Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amesiame Anɔ Eƒe Gboti Te

Amesiame Anɔ Eƒe Gboti Te

Amesiame Anɔ Eƒe Gboti Te

FAFƐƑE menye nusi wokpɔna bɔbɔe le Titina Ɣedzeƒe nyigbawo dzi le dzomeŋɔli siwo me ŋdɔ ʋuna vevie le la o. Ati ɖesiaɖe si ƒe vɔvɔli te woate ŋu anɔ ale be ŋdɔa nagaɖu ame o la nyoa ame ŋu, vevietɔ ne ete ɖe ame ƒe aƒe ŋu. Gboti ƒe aŋgba gã gbadzawo kple alɔ siwo dome keke ŋutɔ la wɔe be wòte ŋu doa vɔvɔli wu ati bubu ɖesiaɖe kloe si le nutoa me.

Agbalẽ si nye Plants of the Bible gblɔ be, “wogblɔ le [gboti] ƒe vɔvɔli ŋu be enaa dzidzeme eye eme fana wu avɔgbadɔ me.” Gboti siwo wodo ɖe weingblewo to le blema Israel la nyea teƒe nyui siwo agblea dzi dɔwɔlawo ɖina ɖe eme vie le.

Ne ŋkeke xɔdzo si me dɔwɔnawo te ɖeɖi ame ŋu wu enu la, ƒometɔwo te ŋu nɔa woƒe gboti te hesea vivi le hadede dodzidzɔname me. Gawu la, gboti la tsea ku nyiame gbogbo aɖe na amesi tɔ wònye la. Le esia ta, ame ŋutɔ ƒe gboti te nɔnɔ nye ŋutifafa, nudzedziname, kple nunɔamesi ƒe dzesi tso Fia Salomo ŋɔli ke.—Fiawo I, 4:24, 25.

Ƒe alafa aɖewo do ŋgɔ la, nyagblɔɖila Mose ɖɔ Ŋugbedodonyigba la be enye ‘anyigba si dzi gbotiwo le.’ (Mose V, 8:8) Ŋkutsala 12 tsɔ gbotsetse kple atikutsetse bubuwo gbɔe va Israel-viwo ƒe asaɖaa me tsɔ ɖo kpe anyigba la ƒe nyonyo dzi. (Mose IV, 13:21-23) Le ƒe alafa 19 lia me la, mɔzɔla aɖe si de Biblia-nyigbawo dzi ka nya ta be gboti nye ati siwo bɔ ɖe afima wu la dometɔ ɖeka. Eyata mewɔ nuku o be Ŋɔŋlɔawo yɔa gbotsetsewo kple gbotiwo ŋkɔ edziedzi!

Ati si Tsena Zi Eve

Gboti te ŋu tsina le anyigba vovovowo dzi eye eƒe ke si dea didiƒe la wɔnɛ be wòte ŋu doa dzi le dzomeŋɔli ƒe ku si ɖina eteƒe didina la me le Titina Ɣedzeƒe. Atia le etɔxɛ le susua nu be etsea gbo gbãtɔwo le June me eye wòtsena fũ ŋutɔ tso August me heyina. (Yesaya 28:4) Israel-viwo ɖua tsetse gbãtɔawo abe atikutsetsewo ko ene. Wosiana ku siwo wòtsena emegbe la na zazã le ƒe bliboa me. Woate ŋu atu gbotsetse ƒuƒuwo, si me wodea yevuziwoe ɣeaɖewoɣi la, atsɔ aƒo aboloe. Gbotsetsebolo siawo ƒoƒo le bɔbɔe, nunyiame le eme, eye wòvivina.

Nyɔnu zazɛ̃ Abigail kpɔe be gbotsetsebolo 200 tsɔtsɔ na Dawid anye nuɖuɖu si asɔ na sisilawo godoo. (Samuel I, 25:18, 27) Wote ŋu tsɔa gbotsetse si wotu la hã daa gbe le ame ŋu. Wotsɔ gbotsetse ƒuƒu siwo wotu ɖo ƒoƒoe si de Fia Xizkiya wu ge kloe la dzi nɛ, togbɔ be Mawue nye amesi koŋ na wòhaya hã. *Fiawo II, 20:4-7.

Le blema ɣeyiɣiwo me la, wodea asixɔxɔ gbotsetse ƒuƒuwo ŋu ŋutɔ le Mediterranea nuto bliboa me. Dziɖuɖumegã Cato lé gbotsetse aɖe ɖe asi ʋuʋui sesĩe tsɔ ƒoe ɖe Roma Dunyahemegãwo ƒe Sewɔha nu be woaho Nublanuimakpɔmakpɔʋa Etɔ̃lia ɖe Carthage ŋu. Caria, si le Asia Sue, ye nye afisi wotsɔa gbotsetse ƒuƒu nyuitɔ siwo le Roma la tsonae. Esiae wɔe be carica va zu Latingbe me ŋkɔ si woyɔna na gbotsetse ƒuƒuwo. Nuto sia, si nye egbegbe Turkey, mee wogakpɔa gbotsetse ƒuƒu nyuitɔwo le.

Israel-vi agbledelawo doa gbotiwo ɖe woƒe weingblewo me zi geɖe, gake wotsoa ati matsekuwo ɖa. Womegblẽa anyigba nyui si kpɔkpɔ sesẽ la ɖe ati matsekuwo ŋu o. Le Yesu ƒe kpɔɖeŋu si ku ɖe gboti matseku la ŋu me la, agbletɔa gblɔ na agbledela la bena: “Kpɔ ɖa, ƒe etɔ̃ sɔŋ mele vavam le kutsetse dim le gboti sia dzi, eye nyemekpɔ ɖeke o; lãe ƒu anyi, nukaŋuti wòxe mɔ na anyigba la mahã?” (Luka 13:6, 7) Esi wònye woxea adzɔ ɖe atikutsetsetiwo ta le Yesu ŋɔli ta la, ati ɖesiaɖe si metsea ku o ahe gakuxi hã vɛ madzemadzee.

Gbotsetsewo nye Israel-viwo ƒe nuɖuɖu vevi aɖe. Le esia ta, gboawo ƒe matsematse nyuie—ɖewohĩ le tohehe sẽŋu aɖe si tso Yehowa gbɔ ta—te ŋu gblẽa nu le wo ŋu. (Hosea 2:12; Amos 4:9) Nyagblɔɖila Xabakuk gblɔ be: “Gboti magaƒo se o, eye weinka matse o; amiti agbe aminana, eye agblewo mana nuɖuɖu o; . . . Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.”—Xabakuk 3:17, 18.

Enye Kpɔɖeŋu na Dukɔ si Si Xɔse Mele O

Ŋɔŋlɔawo zãa gbotsetsewo alo gbotiwo le kpɔɖeŋumɔnu ɣeaɖewoɣi. Le kpɔɖeŋu me, Yeremya tsɔ Yudatɔ aboyomenɔla wɔnuteƒewo sɔ kple gbotsetse nyui siwo le kusi me, siwo le abe gbotsetse gbãtɔwo siwo ƒe ɖiɖia woɖuna ene. Gake wotsɔ aboyomenɔla mawɔnuteƒewo sɔ kple gbotsetse gbegblẽwo, siwo womate ŋu aɖu o siwo wòle be woatsɔ aƒu gbe la ene.—Yeremya 24:2, 5, 8, 10.

Yesu ɖe Mawu ƒe dzigbɔgbɔɖi na Yuda-dukɔa fia le gboti matseku si ƒe kpɔɖeŋu wòwɔ la me. Abe alesi míekpɔe do ŋgɔ ene la, eƒo nu tso ŋutsu aɖe si si gboti le le eƒe weingble me ŋu. Ƒe etɔ̃ va yi eye atia metse ku aɖeke o, eye agblea tɔ di be woatsoe ƒu anyi. Gake agblemedɔwɔla la gblɔ be: “Aƒetɔ, na wòanɔ anyi ƒe sia hã, vaseɖe esime maɖe do aƒo xlãe, eye maku aɖu ɖe eŋu: ɖewohĩ ava tse ku; ke ne mele nenema o la, nalãe aƒu anyi.”—Luka 13:8, 9.

Ɣeyiɣi si me Yesu wɔ kpɔɖeŋu sia la, enɔ gbeƒã ɖem ƒe etɔ̃ xoxo henɔ agbagba dzem be yeatu xɔse ɖo ɖe Yuda-dukɔa me viwo me. Yesu dzi eƒe dɔwɔwɔ ɖe edzi ‘heku aɖu ɖe’ kpɔɖeŋu gboti—si nye Yuda-dukɔa—‘ŋu’ hena mɔnukpɔkpɔe be wòatse ku. Gake, kwasiɖa ɖeka hafi Yesu naku la, eva dze ƒã be dukɔ bliboa gbe Mesia la.—Mateo 23:37, 38.

Yesu gazã gboti ake tsɔ wɔ gbɔgbɔmenɔnɔme gbegblẽ si me dukɔa nɔ la ƒe kpɔɖeŋui. Esime wònɔ mɔ zɔm tso Betania yina ɖe Yerusalem le ŋkeke ene siwo do ŋgɔ na eƒe ku dzi la, ekpɔ gboti aɖe si dzi aŋgbawo sɔ gbɔ ɖo evɔ kutsetse aɖeke mele edzi o. Esi wònye gbo gbãtɔwo tsena kple aŋgbawo ƒe toto aduadu—eye ɣeaɖewoɣi la, etsena doa ŋgɔ na aŋgbawo—ta la, atia ƒe ku matsematse ɖee fia be viɖe mele eŋu o.—Marko 11:13, 14. *

Abe alesi gboti matsekua ƒe dzedzeme nya kpɔe ene la, gotagome dzedzeme si flua amee nɔ Yuda-dukɔa si. Gake metse ku siwo dzea Mawu ŋu o, eye wògbe Yehowa ŋutɔ ƒe Vi la mlɔeba. Yesu ƒo fi de gboti matsekua, eye le ŋufɔke la, nusrɔ̃lawo kpɔe be eyrɔ xoxo. Ati yɔyrɔ ma nye alesi Mawu ava gbe nu le Yudatɔ siwo nye eƒe dukɔ tiatia la gbɔe ƒe kpɔɖeŋu si me kɔ.—Marko 11:20, 21.

‘Misrɔ̃ Nu le Gboti Ŋuti’

Yesu gazã gboti tsɔ fia nu vevi aɖe ku ɖe eƒe anyinɔnɔ ŋu. Egblɔ be: “Misrɔ̃ lododo le gboti ŋuti! Ne tsi ɖo eƒe alɔwo me, eye wòto aŋgbawo la, ekema midze sii bena, dzomeŋɔli le ɖoɖo ge; nenema ke miawo hã, ne miekpɔ nusiawo katã la, midze sii bena, egogo agbo la nu.” (Mateo 24:32, 33) Gboti ƒe aŋgba siwo dama nyuie nye dzesi siwo ŋu ɖikeke menɔna o be dzomeŋɔli le ɖoɖom. Nenema ke Yesu ƒe nyagblɔɖi xɔŋkɔ siwo woŋlɔ ɖe Mateo ta 24, Marko ta 13, kple Luka ta 21 nye kpeɖodzi siwo me kɔ ƒã be exɔ anyinɔ fifia le dzi ɖum le Dziƒofiaɖuƒea me.—Luka 21:29-31.

Esi ɣeyiɣi siwo sesẽ wu ɖesiaɖe le ŋutinya me mee míele ta la, míadi be míasrɔ̃ nu tso gboti ŋuti godoo. Ne míewɔ esia hele ŋudzɔ le gbɔgbɔ me la, mɔkpɔkpɔ asu mía si be míava kpɔ gome le ŋugbedodo gã sia ƒe emevava me be: “Wo dome amesiame abɔbɔ nɔ anyi ɖe eƒe weinka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ; elabena Yehowa Zebaot ƒe nue gblɔe.”—Mixa 4:4.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 8 H. B. Tristram, si nye nu gbagbewo ŋutinusrɔ̃la si de Biblia-nyigbawo dzi le ƒe alafa 19 lia ƒe domedomee la, de dzesii be afimatɔwo gakpɔtɔ zãa gbotsetse siwo wotu tsɔ daa ƒoƒoe.

^ mm. 16 Nusia dzɔ le Betfage-kɔƒea gbɔ. Eŋkɔ gɔmee nye “Gbotsetse Gbãtɔwo Nɔƒe.” Esia afia be wonya nutoa be afimae gbotsetse ŋgɔgbetɔ nyuiawo tsena le gbã.