Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Ame Aɖewo Kpɔ Ŋuɖoɖowo

Alesi Ame Aɖewo Kpɔ Ŋuɖoɖowo

Alesi Ame Aɖewo Kpɔ Ŋuɖoɖowo

AME miliɔn geɖe doa gbe ɖa. Wo dometɔ aɖewo ka ɖe edzi be woɖoa yewoƒe gbedodoɖawo ŋu na yewo. Ame aɖewo menya ne wosea yewoƒe gbedodoɖa na yewo gɔ̃ hã o. Ame bubu aɖewo hã li siwo dia ŋuɖoɖo na woƒe biabiawo gake mevaa susu me na wo be woada woƒe biabiawo ɖe Mawu ŋkume o.

Biblia gblɔ le Mawu vavã la ŋu be ‘Eɖoa to gbedodoɖa.’ (Psalmo 65:3) Ne èle gbe dom ɖa la, ɖe nèka ɖe edzi be Mawu vavã lae wò gbedodoɖawo yina na? Ðe wò gbedodoɖawo nye esiwo tɔgbe ŋu wòɖona?

Le ame geɖewo gome le xexeame katã la, ŋuɖoɖoae nye ẽ! Aleke wowɔ kpɔ woƒe ŋuɖoɖowo? Nukae wosrɔ̃?

Mawu—Amekae Wònye?

Sukunufiala aɖe si nyɔnu saɖagaxɔmenɔlawo kple nunɔlawo fia nui le Portugal la tsɔ dzi blibo nɔ agbe ɖe eƒe xɔse nu. Etɔtɔ le eɖokui me esi sɔlemeha la wɔ tɔtrɔwo eye woɖe asi le nuwɔna siwo wofiae be wole vevie la ŋu. Eƒe mɔzɔzɔwo na wòkpɔ alesi Ɣedzeƒetɔwo dea ta agui, eye eƒe susu va nɔ ewɔm vevevee nenye be Mawu vavã ɖeka koe li. Aleke wòle be wòade ta agui? Esi wòbia Biblia ŋu nyawo eƒe nunɔla la, egbe eŋuɖoɖo nɛ, eye dzi ɖe le nyɔnua ƒo.

Katoliko-ha la kaka agbalẽviwo le du si me sukunufiala sia le tsɔ de se na woƒe nutoa me nɔlawo be woagaɖo dze kple Yehowa Ðasefowo o. Gake nyɔnua ƒe biabiawo gakpɔtɔ nɔ dzi me nɛ. Esi Ðasefoawo va srãe kpɔ gbeɖeka la, eɖo to eye wòɖe ɖetsɔleme fia ku ɖe nusi wòse la ŋu. Emae nye zi gbãtɔ si Ðasefowo ɖo dze kplii kpɔ.

Be wòakpɔ ŋuɖoɖo na eƒe biabia gbogboawo la, nyɔnu sia dze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple Ðasefoawo. Kwasiɖa ɖesiaɖe la, nya geɖewo nɔa esi wòbiana. Edi be yeanya Mawu ƒe ŋkɔ, ahanya ne Mawu vavã ɖeka koe li, kple nenye be eda asi ɖe tadede agu na nɔnɔmetatawo dzi, kpakple nya bubu geɖewo. Ede dzesii be nyaŋuɖoɖo siwo katã wonanae la tso Biblia me, ke menye ame aɖeke ƒe nukpɔsusue o, eyata nusi srɔ̃m wòle la wɔ nuku nɛ eye dzi dzɔe. Vivivi la, ekpɔ ŋuɖoɖo na eƒe biabia geɖewo. Egbea esubɔa Yehowa le gbɔgbɔ kple nyateƒe me, abe alesi Yesu Kristo gblɔe be “nyateƒegbedoɖalawo” awɔe ene.—Yohanes 4:23.

Ƒomea aɖe xlẽa Biblia edziedzi ɖekae le Sri Lanka, gake womenɔ ŋuɖoɖo kpɔm na biabia geɖe siwo le vevie na wo o. Togbɔ be wohiã kpekpeɖeŋu hã la, woƒe nunɔla mete ŋu nae wo o. Ke hã Yehowa Ðasefowo va srã ƒomea kpɔ eye wogblẽ Biblia-srɔ̃gbalẽ nyui aɖewo ɖe wo gbɔ. Emegbe esi Yehowa Ðasefowo ɖo woƒe biabiawo ŋu na wo tso Biblia me wòdze wo ŋu la, wolɔ̃ be yewoasrɔ̃ Biblia. Nusiwo wosrɔ̃ le woƒe nusɔsrɔ̃a me la dzɔ dzi na wo ŋutɔ.

Ke hã sɔlemeha la ƒe nufiafia si wofia srɔ̃nyɔnua tso ɖevi me la na mete ŋu le egɔme sem be Yesu Kristo Fofoe nye “Mawu vavã ɖeka la,” abe alesi Yesu ŋutɔ gblɔe ene o. (Yohanes 17:1, 3) Wofiae be Yesu kple Fofoa wosɔ ta eye mele be woaku “nya ɣaɣla” sia me o. Esi wòtsi dzodzodzoe la etsɔ dzi blibo yɔ Yehowa ƒe ŋkɔ tsɔ do gbe ɖa nɛ, eye wòbiae be wòafia ye amesi Yesu nye yease egɔme. Emegbe egbugbɔ dzro mawunyakpukpui siwo ku ɖe nya sia ŋu me ake ŋuɖɔɖotɔe. (Yohanes 14:28; 17:21; Korintotɔwo I, 8:5, 6) Abe tsro aɖee woɖe le ŋku dzi nɛ ene la, fifia eme kɔ nɛ nyuie be Yehowa—dziƒo kple anyigba Wɔla kple Yesu Kristo Fofo—enye Mawu vavã la.—Yesaya 42:8; Yeremya 10:10-12.

Fukpekpe—Nukatae Wòli?

Ŋutsu si ŋkɔe nye Hiob kpe fu vevie ŋutɔ. Viawo katã ku le ahomya aɖe me eye wòva zu hiãtɔ. Elé dɔ sesẽ aɖe eye wòdo dzi le alakpa xɔlɔ̃wo ƒe fɔ si wobui me. Hiob gblɔ nya aɖewo nuŋumabumabutɔe esi nusiawo katã nɔ dzɔdzɔm ɖe edzi. (Hiob 6:3) Gake Mawu bu nɔnɔme siwo me wònɔ ŋu. (Hiob 35:15) Enya nusi le dzi me na Hiob eye wòtsɔ nuxlɔ̃ame si dze la na Hiob. Ewɔa esia na amewo egbea hã.

Ƒe ewo koe Castro, si le Mozambique, xɔ esi dadaa ku. Nya la wu gbɔgblɔ nɛ. Ebia be: “Nukata wòle be wòaku agblẽ mí ɖi?” Togbɔ be dzila siwo vɔ̃a Mawue nyii hã la, etɔtɔ le eɖokui me ale gbegbe. Nukae wòakpɔ wòafa dzi kple susu nɛ? Ekpɔ akɔfafa le Chichewagbe me Biblia aɖe xexlẽ kple eme dzodzro kple foawo me.

Vivivi la, Castro va se egɔme be blibomademade ƒe dome si míenyi tae dadaa ku ɖo ke menye Mawu ƒe numadzɔmadzɔ wɔwɔ aɖekee o. (Romatɔwo 5:12; 6:23) Tsitretsitsi ŋugbedodo si le Biblia me na wòkpɔ akɔfafa gãtɔ elabena eva ka ɖe edzi be tsitretsitsia ana yeagate ŋu akpɔ ye dada ake. (Yohanes 5:28, 29; Dɔwɔwɔwo 24:15) Nublanuitɔe le ƒe ene ko megbe la, fofoa hã ku. Gake fifia Castro te ŋu do dzi geɖe wu le esia me. Egbea eva lɔ̃ Yehowa eye wòle Mawu ƒe subɔsubɔdɔa wɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Amesiwo katã nyae la de dzesi dzidzɔ si kpɔm wòle.

Ame geɖe siwo ƒe ame veviwo ku hã kpɔ akɔfafa le Biblia me nyateƒe siwo he akɔfafa vɛ na Castro la ke me. Ame aɖewo siwo to fukpekpe geɖe me le ame vɔ̃ɖiwo ƒe nuwɔna ta biana abe alesi Hiob bia ene be: “Nukaŋuti ame vɔ̃ɖiwo tsia agbe?” (Hiob 21:7) Ne amewo ɖo to se ŋuɖoɖo siwo Mawu na to eƒe Nya la dzi tututu la, wova dzea sii be mɔnu siwo Mawu tsɔ kpɔa nyawo gbɔe la ɖea vi na woa ŋutɔwo vavã.—Petro II, 3:9.

Barbara, amesi wonyi le United States la, ŋutɔ mekpɔ aʋawɔwɔ ƒe ŋɔdzinuwo teƒe kpɔ o. Gake ɣeyiɣi si me dukɔ geɖewo nɔ aʋa wɔm mee wòtsi le. Wogblɔa aʋawɔwɔ me ŋutasẽnuwɔwɔ ŋu nya gbesiagbe le nyadzɔdzɔwo me. Le eƒe nusɔsrɔ̃ me le suku la, alesi nuwo dzɔ le ŋutinya me le mɔ si màbu do ŋgɔ o nu la wɔ mo yaa nɛ ŋutɔ. Nuka gbɔe wòtso? Ðe Mawu tsɔ ɖe le nusiwo nɔ dzɔdzɔm mea? Exɔe se be Mawu li, gake mebui be Mawu tsɔ ɖe le eme o.

Ke hã Barbara ƒe nukpɔsusu le agbe ŋu va trɔ vivivi esi wòva nɔ ha dem kple Yehowa Ðasefowo. Eɖo to wo hesrɔ̃ Biblia kpli wo. Ede woƒe kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me. Ede woƒe takpekpe gãwo dometɔ ɖeka gɔ̃ hã. Gawu la, ede dzesii be ne yebia nyawo la, Ðasefo bubuwo ƒe nukpɔsusuawo metoa vovo tsoa wo nɔewo tɔ gbɔ o. Ke boŋ nya ɖekae Ðasefoawo gblɔna elabena Biblia dzie wotu woƒe nukpɔsusu ɖo.

Ðasefoawo hea susu yia kpeɖodzinyawo dzi le Biblia me be Satana Abosam, si nye xexeame dziɖulae le ŋusẽ kpɔm ɖe xexeame dzi, eye xexeame ɖea eƒe gbɔgbɔ fiana. (Yohanes 14:30; Korintotɔwo II, 4:4; Efesotɔwo 2:1-3; Yohanes I, 5:19) Woɖe nu me na Barbara be wogblɔ nudzɔdzɔ siwo wɔ mo yaa nɛ la ŋu nya ɖi le Biblia me. (Daniel, ta 2, 7, kple 8) Mawu gblɔ wo ɖi elabena ŋutete le esi be wòanya etsɔme ne elɔ̃. Mawue he nudzɔdzɔ mawo dometɔ aɖewo vɛ. Ke ɖeko wòɖe mɔ le bubuwo ŋu wodzɔ. Ðasefoawo ɖee fia Barbara be Biblia gagblɔ nudzɔdzɔ nyuiwo kple nudzɔdzɔ vɔ̃wo siaa ŋu nya ɖi le míaƒe ŋkekea me eye wòfia gɔmesese si le wo ŋu hã. (Mateo 24:3-14) Wofia Biblia ƒe ŋugbedodowo ku ɖe xexeme yeye si me dzɔdzɔenyenye axɔ aƒe ɖo eye fukpekpe nu ayi lae.—Petro II, 3:13; Nyaɖeɖefia 21:3, 4.

Vivivi la, Barbara va nɔ egɔme sem be togbɔ be menye Yehowa Mawu gbɔe amegbetɔwo ƒe fukpekpe tso o hã la, mexea mɔ ɖe woƒe dzɔdzɔ nu to amegbetɔwo dzi zizi be woaɖo to ye ne menye woawo ŋutɔ ƒe didie wònye o. (Mose V, 30:19, 20) Mawu wɔ ɖoɖo siwo dzi míato anɔ agbe tegbee le dzidzɔkpɔkpɔ me, gake ele mɔnukpɔkpɔ nam mí fifia be yeakpɔ be míanɔ agbe ɖe yeƒe mɔ dzɔdzɔeawo dzi hã. (Nyaɖeɖefia 14:6, 7) Barbara ɖo tame be yeasrɔ̃ Mawu ƒe nudidiwo ahanɔ agbe ɖe wo nu. Egakpɔ lɔlɔ̃ si ƒomevi Yesu gblɔ be ade dzesi ye yomedzela vavãwo le Yehowa Ðasefowo dome.—Yohanes 13:34, 35.

Wò hã àte ŋu aɖe vi tso ɖoɖo siwo kpe ɖe eŋu me.

Agbe si Ŋu Gɔmesese Le

Amesiwo gome wòdze le abe agbe le edzi dzem na wo ene la gɔ̃ hã adi ŋuɖoɖowo na nya siwo ɖea fu na wo. Le kpɔɖeŋu me, ɖekakpui aɖe si le Britain, si ŋkɔe nye Matthew, di vevie be yeanya Mawu vavã la kple tameɖoɖo si le agbe ŋu. Ƒe 17 ye Matthew xɔ esime fofoa ku. Emegbe Matthew xɔ yunivɛsiti ƒe dzeside le haƒoƒo me. Emegbe eva nɔ tofloko si eƒe ŋutilãmenudidi ƒe agbenɔnɔa nye la kpɔm nɔ si dzemee. Eʋu le aƒe va nɔ London eye wòƒo eɖokui ɖe atikevɔ̃ɖiwo zazã, modzakaɖeƒewo dede, ɣletivimefakaka, gbɔgbɔyɔyɔ, Zen Buddhatɔwo ƒe nunya kple xexemenunya bubuwo ƒe nuwɔna me—kple susu be yeakpɔ agbe si naa dzidzeme. Esi dzi ɖe le eƒo la, eƒo koko na Mawu be wòakpe ɖe ye ŋu yeakpɔ nyateƒea.

Ŋkeke eve megbe la Matthew do go exɔlɔ̃ xoxo aɖe eye wòka eƒe kuxia ta nɛ. Ŋutsua nye amesi srɔ̃ nu kple Yehowa Ðasefowo. Esi wòtsɔ Timoteo II, 3:1-5 fia Matthew la, alesi Biblia ɖɔ egbexexea ƒe nɔnɔme pɛpɛpɛ la wɔ nuku nɛ. Esi wòxlẽ Todzimawunyaa la, eʋã dzi nɛ. (Mateo, ta 5-7) Gbã la eƒe susu nɔ ewɔm vevevee elabena exlẽ nyati aɖe si ƒo nu tsitre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu, gake mlɔeba la eva tso nya me be yeade kpekpe le Fiaɖuƒe Akpata si tsɔ ɖe egbɔ me.

Nusi Matthew se la do dzidzɔ nɛ eye wòdze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme kple hamemegãwo dometɔ ɖeka. Eteƒe medidi o eva kpɔe be nusi srɔ̃m yele lae nye nusi dim yenɔ, si nye gbe si wòdo ɖa na Mawu ƒe ŋuɖoɖo. Eɖe vi nɛ esi wòɖe asi le nuwɔna siwo medzea Yehowa ŋu o la ŋu. Esi wòva nɔ mawuvɔvɔ̃ ƒe nɔnɔme si sɔ tum ɖo la, eʋãe wòwɔ tɔtrɔ va nɔ agbe ɖe Mawu ƒe sededewo nu. Matthew va de dzesii be gɔmesese le agbenɔnɔ alea ŋu.—Nyagblɔla 12:13.

Menye nuɖoɖie wònye be Matthew kple ame bubu siwo ŋkɔ míeyɔ le nyati sia me ava kpɔ agbe si naa dzidzeme o. Ke hã wosrɔ̃e be tameɖoɖo si me lɔlɔ̃ le le Yehowa Mawu si na amesiwo katã lɔ̃ faa kple dzidzɔ be yewoawɔ ɖe eƒe sededewo dzi. (Dɔwɔwɔwo 10:34, 35) Tameɖoɖo ma enye agbe mavɔ nɔnɔ le xexe si me aʋawɔwɔ, dɔléle kple dɔwuame maganɔ o—ku gɔ̃ hã maganɔe o. (Yesaya 2:4; 25:6-8; 33:24; Yohanes 3:16) Emae nye nusi dim nèlea? Ne eyae la, ekema àte ŋu agasrɔ̃ nu vevi bubu siwo ana nàkpɔ nusi hea agbenɔnɔ si me dzidzeme le vɛ na ame ne ède kpekpe siwo wotu ɖe Biblia dzi le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpata me. Míetsɔ dzidzɔ le kpewòm be nàwɔe alea.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Tsɔ moveviɖoɖo do gbe ɖa na Mawu, nàyɔ eƒe ŋkɔ ŋutɔŋutɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Srɔ̃ Biblia la kple amesiwo fiaa nusiwo tututu le eme

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Yi kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 4]

Toliala: Chad Ehlers/Index Stock Photography