Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akpa Si Mewɔ Le Xexeame Katã Ƒe Biblia Fiafia Ƒe Ŋgɔyiyi Me

Akpa Si Mewɔ Le Xexeame Katã Ƒe Biblia Fiafia Ƒe Ŋgɔyiyi Me

Agbemeŋutinya

Akpa Si Mewɔ Le Xexeame Katã Ƒe Biblia Fiafia Ƒe Ŋgɔyiyi Me

ABE ALESI ROBERT NISBET GBLƆE ENE

Swaziland-fia Sobhuza II xɔ mía kple nɔvinye George atuu va eƒe fiasã mee. Ƒe 1936 mee nusia dzɔ, gake dze si míeɖo la gale ŋku dzi nam nyuie. Alesi wòdzɔe be meva ɖo dze didi sia kple fia aɖe la katã nye nye gomekpɔkpɔ le Biblia-fiafiadɔ gã aɖe me la ƒe akpa aɖe. Fifia le nye ƒe 95 xɔxɔ me la, enyea dzidzɔ gã aɖe nam ne meɖo ŋku akpa si mewɔ le dɔ ma si kplɔm yi xexeame ƒe anyigbagã atɔ̃awo dzii la dzi.

NYA bliboa katã dze egɔme le ƒe 1925 me esime tiidzrala aɖe si ŋkɔe nye Dobson dze míaƒe ƒomea sasrãkpɔ gɔme le Edinburgh, Scotland. Esusɔ vie maxɔ ƒe blaeve eye menɔ atikeŋutinunya srɔ̃m ɣemaɣi. Togbɔ be ɖekakpui dzaa koe menye hã la, tɔtrɔ gã siwo ƒe 1914-18 ƒe xexemeʋa la he vɛ le ƒomewo me kple le mawusubɔsubɔgbenɔnɔ me la ɖe fu nam ŋutɔ. Le Aƒetɔ Dobson ƒe sasrãkpɔawo dometɔ ɖeka me la, etsɔ agbalẽ si ŋkɔe nye The Divine Plan of the Ages na mí. Alesi agbalẽa ƒo nu tso Wɔla si si nunya le, amesi si “ɖoɖo” aɖe koŋ le, la me kɔ nam ale gbegbe eye wòsɔ ɖe Mawu si ƒomevi medi be masubɔ la ƒe nɔnɔme nu.

Mía kple Dada míedze Biblia Nusrɔ̃viwo, si nye ŋkɔ si woyɔna na Yehowa Ðasefowo ɣemaɣi, ƒe kpekpewo dede gɔme. Le September 1926 me la, mía kple Dada míetsɔ nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me wɔ míaƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋui le takpekpe aɖe me le Glasgow. Wotsɔ awuʋlaya aɖe si gɔme wode kae be woasa ɖe afɔkɔe la na nyɔnyrɔxɔla ɖesiaɖe be míado ɖe míaƒe tsimeyiwu dzi. Wobui ɣemaɣi be awu siae sɔ na wɔna sia si nye ŋkubiãnya.

Le gɔmedzeɣi mawo me la, ehiã be woaɖɔ míaƒe gɔmesese ɖo le nu geɖe me. Hamea me tɔwo katã kloe ɖua Kristmas ɣemaɣi. Ame ʋɛ aɖewo ŋutɔ koe dea gbeadzi. Hamemegã aɖewo kura gɔ̃ hã tsi tre ɖe agbalẽmama le Kwasiɖagbewo ŋu, elabena wosusui be enye Sabat-se dzi dada. Gake ƒe 1925 [Eŋlisigbe] me Gbetakpɔxɔwo va nɔ gbe tem ɖe ŋɔŋlɔwo, abe Marko 13:10 ene dzi, esi me nyawo gblɔ be: “Ele be, woaɖe gbeƒã nyanyui la afia dukɔwo katã gbãgbiagbã.”

Aleke woawɔ awɔ dɔ sia si wòle be wòaɖo xexeame katã lae? Zi gbãtɔ si mete kpɔ be madze gbeƒãɖeɖe tso aƒeme yi aƒeme la, ɖeko megblɔ na aƒemenɔlaa be mele mawunyagbalẽ nyui aɖewo dzram eye metsɔ agbalẽ si nye The Harp of God nɛ. Agbalẽ sia ɖe Biblia ƒe nufiafia vevi ewo me, eye wotsɔ nufiafia siawo sɔ kple ka ewo siwo le saŋku ŋu. Emegbe wona ɖaseɖigbalẽ si dzi woŋlɔ nya kpui aɖewo ɖo na aƒemenɔlawo be woaxlẽ la mí be míazã. Míezã agba siwo dzi wolé miniti ene kple afã nuƒowo ɖo si míeƒona le agbaƒomɔ̃ si wote ŋu tsɔna ɖe asi la dzi. Agbaƒomɔ̃ siawo ƒe gbãtɔ siwo wowɔ la kpena ŋutɔ, gake esiwo wogava wɔ ɖe eyome la megakpena nenema gbegbe o, eye ɖewo ate ŋu anɔ tsitrenu nàƒo si màtsɔe ada ɖe anyi gbadzaa hafi o.

Tso ƒe 1925 va ɖo ƒe 1930-awo me la, mía ŋutɔwo koe dzea agbagba alesi míate ŋui le mɔ si nu míawɔ ɖaseɖiɖidɔa le ŋu. Ke le ƒe 1940-awo ƒe gɔmedzedze la, woɖo Teokrasi Subɔsubɔ Suku ɖe hamewo katã me. Wofia alesi mía ŋutɔwo míaƒo nu tẽ agblɔ Fiaɖuƒegbedasia na aƒemenɔla siwo adi be yewoasee la mí. Wofia aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kple ɖetsɔlemetɔwo ƒe vevienyenye hã mí. Míate ŋu agblɔ le mɔ aɖe nu be xexeame katã ƒe Biblia-fiafiadɔ si wɔm míele fifia la ƒe vidzĩmee nye ema.

Nɔviŋutsu Rutherford ƒe Dzidedeƒo Nam

Nye didi be madzi nye gomekpɔkpɔ le nufiafiadɔa me ɖe edzi na medze ɣeyiɣiawo katã ƒe mɔɖeɖedɔa gɔme le ƒe 1931 me. Wobia tso asinye be madze egɔme ne míenya wu takpekpe aɖe si míewɔ le London la nu teti ko. Gake le ŋdɔ me ƒe ɖiɖiɖemeɣi aɖe la, Nɔviŋutsu Joseph Rutherford si nɔ dɔa dzi kpɔm ɣemaɣi la gblɔ nam be yedi be mía kple ye míaɖo dze aɖe. Enɔ susu me nɛ be woaɖo mɔɖela aɖe wòava wɔ dɔ le Afrika. Ebiam be: “Adzɔ dzi na wò be nàyia?” Togbɔ be nyaa ɖi ɖem vie hã la, medze agbagba gblɔ nɛ kakaɖedzitɔe be: “Ẽ, mayi.”

Míaƒe taɖodzinu koŋ ɣemaɣie nye be míama Biblia-srɔ̃gbalẽ alesinu míate ŋui, esi fia be míanɔ mɔzɔzɔ dzi ɣesiaɣi. Wode dzi ƒo nam be manɔ tre, abe alesi nɔvi siwo nɔ dɔa dzi kpɔm ɣemaɣi la dometɔ akpa gãtɔ nye trewoe ene. Nye anyigbamama dze egɔme tso Cape Town, le Afrika ƒe anyiehekpa dzi ɖaa ke, eye wòkeke ɖe enu to anyigbagã sia ƒe ɣedzeƒekpa dzi, eye India-ƒugã la dzi ƒukpo siwo tsɔ ɖe ƒuta gbɔ hã nɔ eme. Eƒe liƒo le ɣetoɖoƒekpa dzi to Kalahari Dzogbe si dzi ke xɔa dzo ale gbegbe va ke ɖe Nil-tɔsisia kple Victoria-ta la gbɔ. Ele be mía kple nye zɔhɛ míanɔ Afrika-dukɔ siwo le nuto gã sia me la dometɔ ɖeka me ɣleti ade ɖesiaɖe le ƒea me.

Agbalẽgo Alafa Eve Siwo me Gbɔgbɔmekesinɔnuwo Le

Esi meva ɖo Cape Town la, wofia agbalẽgo 200 siwo woɖo ɖe Ɣedzeƒe Afrika lam. Wota agbalẽ siawo ɖe Europagbe ene kple Asiagbe ene me gake ɖeke menɔ Afrikagbe aɖeke me o. Esi mebia nusita woɖo agbalẽawo ɖa do ŋgɔ na nye vava kura gɔ̃ hã la, wogblɔ nam be Frank kple Gray Smith siwo nye mɔɖela eve siwo yi gbeƒã ɖe ge le Kenya ɣeyiɣi kpui aɖe koe nye ma lae woɖo wo ɖa na. Kaka woaɖo Kenya ko la, asrã dze wo ame evea dzi, eye nublanuitɔe la, dɔa wu Frank.

Togbɔ be nya sia na meyi ŋugble me hã la, mena dzi ɖe le ƒonye o. Mía kple nye zɔhɛ, David Norman, míeɖo tɔdziʋu tso Cape Town yi míaƒe anyigbamama gbãtɔ si nye Tanzania la me, esi gbɔ didi kilometa 5,000 tso Cape Town. Mɔzɔzɔdɔwɔƒe aɖe dzikpɔla si le Mombasa, Kenya, kpɔa agbalẽ siwo woɖo ɖe mí la dzi na mí eye wòɖoa wo ɖe afisiafi si míedi be woaɖo wo ɖe mí le. Gbã la, míeɖia ɖase le duawo ƒe afisiwo asitsadɔ kple dziɖuɖudɔwo yia edzi le—fiasewo kple ɔfiswo—le du sia du si me míayi me. Agbalẽ siwo woɖo ɖe mí dometɔ aɖewoe nye agbalẽgã 9 kple agbalẽvi 11 ƒe ƒuƒoƒo siwo woɖo ɖe ɖoɖo nu, esiwo esi wònye be wole amadede vovovo me ta la, wova yɔa woƒe ƒuƒoƒoa be anyieʋɔgbalẽwo.

Emegbe míeɖoe be míayi Zanzibar-ƒukpo si didi kilometa 30 tso ɣedzeƒe ƒuta gbɔ la dzi. Ƒe alafa geɖewoe nye ma la, Zanzibar nye kluvisiƒleƒe vevi aɖe, gake adrike alo peprɛ hã bɔ ɖe afima ŋutɔ eye woƒe ʋeʋẽ xɔ dua me katã. Míekpea fu vie hafi gaɖoa ŋku mɔ siwo yi aƒe siwo me míede va yi me la dzi, elabena wometso dua ɖe ɖoɖo aɖeke nu o. Mɔdodowo de nu wo nɔewo me nyamaa, eye míete ŋu buna bɔbɔe. Amedzrodzeƒe si míedze la nyo nyuie, gake wofa ga ɖe eƒe ʋɔtruwo ŋu keŋ eye eƒe gliwo tri ale gbegbe be ɖeko nàsusu be gaxɔe, menye amedzrodzeƒe o. Gake míaƒe dɔa kpɔ dzidzedze le afima nyuie eye enye dzidzɔ na mí be míeke ɖe Arabiatɔwo, Indiatɔwo, kple dukɔ bubu me tɔwo ŋu woxɔ míaƒe agbalẽwo.

Ketekewo, Tɔdziʋuwo, Kple Ʋuwo

Mɔzɔzɔ le Ɣedzeƒe Afrika menɔ bɔbɔe ɣemaɣi o. Le kpɔɖeŋu me, esi míetso Mombasa yina ɖe Kenya ƒe tonyigbawo dzi la, ʋetsuviha gã aɖe na be ɖeko wòle be míaƒe ketekea natɔ. Ʋetsuviwo xɔ anyigba la katã ŋkume kple ketekegakpoa dzi taŋtaŋ ale gbegbe be gakpoa dzi nɔ ɖiɖim. Nusi míate ŋu awɔ le eŋu koe nye be míawu tsi dzodzo si le ketekea ƒe mɔ̃ xɔdzoa me ɖe gakpoa dzi wòakplɔ ʋetsuviawo adzoe. Esia dzie míenɔ vivivi hafi va do le ʋetsuvihaawo me. Eye míaƒe dzi dze eme ale gbegbe esi ketekea dze tolialia eye toa dzi ya fafɛ ƒo ɖe mí!

Togbɔ be ele bɔbɔe be nàɖo keteke kple tɔdziʋu ayi ƒutaduwo me hã la, ʋu ye nyo na kɔƒenutowo me yiyi. Edzɔ dzi nam ŋutɔ esi nɔvinye George va kpe ɖe ŋunye, elabena ena míete ŋu ƒle agbatsɔʋu si ƒe tamewo katã woxe nyuie, si lolo alesi dze, elolo nyuie be abati, dzodoƒe, kple nudzraɖoƒe kpɔ nɔƒe le eme, eye míede mudɔ fesreawo nu. Míede nuƒomɔ̃ hã ʋua tame. Ewɔe be míete ŋu ɖia ɖase tso aƒeme yi aƒeme le ŋkeke me eye míekpea amewo fiẽwo wova sea nuƒo siwo míeƒona le asime. Nuƒo aɖe si wolé ɖe agba dzi si míeƒona vevie ɣemaɣi ƒe tanyae nye “Teƒe si Xɔ Dzoe Hell [Dzomavɔ] Nyea?” Míese vivi na míaƒe mɔzɔzɔ aɖe tso South Africa yi Kenya, si nye mɔzɔzɔ si didi kilometa 3,000, le míaƒe ‘ʋu sia si ganye míaƒe aƒe’ la me, eye edzɔ dzi na mí be ɣemaɣi la, agbalẽ vovovo nɔ mía si le Afrikagbewo me, eye ameawo tsɔa dzidzɔ gã aɖe va xɔnɛ le mía gbɔ.

Nane si doa dzidzɔ na mí ŋutɔ le mɔzɔzɔ siawo mee nye be míete ŋu kpɔa Afrika lã geɖe. Nyateƒee, le míaƒe dedienɔnɔ ta la, ʋua me koe míenɔna le zã me ya, gake edoa ŋusẽ xɔse ŋutɔ be nàkpɔ lã hamehame siwo Yehowa wɔ le wo nɔƒewo.

Tsitretsiɖeŋu Dze Egɔme

Togbɔ be míedzea aye na lã wɔadãwo hã la, ne míetsɔe sɔ kple nusi wòle be míawɔ le gododo dziɖuɖumegã vovovo kple subɔsubɔŋgɔnɔla aɖewo siwo me dziku helĩhelĩ yɔ siwo dze tsitretsitsi ɖe míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu gaglãa me la, lãwo tɔ ya megaɖia naneke na mí o. Kuxi gã aɖe si míedze ŋgɔe nye zazɛ̃nyahela aɖe si tsɔ ŋkɔ na eɖokui be Mwana Lesa, si gɔmee nye “Mawu Vi,” eye woyɔa eƒe ƒuƒoƒoa be Kitawala, si nublanuitɔe gɔmee nye “Gbetakpɔxɔ.” Ɣeyiɣi aɖe do ŋgɔ na míaƒe vava la, amesia kplɔ Afrikatɔ geɖe de tɔme wono tsi ku be wo nyrɔmee yele. Mlɔeba wova lée de ka ve nɛ. Emegbe mɔnukpɔkpɔ va su asinye meɖe nu me na amesi de ka ve nɛ be kadodo aɖeke mele amesia kple Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa si teƒenɔlawo míenye la dome o.

Europa-yevu geɖe hã ɖe fu na mí, eye le woawo gome la, ganyawo tae womekpɔ dzidzɔ ɖe míaƒe nufiafiadɔa ŋu ɖo o. Adzɔnuwo daɖoƒe dzikpɔla aɖe fa konyi be: “Be yevuwo nanɔ dukɔ sia me la, mele be Afrikatɔwo nanya alesi wowɔa dɔ sesẽ gake míebaa wo xea ho tsɔkpɔe aɖe ko na wo la o.” Nya ma ke tae sikakuƒedzikpɔla aɖe hã nyam akpasesẽ do goe le eƒe dɔwɔƒe. Etsɔ dziku kplɔm ɖo kakaka va ɖo mɔdodo dzi hafi gbugbɔ le yonyeme.

Ðikekemanɔmee la, subɔsubɔhakplɔlawo kple asitsalawo ƒe tsitretsiɖeŋu siawo koŋ ye kpɔ ŋusẽ ɖe Rhodesia (si woyɔna fifia be Zimbabwe) dziɖuɖua dzi be wova gblɔ na mí mlɔeba be míadzo le dukɔa me. Míetsɔ nya la yi ʋɔnudrɔ̃ƒee eye wotso afia na mí ale be woɖe mɔ na mí be míanɔ dukɔa me, gake ɖeko míagaɖe gbeƒã na Afrikatɔwo o. Dziɖuɖumegã aɖe gblɔ be nusitae nye be míaƒe agbalẽwo “menyo na Afrikatɔwo ƒe susu o.” Gake le dukɔ bubuwo me la, womedo kplamatse aɖeke na míaƒe nufiafiadɔa le Afrikatɔwo dome o, ɖe wokpɔ dzidzɔ ɖe eŋu boŋ. Dukɔ siawo dometɔ aɖee nye Swaziland.

Fia aɖe Xɔ Mí Atuu Va Swaziland Dukɔa Mee

Swaziland nye dukɔ nɔɖokuisi sue aɖe si ƒe lolomee nye kilometa 17,364 togodo si le titina na South Africa dukɔa. Afisiae míedo go Fia Sobhuza II si bi nyuie ɖe nuƒoƒo me, amesi ƒe nya míegblɔ le nyati sia ƒe gɔmedzedze la le. Ese Eŋlisigbe adodoe, eye yunivɛsiti wòsrɔ̃e le le Britain. Edo awu abe aƒemenɔwu ko ene eye wòtsɔ dzidzɔ xɔ mí atuu.

Dze si míeɖo kplii la ku ɖe anyigba dzi Paradiso si ƒe tame Mawu ɖo na amesiwo ƒe nɔnɔme sɔ na agbekpɔkpɔ la ŋu. Togbɔ be medo vivi ɖe nyati ma ŋu boo o hã la, eɖe eme kɔte be nya aɖe si do ƒome kple nya ma la nɔ susu me na ye vevie. Fia la ɖoe kplikpaa be yeakpe ɖe ame dahewo kple agbalẽmanyalawo ŋu be agbenɔnɔ nanɔ bɔbɔe na wo. Mekpɔ dzidzɔ ɖe Kristodukɔa ƒe mawunyadɔgbedelawo, amesiwo dometɔ geɖe wòdze abe ɖe wotsi dzi ɖe hameviwo kpɔkpɔ ŋu wu nufiafia wo ŋu ene la ŋu o. Gake fia la nya nu tso míaƒe mɔɖela geɖe ƒe dɔwɔwɔ ŋu nyuie eye wòkafu mí ɖe míaƒe Biblia-fiafiadɔa ta, vevietɔ esi míelɔ̃ faa wɔa dɔ sia ga alo naneke maxɔmaxɔe.

Biblia Fiafiadɔa Yi Ŋgɔ Kabakaba

Woɖo Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku le ƒe 1943 me be woatsɔ ana hehe dutanyanyuigblɔlawoe. Wote gbe ɖe tɔtrɔ yi amesiwo katã ɖe ɖetsɔleme fia gbɔ dzi tsɔ wu be míanɔ Biblia-srɔ̃gbalẽwo ko mam. Wokpe mía kple George be míade Gilead Sukua ƒe klass 16 lia le ƒe 1950 me. Afisiae medo go nɔvinyɔnu Australiatɔ veviedola aɖe si ŋkɔe nye Jean Hyde, amesi wode dɔ asi na be wòanye dutanyanyuigblɔla le Japan le míaƒe sukunuwuwu vɔ megbe, la le zi gbãtɔ. Wonɔ trenɔnɔ ƒe dzi dem ƒo ɣemaɣi ŋutɔ, eyata mía kplii dome xɔlɔ̃wɔwɔ metsi ɖo afi aɖeke o.

Le míaƒe hehexɔxɔ le Gilead vɔ megbe la, wode dutanyanyuigbɔgblɔdɔ asi na mía kple George be míawɔ le Mauritius si nye India-ƒugã la me ƒukpo aɖe la dzi. Míedze xɔ̃ afimatɔwo hesrɔ̃ wo degbe, eye míewɔ aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ kpli wo. Emegbe tsɛnye William kple srɔ̃a Muriel hã wu Gilead Sukua nu. Woɖo wo ɖe anyigbamama si me meɖe gbeƒã le va yi la me—Kenya.

Medidi o ko ƒe enyi va yi xoxo, eye le dukɔwo dome takpekpe si míewɔ le New York le ƒe 1958 me la, megado go Jean Hyde ake. Míegafɔ míaƒe xɔlɔ̃wɔwɔa ɖe te eye míeva do ŋugbe na mía nɔewo. Woɖem tso Mauritius, afisi mele dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔm le yi Japan, eye mía kple Jean míeɖe mía nɔewo le ƒe 1959 me. Míedze dutanyanyuigbɔgblɔdɔ ƒe ɣeyiɣi dodzidzɔname ŋutɔ aɖe gɔme ɣemaɣi le Hiroshima, afisi hame sue ɖeka ko nɔ ɣemaɣi. Hame 36 ye le du ma me egbea.

Sayonara Dodo na Japan

Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, lãmegbegblẽ va nɔ fu ɖem na mí ame evea si na be dutanyanyuigbɔgblɔdɔa wɔwɔ va nɔ sesẽm na mí ɖe edzi, ale be ɖeko míeva dzo le Japan yi Jean wo de, Australia. Enye nublanuinya aɖe gbesigbe míedzo le Hiroshima. Míedo sayonara, alo baibai, na mía xɔlɔ̃ lɔlɔ̃awo katã le ketekedzeƒe.

Fifia míeva tsi Australia, eye togbɔ be lãmesẽ megale mía si o hã la, míeyi edzi le míaƒe ŋutete ɖesiaɖe wɔm le Yehowa subɔsubɔ me kple Armidale Hame si le New South Wales nuto me. Dzidzɔ kae nye si wònye be míana kesinɔnu si nye Kristotɔwo ƒe nyateƒea ame gbogbo alea gbegbe ƒe 80 kloe nye sia! Mekpɔ alesi Biblia-fiafiadɔ la yi ŋgɔ nukutɔe eye nye ŋutɔ mekpɔ gbɔgbɔmenudzɔdzɔ vevi geɖe teƒe. Ame aɖeke alo ƒuƒoƒo aɖeke mate ŋu agblɔ be ye gbɔe dzidziɖedzi sia tso o. Nyateƒee, ne míagblɔe abe alesi hakpala la gblɔe ene la, “Yehowa gbɔ esia tso, enye nukunu le míaƒe ŋkuwo me.”—Psalmo 118:23.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nɔvinye George kple míaƒe ʋu si ganye aƒe na mí

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Nyee nye sia le Victoria-ta la gbɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 29]

Sekɛndrisukuvi siwo va se dutoƒonuƒo aɖe le Swaziland le ƒe 1938 me

[Nɔnɔmetata siwo le axa 30]

Mía kple Jean le míaƒe srɔ̃ɖegbe le ƒe 1959 me, kple egbea