Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kpekpeɖeŋunana le Ʋu ƒe Kɔkɔenyenye ƒe Nya me Léle Ðe Asi Me

Kpekpeɖeŋunana le Ʋu ƒe Kɔkɔenyenye ƒe Nya me Léle Ðe Asi Me

Fiaɖuƒe Gbeƒãɖelawo Ka Nya Ta

Kpekpeɖeŋunana le Ʋu ƒe Kɔkɔenyenye ƒe Nya me Léle Ðe Asi Me

LE XEXEAME godoo la, Yehowa subɔlawo ɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu le ʋu ƒe kɔkɔenyenye ƒe nya la me fia. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Dɔla nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela ƒe ha la na kpekpeɖeŋu si hiã Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa. (Mateo 24:45-47) Na míakpɔ emetsonuwo ɖa le Philippines.

Alɔdzedɔwɔƒe si le Philippines ka nya ta be: “Le ƒe 1990 me la, wona nyanya mí be Brooklyn Betel ƒe amedɔdɔ aɖewo ava wɔ numedzrokpekpe le Philippines. Wokpe nɔviwo tso alɔdzedɔwɔƒe geɖewo le Asia, siwo dometɔ aɖewoe nye Korea, Taiwan, kple Hong Kong. Tameɖoɖoa enye be woaɖo Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawo le woƒe alɔdzedɔwɔƒewo tsɔ kpe ɖe ɖoɖowɔwɔ ɖe Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo ŋu. Le Philippines la, woɖo kɔmitiawo ɖe dugã ene me le gɔmedzedzea.” Kɔmitiawo adze agbagba be yewoayi aɖadi ɖɔkta siwo awɔ nu kple mí aduadu le Kristotɔwo ƒe ʋumadomadonya me. Gakpe ɖe eŋu la, woakpe ɖe nɔviawo ŋu ne woɖo xaxa me le ʋumadomado ƒe nya la me.

Wotia Remegio be wòasubɔ le Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia me le Baguio. Esi ɣeyiɣiawo va le yiyim la, ɖɔktawo va le dzesi dem viɖe siwo le dɔ sia wɔwɔ me. Remegio ɖo ŋku alesi ɖɔkta aɖewo do go kple Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia gbeɖeka be yewoanya alesi yewoakpɔ Ðasefo siwo nye dɔnɔ siwo medoa ʋu o la gbɔ. Remegio gblɔ be: “Ðɔktawo va dze nyabiabia gɔme, gake metsi dzodzodzoe elabena woƒe atikewɔwɔ me nyagbewo zazã me mekɔna nam o.” Edo gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu le kuxi sia gbɔ kpɔkpɔ me. Remegio yi eƒe nyaa dzi gblɔ be: “Le biabia ɖesiaɖe megbe la, ɖɔkta bubuwo doa asi ɖe dzi gblɔa alesi wokpɔ nya ma ƒomevi aɖe gbɔe.” Remegio kpɔ dzidzɔ ɖe kpekpeɖeŋua ta, vevietɔ kple susu be nyabiabia kple ŋuɖoɖo ƒe wɔnaa xɔ gaƒoƒo eve sɔŋ.

Kɔmiti 21 ye le dukɔa me godoo fifia, si me nɔviŋutsu 77 le subɔsubɔm le. Danilo, amesi nye Ðasefo eye wònye ɖɔkta gblɔ be: “Ðɔktawo de dzesii le woƒe dɔnɔ Ðasefowo ŋu be habɔbɔ aɖe si tsɔa ɖe le eme na wo vevie ye le megbe na wo.” Ðɔkta aɖe menɔ lɔlɔ̃m le gɔmedzedzea me be yeawɔ dɔ na nɔviŋutsu aɖe ʋudodo manɔmee o. Ke hã nɔviŋutsua lé eƒe nyametsotso me ɖe asi sesĩe. Wowɔ dɔa nɛ eye wòdze edzi nyuie. Atikewɔwɔ Ŋuti Nyatakakanalawo gblɔ be: “Nɔviŋutsua ƒe hayahaya wɔ nuku na ɖɔkta la ŋutɔ. Egblɔ be: ‘Le nusia si teƒe mekpɔ ta la, ne eva eme be miaƒe hametɔ aɖe hiã amekoko ʋumanɔmee sia tɔgbe la, malɔ̃ faa be mawɔ dɔ nɛ.’”