Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔmefafa—Enye Kristotɔwo Ƒe Nɔnɔme Vevi Aɖe

Dɔmefafa—Enye Kristotɔwo Ƒe Nɔnɔme Vevi Aɖe

Dɔmefafa—Enye Kristotɔwo Ƒe Nɔnɔme Vevi Aɖe

“Mido . . . dɔmefafa.”—KOLOSETƆWO 3:12.

1. Nukae na dɔmefafa nye nɔnɔme si ɖe dzesi?

NE XEXEAME fa bɔkɔɔ la, evivina eye wònaa ame ƒe dzi dzea eme ale gbegbe. Ne ame aɖe nye ame fafa, alo be ewɔa nu tufafatɔe la, egbɔ nɔnɔ nyea dzidzɔ ŋutɔ. Ke hã, Fia nyanu Salomo gblɔ be, ‘aɖe fafɛ gbãa ƒu.’ (Lododowo 25:15) Dɔmefafa nye nɔnɔme ɖedzesi aɖe si me nudzeamewɔwɔ kple ŋusẽ le.

2, 3. Kadodo kae le dɔmefafa kple gbɔgbɔ kɔkɔea dome, eye nuka ŋue míade ŋugble le le nyati sia me?

2 Apostolo Paulo yɔ dɔmefafa de “gbɔgbɔ ƒe kutsetse” siwo ŋu wòƒo nu tsoe le Galatiatɔwo 5:22, 23 la me. Wolɔ̃a Helagbe me nya si gɔme woɖe le kpukpui 23 lia me be “dɔmefafa” la gɔmeɖeɖe zi geɖe le New World Translation me be “ɖokuibɔbɔ” alo “nudzeamewɔwɔ” le Biblia gɔmeɖeɖe bubuwo me. Le nyateƒe me la, nya si sɔ tututu kpɔkpɔ na Helagbe me nya sia le gbegbɔgblɔ bubu akpa gãtɔ me la sesẽ, elabena menye gotagome nudzeamewɔwɔ alo tufafa ɖɔmee Helagbe me nya gbãtɔa le o, ke boŋ ememe dɔmefafa kple dɔmekɔkɔ; menye alesi ame wɔa nui o, ke boŋ ame ƒe susu kple dzi ƒe nɔnɔme ŋue wòku ɖo.

3 Be míate ŋu ase dɔmefafa gɔme bliboe ahakpɔ asixɔxɔ si le eŋu la, mina míade ŋugble le Biblia me kpɔɖeŋu ene ŋu. (Romatɔwo 15:4) Le ŋugbledede le wo ŋu me la, menye nusi nɔnɔme sia nye koe míasrɔ̃ o, ke boŋ míasrɔ̃ alesi míawɔ wòasu mía si ahazãe le míaƒe nuwɔwɔ ɖesiaɖe me hã.

‘Asixɔxɔ Gã le Eŋu le Mawu Ŋku Me’

4. Aleke míewɔ nya be dɔmefafa nye nɔnɔme si dzea Yehowa ŋu?

4 Esi dɔmefafa nye Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetsewo dometɔ ɖeka ta la, nunya le eme be míakpɔe be edo ƒome kple Mawu ƒe nɔnɔme wɔnuku la kplikplikpli. Apostolo Petro ŋlɔ bena ‘asixɔxɔ gã’ le “gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo” ŋu “le Mawu ŋku me.” (Petro I, 3:4) Vavãe, dɔmefafa nye mawumenɔnɔme; Yehowa dea asixɔxɔ eŋu vevie. Le nyateƒe me la, nyateƒenya sia ɖeɖe nye susu sẽŋu si ta wòle be Mawu-subɔlawo katã natu dɔmefafa ɖo. Gake aleke Mawu ŋusẽkatãtɔ, Amesi ƒe ŋusẽ ƒo ɖesiaɖe ta le xexeame katã, ɖea dɔmefafa fianae?

5. Le Yehowa ƒe dɔmefafa ta la, etsɔme mɔkpɔkpɔ kae su mía si?

5 Esi ame eve gbãtɔ, Adam kple Xawa, gbe toɖoɖo Mawu ƒe sedede si me kɔ be woagaɖu sidzedze nyui kple vɔ̃ ƒe atikutsetsea o la, woɖoe koŋ ɖui. (Mose I, 2:16, 17) Nusi do tso tomaɖomaɖo ƒe nuɖowɔ ma mee nye nuvɔ̃, ku, kple woa ŋutɔwo kple vi siwo woava dzi le etsɔme ɖeɖe ɖa le Mawu ŋu. (Romatɔwo 5:12) Togbɔ be Yehowa tɔ dzɔ le go sia go me be wòahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ma ava wo dzi hã la, metsɔ dzitsitsi ɖe ameƒomea ɖa le eƒe susu me keŋkeŋ abe ɖee asitɔtrɔ aɖeke maganyawɔ le wo ŋu ene o. (Psalmo 130:3) Ke boŋ le Yehowa ƒe dɔmenyonyo kple lɔlɔ̃ faa be yemanye nyamesesẽtɔ si tea tɔ ɖe nu dzi o—si nye dɔmefafa ɖeɖe fia—ta la, ewɔ mɔnuɖoɖo si dzi ameƒome wɔnuvɔ̃a ate ŋu ato ate ɖe eŋu ne wòakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu. Ẽ, Yehowa to Via, Yesu Kristo, ƒe tafevɔsaa ƒe nunanaa dzi na wòanya wɔ be míate ɖe eƒe fiazikpui gã la ŋu vɔvɔ̃ alo ŋɔdzi manɔmee.—Romatɔwo 6:23; Hebritɔwo 4:14-16; Yohanes I, 4:9, 10, 18.

6. Mɔ ka nue dɔmefafa dze le Mawu ƒe nuwɔwɔ kple Kain me le?

6 Ɣeyiɣi didi aɖe do ŋgɔ na Yesu ƒe anyigba dzi vava la, Yehowa ɖe eƒe dɔmefafa fia esime Adam viŋutsuwo, Kain kple Habel, sa vɔ na Mawu. Esi Yehowa nya woƒe dzi ƒe nɔnɔme ta la, mexɔ Kain ƒe nunanaa o, gake Habel kple eƒe nunanaa ‘dze eŋu.’ Mawu ƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Habel kple eƒe vɔsaa ŋu na Kain wɔ nu manyomanyo aɖe. Biblia ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be: “Kain bi dzi ŋutɔ, eye wòɖo adã.” Aleke Yehowa wɔ nu ɖe eŋui? Ðe wòdo dziku le Kain ƒe nuwɔna gbegblẽa taa? Ao. Ebia Kain tufafatɔe be nukae na wòdo dziku nenema gbegbe ɖo hã. Yehowa gblɔ nusi Kain awɔ be ‘eƒe ŋku me nakɔ’ gɔ̃ hã nɛ. (Mose I, 4:3-7) Vavãe, Yehowa nye amesi ɖea dɔmefafa fiana le goawo katã me.—Mose II, 34:6.

Dɔmefafa Hea Ame Hefaa Dzi na Ame

7, 8. (a) Aleke míawɔ ase Yehowa ƒe dɔmefafa gɔme? (b) Nukae Mateo 11:27-29 me nyawo ɖe fia ku ɖe Yehowa kple Yesu ŋu?

7 Mɔ nyuitɔ kekeake siwo dzi míato ase Yehowa ƒe nɔnɔme deŋgɔwo gɔme dometɔ ɖekae nye be míasrɔ̃ nu tso Yesu Kristo ƒe agbenɔnɔ kple subɔsubɔdɔ ŋu. (Yohanes 1:18; 14:6-9) Esime Yesu nɔ Galilea le eƒe gbeƒãɖeɖedɔa ƒe ƒe evelia me la, ewɔ nukudɔ geɖewo le Korazin, Betsaida, Kapernaum, kple nuto siwo ƒo xlã du siawo me. Gake ameawo dometɔ akpa gãtɔ nye dadalawo kple ɖekematsɔlemetɔwo, eye wogbe be yewomaxɔ edzi ase o. Aleke Yesu wɔ nu ɖe eŋui? Togbɔ be exlɔ̃ nu wo vevie tso woƒe dzimaxɔsea me tsonuwo ŋu hã la, ʽam ha·ʼaʹrets, si nye ame tsɛ wɔnamanɔŋutɔ siwo nɔ wo dome la, ƒe gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me wonɔ la wɔ nublanui nɛ.—Mateo 9:35, 36; 11:20-24.

8 Nusiwo Yesu wɔ emegbe ɖee fia be ‘enya Fofo la nyuie’ hesrɔ̃e nyateƒe. Yesu kpe ame tsɛawo lɔlɔ̃tɔe be: “Mite va gbɔnye, mi amesiwo katã le agbagba dzem, eye agba le mia wum la, eye nye la, mana dzudzɔ mi. Mitsɔ nye kɔkuti la ɖo mia ɖokui dzi, eye miasrɔ̃ nu tso gbɔnye, elabena nye dɔme fa, eye mebɔbɔ ɖokuinye ɖe anyi le dzi me, eye miakpɔ dzudzɔ na miaƒe luʋɔwo.” Aleke nya mawo fa akɔ na ame mawo siwo wote ɖe anyi hena woƒe dzi dze emee nye si! Wofa akɔ na mí egbea gɔ̃ hã. Ne míefa tu le nusianu me nyateƒe la, ke míanɔ amesiwo ‘Vi la lɔ̃ be yeaɖe Fofo la afia’ la dome.—Mateo 11:27-29.

9. Nɔnɔme kae do ƒome kple dɔmefafa, eye mɔ ka nue Yesu nye kpɔɖeŋu nyui le esia gome le?

9 Nɔnɔme si do ƒome kplikplikpli kple dɔmefafae nye ɖokuibɔbɔ, be ‘woabɔbɔ ame ɖokui ɖe anyi le dzi me.’ Gake dada kplɔa ame dea ɖokuidodoɖedzi me eye wòate ŋu ana ame nawɔ nu ɖe ame bubuwo ŋu adãtɔe, vevemaseɖeamenutɔe, kple ameŋumabumabutɔe zi geɖe. (Lododowo 16:18, 19) Yesu ɖe ɖokuibɔbɔ fia le eƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔa katã wɔwɔ me. Esime Yesu do tedzi yi Yerusalem ŋkeke ade do ŋgɔ na eƒe ku eye amewo do ɣli be Yudatɔwo ƒe Fia gɔ̃ hã la, eƒe nɔnɔme to vovo sasasã tso xexeame dziɖulawo tɔ gbɔ. Ena Zaxarya ƒe nyagblɔɖi si ku ɖe Mesiaa ŋu la va eme bena: “Kpɔ ɖa, wò fia gbɔna gbɔwò; eƒe dɔme fa, eye wòdo tedzi kple dɔwɔlã, si nye tedzivi.” (Mateo 21:5; Zaxarya 9:9) Nyagblɔɖila Daniel kpɔ ŋutega aɖe si me Yehowa tsɔ dziɖuŋusẽ de Via si le. Gake le nyagblɔɖi aɖe si do ŋgɔ me la, eɖɔ Yesu be ‘ame tsɛ.’ Vavãe dɔmefafa kple ɖokuibɔbɔ zɔna aduadu.—Daniel 4:14; 7:13, 14.

10. Nukatae Kristotɔwo ƒe dɔmefafa mefia gbɔdzɔgbɔdzɔ o?

10 Dɔmefafa dodzidzɔname si Yehowa kple Yesu ɖe fia la kpena ɖe mía ŋu míetena ɖe wo ŋu kplikplikpli. (Yakobo 4:8) Gake dɔmefafa mefia gbɔdzɔgbɔdzɔ o. Mefia nenema le mɔ aɖeke nu o! Yehowa, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, ɖea alɔkame sesẽ kple ŋusẽ triakɔ fiana. Eƒe dziku flana ɖe numadzɔmadzɔwɔlawo ŋu. (Yesaya 30:27; 40:26) Nenema kee Yesu ɖee fia be yeɖoe kplikpaa be yemana ta ne Satana Abosam dze ye dzi gɔ̃ hã o. Melɔ̃ ɖe eŋɔli me subɔsubɔhakplɔlawo ƒe asitsanuwɔna manɔsenuwo dzi o. (Mateo 4:1-11; 21:12, 13; Yohanes 2:13-17) Ke hã, eyi edzi ɖe dɔmefafa fia le nuwɔwɔ ɖe eƒe nusrɔ̃lawo ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu me hetsɔ dzigbɔɖi nɔ te ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nui. (Mateo 20:20-28) Biblia-nyala aɖe ɖɔ dɔmefafa wòsɔ be: “Ŋusẽ si le abe gayibɔ tɔ enee le megbe na dɔmefafa.” Neva eme be míaɖe Kristo ƒe nɔnɔme sia—si nye dɔmefafa—afia.

Efa Wu Eŋɔlimetɔwo Katã

11, 12. Le hehe si Mose xɔ ta la, nukae na eƒe dɔmefafa ɖe dzesi ŋutɔ?

11 Kpɔɖeŋu etɔ̃lia si ŋu míade ŋugble le enye Mose. Biblia ɖɔe be ‘efa wu amesiwo katã le anyigba dzi.’ (Mose IV, 12:3) Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe ameʋaʋã tee woŋlɔ nuɖɔɖɔ sia le. Mose ƒe tufafa deŋgɔ la na wòte ŋu xɔa Yehowa ƒe mɔfiame.

12 Hehe si Mose xɔ la nɔ etɔxɛ. Yehowa kpɔ dzila Hebritɔ wɔnuteƒewo ƒe viŋutsuvi sia ƒe agbe ta le vɔ̃diname kple amewuwu ƒe ɣeyiɣi aɖe me. Mose nɔ dadaa, amesi fia nui tso nyateƒe Mawu, Yehowa, ŋu tsitotsitso, gbɔ le eƒe ɖevimeƒewo me. Emegbe wokplɔ Mose dzoe le eƒeme yi be wòaɖanɔ teƒe si to vovo kura. Stefano, amesi nye Kristotɔ gbãtɔ si ku xɔsetaku la, gblɔ bena: “Wofia Egiptetɔwo ƒe nunyawo katã Mose, eye [Mose sẽ] ŋu le eƒe nyawo kple dɔwɔwɔwo me.” (Dɔwɔwɔwo 7:22) Eɖe eƒe xɔse fia esime wòkpɔ numadzɔmadzɔ siwo wɔm Farao ƒe kluvi dzikpɔlawo nɔ ɖe nɔviawo ŋu la. Le Egiptetɔ aɖe si Mose kpɔ wònɔ Hebri-vi aɖe ƒom la wuwu ta la, eva hiã be wòasi tso Egipte aɖanɔ Midian-nyigba dzi.—Mose II, 1:15, 16; 2:1-15; Hebritɔwo 11:24, 25.

13. Ŋusẽ kae Mose ƒe Midian nɔnɔ ƒe 40 la kpɔ ɖe edzi?

13 Esi Mose xɔ ƒe 40 la, ele nɛ be wòakpɔ eɖokui dzi le gbedadaƒo. Le Midian la, edo go Reguel-vinyɔnuvi adre hekpe ɖe wo ŋu wona tsi wo fofo ƒe alẽha gã la. Esi ɖetugbiawo trɔ yi aƒe la, wotsɔ dzidzɔ gblɔ na Reguel be ‘Egipte-ŋutsu aɖe’ xɔ na yewo tso alẽkplɔla siwo nɔ fu ɖem na yewo si me. Reguel kpe Mose be wòava nɔ yeƒe ƒomea gbɔ. Fukpekpe siwo me wòto la mena wòzu amesi nya vena heliheli o; eye womena wògbe tɔtrɔ ɖe teƒe yeye si wòva le la nɔnɔ ŋu o. Eƒe didi be yeawɔ Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu nu mefa gbeɖe o. Le ƒe 40 siwo me Mose nyi Reguel ƒe alẽwo, ɖe Zipora wòzu srɔ̃a, henyi viaŋutsuwo me la, etu nɔnɔme si wova nya nɛ la ɖo hetrɔ asi le eŋu wònyo ɖe edzi. Ẽ, Mose to nɔnɔme sesẽwo me srɔ̃ dɔmefafa.—Mose II, 2:16-22; Dɔwɔwɔwo 7:29, 30.

14. Ƒo nu tso nane si dzɔ esime Mose nye Israel-dukɔa kplɔla si ɖe eƒe dɔmefafa fia la ŋu.

14 Esime Yehowa ɖo Mose Israel-dukɔa kplɔla megbe la, eyi edzi ɖe dɔmefafa fia kokoko. Ðekakpui aɖe va gblɔ na Mose be Eldad kple Medad nɔ nya gblɔm ɖi le asaɖaa me—togbɔ be womenɔ anyi esime Yehowa kɔ eƒe gbɔgbɔa ɖe ame tsitsi 70 dzi be woanye Mose ƒe kpeɖeŋutɔwo o hã. Yosua gblɔ be: “Nye aƒetɔ Mose, gbe na wo!” Mose ɖo eŋu dɔmefafatɔe be: “Wòe le ŋu ʋã ge ɖe nunyea? Oo, Yehowa mana eƒe gbɔgbɔ nava dukɔ blibo la dzi, eye woatrɔ zu Yehowa ƒe nyagblɔɖilawo dzro oa?” (Mose IV, 11:26-29) Dɔmefafa na nya sesẽ ma nu fa.

15. Togbɔ be Mose nye ame madeblibo hã la, nukatae eƒe kpɔɖeŋua nye esi wòle be míasrɔ̃?

15 Ɣeaɖeɣi la, edze abe Mose ƒe dɔmefafaa yi to vie ene. Edo kpo ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Yehowa, amesi nye Nukunuwɔla la, le Meriba, si gogo Kades. (Mose IV, 20:1, 9-13) Togbɔ be Mose nye ame madeblibo hã la, xɔse sẽŋu si nɔ esi la kpe ɖe eŋu le eƒe agbe me katã, eye eƒe dɔmefafa ɖedzesi la wɔ dɔ ɖe mía dzi egbea gɔ̃ hã.—Hebritɔwo 11:23-28.

Ŋlɔmiwɔwɔ Kpakple Dɔmefafa

16, 17. Nuxlɔ̃ame kae míekpɔ le Nabal kple Abigail ŋuti nuŋlɔɖia me?

16 Míakpɔ nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu aɖe le Dawid ƒe ɣeyiɣia me, le Mawu ƒe nyagblɔɖila Samuel ƒe ku megbe teti. Eku ɖe atsu kple asi siwo nye Nabal kple Abigail ŋu. Aleke gbegbee ame eve mawo ƒe nɔnɔme to vovoe nye si! Abigail ƒe “tagbɔ kɔ” gake srɔ̃aŋutsua ya nye ‘ŋlɔmitɔ kple ame vɔ̃ɖi.’ Esi Dawid ŋu me siwo kpɔ Nabal ƒe lãhawo ta nɛ tso adzodalawo si me bia Nabal be wòana nuɖuɖu aɖe yewo la, eda gbe ɖe wo gbɔ hegbe enana wo. Dawid, si do dziku vevie le dzɔdzɔenyenye nu la kple eŋumewo ta woƒe yiwo hedze mɔ yina Nabal dzi dze ge.—Samuel I, 25:2-13.

17 Esi nudzɔdzɔa ŋu nya ɖo Abigail gbɔ la, ewɔ kaba tsɔ abolo, wein, lã, kpakple wein kple gbo tsetse bolowo yi ɖakpe Dawid. Eƒo koko nɛ be: “Nye aƒetɔ, dzi nyee vodada la le! Eyata na wò dɔlanyɔnu naƒo nu ɖe wò to me, eye se wò dɔlanyɔnu ƒe gbe!” Abigail ƒe kokoƒoƒo dɔmefafatɔe la na Dawid ƒe dzi fa. Esi Dawid ɖo to se Abigail ƒe numeɖeɖea vɔ la, egblɔ be: “Woakafu Yehowa, Israel ƒe Mawu, si dɔ wò ɖa nèva kpem egbe! Woakafu wò nunya, eye woakafu wò, amesi xe mɔ nam egbe be, nyemagaɖe hlɔ̃fe, . . . o!” (Samuel I, 25:18, 24, 32, 33) Nabal ƒe ŋlɔmiwɔwɔa va he ku vɛ nɛ mlɔeba. Abigail ƒe nɔnɔme nyuiawo he dzidzɔ vɛ nɛ, eva zu Dawid srɔ̃. Eƒe dɔmefafaa nye kpɔɖeŋu na Yehowa subɔlawo katã egbea.—Samuel I, 25:36-42.

Ti Dɔmefafa Yome

18, 19. (a) Ne míedo dɔmefafa la, tɔtrɔ kawoe va ɖea dzesi le mía ŋu? (b) Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míadzro mía ɖokui me nyuie?

18 Ekema ele vevie be míanye ame fatuwo godoo. Ede ŋgɔ wu nudzeamewɔwɔ ƒe nɔnɔme; enye gbɔgbɔ fatu si hea ame bubuwo ɖe ame ŋu ƒe nɔnɔme. Ðewohĩ tsã la, míeƒoa nu adãtɔe eye míewɔa nu vevemaseɖeamenutɔe. Gake esi míeva srɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea la, míewɔ tɔtrɔ hefa tu wu. Paulo ƒo nu tso tɔtrɔ sia ŋu esime wòxlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be: “Mido dɔmetɔtrɔ kple nublanuikpɔkpɔ, dɔmekɔkɔ, ɖokuibɔbɔɖeanyi, dɔmefafa, dzigbɔgbɔ blewu.” (Kolosetɔwo 3:12) Biblia tsɔ tɔtrɔ wɔwɔ sia sɔ kple lã wɔadãwo—abe amegãxi, lãkle, dzata, sisiblisi, kple ƒli ene—ƒe tɔtrɔ azu aƒemelã fafawo—abe alẽvi, gbɔ̃vi, nyivi, kple nyinɔ ene. (Yesaya 11:6-9; 65:25) Tɔtrɔ wɔwɔ le ame ƒe nɔnɔme me alea ɖea dzesi ale gbegbe be eteƒekpɔlawo ƒe nu kuna. Gake míawo ya míenyae be Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kpekpeɖeŋu mee míete ŋu wɔ tɔtrɔ sia le, elabena dɔmefafa nye eƒe kutsetse siwo ɖe dzesi nyateƒe la dometɔ ɖeka.

19 Ðe esia fia be ne míenya wɔ tɔtrɔ siwo hiã henya tsɔ mía ɖokui ɖe adzɔgbee na Yehowa ko la, megahiã be míadze agbagba anye amesiwo ƒe dɔme fa oa? Mele nenema kura o. Nusitae nye be ehiã be woanɔ beléle tsɔm na awu yeyewo edziedzi be woanɔ dzadzɛ ahanya kpɔ ɣesiaɣi. Mawu ƒe Nya la me kuku kpakple ŋugbledede le kpɔɖeŋu siwo le eme ŋu kpena ɖe mía ŋu be míagbugbɔ ŋku alé ɖe mía ɖokui ŋu kple susu nyui. Nukae Mawu ƒe Nya si tso gbɔgbɔ me ƒe ahuhɔ̃e la ɖe fia le ŋuwò?—Yakobo 1:23-25.

20. Aleke míawɔ ate ŋu akpɔ dzidzedze le dɔmefafa ɖeɖe fia me?

20 Dzɔdzɔme wɔe be míaƒe nɔnɔmewo le vovovo. Dɔmefafa ɖeɖe fia le bɔbɔe na Mawu-subɔla aɖewo wu bubuawo. Ke hã, ehiã be Kristotɔwo katã natu Mawu ƒe gbɔgbɔ ƒe kutsetsewo, siwo dome dɔmefafa hã le la ɖo. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo lɔlɔ̃tɔe be: “[Ti] dzɔdzɔenyenye, mawusosroɖa, dzixɔse, lɔlɔ̃, dzidodo, dɔmefafa yome.” (Timoteo I, 6:11) Be ‘woati nane yome’ bia agbagbadzedze. Biblia gɔmeɖeɖe aɖe ɖe nuxlɔ̃ame sia gɔme be ‘ɖo tame kplikpaa ɖe ewɔwɔ ŋu.’ (New Testament in Modern English, si gɔme J. B. Phillips ɖe) Ne èdze agbagba de ŋugble le Mawu ƒe Nyaa me kpɔɖeŋu nyuiwo ŋu la, woate ŋu alé ɖe wò susu me ɖikaa, abe ɖee woƒã wo ɖe mewò ene. Woatrɔ asi le ŋuwò ahafia mɔ wò.—Yakobo 1:21.

21. (a) Nukatae wòle be míati dɔmefafa yome? (b) Nuka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

21 Alesi míewɔa nu ɖe amewo ŋui ɖea alesi míele agbagba dzem le dɔmefafa tutuɖo mee fiana. Nusrɔ̃la Yakobo bia be: “Amekae nye nunyala kple nugɔmesela le mia dome mahã? Eya netsɔ agbenɔnɔ nyui fia eƒe dɔwɔwɔwo le nunya ƒe dɔmefafa me.” (Yakobo 3:13) Aleke míate ŋu aɖe Kristotɔwo ƒe nɔnɔme sia afia le aƒeme, le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa, kpakple le hamea mee? Mɔfiame nyuiwo dze le nyati si kplɔe ɖo me.

Numetoto

• Nukae nèsrɔ̃ tso dɔmefafa ŋu le

• Yehowa ƒe kpɔɖeŋu me?

• Yesu ƒe kpɔɖeŋu me?

• Mose ƒe kpɔɖeŋu me?

• Abigail ƒe kpɔɖeŋu me?

• Nukatae wòhiã be míati dɔmefafa yome?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Nukatae Yehowa kpɔ ŋudzedze ɖe Habel ƒe nunanaa ŋu?

[Nɔnɔmetata si le axa 17]

Yesu ɖee fia be dɔmefafa kple ɖokuibɔbɔ zɔna aduadu

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Mose ɖo dɔmefafa ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ɖi