Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðo To Nusi Gbɔgbɔ La Gblɔ!

Ðo To Nusi Gbɔgbɔ La Gblɔ!

Ðo To Nusi Gbɔgbɔ La Gblɔ!

“Amesi ke to li nɛ la, nese nusi [gbɔgbɔ] la gblɔ na hameawo.”—NYAÐEÐEFIA 3:22.

1, 2. Yesu ƒe nuxlɔ̃ame gbedasi siwo wòɖo ɖe hame adre siwo ŋkɔwo woyɔ ɖe Nyaɖeɖefia me kae wogblɔ zi geɖe?

ELE be Yehowa subɔlawo naɖo to Yesu Kristo ƒe nya siwo tso gbɔgbɔ me na hame adre siwo ŋkɔwo woyɔ ɖe Biblia-gbalẽ si nye Nyaɖeɖefia me. Le nyateƒe me la, wogblɔ nuxlɔ̃ame sia le gbedasi mawo dometɔ ɖesiaɖe me be: “Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.”—Nyaɖeɖefia 2:7, 11, 17, 29; 2:6, 13, 22.

2 Míedzro Yesu ƒe gbedasi si wòɖo ɖe Efeso, Smirna, kple Pergamo ƒe dɔlawo, alo dzikpɔlawo, me xoxo. Aleke nusi wòto gbɔgbɔ kɔkɔea dzi gblɔ na hame ene bubuawo aɖe vi na míi?

Ðo Ðe Dɔla si Le Tiatira

3. Afikae Tiatira nɔ, eye nuka wɔwɔ mee wòxɔ ŋkɔ le koŋ?

3 “Mawuvi” la ɖo kafukafu kple mokaname siaa ɖe Tiatira-hamea. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:18-29.) Wotso Tiatira (si nye Akhisar fifia, ɖe Gediz (blema Hermus) Tɔsisi si le Asia Sue ƒe ɣetoɖoƒe ƒe alɔdze aɖe to. Dua xɔ ŋkɔ le asinudɔ geɖe siwo wowɔna le eme ta. Amesiwo dea ama avɔwo le dua me la zãa madder ƒe ke tsɔ wɔa woƒe aɖabɛ, si gbɔ womelɔ̃a nu le kura o. Lidia, si va zu Kristotɔ esime Paulo yi Filipi, le Hela, la nye “aɖabɛdzrala tso Tiatira-dua me.”—Dɔwɔwɔwo 16:12-15.

4. Nukawo gomee wokafu hame si le Tiatira le?

4 Yesu kafu hame si le Tiatira ɖe eƒe dɔwɔwɔ nyuiwo, lɔlɔ̃, xɔse, dzidodo, kple subɔsubɔdɔ wɔwɔ ta. Le nyateƒe me la, ‘woƒe dɔwɔwɔ mlɔetɔwo wu gbãtɔawo.’ Gake ne míedze na kafukafu le dɔ nyuiwo wɔwɔ me hã la, mele be míaɖe ŋu ɖi le agbenyuinɔnɔ me o.

5-7. (a) Amekae “nyɔnu Isabel” la nye, eye nukae wòle be woawɔ le eƒe ŋusẽkpɔɖeamedzia ŋu? (b) Kristo ƒe gbedasi si wòɖo ɖe Tiatira-hamea kpena ɖe nyɔnu mawuvɔ̃lawo ŋu be woawɔ nuka?

5 Hame si le Tiatira la nɔ mɔ ɖem ɖe trɔ̃subɔsubɔ, aʋatsonufiafia, kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ ŋu. “Nyɔnu Isabel” ma—si ɖewohĩ nye nyɔnu aɖewo siwo ƒe nɔnɔme le abe Israel Fiaɖuƒe ewoawo ƒe Fianyɔnu vɔ̃ɖi Izebel tɔ ene—la nɔ wo dome. Agbalẽnyala aɖewo bui be Tiatira ƒe ‘nyɔnunyagblɔɖila’ la dze agbagba be yeable Kristotɔwo nu be woade ta agu na asitsahawo ƒe mawuwo kple mawunɔwo eye be woakpɔ gome le azãɖuɖu siwo me woɖua trɔ̃wo ƒe nuwo le la me. Amesi ɖo eɖokui nyɔnunyagblɔɖila aɖeke megate kpɔ be yeatrɔ amewo le Kristo-hame si li egbea me o!

6 Kristo di be ‘yeatsɔ nyɔnu Isabel aƒu dɔba dzi, eye yeatsɔ amesiwo wɔa ahasi kpakplii la aƒu xaxa gã aɖe me, negbe ɖe wotrɔ dzime tso woƒe dɔwɔwɔwo me.’ Mele be dzikpɔlawo naɖe mɔ ɖe nufiafia kple ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi ma tɔgbe ŋu gbeɖe o, eye mehiã be Kristotɔ aɖeke nawɔ ahasi le gbɔgbɔ me alo ŋutilã me alo aƒo eɖokui ɖe trɔ̃subɔsubɔ me hafi anya be “Satana ƒe globoƒewo” nye vɔ̃ o. Ne míeɖo to Yesu ƒe nuxlɔ̃ame la, ‘míalé nusi le mía si la me ɖe asi,’ eye nuvɔ̃ maɖu mía dzi o. Esi amesiaminawo siwo wofɔ ɖe tsitre gbe mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nuwɔnawo, eƒe nudzodzrowo, kple eƒe tameɖoɖowo ta la, wona ‘ŋusẽ wo ɖe dukɔwo dzi’ eye woawɔ ɖeka kple Kristo le wo gbagbã gudugudu me. Kpɔɖeŋu ɣletiviwoe le hamea si fifia, gake le tsitretsitsi ayi dziƒo me la, woatsɔ “ŋukeɣletivi keklẽ la,” Ŋugbetɔsrɔ̃, Yesu Kristo, anae.—Nyaɖeɖefia 22:16.

7 Woxlɔ̃ nu Tiatira-hamea be wòagaɖe mɔ ɖe nyɔnu xɔsegbelawo ƒe ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖia ŋu o. Egbea, Kristo ƒe gbedasi si tso gbɔgbɔ me si woɖo ɖe hamea kpena ɖe nyɔnu mawuvɔ̃lawo ŋu be woanɔ ɖoƒe si Mawu na wo. Womedzea agbagba be yewoakpɔ ŋusẽ ɖe ŋutsuwo dzi o eye womeblea nɔviŋutsuwo dea gbɔgbɔ me alo ŋutilã me ahasiwɔwɔ me o. (Timoteo I, 2:12) Ke boŋ nyɔnu siawo ɖoa kpɔɖeŋu nyui le dɔ nyuiwo wɔwɔ kple subɔsubɔ me hena Mawu ƒe kafukafu. (Psalmo 68:12; Petro I, 3:1-6) Ne hamea dzɔ nusi le esi ŋu—siwo nye nufiafia kple agbenɔnɔ dzadzɛ eye wòlé Fiaɖuƒesubɔsubɔdɔa me ɖe asi—la, Kristo ahe yayra wɔnukuwo vɛ nɛ, ke menye ʋɔnudɔdrɔ̃ o.

Ðo Ðe Dɔla si Le Sardes

8. (a) Afikae Sardes nɔ, eye nukawoe wonya tso eŋu? (b) Nukatae hame si le Sardes la hiã kpekpeɖeŋu?

8 Ehiã be woakpe ɖe hame si le Sardes ŋu kpata elabena eku le gbɔgbɔ me. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 3:1-6.) Sardes, si le Tiatira ƒe anyiehe eye wo dome didi anɔ kilometa 50 lɔƒo la, nye du kpɔdzidzedze aɖe. Asitsatsa, anyigbaa ƒe nukuwɔwɔ, kpakple alẽfuvɔ kple anyigbakuntru siwo wowɔna le afima wɔe be wònye du si me kesinɔnuwo bɔ ɖo eye emenɔlawo de ame 50,000 ɣeaɖeɣi. Ŋutinyaŋlɔla Josephus gblɔ be, Yudatɔ gbogbo aɖewo nɔ Sardes le ƒe alafa gbãtɔ D.M.Ŋ. me. Wokpɔ teƒe si ƒuƒoƒe aɖe kple Efesotɔwo ƒe mawunɔ Artemis ƒe gbedoxɔ nɔ le dua ƒe dudowo me.

9. Nukae wòle be míawɔ ne míaƒe subɔsubɔ zu abe kɔnu ko ene?

9 Kristo gblɔ na Sardes-hamea ƒe dɔla be: ‘Menya wò dɔwɔwɔwo, bena ŋkɔ le asiwò be èle agbe, gake nèku.’ Ke ne wonya mí be míele agbe le gbɔgbɔ me evɔ míedɔ alɔ̃ le Kristotɔwo ƒe mɔnukpɔkpɔwo gome eye míaƒe subɔsubɔdɔwo nye nuwɔna dzro aɖe ko, eye ‘wòsusɔ vie míaku’ le gbɔgbɔ me ɖe? Ekema ehiã be ‘míayi edzi anɔ ŋku ɖom alesi míexɔ’ Fiaɖuƒegbedasia ‘hesee’ la dzi, eye míagbugbɔ agbe ade agbagba siwo míedzena le subɔsubɔ kɔkɔea me la me. Ele be míadze gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me kple dzi blibo. (Hebritɔwo 10:24, 25) Kristo xlɔ̃ nu hame si le Sardes be: “Ne mènɔ ŋudzɔ . . . o la, ekema mava do ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye mànya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.” Ke míaƒe ŋkekea me ya ɖe? Eteƒe madidi o, ahiã be míabu akɔnta.

10. Le nɔnɔme si le abe esi nɔ Sardes ene me gɔ̃ hã la, nukae Kristotɔ ʋɛ aɖewo awɔ?

10 Le nɔnɔme si le abe esi nɔ Sardes ene me gɔ̃ hã la, ame ʋɛ aɖewo anɔ anyi siwo ‘meƒo ɖi woƒe awuwo o ate ŋu azɔ kple Kristo le awu ɣiwo me elabena wodze.’ Wolé woƒe Kristotɔnyenye me ɖe asi, wo ŋu kɔ, eye ɖiƒoƒo aɖeke mele wo ŋu le agbenɔnɔ kple subɔsubɔ gome le xexeame o. (Yakobo 1:27) Le esia ta Yesu ‘mele woƒe ŋkɔwo tutu ge ɖa le agbegbalẽa me o, eye aʋu woƒe ŋkɔwo me le Fofoa kple eƒe dɔlawo ŋkume.’ Le esi wogblɔ le ŋugbetɔ ƒe ha si nye amesiaminawo ŋu be wodze azɔ kple Kristo ta la, woado aklalabiɖibiɖiwu dzadzɛ si le dzo sim, si nye kpɔɖeŋu na Mawu ƒe ame kɔkɔewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔwo la, na wo. (Nyaɖeɖefia 19:8) Subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ wɔnuku si le wo lalam le dziƒo la dea dzi ƒo na wo be woaɖu xexeame dzi. Yayrawo li na amesiwo ava nɔ agbe le anyigba dzi tegbee la hã. Woŋlɔa woawo hã ƒe ŋkɔ ɖe agbegbalẽa me.

11. Nukae wòle be míawɔ ne gbɔgbɔmelɔ̃ le mía tsɔm?

11 Mía dometɔ aɖeke madi be gbɔgbɔmenɔnɔme wɔnublanui si me Sardes-hamea nɔ la nava ye dzi o. Ke ne míede dzesii be gbɔgbɔmelɔ̃ le mía tsɔm ya ɖe? Ele be míatso ɖe eŋu kaba le mía ŋutɔwo ƒe nyonyo ta. Ne edzɔ be mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nuwɔnawoe le mía hem alo míele gbɔdzɔgbɔdzɔm le kpekpewo dede alo le míaƒe subɔsubɔdɔa wɔwɔ me ɖe. Mina míado gbe ɖa vevie abia Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu. (Filipitɔwo 4:6, 7, 13) Biblia xexlẽ gbesiagbe kple “xɔnuvi nuteƒewɔla” ƒe agbalẽwo kpakple Ŋɔŋlɔawo sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míanɔ ŋu le gbɔgbɔ me. (Luka 12:42-44) Ekema míanɔ abe Sardes-tɔ siwo ŋu Kristo kpɔ ŋudzedze le la ene, eye míanye dzideƒo na haxɔsetɔwo.

Ðo Ðe Dɔla si Le Filadelfia

12. Aleke nàɖɔ mawusubɔsubɔ ƒe nɔnɔme si nɔ blema Filadelfia?

12 Yesu kafu Filadelfia-hamea. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 3:7-13.) Filadelfia (si nye Alasehir fifia) nye nuto kpɔdzidzedze aɖe si me woɖaa wein le koŋ le Asia Sue ƒe ɣetoɖoƒe. Le nyateƒe me la, mawu si wosubɔna koŋ enye Dionysus, wein ƒe mawu la. Anye be Yudatɔ siwo le Filadelfia dze agbagba be yewoaƒo nya ɖe Yudatɔ Kristotɔ siwo le afima nu be woalé Mose ƒe Sea me nuwɔna aɖewo me ɖe asi alo agbugbɔ atrɔ ɖe eŋu gake womete ŋui o.

13. Aleke Kristo zã “Dawid ƒe safui” lae?

13 Kristo ‘sie Dawid ƒe safui la le,’ si fia be wotsɔ Fiaɖuƒea ƒe nuwo katã kple xɔsetɔwo ƒe aƒe bliboa katã de eyama si. (Yesaya 22:22; Luka 1:32) Yesu zã safuia tsɔ ʋu Fiaɖuƒe mɔnukpɔkpɔwo kple dɔdasiwo ƒe agbo na Kristotɔ siwo nɔ blema Filadelfia kple teƒe bubuwo. Tso ƒe 1919 me la, eʋu ‘agbo gã’ si me woato akpɔ Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ, si tsitretsiɖeŋula aɖeke mate ŋu atu o, la na “xɔnuvi nuteƒewɔla” la. (Korintotɔwo I, 16:9; Kolosetɔwo 4:2-4) Ke hã, wotu agbo si me woato axɔ Fiaɖuƒedɔdasiwo la ɖe ‘Satana ƒe ƒuƒoƒemetɔwo’ nu, elabena womenye gbɔgbɔ me Israel-viwo o.

14. (a) Ŋugbe kae Yesu do na hame si le Filadelfia? (b) Aleke míawɔ be míagado kpo nu le “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo” la dzi o?

14 Yesu do ŋugbe sia na Kristotɔ siwo nɔ blema Filadelfia be: ‘Le esi mielé nye dzideƒonya me ɖe asi ŋuti la, eyata nye hã malé mi ɖe asi le tetekpɔ ƒe gaƒoƒo, si le xexeame katã dzi va ge la me.’ Gbeƒãɖeɖe bia be míado dzi abe alesi Yesu do dzii ene. Meɖe asi le eɖokui ŋu na futɔ la o, ke boŋ eyi edzi wɔ Fofoa ƒe lɔlɔ̃nu. Le esia ta wofɔ Kristo yi makumakugbenɔnɔ me le dziƒo. Ne míelé míaƒe nyametsotso be míasubɔ Yehowa me ɖe asi sesĩe hekpe asi ɖe Fiaɖuƒea ŋu to gbeƒãɖeɖe nyanyuia me la, woakpɔ mía ta be míagado kpo nu le dodokpɔɣi si me míele fifia, si nye “tetekpɔ ƒe gaƒoƒo,” la me o. ‘Míalé nusi’ Kristo de ‘mía si la me ɖe asi sesĩe’ to kutrikuku be míadzi Fiaɖuƒea ƒe nuwo ɖe edzi me. Esia wɔwɔ ana be amesiaminawo axɔ dziƒofiakuku xɔasi aɖe eye woƒe zɔhɛ nuteƒewɔlawo akpɔ agbe mavɔ le anyigba dzi.

15. Nukae wobia tso amesiwo anye ‘Mawu ƒe gbedoxɔa ƒe sɔtiwo’ si?

15 Kristo gblɔ kpee be: “Amesi ke ɖu dzi la, mawɔe wòanye sɔti le nye [mawuxɔa] me, . . . eye maŋlɔ nye Mawu ƒe ŋkɔ kple nye Mawu ƒe du, si nye Yerusalem yeye, si ɖi tso dziƒo tso nye Mawu gbɔ va la, ƒe ŋkɔ kple nye ŋkɔ yeye la ɖe eyama ŋu.” Ele be dzikpɔla siwo wosi ami na nalé tadedeagu vavã me ɖe asi. Ele be woalé woƒe dzedze hena “Yerusalem yeye” me tɔ nyenye la me ɖe asi to gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒea kple dzadzɛnɔnɔ le gbɔgbɔ me me. Esia le vevie ne wodi be yewoanye sɔtiwo le dziƒo gbedoxɔ si ŋu wokɔ me, eye nenye be Mawu ƒe du la ƒe ŋkɔ anɔ wo ŋu abe emenɔla siwo le dziƒo ene, eye woaxɔ Kristo ƒe ŋkɔ ɖe wo ɖokuiwo ŋu anye eƒe ŋugbetɔ. Eye le nyateƒe me la, ele be to si ‘sea nusi gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo’ nanɔ wo si.

Ðo Ðe Dɔla si Le Laodikea

16. Laodikea ŋuti nyatakaka aɖewo ɖe?

16 Kristo ka mo na hame matsɔɖekeleme si le Laodikea. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 3:14-22.) Wotso Laodikea-dua, si gbɔ didi kilometa 150 lɔƒo tso Efeso ƒe ɣedzeƒekpa dzi, ɖe asitsamɔ gã aɖe ƒe mɔdzeve nu le Lycus-tɔsisia ƒe bali wɔnu la me, eye wònye du kpɔdzidzedze aɖe si me wowɔa adzɔnuwo le hedzraa ga ɖo le eme. Wonya nu tso awu siwo wotsɔ alẽfuyibɔ wɔna le nutoa me la ŋu le teƒe geɖe. Esi Laodikea nye afisi dɔdadaŋutinusrɔ̃ƒe xɔŋkɔ aɖe nɔ ta la, anye afimae wowɔa ŋkutike si woyɔna be Frigiatɔwo ƒe wɔ la le. Asclepio, atikewɔwɔmawu la, nye mawu siwo wosubɔna le dua me koŋ la dometɔ ɖeka. Edze abe Yudatɔ gbogbo aɖewo le Laodikea ene, eye ɖikeke mele eme o be wo dometɔ aɖewo nye kesinɔtɔwo.

17. Nukatae woka ŋkume na Laodikeatɔwo?

17 Yesu to Laodikea-hamea ƒe “dɔla” dzi ƒo nu na wo ŋusẽtɔe abe “ɖaseɖila nuteƒewɔla kple nyateƒetɔ, amesi nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la” ene. (Kolosetɔwo 1:13-16) Eka mo na Laodikeatɔwo le esi ‘womefa alo dze dzo’ le gbɔgbɔ me o ta. Esi wonɔ yɔyrɔe ta la, Kristo le wo tu ge aƒu gbe tso eƒe nu me. Mele be nya ma gɔmesese nasesẽ na wo o. Tɔsisi siwo xɔ dzo nɔ Hierapoli si gbɔ medidi tso afima o, eye tsi fafɛ nɔ Kolose. Gake esi wònye be ɖe woyɔa pɔmpi me tsi tsoa didiƒe yia Laodikea ta la, tsia nɔa yɔyrɔe ne eɖo dua me. Ne eva ɖo teƒe aɖe la, etoa tsimɔ me. Ne egogo Laodikea la, etoa kpezɔ siwo me wode simitie godoo va kpe la me.

18, 19. Aleke woate ŋu akpe ɖe egbeŋkekea me Kristotɔ siwo le abe amesiwo nɔ Laodikea ene la ŋui?

18 Ame ɖekaɖeka siwo le abe Laodikeatɔwo ene egbea metsɔa dzo ɖe nu ŋu alo faa dzi na ame le nuwɔna me o. Esi wole abe tsi yɔyrɔe ene ta la, woatu wo aƒu gbe! Yesu mehiã wo be woanye yeƒe nyanuɖelawo, anye eƒe ‘ame dɔdɔ [siwo wosi ami na] le Kristo teƒe’ o. (Korintotɔwo II, 5:20) Ne wometrɔ dzime o la, dɔ si le wo si be woanye Fiaɖuƒegbeƒãɖelawo la age le wo si. Laodikeatɔwo di anyigba dzi nunɔamesiwo eye ‘womenyae be hiãtɔwo, nublanuitɔwo, kotɔwo, ŋkuagbãtɔwo, kple amamanɔlawoe yewonye o.’ Be amesiwo le abe woawo ene egbea nate ŋu aɖe woƒe gbɔgbɔ me hiãtɔ, ŋkuagbãtɔ, kple amamanɔnɔ nyenye ɖa la, ehiã be woaƒle xɔse ƒe “sika” si wodo kpɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe “avɔ ɣi,” kple “ŋkutike” si nana wokpɔa nu le gbɔgbɔ me la le Kristo si. Adzɔ dzi na dzikpɔla Kristotɔwo be yewoakpe ɖe wo ŋu be woatsi dzi ɖe woƒe gbɔgbɔmenuhiahiã ŋu ale be woava nye “kesinɔtɔwo le xɔse me.” (Yakobo 2:5; Mateo 5:3) Gakpe ɖe eŋu la, ehiã be dzikpɔlawo nakpe ɖe wo ŋu ne woazã gbɔgbɔ me “ŋkutike” la—be woaxɔ Yesu ƒe nufiafia, nuxlɔ̃ame, kpɔɖeŋu, kple tamesusu ahanɔ agbe ɖe enu. Esiae nye atike na “ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo.”—Yohanes I, 2:15-17.

19 Yesu kaa ŋkume eye wòhea to na amesiwo katã wòlɔ̃na. Ele be dzikpɔla siwo le ete hã natsɔ tufafa awɔ esia ke. (Dɔwɔwɔwo 20:28, 29) Ehiã be Laodikeatɔwo ‘nado vevie be woatrɔ le woƒe dziwo me,’ ahawɔ tɔtrɔwo le woƒe tamebubu kple agbenɔnɔ me. Ðe alesi mía dometɔ aɖewo nɔa agbee la wɔe be míeda subɔsubɔ kɔkɔe si míetsɔna naa Mawu la ɖe nɔƒe tsɛ aɖe le míaƒe agbe mea? Ekema mina ‘míaƒle ŋkutike le Yesu si’ ale be míate ŋu akpɔ vevienyenye si le Fiaɖuƒea didi gbãgbiagbã ŋu.—Mateo 6:33.

20, 21. Amekawoe le to ɖom Yesu ƒe ‘ʋɔƒoƒo’ egbea, eye mɔkpɔkpɔ kawoe le wo si?

20 Kristo be: “Kpɔ ɖa, mele tsitre le ʋɔa nu le eƒom; ne ame aɖe se nye gbe, eye wòʋu ʋɔa la, mage ɖe eme le egbɔ, eye maɖu nu kplii, eye eya hã aɖu nu kplim.” Zi geɖe la, Yesu naa gbɔgbɔmenufiame ne ele nu ɖum kple amewo. (Luka 5:29-39; 7:36-50; 14:1-24) Fifia la, ele ʋɔ ƒom na hame si le abe Laodikea-hamea ene. Ðe emetɔwo aʋu ʋɔa nɛ, ade dzo woƒe lɔlɔ̃ nɛ me, ado dzaa nɛ va wo dome, ahana wòafia nu woa? Ne wowɔe la, Kristo aɖu nu kpli wo be wòanye gbɔgbɔmeviɖe gã aɖe na wo.

21 “Alẽ bubuawo” siwo li egbea le woƒe ʋɔ ʋum na Yesu le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu, eye nuwɔna sia kplɔa ame yia agbe mavɔ mee. (Yohanes 10:16; Mateo 25:34-40, 46) Kristo ana mɔnukpɔkpɔ amesiamina ɖesiaɖe si aɖu dzi la be ‘wòabɔbɔ nɔ anyi kplii ɖe eƒe fiazikpui dzi, abe alesi eya hã ɖu dzi, eye wòbɔbɔ nɔ anyi kple Fofoa ɖe Eƒe fiazikpui dzi la ene.’ Ẽ, Yesu do teƒeɖoɖo gã aɖe, si nye anyinɔnɔ ɖe fiazikpui dzi kplii le Fofoa ƒe nuɖusi me le dziƒo, ƒe ŋugbe na amesiamina siwo aɖu dzi la. Eye alẽ bubuawo siwo ɖu dzi la le mɔ kpɔm na teƒe wɔnuku aɖe nɔnɔ le anyigba dzi le Fiaɖuƒedziɖuɖua te.

Nusɔsrɔ̃ na Mí Katã

22, 23. (a) Aleke Kristotɔwo katã ate ŋu akpɔ viɖe tso Yesu ƒe nya siwo wògblɔ ɖo ɖe hame adreawo mee? (b) Nukae wòle be wòanye míaƒe tameɖoɖo kplikpaa?

22 Ðikeke mele eme o be Kristotɔwo katã ate ŋu akpɔ viɖe gbogbowo tso Yesu ƒe nya siwo wògblɔ ɖo ɖe hame adre siwo nɔ Asia Sue la me. Le kpɔɖeŋu me, esi hamemegã Kristotɔ lɔ̃amewo de dzesii be Kristo gblɔ kafukafunya le afisi sɔ la, eʋãa wo be woakafu amewo kple hame siwo le agbagba dzem le gbɔgbɔ me. Afisi gbɔdzɔgbɔdzɔwo le la, hamemegãwo kpena ɖe haxɔsetɔwo ŋu be woawɔ Ŋɔŋlɔawo ŋudɔ atsɔ akpɔ wo gbɔe. Mí katã míate ŋu ayi edzi akpɔ viɖe tso nuxlɔ̃ame vovovo siwo Kristo na hame adreawo me, nenye be míetsɔe de gbedodoɖa me vevie hetso ɖe nya mawo dzi wɔwɔ ŋu enumake. *

23 Ŋkeke mamlɛ siawo menye ɣeyiɣi si me míaɖe mɔ ɖe ɖokuiŋudzedze, ŋutilãmenuwo yomenɔnɔ, alo nu bubu aɖeke si ana míatsɔ subɔsubɔ afã kple afã anɔ Mawu nam la ŋu o. Eyata neva eme be hameawo katã nayi edzi anɔ keklẽm nyuie abe akaɖiti siwo Yesu gblẽ ɖe wo nɔƒewo la ene. Abe Kristotɔ wɔnuteƒewo ene la, mina míaɖoe kplikpaa be míaɖo to ne Kristo le nu ƒom eye míawɔ ɖe nusi gbɔgbɔa gblɔ dzi. Ekema dzi adzɔ mí tegbee abe kekeliviwo ene be wòanye kafukafu na Yehowa.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 22 Wodzro Nyaɖeɖefia 2:1–3:22 me hã le agbalẽ si nye Nyaɖeɖefia—Etaƒoƒo Keŋkeŋ la Ðo Vɔ!, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe ta 7 va ɖo 13 me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Amekae “nyɔnu Isabel” nye, eye nukatae nyɔnu mawuvɔ̃lawo mesrɔ̃a eƒe nɔnɔme o?

• Nɔnɔme kae nɔ hame si le Sardes me, eye nukae míate ŋu awɔ be míagava nɔ abe Kristotɔ siwo nɔ afima la dometɔ geɖe ene o?

• Ŋugbe kawoe Yesu do na Filadelfia-hamea, eye aleke wòsɔ egbeae?

• Nukatae woka ŋkume na Laodikeatɔwo, gake mɔkpɔkpɔ kawoe woɖo Kristotɔ veviedonulawo ŋkume?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 16]

Ele be woaƒo asa na “nyɔnu Isabel” ƒe mɔ vɔ̃wo

[Nɔnɔmetata siwo le axa 18]

Yesu ʋu Fiaɖuƒedɔwɔnawo ƒe ‘agbo gã aɖe’ na eyomedzelawo

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Ðe nèdoa dzaa na Yesu heɖoa toea?