Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Yehowa Tsɔa Ðe Le Nusiwo Nèwɔna Mea?

Ðe Yehowa Tsɔa Ðe Le Nusiwo Nèwɔna Mea?

Ðe Yehowa Tsɔa Ðe Le Nusiwo Nèwɔna Mea?

ALEKE nàɖo biabia ma ŋui? Ame geɖe agblɔ be: ‘Mexɔe se be Mawu de dzesi dɔ siwo amewo abe Mose, Gideon, kple Dawid ene wɔ, gake nyemeka ɖe edzi be etsɔa ɖe le nusi mewɔna me o. Nyemesɔ kple Mose, Gideon, alo Dawid o.’

Nyateƒee wònye be ŋutsu wɔnuteƒe aɖewo siwo nɔ anyi le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me wɔ xɔsedɔ tɔxɛ aɖewo. ‘Woɖu fiaɖuƒewo dzi, womiã nu na dzatawo, wotsi dzo ƒe ŋusẽ nu, wosi le yi nu.’ (Hebritɔwo 11:33, 34) Ke hã ame bubuwo ɖe xɔse fia le mɔ si meɖe dzesi tututu o nu, eye Biblia ka ɖe edzi na mí be Mawu tsɔ ɖe le xɔsedɔ siwo woawo hã wowɔ me. Abe kpɔɖeŋu ene la, bu esiwo dze le Ŋɔŋlɔawo me ku ɖe alẽkplɔla, nyagblɔɖila, kple ahosi aɖe ŋu kpɔ.

Alẽkplɔla aɖe Tsɔ Vɔsa aɖe Na

Nukae nèɖo ŋkui le Abel, si nye Adam kple Xawa vi evelia ŋu? Àɖo ŋku edzi be eku xɔsetaku, si nye nane si ƒã hafi wòate ŋu adzɔ ɖe mía dometɔ aɖe dzi. Gake Mawu de dzesi Abel zi gbãtɔ le nu bubu aɖe ta.

Gbeɖeka Abel tia lã nyuitɔ kekeake le eƒe lãha dome eye wòtsɔe sa vɔ na Mawu. Woabu eƒe nunana nu tsɛ aɖee egbea, gake Yehowa kpɔe eye wòkpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. Ke hã mese ɖe afima ko o. Ƒe akpe ene kloe megbe la, Yehowa ƒe gbɔgbɔ ʋã apostolo Paulo be wòŋlɔ nu tso eŋu le Hebritɔwo ƒe agbalẽa me. Togbɔ be ƒe geɖe va yi hã la, Mawu meŋlɔ vɔsasa tsɛ ma be o!—Hebritɔwo 6:10; 11:4.

Aleke Abel te ŋu wɔ nya vɔsa si tɔgbe wòatsɔ ana? Biblia megblɔe o, gake anye be ede ŋugble le nya la ŋu. Alẽkplɔlae wònye, eyata mewɔ nuku be etia lãwo le eƒe lãha la dome tsɔ na o. Gake de dzesii be etsɔ nyuitɔwo na—esiwo “dami.” (Mose I, 4:4) Ate ŋu anye hã be ede ŋugble le Yehowa ƒe nya si wògblɔ na da la le Eden-bɔa me ŋu si gblɔ be: “Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la, àɖu afɔkpodzi nɛ.” (Mose I, 3:15; Nyaɖeɖefia 12:9) Togbɔ be Abel mese amesi “nyɔnu la” kple eƒe “dzidzime” nye gɔme o hã la, anya de dzesii be ‘afɔkpodzi ɖuɖu’ na nyɔnua ƒe dzidzime alɔ ʋukɔkɔɖi ɖe eme. Ðikekemanɔmee la, ade dzesii be naneke mate ŋu axɔ asi asɔ ɖe enu wu nuwɔwɔ aɖe si me agbe le o. Ke hã nu vevitɔ enye be vɔsa si wòtsɔ na nye esi sɔ tututu.

Abe Abel ene la, Kristotɔ siwo li egbea saa vɔ na Mawu. Menye lãhawo ƒe ŋgɔgbevie wotsɔ nana o, ke boŋ ‘kafukafuvɔsa si nye nuyi, siwo ʋua Mawu ŋkɔ me la, ƒe kutsetsee.’ (Hebritɔwo 13:15) Míetsɔ míaƒe nuyiwo ʋua eme ne míegblɔ míaƒe xɔse na ame bubuwo.

Ðe nàdi be yeatrɔ asi le wò vɔsaa ŋu wòanyo ɖe edzi wua? Ekema bu amesiwo le wò nutoa me ƒe hiahiã ŋu nyuie. Nukawo ŋue wotsia dzi ɖo? Nukae doa dzidzɔ na wo? Biblia ƒe gbedasi kae aʋã wo? Le gbeƒãɖeɣi ɖesiaɖe me la, dzro sasrãkpɔ siwo nèwɔ me kpɔ kple susu be nàte ŋu atrɔ asi le wò dɔwɔwɔ ŋu wòanyo ɖe edzi wu. Eye ne èle nu ƒom tso Yehowa ŋu la, gblɔe kple kakaɖedzi tso dzi blibo me. Wɔ wò vɔsa wòanye “kafukafuvɔsa” vavã.

Nyagblɔɖila aɖe Ðe Gbeƒã na Tomaɖolawo

Fifia bu nyagblɔɖila Henox ŋu kpɔ. Anye be eya ɖeka koe nɔ anyi ɣemaɣi abe Yehowa Mawu ƒe ɖasefo ene. Ðe nèle abe Henox ene, wònye wò ɖekae le Yehowa subɔm nuteƒewɔwɔtɔe le ƒomea mea? Wò ɖeka koe nye sukuvi le miaƒe sukuxɔ me alo wò ɖeka koe nye dɔwɔla le miaƒe dɔwɔƒea si léa Biblia ƒe gɔmeɖosewo me ɖe asia? Ne wò ɖeka koe la, ànya nɔ go dom nyaƒoɖeamenuwo. Xɔlɔ̃wo, ƒometɔwo, sukuxɔmehatiwo, alo dɔwɔhatiwo aƒoe ɖe nuwò be nàda le Mawu ƒe sewo dzi. Woate ŋu agblɔ na wò be: “Ame aɖeke manya nusi nèwɔ la akpɔ gbeɖe o. Míagblɔe na ame aɖeke o.” Woate ŋu aƒoe ɖe nuwò agblɔ be enye movidzɔdzɔ be nànɔ dzi tsim ɖe Biblia ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo ŋu kple susu be Mawu metsia dzi ɖe nusi nèwɔna ŋu o. Ne eva le dzi kum na wo be wò nukpɔsusu kple nuwɔnawo mele abe wo tɔ ene o la, woawɔ woƒe ŋutete ɖesiaɖe be nàgbɔdzɔ.

Nyateƒee, mele bɔbɔe be woanɔ te ɖe nyaƒoɖeamenu siawo nu o, gake menye nusi dzi womate ŋu aɖu o. Bu Henox, amesi nye dzidzime adrelia tso Adam dzi, ŋu kpɔ. (Yuda 14) Hafi wodzi Henox la, ame geɖewo ƒe dzitsinya ku atri xoxo. Woƒe nuƒowo nye ŋukpenanyawo; woƒe agbenɔnɔ ‘ƒaƒã.’ (Yuda 15) Woƒe nuwɔna katã le abe alesi ame geɖewo wɔa nu egbea ene.

Aleke Henox te ŋu nɔ te ɖe enui? Nya sia ƒe ŋuɖoɖo le vevie na mí egbea. Togbɔ be anye Henox ɖeka koe nye amesi subɔa Yehowa le anyigba dzi ɣemaɣi hã la, le nyateƒe me la, metsi akogo o. Henox zɔ kple Mawu.—Mose I, 5:22.

Mawu ŋu dzedzee nye nusi ŋu Henox ƒe susu nɔ le agbe me. Enya be zɔzɔ kple Mawu lɔ nu geɖe ɖe eme wu agbe dzadzɛ nɔnɔ ko. Yehowa di tso esi be wòaɖe gbeƒã. (Yuda 14, 15) Ehiã be woaxlɔ̃ nu ameawo be Mawu le woƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nuwɔnawo teƒe kpɔm. Henox yi dzi zɔ kple Mawu wu ƒe 300—si nye ɣeyiɣi si didi wu ɖesiaɖe si mía dometɔ ɖesiaɖe do dzi va se ɖo kpɔ. Eyi dzi zɔ kple Mawu vaseɖe gbesigbe wòku.—Mose I, 5:23, 24.

Abe Henox ene la, wode dɔ asi na míawo hã be míaɖe gbeƒã. (Mateo 24:14) Hekpe ɖe tso aƒeme yi aƒeme ƒe gbeƒãɖeɖe ŋu la, míedzea agbagba be míatsɔ nyanyuia ayi na ƒometɔwo, dɔwɔhatiwo, kple sukuxɔmehatiwo. Anɔ eme baa be míavɔ̃ ɣeaɖewoɣi be míaƒo nu dzideƒotɔe. Kuxi siae ɖea fu na wòa? Dzi megaɖe le ƒowò o. Srɔ̃ Kristotɔ gbãtɔwo, eye nàdo gbe ɖa na Mawu be wòana dzinɔameƒo wò. (Dɔwɔwɔwo 4:29) Mègaŋlɔ be gbeɖe o be zi alesi nènya le zɔzɔm kple Mawu ko la, meganye wò ɖekae o.

Ahosi aɖe Wɔ Amedzro

Bu ahosi aɖe si ƒe ŋkɔ womeyɔ o si xɔ yayra teƒe eve le esi wòɖa nu tsɛ aɖe tsɔ wɔ amedzro ŋu kpɔ! Menye Israel-vie wònye o, ke boŋ enye du bubu me tɔ aɖe si nɔ anyi le ƒe alafa ewolia D.M.Ŋ. me le Zarpat-dua me. Esi wòkpɔtɔ vie ɣeyiɣi didi aɖe ƒe kuɖiɖi kple dɔwuame nu nava yi la, nu via aɖe koe kpɔtɔ ne ahosia ƒe nuɖuɖu navɔ. Nusi susɔ nɛ koe nye wɔ asiʋlo ɖeka kple ami si ade na nuɖaɖa zi ɖeka na eya ŋutɔ kple viaŋutsuvi.

Le ɣeyiɣi sia me la, amedzro aɖe va do. Mawu ƒe nyagblɔɖila Eliya ye, eye wòbia ahosia be wòana eƒe nuɖuɖu ƒe ɖe ye. Nuɖuɖu sue aɖe koe li si ade na ahosia kple viaŋutsuvia, eye le nyateƒe me la, ɖeke megali wòatsɔ awɔ amedzro o. Gake Eliya ka ɖe edzi nɛ le Yehowa ƒe nya nu be ne wòna eƒe nuɖuɖua ɖe ye la, dɔ mawu woa kple viaŋutsuvia akpɔ o. Ebia xɔse be wòate ŋu aka ɖe edzi be Israel ƒe Mawu atsɔ ɖe le eme na eya du bubu me tɔ si nye ahosi. Ke hã exɔ Eliya dzi se eye Yehowa ɖo eteƒe nɛ. ‘Le nya si Yehowa gblɔ to nyagblɔɖila dzi nu la, wɔze la meɖi gbɔlo o, eye ami, si le goea me la, mevɔ o, vaseɖe esime Yehowa na tsi gadza ɖe anyigba la dzi.’ Nyɔnua kple via wokpɔ nu ɖu ɣeawokatãɣi vaseɖe esime kuɖiɖia nu va yi.—Fiawo I, 17:8-16.

Ke hã yayra bubu ganɔ ahosia lalam. Le nukunu ma ƒe dzɔdzɔ megbe sẽ la, via malɔ̃nugbɔa dze dɔ eye wòku. Esi nya la wɔ nublanui na Eliya la, eƒo koko na Yehowa be wòagbɔ agbe ɖevia. (Fiawo I, 17:17-24) Esia abia be nukunu aɖe si medzɔ kpɔ o nadzɔ. Nuŋlɔɖi aɖeke meli si fia be wofɔ ame aɖe ɖe tsitre do ŋgɔ na esia kpɔ o! Ðe Yehowa agakpɔ nublanui na ahosi sia si nye du bubu me tɔa? Ekpɔ nublanui nɛ. Yehowa do ŋusẽ Eliya be wògbɔ agbe ɖevia. Emegbe Yesu gblɔ le nyɔnu sia si nu wove ŋu be: ‘Ahosi geɖewo nɔ Israel, ke hã nyɔnu ahosi aɖe si le Zarpat le Zidon-nyigba dzi la gbɔe wodɔ Eliya ɖo.’—Luka 4:25, 26.

Egbea ganyawo ƒe nɔnɔme mele ke lim kura o, eye dukɔ deŋgɔwo gɔ̃ hã meto le eme o. Dɔwɔƒe gã aɖewo ɖe asi le dɔwɔla siwo wɔ dɔ na wo nuteƒewɔwɔtɔe ƒe bla nanewo ŋu. Ne Kristotɔ va le vɔvɔ̃m be dɔ ava ge le ye si la, awɔ nɛ be yeazã ɣeyiɣi gbogbo aɖe anɔ dɔ wɔm kple susu be yeƒe dɔtɔwo nana yeatsi anyi. Esia wɔwɔ ate ŋu ana be magakpɔ ɣeyiɣi sɔgbɔ ade Kristotɔwo ƒe kpekpewo, akpɔ gome le gbeadzi subɔsubɔdɔa me, alo akpɔ eƒe ƒomea ƒe seselelãme kple gbɔgbɔmenuhiahiãwo gbɔ o. Ke hã ase le eɖokui me be ele be yeawɔ nusianu si yeate ŋui be dɔ ma nagage le ye si o.

Kristotɔ si ganyawo le fu ɖem na alea tɔ dzɔ be wòatsi dzi. Dɔkpɔkpɔ mele bɔbɔe le ŋkeke siawo me o. Menye ɖe mía dometɔ geɖe míele agbagba dzem be míazu kesinɔtɔwo o, ke boŋ abe Zarpat ƒe ahosia ene la, alesi míakpɔ agbemenuhiahiãwo gbɔ koe. Ke hã apostolo Paulo he míaƒe susu yi nya si Mawu gblɔ dzi be: “Nyemele asi ɖe ge le mia ŋu o, eye nyemele mia gblẽ ge ɖi akpɔ o.” Míate ŋu agblɔ kakaɖedzitɔe be: “Yehowa ye nye nye kpeɖeŋutɔ, nyemavɔ̃ o; nuka amegbetɔ awɔm ma?” (Hebritɔwo 13:5, 6) Paulo ɖo dzi ɖe ŋugbedodo sia ŋu bliboe le nɔnɔme ɖesiaɖe me, eye Yehowa kpɔ eta ɣeawokatãɣi. Mawu awɔ esia ke na mí ne míegbe nu le egbɔ o.

Awɔ na mí be míate ŋu awɔ nu ɖedzesi siwo gbɔgbɔmeme siwo nye Mose, Gideon, kple Dawid wɔ o, gake míate ŋu asrɔ̃ woƒe xɔse. Eye míate ŋu aɖo ŋku Abel, Henox kple ahosi si tso Zarpat ƒe xɔsedɔ tsɛwo dzi. Yehowa tsɔa ɖe le xɔse ƒe nuwɔna ɖesiaɖe me—ne wole sue gɔ̃ hã. Ne sukuvi mawuvɔ̃la gbe atikevɔ̃ɖi si ehatiwo tsɔ le enam la xɔxɔ, ne dɔwɔla Kristotɔ aɖe gbe agbegbegblẽnɔnɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo le dɔwɔƒe, alo ne Ðasefo tsitsi aɖe dea hamea ƒe kpekpewo togbɔ be ɖeɖiteameŋu kple lãmegbegblẽ ɖea fu nɛ hã la, Yehowa kpɔa wo katã. Eye wodoa dzidzɔ nɛ!—Lododowo 27:11.

Ðe Nètsɔa Ðe Le Nusiwo Ame Bubuwo Wɔna Mea?

Nyateƒee, Yehowa tsɔa ɖe le nusiwo míewɔna me. Eyata abe Mawu srɔ̃lawo ene la, ele be míaƒe ŋku nanɔ ame bubuwo ƒe agbagbadzedzewo ŋu. (Efesotɔwo 5:1) Ðe manyo be nàlé ŋku ɖe kuxi siwo me hati Kristotɔwo tona be yewoava hamea ƒe kpekpewo, akpɔ gome le gbeadzisubɔsubɔdɔa me, kple nusi me wotona be woate ŋu awɔ woƒe gbesiagbedɔwo gɔ̃ hã ŋu nyuie wu oa?

Ekema na hati Yehowa subɔlawo nanya be èkpɔa ŋudzedze ɖe woƒe agbagbadzedzewo ŋu. Ado dzidzɔ na wo be èdea dzesi yewoƒe agbagbadzedzewo, eye wò ɖetsɔleme ana kakaɖedzi wo be Yehowa hã tsɔa ɖe le eme na yewo.