Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

‘Miaƒe Dɔme Nefa Le Amewo Katã Dome’

‘Miaƒe Dɔme Nefa Le Amewo Katã Dome’

‘Miaƒe Dɔme Nefa Le Amewo Katã Dome’

“Ðo ŋu nusiawo na wo bena . . . woanye ame fatuwo, woatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã.”—TITO 3:1, 2.

1. Nukatae dɔmefafa ɖeɖe fia menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o?

APOSTOLO Paulo ŋlɔ bena: “Mizu srɔ̃nyelawo, abe alesi nye hã menye Kristo-srɔ̃la ene.” (Korintotɔwo I, 11:1) Mawu-subɔlawo katã dzea agbagba vevie be yewoawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi egbea. Enye nyateƒe be edzi wɔwɔ mele bɔbɔe o, elabena míenyi ɖokuitɔdidi ƒe dzodzro kple nɔnɔme siwo mewɔ ɖeka kple kpɔɖeŋu siwo Kristo ɖo o la dome tso amegbetɔ gbãtɔ siwo nye mía dzilawo la gbɔ. (Romatɔwo 3:23; 7:21-25) Ke hã, mí katã míate ŋu akpɔ dzidzedze le dɔmefafa ɖeɖe fia me ne míeku kutri. Gake didi be míawɔe ɖeɖeko mesɔ gbɔ o. Nukawoe gahiã?

2. Aleke míana míaƒe ‘dɔme nafa le amewo katã domee’?

2 Mawumedɔmefafa nye gbɔgbɔ kɔkɔea ƒe kutsetseawo dometɔ ɖeka. Zi alesi míeyi edzi le mɔ ɖem ɖe mía ɖokui ŋu na Mawu ƒe dɔwɔŋusẽ ƒe mɔfiafia la, zi nenemae eƒe kutsetsewo aɖe dzesi le mía ŋui. Eya ko hafi míawɔ nu le ‘dɔmefafa katã’ me le amewo katã dome. (Tito 3:2) Mina míadzro alesi míate ŋu asrɔ̃ Yesu ƒe kpɔɖeŋu ahana amesiwo dea ha kpli mí ‘nakpɔ dzidzemee’ la me.—Mateo 11:29; Galatiatɔwo 5:22, 23.

Le Ƒomea Me

3. Ƒomea me nudzɔdzɔ kawoe ɖea xexeame ƒe gbɔgbɔ fiana?

3 Teƒe siwo dɔmefafa hiã le vevie dometɔ ɖekae nye le ƒomea me. Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ bu akɔnta be ŋutasẽnuwɔwɔ le ƒomea mee dea nyɔnuwo ƒe lãmesẽ afɔku me wu esi lɔrifɔku kple asrã siaa ahe va wo dzii. Le kpɔɖeŋu me, le London, England, la, ŋutasẽnuwɔwɔ ɖeka le ene ɖesiaɖe siwo katã ƒe akɔnta wobuna me la nye esiwo dzɔna le aƒeme. Kpovitɔwo doa go amesiwo nɔa woƒe seselelãmewo ɖem fia to “ɣlidodo kple dzugbewo” me la zi geɖe. Esi vɔ̃ɖi wu la, srɔ̃tɔ aɖewo ɖe mɔ ‘nyaveame heliheli’ gblẽ nu le woƒe ƒomedodo ŋu. Nublanuitɔe la, nuwɔna siawo katã nye ‘xexeame ƒe gbɔgbɔ’ ɖeɖe fia, eye le ema ta, nɔƒe aɖeke meli na nɔnɔme sia le Kristotɔwo ƒe ƒomewo me o.—Efesotɔwo 4:31; Korintotɔwo I, 2:12.

4. Ŋusẽ kae dɔmefafa ate ŋu akpɔ ɖe ƒomea dzi?

4 Be míate ŋu atsi tre ɖe xexeame ƒe nuwɔnawo ŋu la, míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ. ‘Afisi Yehowa ƒe gbɔgbɔ le la, afima ablɔɖe le.’ (Korintotɔwo II, 3:17) Lɔlɔ̃, dɔmenyonyo, ɖokuidziɖuɖu, kple dzigbɔgbɔ blewu doa ŋusẽ srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu madeblibowo dome kadodo. (Efesotɔwo 5:33) Nuwɔwɔ dɔmefafatɔe naa dzidzɔ nɔa aƒea me heɖea dzrehehe kple nyaʋiʋli si gblẽa nu le ƒome geɖewo ŋu la ɖa wònyea dzidzɔ na amesiame. Nya si ame gblɔna la le vevie, gake alesi wògblɔe ye ɖea amesi tututu wònye le ememe la fiana. Ame ƒe dzimaɖitsitsiwo ɖeɖe gblɔ dɔmefafatɔe ɖea nyahehewo dzi kpɔtɔna. Fia nyanu Salomo ŋlɔ bena: “Nyaŋuɖoɖo fafɛ tsia dziku nu; ke gbe da ɖe ame gbɔ nana dɔmedzoe flana.”—Lododowo 15:1.

5. Dɔ kae dɔmefafa ate ŋu awɔ le ƒome siwo ma le subɔsubɔ gome la me?

5 Dɔmefafa hiã vevie ŋutɔ le ƒome siwo me ma le subɔsubɔ gome la me. Dɔmefafa kpakple dɔmenyonuwo wɔwɔ ate ŋu ana amesiwo melɔ̃ nya la o natrɔ va Yehowa ƒe akpa dzi. Petro xlɔ̃ nu srɔ̃nyɔnu Kristotɔwo be: “Mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo, bena ne ame aɖewo meɖo to nya la o la, nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ nya aɖeke magblɔ la naɖe wo, esi wokpɔ miaƒe agbenɔnɔ dzadzɛ le vɔvɔ̃ me ɖa la, amesiwo ƒe lekewɔwɔ naganye gota gome lekewɔwɔ to ɖaƒoƒo kple sikadodo kple awudodo me o, ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.”—Petro I, 3:1-4.

6. Aleke dɔmefafa ɖeɖe fia doa ŋusẽ dzilawo kple wo viwo dome ƒomedodoe?

6 Dzilawo kple wo viwo dome ƒomedodo me ate ŋu agblẽ, vevietɔ ne Yehowa lɔlɔ̃ mele wo me o. Gake ehiã be woaɖe dɔmefafa afia le Kristotɔwo ƒe ƒomewo katã me. Paulo xlɔ̃ nu fofowo be: “Migado dziku na mia viwo o, ke minyi wo le [Yehowa] ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Ne ƒomea me tɔwo katã ɖea dɔmefafa fiana la, dzilawo kple wo viwo dome ƒomedodo me sẽna ɖe edzi. Dean, si nye edzilawo ƒe vi atɔ̃awo dometɔ ɖeka, gblɔ le fofoa ŋu be: “Papa ƒe dɔme fa ale gbegbe. Nyemeɖo ŋku edzi be mía kpli míeʋli nya aɖeke kpɔ o—le nye ƒewuiwo gɔ̃ hã me o. Ne edo dziku gɔ̃ hã la, ewɔa nu dɔmefafatɔe ɣesiaɣi. Ɣeaɖewoɣi la, enyaam ɖona ɖe nye xɔ me alo xɔa mɔnukpɔkpɔ aɖewo le asinye tsɔ hea to namee, gake míehe glãka kpɔ o. Menye mía fofo koe wònye o. Mía xɔlɔ̃ hãe wònye, eye míedi be míado ŋukpee o.” Nyateƒee, dɔmefafa doa ŋusẽ dzilawo kple wo viwo dome ƒomedodo.

Le Míaƒe Subɔsubɔdɔa Me

7, 8. Nukatae dɔmefafa ɖeɖe fia le gbeadzisubɔsubɔdɔa me le vevie?

7 Teƒe bubu si dɔmefafa hiã le vevie enye gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔwɔ me. Le Fiaɖuƒenyanyuia gbɔgblɔ na amewo me la, míedoa go ame hamehamewo. Wo dometɔ aɖewo ɖoa to mɔkpɔkpɔgbedasi si míetsɔ yii la kple dzidzɔ. Nyaa sese madzɔ dzi na ame aɖewo o le susu vovovowo ta. Afisiae dɔmefafa ƒe nɔnɔmea nyea kpekpeɖeŋu gã aɖe na mí le dɔ si wode mía si be míanye ɖaseɖilawo ɖaseɖe anyigba ƒe seƒe ke la wɔwɔ me le.—Dɔwɔwɔwo 1:8; Timoteo II, 4:5.

8 Apostolo Petro ŋlɔ bena: “Mikɔ Aƒetɔ Kristo la ŋu le miaƒe dziwo me, eye misu te ɖaasi, bene miana ŋuɖoɖo amesiame, si abia nya aɖe mi le mɔkpɔkpɔ, si le mia me la ŋuti; gake miwɔe kple dɔmefafa kpakple vɔvɔ̃.” (Petro I, 3:15) Esi míedea bubu Kristo ŋu be enye míaƒe Kpɔɖeŋuɖola ta la, míekpɔa egbɔ be míaɖe dɔmefafa kple bubudeameŋu afia ne míele ɖase ɖim na amesiwo ƒoa nu kple adã. Nu nyuiwo dona tsoa nuwɔwɔ alea me zi geɖe.

9, 10. Gblɔ nuteƒekpɔkpɔ aɖe si ɖe dɔmefafa le gbeadzisubɔsubɔdɔa me ƒe vevienyenye fia.

9 Esi ame aɖe ƒo ʋɔ na Keith kple srɔ̃a eye nyɔnua nɔ nya ŋu ɖom na amea la, Keith ya meke nu o. Esi Keith srɔ̃ kpɔe be Yehowa Ðasefoe amedzroa nye la, eƒo nu nɛ le dziku me be Ðasefowo nye amesiwo sẽa ŋuta le ɖeviwo ŋu. Nɔviŋutsua lé eɖokui kpoo. Egblɔ dɔmefafatɔe be: “Ete ɖe dzinye vie be èse le ɖokuiwò me nenema. Taflatse, màdi be maɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dzixɔse me na wò oa?” Keith nɔ to ɖom dzeɖoɖoa hetso yi ʋɔtrua nu azɔ be yeanya nɔviŋutsua wòadzo.

10 Emegbe ete ɖe srɔ̃tɔawo dzi be yewowɔ nu ɖe amedzroa ŋu nenema. Eƒe dɔmefafaa wɔ dɔ ɖe wo dzi. Ewɔ nuku na wo ŋutɔ be le kwasiɖa ɖeka megbe la, nɔviŋutsua trɔ gbɔ, ale Keith kple srɔ̃a na wòɖe nusi dzi wòtu eƒe dzixɔsea ɖo le Ŋɔŋlɔawo me la me na wo. Wogblɔ emegbe be: “Le ƒe eve siwo kplɔe ɖo me la, míexɔ ɣeyiɣi ɖo to Ðasefo bubuwo nyuie.” Wolɔ̃ be woasrɔ̃ Biblia kpli yewo, eye mlɔeba wona nyɔnyrɔ wo ame evea siaa wònye woƒe adzɔgbeɖeɖe na Yehowa ƒe kpɔɖeŋu. Teƒeɖoɖo ka gbegbee nye si Ðasefo si yi Keith kple srɔ̃a gbɔ gbã la kpɔ! Ƒe geɖe megbe la, Ðasefoa va do go srɔ̃tɔawo hese bena wozu yeƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu fifia. Dɔmefafa ɖe vi.

11. Mɔ ka nue dɔmefafa ate ŋu aʋu mɔ na ame aɖe wòaxɔ Kristotɔwo ƒe nyateƒea le?

11 Asrafodɔ si Harold wɔ kpɔ na dziku heliheli aɖe ɖo eme eye wòkea ɖi Mawu ƒe anyinɔnɔ. Lɔrifɔku aɖe si ʋukula ahanomunɔ aɖe he va Harold dzii hena wòzu wɔametɔ keŋkeŋ la gblẽ nyaa ɖe edzi kura. Esi Yehowa Ðasefowo va Harold ƒeme la, egblɔ na wo be woadzudzɔ ye gbɔ vava. Gake gbeɖeka Ðasefo aɖe si ŋkɔe nye Bill yina ɖetsɔlemetɔ aɖe, si kple Harold dome xɔ eve ko tso la srã ge kpɔ. Vodadatɔe la, Bill yi ɖaƒo ʋɔ na Harold. Esi Harold, amesi nɔ ati eve tɔm ʋu ʋɔa la, Bill ɖe kuku nɛ enumake be aƒe aɖe si te ɖe wo ŋu me yimee yenɔ hafi. Aleke Harold wɔ nui? Bill menya be woɖe Ðasefo siwo nɔ dɔ wɔm ɖekae hetsɔ ɣeyiɣi kpui ŋutɔ aɖe tu Fiaɖuƒe Akpata aɖee la le television dzi Harold kpɔ o. Alesi wòkpɔ ame gbogbowo nɔ dɔ wɔm le ɖekawɔwɔ me la wɔ dɔ ɖe edzi ale gbegbe be wòtrɔ eƒe nɔnɔme ɖe Ðasefoawo ŋu. Alesi Bill ɖe kuku nɛ tso dzi me kpakple alesi wòfa tui la wɔ dɔ ɖe Harold dzi wòtso nyame be Ðasefowo nava nɔ ye srãm kpɔ. Esrɔ̃ Biblia, wɔ ŋgɔyiyi, heva zu Yehowa subɔla xɔnyɔnyrɔ.

Le Hamea Me

12. Xexeame ƒe nɔnɔme kawo ŋue wòle be Kristo-hamea me tɔwo natsi tre ɖo?

12 Teƒe etɔ̃lia si dɔmefafa hiã le vevie enye Kristo-hamea me. Masɔmasɔwo doa mo ɖa vevie le amewo dome egbea. Glãkahehewo, nyaʋiʋliwo, kple dzrehehewo yia edzi vevie le amesiwo tsɔa xexeame ƒe nukpɔsusu kpɔa agbee la dome. Ɣeaɖewoɣi la, xexeame ƒe nɔnɔme siawo va gena ɖe Kristo-hamea me eye nyahehe kple dzrehehewo doa mo ɖa. Enyea nuxaxa geɖe na nɔviŋutsu tsitsiwo ne wòahiã be woaɖɔ nɔnɔme siawo ɖo. Ke hã, lɔlɔ̃ si le wo si na Yehowa kple wo nɔviwo ʋãa wo be woadze agbagba akpe ɖe vodalaawo ŋu be woatrɔ dzime.—Galatiatɔwo 5:25, 26.

13, 14. Nukae ate ŋu ado tso ‘nuxɔxlɔ̃ amesiwo meɖoa to nya la o’ le dɔmefafa me la me?

13 Le ƒe alafa gbãtɔ me la, Paulo kple eƒe zɔhɛ Timoteo do go nya sesẽwo tso hamea me tɔ aɖewo gbɔ. Paulo xlɔ̃ nu Timoteo be wòanɔ ŋudzɔ ɖe nɔvi siwo le abe nuzazã siwo ‘ŋu bubu mele ene o’ la ŋu. Paulo gblɔ be: “Ele na aƒetɔ la ƒe subɔla be, wòagawɔ dzre o, ke boŋ wòanye amesi nyoa dɔme na amewo katã, amesi tea ŋu fiaa nu, amesi doa dzi le vɔ̃ me, amesi gbea nya le [dɔmefafa] me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu.” Ne míewɔ nu dɔmefafatɔe le dziku gɔ̃ hã me la, eʋãa amesiwo ƒe nukpɔsusu to vovo na mía tɔ zi geɖe be woagbugbɔ ada woƒe nyawo akpɔ. Abe alesi Paulo yi edzi ŋlɔe ene la, ame aɖe menya nu o, awɔe be Yehowa ‘nana woatrɔ dzime, bene woadze si nyateƒe la.’ (Timoteo II, 2:20, 21, 24, 25) De dzesii be Paulo yɔ nuwɔwɔ tufafatɔe kple ame ɖokuiléle tɔ ɖe dɔmefafa ŋu.

14 Paulo tsɔa nusiwo wòfiana wɔa dɔe. Le nuwɔwɔ kple “apostolo, siwo kɔ akpa” le Korinto-hamea me me la, exlɔ̃ nu nɔviawo be: “Ke nye Paulo ŋutɔ mele nu xlɔ̃m mi to Kristo ƒe dɔmefafa kple tufafa me, nye amesi nye ame bɔbɔɖokui le miaƒe ŋku me le mia dome; ke esime nyemele mia gbɔ o la, dzi le ƒonye ɖe mia ŋu.” (Korintotɔwo II, 10:1; 11:5) Le nyateƒe me la, Paulo srɔ̃ Kristo. De dzesii be etsɔ eƒe nyawo ɖo nɔvi siawo ŋkume le Kristo ƒe ‘dɔmefafa me.’ Eyata eƒo asa na amegã ɖuɖu ɖe ame dzi kple gbeɖeɖe na ame ƒe nɔnɔme. Ðikeke mele eme o be eƒe nuxlɔ̃amea dze hamea me tɔ siwo si dzi senugɔme le la ŋu. Edzra amewo dome ƒomedodo siwo me gblẽ la ɖo hena ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ va hamea me. Ðe esia menye nuwɔna si wòle be mí katã míadze agbagba asrɔ̃ oa? Vevietɔ la, hamemegãwo koŋue wòhiã be woana woƒe nuwɔnawo nasɔ kple Kristo kple Paulo tɔ.

15. Nukatae dɔmefafa le vevie le nuxlɔ̃ame nana me?

15 Menye ɣeyiɣi siwo me hamea ƒe ŋutifafa kple ɖekawɔwɔ ɖo afɔku me koe wòhiã be woakpe ɖe amewo ŋu le o. Nɔviwo hiã mɔfiame lɔlɔ̃tɔe hafi wo dome ƒomedodo me nava gblẽ. Paulo xlɔ̃ nu be: “Nɔviwo, ne vodada aɖe ɖi ɖe ame aɖe hã la, mi amesiwo nye gbɔgbɔmemewo la, miɖɔ nenem me sia ɖo.” Gake aleke woawɔe? “Le dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ la me; eye nɔ ɖokuiwò dzi kpɔm nyuie, bene woagate wò hã akpɔ o.” (Galatiatɔwo 6:1) Menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi be woaɖe “dɔmefafa ƒe gbɔgbɔ” afia o, vevietɔ le esi Kristotɔwo katã, hekpe ɖe ŋutsu siwo woɖo ŋu, nye nuvɔ̃mewo ta. Ke hã, dɔmefafae akpe ɖe amesi ɖɔm wole ɖo la ŋu be wòate ŋu axɔ ɖɔɖɔɖoa.

16, 17. Nukae ate ŋu akpe ɖe amesi medi be yeaxɔ nuxlɔ̃ame o la ŋu be wòaxɔe?

16 Le Helagbe gbãtɔ me la, nya si gɔme woɖe be ‘woaɖɔ amea ɖo’ ate ŋu afia alesi wogbugbɔ ɖoa ƒu ŋeŋewo wo nɔƒe alo wo nɔewo nui, si wɔwɔ naa ame ŋeŋea sea veve ŋutɔ. Ðɔkta akɔfanamela si le ƒu ŋeŋewo tsiãm la ƒoa nu nyui tso atikewɔmɔnua ƒe viɖewo ŋu. Eƒe dɔmefafa faa akɔ na ame. Nya ʋɛ aɖewo siwo wòagblɔ do ŋgɔ ana vevesesea dzi naɖe akpɔtɔ. Nenema kee ame ɖɔɖɔɖo le gbɔgbɔ me ate ŋu ana woase veve. Gake ewɔwɔ kple dɔmefafa ana exɔxɔ nanɔ bɔbɔe wu, ahana ƒomedodo nyui nagakpɔtɔ anɔ anyi eye wòaʋu mɔ na vodalaa be wòatrɔ eƒe nuwɔna. Ne wògbe nuxlɔ̃amea xɔxɔ le gɔmedzedzea me gɔ̃ hã la, amesi le kpekpeɖeŋua nam ƒe dɔmefafa ate ŋu ana wòalɔ̃ axɔ Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋuɖoɖo nyuia ade eme.—Lododowo 25:15.

17 Le kpekpe ɖe amewo ŋu be woawɔ ɖɔɖɔɖo me la, edzɔna zi geɖe be woabu nuxlɔ̃amea ɖeklemiɖeamenyae. Agbalẽŋlɔla aɖe gblɔe ale: “Nuwɔna aɖeke meli si naa wobua susu vɔ̃ ɖe ame ŋu madzemadzee si abia be ame nawɔ nu le dɔmefafa me, de ameɖɔɖɔɖo tɔ nu o.” Dɔmefafa si tsoa ɖokuibɔbɔ me tutuɖo akpe ɖe Kristotɔ si le nu xlɔ̃m la ŋu be wòaƒo asa na afɔku sia.

‘Miaƒe Dɔme Nefa le Amewo Katã Dome’

18, 19. (a) Nukatae wòate ŋu asesẽ na Kristotɔwo be woaɖe dɔmefafa afia le nuwɔwɔ kple dziɖuɖuwo me? (b) Nukae akpe ɖe Kristotɔwo ŋu be woaɖe dɔmefafa afia amesiwo le ŋusẽnɔƒewo, eye nukae ate ŋu ado tso eme?

18 Teƒe ɖeka si wòsesẽna na ame geɖe be woaɖe dɔmefafa afia le enye nuwɔwɔ kple dziɖulawo. Enye nyateƒe be alesi ame aɖewo siwo le ŋusẽnɔƒewo wɔa nui nyea ŋlɔmiwɔwɔ si me veveseɖeamenu aɖeke menɔna o ya. (Nyagblɔla 4:1; 8:9) Gake míaƒe lɔlɔ̃ na Yehowa akpe ɖe mía ŋu míade dzesii be eyae nye ŋusẽwo katã tɔ ahatsɔ ɖokuibɔbɔ si seɖoƒe li na, si dziɖuɖuwo dze na la ana wo. (Romatɔwo 13:1, 4; Timoteo I, 2:1, 2) Ne amesiwo le ŋusẽnɔƒewo le agbagba dzem be yewoaxe mɔ ɖe alesi míesubɔa Yehowa le gaglãgbe nu hã la, míetsɔa dzidzɔ dia mɔnu siwo kpɔtɔ le ʋuʋuɖi la be míatsɔ míaƒe kafukafuvɔsa ana.—Hebritɔwo 13:15.

19 Mele be míawɔ nu adãtɔe le nɔnɔme aɖeke me gbeɖegbeɖe o. Togbɔ be míada le gɔmeɖose dzɔdzɔewo dzi gbeɖe o hã la, míedzea agbagba be míawɔ nu dɔmefafatɔe. Mɔ sia dzie mía nɔviwo to kpɔ dzidzedze le woƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me le anyigba 234 sɔŋ dzi le xexeame godoo. Míewɔna ɖe Paulo ƒe nuxlɔ̃ame be ‘míabɔbɔ mía ɖokui na dziɖulawo kple ŋusẽwo, eye míaɖo to wo, eye míasu te hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ, míagagblɔ busunya ɖe ame aɖeke ŋuti o, míaganye dzrehelawo o; míanye ame fatuwo, míatsɔ dɔmefafa katã afia amewo katã’ la dzi.—Tito 3:1, 2.

20. Teƒeɖoɖo kae li na amesiwo ƒe dɔme fa?

20 Yayra gbagowo li na amesiwo katã ƒe dɔme fa. Yesu gblɔ be: “Woayra amesiwo nye ame fafawo la; elabena woawoe anyi anyigba la ƒe dome.” (Mateo 5:5) Le Kristo nɔvi amesiaminawo gome la, nuwɔwɔ dɔmefafatɔe ahe dzidzɔ vɛ na wo eye mɔnukpɔkpɔ asu wo si be woanɔ Fiaɖuƒea me aɖu anyigbaa dzi. Le ‘alẽ bubuawo’ ƒe “ameha gã” la gome la, woyia edzi ɖea dɔmefafa fiana hekpɔa mɔ be yewoanɔ agbe le Paradiso me le anyigba sia dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9; Yohanes 10:16; Psalmo 37:11) Mɔkpɔkpɔ wɔnuku ka gbegbee nye si le mía ŋgɔ! Ekema neva eme be míagaŋlɔ nuxlɔ̃ame si Paulo na Kristotɔ siwo nɔ Efeso la be gbeɖe o be: ‘Azɔ la nye amesi nye gatɔ le Aƒetɔ la me la, mele nu xlɔ̃m mi bena, miazɔ alesi dze mia yɔyɔ, si wotsɔ yɔ mi la le tamebɔbɔɖeanyi kple dɔmefafa katã me.’Efesotɔwo 4:1, 2.

Numetoto

• Yayra kawoe dona tsoa dɔmefafa ɖeɖe fia

• le ƒomea me me?

• le gbeadzisubɔsubɔdɔa me?

• le hamea me me?

• Teƒeɖoɖo kawo ŋugbee wodo na amesiwo ƒe dɔme fa?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Dɔmefafa le vevie ŋutɔ le ƒome siwo ma le mawusubɔsubɔ gome la me

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Dɔmefafa doa ŋusẽ ƒomekadodowo

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Miɖo nya ŋu na amesiame le dɔmefafa kple bubu deto me

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Ameɖɔɖola ƒe dɔmefafa ate ŋu akpe ɖe vodala la ŋu