Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kristo Le Nu Ƒom Na Hameawo

Kristo Le Nu Ƒom Na Hameawo

Kristo Le Nu Ƒom Na Hameawo

“Amesi lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi, . . . eyae gblɔ esiawo.”—NYAÐEÐEFIA 2:1.

1, 2. Nukatae wòle be míatsɔ ɖe le nya siwo Kristo gblɔ na hame adre le Asia Sue la me?

YEHOWA ƒe Tenuvi, Yesu Kristo, ye nye Kristo-hamea ƒe Ta. Be mokaka aɖeke naganɔ Kristo yomedzela amesiaminawo ƒe hamea ŋu o la, ewɔa eƒe tanyenye ŋudɔ tsɔ kafua wo heɖɔa wo ɖo. (Efesotɔwo 5:21-27) Esia ƒe kpɔɖeŋuwo le Nyaɖeɖefia ta 2 lia kple 3 lia me, afisi míakpɔ Yesu ƒe gbedasi sẽŋu siwo me lɔlɔ̃ le, siwo wòɖo ɖe hame adre le Asia Sue la le.

2 Hafi apostolo Yohanes nase Yesu ƒe nya siwo wògblɔ na hame adreawo la, wona wòkpɔ “Aƒetɔ ƒe ŋkeke la” le ŋutega me. (Nyaɖeɖefia 1:10) “Ŋkeke” ma dze egɔme esime woɖo Mesia Fiaɖuƒea anyi le ƒe 1914 me. Eyata nya si Kristo gblɔ na hameawo la le vevie ŋutɔ le ŋkeke mamlɛ siawo me. Eƒe dzideƒoname kple nuxlɔ̃ame kpena ɖe mía ŋu be míanɔ te ɖe ɣeyiɣi sesẽ siawo nu.—Timoteo II, 3:1-5.

3. Kpɔɖeŋugɔmesese kawoe le “ɣletivi,” “dɔla,” kple “sikakaɖiti” siwo apostolo Yohanes kpɔ ŋu?

3 Yohanes kpɔ Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na, amesi “lé ɣletivi adre ɖe eƒe nuɖusi” kple “amesi le sikakaɖiti adreawo [alo hameawo] titina zɔm la.” ‘Ɣletiviawoe’ nye “hame adreawo ƒe dɔlawo.” (Nyaɖeɖefia 1:20; 2:1) Ɣeaɖewoɣi la, ɣletiviwo tsia tre ɖi na gbɔgbɔmenuwɔwɔ siwo nye mawudɔlawo, gake Kristo mazã amegbetɔ atsɔ aŋlɔ gbedasiwo na gbɔgbɔmenuwɔwɔwo o. Le esia ta, susu le eme be “ɣletivi” siawo tsi tre ɖi na dzikpɔla siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na, alo hamemegãwo ƒe hawo. Nya “dɔlawo” do ƒome kple woƒe dɔ abe dɔtsɔlawo ene. Esi wònye be Mawu ƒe habɔbɔa keke ta ta la, “xɔnuvi nuteƒewɔla” la ɖo ŋutsu siwo dze tso Yesu ƒe “alẽ bubuawo” me be woanye dzikpɔlawo.—Luka 12:42-44; Yohanes 10:16.

4. Aleke hamemegãwo kpɔa viɖe tsoa toɖoɖo nusi Kristo gblɔna na hameawo mee?

4 ‘Ɣletiviawo’ le Yesu ƒe nuɖusi me—si fia be wole eƒe ŋusẽ, dzikpɔkpɔ, ŋudzedzekpɔkpɔ, kple ametakpɔkpɔ te. Eyata woabu akɔnta nɛ. To wɔwɔ ɖe eƒe nya siwo wògblɔ na hame adreawo dometɔ ɖesiaɖe dzi me la, hamemegã siwo li egbea kpɔa alesi woate ŋu akpɔ nɔnɔme mawo ƒomevi gbɔe egbea. Le nyateƒe me la, ele be Kristotɔwo katã naɖo to Mawu ƒe Vi la. (Marko 9:7) Ekema nukae míate ŋu asrɔ̃ to toɖoɖo esi Kristo le nu ƒom na hameawo me?

Ðo Ðe Dɔla si Le Efeso

5. Du ka ƒomevie Efeso nye?

5 Yesu kafu hame si le Efeso eye wòka mo hã nɛ. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:1-7.) Mawunɔ Artemis ƒe gbedoxɔ gã la nɔ du sia si nye asitsadugã kple mawusubɔsubɔ ƒe teƒe vevi aɖe le Asia Sue ƒe ɣetoɖoƒe ƒuta me. Togbɔ be agbegbegblẽnɔnɔ, alakpasubɔsubɔ, kple akunyawɔwɔ xɔ Efeso hã la, Mawu yra ɖe subɔsubɔdɔ si apostolo Paulo kple ame bubuwo wɔ le du ma me dzi.—Dɔwɔwɔwo, ta 19.

6. Aleke Kristotɔ wɔnuteƒe siwo li egbea le abe esiwo nɔ blema Efeso ene?

6 Kristo kafu hame si le Efeso be: “Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò agbagbadzedze kple wò dzidodo, eye bena mètea ŋu lɔ̃a ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o, eye nèdo amesiwo gblɔna be, yewonye apostolowo, eye womenyee o la kpɔ, eye nèkpɔ be, aʋatsokalawo wonye.” Egbea la, dɔ nyuiwo, dɔ sesẽ, kple dzidodo sia tɔgbe ŋuti ɖaseɖiɖi nyuiwo li ku ɖe Yesu yomedzela vavãwo ƒe hamea ŋu. Womeɖea mɔ na aʋatsonɔvi siwo di be woabu yewo abe apostolowo ene la o. (Korintotɔwo II, 11:13, 26) Abe Efesotɔwo ene la, Kristotɔ nuteƒewɔla siwo li egbea ‘mate ŋu alɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ƒe nya o.’ Eyata be woate ŋu alé Yehowa ƒe tadedeagu dzadzɛa me ɖe asi ahakpɔ hamea ta la, womedea ha kple xɔsegbela matrɔdzimewo o.—Galatiatɔwo 2:4, 5; Yohanes II, 8-11.

7, 8. Kuxi gã kawoe nɔ Efeso-hamea me, eye aleke míate ŋu akpɔ nɔnɔme sia tɔgbe gbɔe?

7 Ke hã kuxi gã aɖe nɔ Kristotɔ siwo nɔ Efeso ŋu. Yesu gblɔ be: “Mekpɔ nusia le ŋutiwò bena, nègblẽ wò gbã lɔlɔ̃ la ɖi.” Ehiã be hamea me tɔwo nagbugbɔ dzo ade lɔlɔ̃ si nɔ wo si na Yehowa tsã la me. (Marko 12:28-30; Efesotɔwo 2:4; 5:1, 2) Ele be míawo hã míanɔ ŋudzɔ be míagabu lɔlɔ̃ gbãtɔ si nɔ mía si na Mawu o. (Yohanes III, 3) Ke ne nuwo abe ŋutilãmekesinɔnuwo ƒe dzodzro alo dzidzɔdonamenuwo yomenɔnɔ va le nɔƒe gbãtɔwo xɔm le míaƒe agbe me ya ɖe? (Timoteo I, 4:8; 6:9, 10) Ekema ele be míado gbe ɖa vevie abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be míatsɔ Yehowa lɔlɔ̃ si de to kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusiwo katã woa kple Via wowɔ na mí ŋu la aɖo wo teƒe.—Yohanes I, 4:10, 16.

8 Kristo xlɔ̃ nu Efesotɔwo bena: “Ðo ŋku afisi nège tso la dzi, ne nàtrɔ le dzi me, eye nàwɔ gbã dɔwɔwɔawo.” Ke ne womewɔ esia o ɖe? Yesu gblɔ be: “Ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye maɖe wò akaɖiti la ɖa tso enɔƒe.” Ne lɔlɔ̃ gbãtɔ si nɔ alẽawo katã si abu la, “akaɖiti” la, alo hamea, maganɔ anyi o. Eyata abe Kristotɔ veviedonulawo ene la, mina míadze agbagba vevie ana hamea nayi edzi anɔ keklẽm le gbɔgbɔ me.—Mateo 5:14-16.

9. Aleke wòle be míabu kɔmamawoe?

9 Wokafu Efesotɔwo be wolé fu ‘Nikolaitɔwo ƒe nuwɔwɔwo.’ Le nusi wogblɔ tso kɔmama sia ŋu le Nyaɖeɖefia me megbe la, míeganya naneke ku ɖe afisi wòdzɔ tso, eƒe nufiafiawo, kple nuwɔwɔwo ŋu o. Ke hã, esi Yesu tsi tre ɖe amewo yomedzedze ŋu ta la, ele be míayi edzi alé fu kɔmamawo, abe alesi Kristotɔ siwo nɔ Efeso wɔe ene.—Mateo 23:10.

10. Nukae asu amesiwo wɔna ɖe nusi gbɔgbɔa gblɔna dzi la si?

10 Kristo gblɔ be: “Amesi ke to li nɛ la, nese nusi Gbɔgbɔ la gblɔ na hameawo.” Esi Yesu nɔ anyigba dzi la, Mawu ƒe gbɔgbɔae ʋãe wòƒo nu. (Yesaya 61:1; Luka 4:16-21) Eyata ele be míaɖo to nya si Mawu le gbɔgblɔm fifia to eyama dzi le gbɔgbɔ kɔkɔea ŋudɔwɔwɔ dzi. Le gbɔgbɔa ƒe mɔfiafia te la, Yesu do ŋugbe be: “Amesi ke ɖu dzi la, mana agbeti, si le Mawu ƒe Paradiso me la, ƒe kutsetsee, ne wòaɖu.” Le amesiamina siwo wɔna ɖe nusi gbɔgbɔa gblɔna dzi gome la, esia fia be woanɔ makumakunyenye ƒe agbe le dziƒo le “Mawu ƒe Paradiso” me, alo le Yehowa ŋutɔ ŋkume. “Ameha gã” siwo hã wɔna ɖe nusi gbɔgbɔa gblɔna dzi ase vivi le anyigba dzi paradiso me, afisi woano “agbetsitɔsisi aɖe” le eye ‘ati siwo le tɔsisia to ƒe aŋgbawo’ ada gbe le wo ŋu.—Nyaɖeɖefia 7:9; 22:1, 2; Luka 23:43.

11. Aleke míate ŋu atu lɔlɔ̃ na Yehowa ɖoe?

11 Efesotɔwo bu woƒe gbã lɔlɔ̃ la, gake ne nɔnɔme sia tɔgbe le mo dom ɖa le hame aɖe me egbea ɖe? Mina mía dometɔ ɖesiaɖe natu lɔlɔ̃ na Yehowa ɖo to nuƒoƒo tso alesi wòwɔa nui lɔlɔ̃tɔe ŋu. Míate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe lɔlɔ̃ si Mawu ɖe fia esi wòtsɔ Via lɔlɔ̃a na tafee ŋu. (Yohanes 3:16; Romatɔwo 5:8) Afisi wòasɔ le la, míate ŋu aƒo nu tso Mawu ƒe lɔlɔ̃ ŋu le míaƒe nyaŋuɖoɖowo kple dɔdasiwo wɔwɔ me le kpekpewo me. Míate ŋu aɖe mía ŋutɔwo ƒe lɔlɔ̃ na Yehowa afia to eƒe ŋkɔ kafukafu le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me me. (Psalmo 145:10-13) Ẽ, míaƒe nyawo kple nuwɔnawo ate ŋu awɔ geɖe be dzo nagaɖo hamea ƒe lɔlɔ̃ gbãtɔa me alo ado ŋusẽe.

Ðo Ðe Dɔla si Le Smirna

12. Nukae ŋutinya gblɔ le Smirna kple subɔsubɔnuwɔna siwo le afima ŋu?

12 Kristo, “amesi nye gbãtɔ kple mlɔetɔ, amesi ku, eye wògbɔ agbe” to tsitretsitsi me la, kafu hame si le Smirna. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:8-11.) Wotso Smirna (si nye Izmir, Turkey, fifia) ɖe Asia Sue ƒe ɣetoɖoƒe ƒuta. Helatɔwoe tso dua, gake Lydiatɔwo tsrɔ̃e le ƒe 580 D.M.Ŋ. me lɔƒo. Amesiwo va xɔ ɖe Aleksanda Gãtɔ teƒe gbugbɔ Smirna tso ɖe teƒe bubu. Eva zu Romatɔwo ƒe nuto si le Asia la ƒe akpa aɖe eye wònye asitsaƒe kpɔdzidze aɖe si ɖe dzesi le eƒe xɔ nyuiwo ta. Kaisaro Tiberio ƒe gbedoxɔ si le eme la na wònye du si me wodea ta agu na fiagã le. Ele na tadeagulawo be woado lifi sue aɖe ƒe dzudzɔ ahagblɔ be “Kaisaro ye nye Aƒetɔ.” Kristotɔwo mate ŋu awɔ ɖe edzi o elabena le woawo gome la, “Yesu ye nye Aƒetɔ.” Esia wɔe be wohe xaxa va wo dzi.—Romatɔwo 10:9.

13. Togbɔ be Kristotɔ siwo nɔ Smirna nye hiãtɔwo le ŋutilãmenuwo gome hã la, go ka mee wonye kesinɔtɔwo le?

13 Tsɔ kpe ɖe xaxawo ŋu la, Kristotɔ siwo le Smirna kpe hiãkame ƒe fu, le esi ɖewohĩ woɖo asi woƒe gakpɔmɔnuwo dzi le esi womakpɔ gome le fiagã subɔsubɔ me o ta. Yehowa subɔla siwo li egbea la meto le tetekpɔ siawo ƒomevi me toto me o. (Nyaɖeɖefia 13:16, 17) Togbɔ be wonye hiãtɔwo le ŋutilãmenuwo gome hã la, amesiwo le abe Kristotɔ siwo le Smirna ene la nye kesinɔtɔwo le gbɔgbɔ me, eye emae nye nusi le vevie wu!—Lododowo 10:22; Yohanes III, 2.

14, 15. Akɔfafa kae amesiaminawo ate ŋu akpɔ tso Nyaɖeɖefia 2:10 me?

14 Yudatɔ siwo nɔ Smirna la dometɔ akpa gãtɔ nye ‘Satana ƒe ƒuƒoƒe me tɔwo’ elabena wolé kɔnyinyi siwo mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o me ɖe asi hegbe Mawu ƒe Vi la, eye wogblɔ busunyawo ɖe eyomedzela siwo wotsɔ gbɔgbɔ si ami na la ŋu. (Romatɔwo 2:28, 29) Gake akɔfafa kae nye si amesiaminawo ate ŋu akpɔ tso Kristo ƒe nya siwo kplɔe ɖo me! Egblɔ be: “Megavɔ̃ fu siwo nava kpe la, ƒe ɖeke o. Kpɔ ɖa, Abosam latsɔ mia dome ame aɖewo ade gaxɔ me, bene woate mi akpɔ, eye miakpɔ xaxa ŋkeke ewo. Nanye nuteƒewɔla yiɖase ɖe ku me, eye mana agbefiakuku wò.”—Nyaɖeɖefia 2:10.

15 Yesu mevɔ̃ be yeaku ɖe Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpa dzi nɔnɔ ta o. (Filipitɔwo 2:5-8) Togbɔ be Satana le aʋa wɔm kple amesiamina susɔeawo fifia hã la, womevɔ̃na na nusiwo ƒe fu wòle be woakpe—xaxa, gaxɔmenɔnɔ, alo ŋutasẽku—abe ƒuƒoƒo ene o. (Nyaɖeɖefia 12:17) Woanye amesiwo ɖu xexeame dzi. Eye ɖe seƒoƒotsihe si woɖɔna na dziɖulawo le trɔ̃subɔdukɔ me fefewo me teƒe la, Kristo do “agbefiakuku” ƒe ŋugbe na amesiamina siwo wofɔ ɖe tsitre abe nuwɔwɔ makumakuwo ene le dziƒo. Enye nunana xɔasi aɖe vavã!

16. Ne hame si le abe blema Smirna-hamea ene mee míele la, nuka ŋue wòle be míaƒe susu nanɔ?

16 Dziƒoyiyi alo anyigbadzinɔnɔ ƒe mɔkpɔkpɔe ɖale mía si o, ne hame si le abe blema Smirna-hamea ene mee míele ɖe? Ekema mina míakpe ɖe haxɔsetɔwo ŋu be woaɖo susu nusi koŋ tae Mawu ɖea mɔ ɖe yometitiwo ŋu la ŋu—si nye xexeame katã ƒe dziɖulanyenye ƒe nya la. Yehowa Ðasefo wɔnuteƒe ɖesiaɖe ɖoa kpe edzi be Satana nye aʋatsotɔ heɖenɛ fiana be amegbetɔ si yome woti gɔ̃ hã ate ŋu anye gome si le Mawu si be wòaɖu dzi abe Xexeame Katã Dziɖulagã ene la dzidela sẽŋu. (Lododowo 27:11) Mina míade dzi ƒo na Kristotɔ bubuwo be woado dzi le yometitiwo me si awɔe be woayi edzi ‘asubɔ Yehowa vɔvɔ̃manɔmee le nuteƒewɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye me le eŋkume le míaƒe ŋkekewo katã me.’—Luka 1:68, 69, 74, 75.

Ðo Ðe Dɔla si Le Pergamo

17, 18. Tadedeagu ka ƒomevie xɔ aƒe ɖe Pergamo, eye nukae ate ŋu ado tso gbegbe be womakpɔ gome le trɔ̃subɔsubɔ ƒomevi mawo me o me?

17 Kafukafu kple ɖɔɖɔɖo nyawo siaa ye woɖo ɖe hame si le Pergamo. (Xlẽ Nyaɖeɖefia 2:12-17.) Pergamo, si le Smirna ƒe dziehe si dome anɔ kilometa 80 lɔƒo, nye du aɖe si me trɔ̃subɔsubɔ ƒo ke ɖo vevie. Edze abe Kaldeatɔwo ƒe ɣletivimefakala siwo tso Babilon ye yi afima ene. Dɔnɔwo ƒoa zi ɖe Asclepio, si nye dɔdada kple atikewɔwɔ ƒe aʋatsomawu si le Pergamo, ƒe gbedoxɔ xɔŋkɔ la me. Woyɔ Pergamo, si me gbedoxɔ siwo wotu hena Kaisaro Augusto subɔsubɔ koŋ be “fiagã ƒe vivimeha nɔƒe le fiaɖuƒe gbãtɔ me.”—Encyclopædia Britannica, 1959, Babla 17, axa 507.

18 Le Pergamo la, vɔsamlekpui gã aɖe si woɖi na Zeus nɔ afima. Dua ganye afisi amegbetɔwo subɔsubɔ abe mawuwo ene si tso Abosam gbɔ la bɔ ɖo koŋ. Eyata mewɔ nuku be wogblɔ le hame si le afima ŋu be ele afisi “Abosam nɔna la” o! Gbegbe be womade ta agu na fiagã la o ate ŋu ana woawu amesi léa Yehowa ƒe dziɖulanyenye ƒe akpadzinɔnɔ me ɖe asi la. Xexeame gakpɔtɔ le Abosam ƒe ŋusẽ te, eye wole dukɔwo teƒenɔnuwo subɔm fifia. (Yohanes I, 5:19) Tso ƒe alafa gbãtɔ me va ɖo egbeŋkekea me la, wowu Kristotɔ wɔnuteƒe geɖewo, eye wo dometɔ ɖekae nye amesi Kristo yɔ be ‘Antipa, nye ɖaseɖila, nuteƒewɔla, si wowu le mia dome.’ Yehowa Mawu kple Yesu Kristo kpɔtɔ ɖoa ŋku subɔla wɔnuteƒe siawo dzi kokoko.—Yohanes I, 5:21.

19. Nukae Bileam wɔ, eye nuka ŋue wòle be Kristotɔwo katã nanɔ ŋudzɔ ɖo?

19 Kristo ƒo nu tso “Bileam ƒe nufiafia” hã ŋu. Ŋukeklẽ ɖe ŋutilãmenuwo ŋu wɔe be aʋatso nyagblɔɖila Bileam dze agbagba be yeaƒo fi ade Israel. Esi Mawu trɔ eƒe fiƒodea wòzu yayra la, Bileam wɔ ɖoɖo kple Moab-fia Balak heble Israel-viwo nu de trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ me. Ehiã be Kristotɔ hamemegãwo natɔ afɔ to sesĩe ɖe nudzɔdzɔewɔwɔ ŋu abe alesi Pinehas, amesi tso ɖe Bileam ƒe nuɖoɖowo ŋu, hã wɔe ene. (Mose IV, 22:1–25:15; Petro II, 2:15, 16; Yuda 11) Le nyateƒe me la, ele be Kristotɔwo katã nanɔ ŋudzɔ be trɔ̃subɔsubɔ kple gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ nagage ɖe hamea me o.—Yuda 3, 4.

20. Ne Kristotɔ aɖe te vividodo ɖe xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusuwo ŋu la, nukae wòle nɛ be wòawɔ?

20 Hame si le Pergamo la nɔ afɔku dziŋɔ aɖe me elabena eɖe mɔ ‘amesiwo lé Nikolaitɔwo ƒe nufiafia me ɖe asi la’ nɔ eme. Kristo gblɔ na hamea bena: “Trɔ wò dzi me; ne menye nenem o la, mava gbɔwò kaba, eye matsɔ nye nu me yi awɔ aʋa kpli wò.” Amesiwo hea mama vɛ dina be yewoagblẽ nu le Kristotɔwo ŋu le gbɔgbɔ me, eye amesiwo dina godoo be yewoado mamawo kple kɔmamawo ɖe ŋgɔ la manyi Mawu Fiaɖuƒea dome o. (Romatɔwo 16:17, 18; Korintotɔwo I, 1:10; Galatiatɔwo 5:19-21) Ne Kristotɔ aɖe te vividodo ɖe xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusuwo ŋu hedi be yeakaka wo la, ele be wòawɔ ɖe Kristo ƒe nuxlɔ̃amenya la dzi! Be wòakpɔ eɖokui ta tso afɔku me la, ele be wòatrɔ dzime ahabia gbɔgbɔmekpekpeɖeŋu tso hamemegã siwo le hamea me gbɔ. (Yakobo 5:13-18) Ele vevie be woawɔ nu kpata, elabena Yesu gbɔna kaba ava drɔ̃ ʋɔnu.

21, 22. Amekawoe aɖu “mana ɣaɣla la,” eye nukae wònye kpɔɖeŋu na?

21 Mehiã be Kristotɔ amesiamina wɔnuteƒewo kple woƒe zɔhɛ wɔnuteƒewo navɔ̃ ʋɔnudɔdrɔ̃ si gbɔna la o. Yayrawoe le amesiwo katã wɔna ɖe aɖaŋu siwo Yesu ɖo to Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dzi la lalam. Le kpɔɖeŋu me, woakpe amesiamina siwo ɖu xexeame dzi be woaɖu “mana ɣaɣla la” ƒe ɖe eye woana ‘kpe ɣi aɖe’ si dzi woŋlɔ “ŋkɔ yeye” ɖo la wo.

22 Mawu tsɔ mana nyi Israel-viwo le woƒe ƒe 40 gbedzimɔzɔzɔa me. Wotsɔ “abolo” ma ƒe ɖe de sikaze si le nubablaɖakaa me la me ɣla ɖe avɔgbadɔa ƒe Kɔkɔeƒewo ƒe Kɔkɔeƒe, afisi kekeli wɔnuku aɖe nye dzesi be Yehowa le afima. (Mose II, 16:14, 15, 23, 26, 33; 26:34; Hebritɔwo 9:3, 4) Womeɖe mɔ na ame aɖeke be wòaɖu nenem mana ɣaɣla la o. Gake ne wofɔ Yesu yomedzela amesiaminawo ɖe tsitre la, woado makumakunyenye na wo, si nye kpɔɖeŋu na “mana ɣaɣla la” ɖuɖu.—Korintotɔwo I, 15:53-57.

23. Gɔmesese kawoe le ‘kpe ɣi’ kple “ŋkɔ yeye” la ŋu?

23 Le Romatɔwo ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒewo la, kpe yibɔ tsia tre ɖi na fɔbuame, ke kpe ɣie fiana be woɖe ame le nya me. ‘Kpe ɣi’ si Yesu tsɔ na Kristotɔ amesiamina siwo ɖu dzi la fia be etso afia na wo be womeɖi fɔ o, wo ŋu dza, eye wo ŋu kɔ. Esi wònye Romatɔwo ɖea kpekui tɔxɛ aɖewo fiana hafi woɖea mɔ na wo be woage ɖe wɔna veviwo wɔƒe ta la, ‘kpe ɣiawo’ atsi tre ɖi na mɔɖeɖe na amesiaminawo be woage ɖe teƒe aɖe le dziƒo le Alẽvi la ƒe srɔ̃kpeƒea me. (Nyaɖeɖefia 19:7-9) Eme kɔ ƒã be “ŋkɔ yeye” la tsi tre ɖi na mɔnukpɔkpɔ si su wo si be woawɔ ɖeka kple Yesu abe hadomenyilawo ene le Dziƒofiaɖuƒea me. Aleke gbegbe esiawo katã dea dzi ƒo na amesiaminawo kpakple amesiwo wɔa ɖeka kpli wo le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me, siwo kpɔa mɔ be yewoava nɔ agbe le paradisonyigba dzi la enye si!

24. Akpa kae wòle be míanɔ na xɔsegbegbe?

24 Nunya le eme be míaɖo ŋku edzi be xɔsegbelawoe de Pergamo-hamea afɔku me. Ne nɔnɔme sia tɔgbe di be yeagblẽ nu le hame si me míele ƒe gbɔgbɔmededienɔnɔ ŋu la, mina míatsri xɔsegbegbe keŋkeŋ ahayi edzi azɔ le nyateƒea me. (Yohanes 8:32, 44; Yohanes III, 4) Esi wònye be aʋatsonufialawo alo amesiwo le tɔtrɔm ɖe xɔsegbegbe ŋu ate ŋu agblẽ hame bliboa ta la, ele be míatɔ afɔ to sesĩe ɖe xɔsegbegbe ŋu eye míagaɖe mɔ gbeɖe nyaƒoɖeamenu vɔ̃ɖiwo nado kplamatse mí be míagbe toɖoɖo nyateƒea o.—Galatiatɔwo 5:7-12; Yohanes II, 8-11.

25. Kristo ƒe gbedasiwo na hame kawo mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?

25 Kafukafu kple nuxlɔ̃amenya si nana wobua tame kae nye si Yesu Kristo si wodo ŋutikɔkɔe na la gblɔ na hame adre siwo le Asia Sue la dometɔ etɔ̃ siwo me míedzro lae! Gake abe alesi gbɔgbɔa fia mɔe ene la, nu geɖe gale esi wòagblɔ na hame ene siwo susɔ la. Míadzro gbedasi siawo, siwo yi na Tiatira, Sardes, Filadelfia, kple Laodikea, me le nyati si kplɔe ɖo me.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

• Nukatae wòle be míaɖo to nusi Kristo gblɔ na hameawo?

• Kpekpeɖeŋu kae míate ŋu ana be dzo nagaɖo hamea ƒe gbã lɔlɔ̃a me?

• Nukatae woate ŋu agblɔ be Kristotɔ siwo da ahe le ŋutilãmenuwo gome le blema Smirna la nye kesinɔtɔwo?

• Ne míede ŋugble le nɔnɔme si nɔ Pergamo-hamea me ŋu la, aleke wòle be míabu xɔsegbelawo ƒe nukpɔsusuwoe?

[Biabiawo]

[Anyigbatata si le axa 10]

(Edze nyuie le agbalẽa ŋutɔ me)

HELA

ASIA SUE

Smirna

Efeso

Pergamo

Tiatira

Sardes

Filadelfia

Laodikea

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

“Ameha gã” la ase vivi le anyigba dzi paradiso me

[Nɔnɔmetata si le axa 13]

Kristotɔ siwo yome woti la ɖu xexeame dzi