẽ. Ʋɔnudrɔ̃lagãwo dometɔ ɖeka he nya ɖe amenutsolaa ŋu be enɔ agbagba dzem be yeana Ʋɔnua nabu nazã ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu esi wotsɔ woƒe gbeƒãɖeɖedɔa kple woƒe ŋkɔ mademade agbalẽ me kpe ɖe nya siwo wotsɔ ɖe Nɔviŋutsu Margaryan ŋu ta—evɔ womegblɔe le Dukplɔsea me Se 244 lia me be nusiawo nye hlɔ̃nu o. Eyome ʋɔnudrɔ̃la la yɔ amenutsolaa ƒe nuwɔna be enye “yometiti to hlɔ̃nuwɔnya gbɔgblɔ ɖe ame ŋu me.” Ʋɔnudrɔ̃lagã bubu ƒo nu tso nya vovovo siwo wodrɔ̃ le Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo me wobu Yehowa Ðasefowo le be wonye “subɔsubɔha si wonya” ŋu la ŋuti si na be wodze na Europatɔwo ƒe Gomenɔamesi Taʋliha ƒe takpɔkpɔ. Le ɣeyiɣi sia me la, nunɔla aɖe si le ʋɔnudrɔ̃ƒea do ɣli be Yehowa Ðasefowo le mama dem dukɔa me. Ʋɔnua ɖe gbe nɛ be wòazi ɖoɖoe.

Eyome ʋɔnudrɔ̃lawo bia tso Lyova Margaryan si be wòado le amehawo dome ava ŋgɔ ava ƒo nu—si nye nusi ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔ sia mewɔ kpɔ do ŋgɔ o. Nɔviŋutsu Margaryan ɖi ɖase nyui aɖe tso Yehowa Ðasefowo ƒe Kristotɔwo ƒe tenɔnɔ le nya vovovo ŋu la ŋuti. (Marko 13:9) Esi Ʋɔnudrɔ̃lawo yi aɖaŋu me vie trɔ gbɔ la, wo katã woda asi ɖe nyametsotso sia dzi be amesi ŋu wotsɔ nya ɖo la “meɖi fɔ o.” Edze ƒã be Nɔviŋutsu Margaryan ƒe dzi dze eme azɔ. Nyametsotso si Ʋɔnua ŋlɔ ɖi gblɔ be: “Medze le se siwo li fifia nu be [Lyova Margaryan ƒe] dɔwɔna sia nye hlɔ̃nu o, eye amenutsotso sia tsi tre ɖe Armenia ƒe Dukplɔse me Se 23 lia kple Europatɔwo ƒe Gomenɔamesi Se 9 lia ŋu.”

Nusi Do tso Nyametsotsoa Me

Ne ɖe woɖu dzi le nya sia si wotsɔ ɖe nɔviŋutsua ŋu me la, anye ne aʋu mɔ ɖi be woagatsɔ nya ɖe Ðasefo hamemegã bubuwo ŋu le hameawo me le Armenia katã. Míele mɔ kpɔm be nyametsotso sia si me kɔ ƒã si dzi Ʋɔnua da asi ɖo la axe mɔ ɖe amedzidzedze mawo nu. Ne ɖe nyametsotsoa mede Yehowa Ðasefowo dzi o la, awɔe hã be wòanye nusi dzi woanɔ te ɖo agbe woƒe ŋkɔ dede agbalẽ me le se nu. Míeda akpe be Ʋɔnua ɖe nuŋububu masɔmasɔ mawo katã ɖa.

Ðeko míalala akpɔe ɖa nenye be woava ade Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkɔ agbalẽ me azɔ be wòaɖe vi na wo dometɔ 7,000 kple edzivɔ siwo le dukɔ sia me. Vaseɖe ɣemaɣi la, tadedeagu vavãtɔ gale agbe eye wòle ŋu sẽm le “Ararat-nyigba dzi.”

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 3 Susu sia tae Armeniatɔwo yɔa Ararat-toa tɔna ɖe woƒe dukɔa ŋu. Le blema la, fiaɖuƒe gã aɖee Armenia nye eye eƒe anyigba keke ta gbɔ to mawo katã ŋu. Esia tae Greek Septuagint Biblia gɔmeɖeɖea yɔ “Ararat-nyigba” be “Armenia” le Yesaya 37:38 ɖo. Afisi Ararat-toa le fifia nye Turkey ƒe anyigba, eye etsɔ ɖe eƒe ɣedzeƒe liƒoa gbɔ.

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Esime wonɔ ʋɔnu drɔ̃m Lyova Margaryan

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Nɔviŋutsu Margaryan kple eƒe ƒomea