Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

Ðe Gbetakpɔxɔ ƒe tata siwo do nyitsɔ laa xexlẽ do dzidzɔ na wòa? Ke kpɔe ɖa be yeate ŋu aɖo biabia siwo gbɔna ŋu hã:

Aleke nusɔsrɔ̃ tso Safan ƒe ƒomea ŋu ate ŋu aɖe vi na míi?

Safan nye Yuda-fia Yosiya ƒe agbalẽŋlɔla. Esi Safan nye ameŋkuta le fiaɖuƒea me ta la, ekpe asi ɖe ɖoɖo si fia la wɔ be woagbugbɔ tadedeagu vavã aɖo anyi la ŋu. Safan ƒe viŋutsu eve nɔ nyagblɔɖila Yeremya ŋu nuteƒewɔwɔtɔe. Eye viaŋutsu bubu kple tɔgbuiyɔvi ŋutsu eve zã woƒe ɖoƒewo tsɔ do alɔ tadedeagu vavã lae. Nenema ke wòle be míazã míaƒe nunɔamesiwo kple ɖoƒewo atsɔ ado tadedeagu vavãtɔ ɖe ŋgɔe.—12/15, axa 19-22.

Aleke Irene Hochstenbach wɔ ɖu wɔametɔnyenye gã aɖe dzi hete ŋu va subɔ Yehowa?

Esime wòxɔ ƒe adre la, eku to. Togbɔ be enye tokunɔ hã la, esrɔ̃ alesi woawɔ aƒo nu kple amewo eye wòzɔa mɔ kple srɔ̃a (si nye dzikpɔla mɔzɔla) fifia le hamewo sasrãkpɔ me le Netherlands.—1/1, axa 23-6.

Nusrɔ̃gbalẽ eve kawoe woɖe ɖe go le “Fiaɖuƒe Gbeƒãɖela Veviedonulawo” Nutome Gã Takpekpeawo me?

Dzi dzɔ Kristotɔ siwo le xexeame godoo be yewoxɔ Subɔ Mawu Vavã Ðeka Kolia La, si ŋu wotrɔ asi le be woasrɔ̃ kple ame yeyewo ne wowu agbalẽ si nye Sidzedze si Kplɔa Ame Yia Agbe Mavɔ Me la sɔsrɔ̃ nu; agbalẽ yeye eveliae nye Te Ðe Yehowa Ŋu, si he susu yi Yehowa ƒe nɔnɔmewo kple nuwɔnawo dzii. Egafia alesi míate ŋu asrɔ̃ eyama le eƒe nɔnɔmewo ɖeɖe fia me.—1/15, axa 23-4.

Gɔmesese kae le Lododowo 12:5 ŋu, si gblɔ be, “Ame dzɔdzɔewo ƒe tamesusuwo le eteƒe”?

Ame nyuiwo ƒe tamesusuwo nyoa ame ŋu eye ameŋkumekpɔkpɔ mele eme o eye wonɔa te ɖe dzɔdzɔenyenye dzi. Esi wònye lɔlɔ̃ na Mawu kple havi amegbetɔwo ye ʋãa ame dzɔdzɔewo ta la, woƒe tameɖoɖowo nyea nyuia.—1/15, axa 30.

Nukae ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòatu dɔwɔɖui ŋuti nukpɔsusu si da sɔ ɖo?

Viɖe le eme be woana hehe ame tso ɖevime be wòabu dɔwɔwɔ nu vevii. Biblia xlɔ̃ nu mí be nɔnɔme nyui nanɔ mía si ɖe dɔwɔwɔ ŋu eye míaƒo asa na kuviawɔwɔ. (Lododowo 20:4) Ede dzi ƒo na Kristotɔwo hã be womaganyrɔ wo ɖokui ɖe dɔwɔwɔ me vĩ o. Ele be míade dzesii be edze be Mawu subɔsubɔ naxɔ nɔƒe vevitɔ le míaƒe agbe me. (Korintotɔwo I, 7:29-31) Gakpe ɖe eŋu la, Kristotɔ vavãwo ka ɖe edzi be Mawu magblẽ yewo ɖi o.—2/1, axa 4-6.

Afikae woyɔ vɔsamlekpui le zi gbãtɔ le Biblia me?

Ele Mose I, 8:20, afisi woƒo nu tso vɔsamlekpui si Noa ɖi esime wòdo le aɖakaʋua me le Tsiɖɔɖɔa megbe ŋu le. Gake anɔ eme be Kain kple Habel zã vɔsamlekpuiwo le woƒe vɔsasa me. (Mose I, 4:3, 4)—2/15, axa 28.

Aleke Kristotɔ aɖewo ate ŋu awɔ woƒe nɔnɔme si trɔ la ŋudɔ wòaɖe vii?

Ame aɖewo lɔ̃ ɖe tɔtrɔ siwo va woƒe dɔwɔɖuiwo me dzi—alo wɔ tɔtrɔwo—si na wokpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe subɔsubɔdɔa ŋu. Bubuwo hã dzi woƒe ɣeyiɣi kple mɔnukpɔkpɔwo le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me ɖe edzi esime woƒe ƒome gbanɔamedziwo dzi ɖe kpɔtɔ, abe esime wo viwo tsi heɖe srɔ̃ ene.—3/1, axa 19-22.

Aleke Yona kple apostolo Petro ƒe kpɔɖeŋuawo kpe ɖe mía ŋu be míakpɔ amewo abe alesi Yehowa kpɔa woe ene?

Vodada siwo dze gaglã nɔ Yona kple Petro ƒe tamebubu kpakple alesi wowɔ nui ɖe xɔse kple toɖoɖo ƒe dodokpɔwo ŋu me. Ke hã, eme kɔ ƒã be Yehowa kpɔ nɔnɔme nyuiwo le wo me eye wòyi edzi zã wo le eƒe subɔsubɔdɔa me. Ne amewo dze agɔ le mía dzi alo do ŋukpe mí la, míate ŋu aɖo susu woƒe nɔnɔme nyui siwo nyoa mía ŋu tsã kple nyui si Mawu kpɔna le wo me la ŋu.—3/15, axa 16-19.

Nukatae woɖo Psalmowo ƒe agbalẽa me xexlẽdzesiwo woto vovo le Biblia gɔmeɖeɖewo me?

Vovototo le alesi woɖo xexlẽdzesiawo ɖe agbalẽa me le Hebrigbe gbãtɔ me kple eƒe gɔmeɖeɖe ɖe Helatɔwo ƒe Septuagint me tɔ me. Gɔmeɖeɖe siwo li egbea la ato vovo, le esi dzi wotui ɖo ta, nenye be Hebrigbe me tɔa dzie loo alo Septuagint la dzie.—4/1, axa 31.