Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nɔ Te Sesĩe, ne Nàɖu Dzi le Agbedudimekekea Me

Nɔ Te Sesĩe, ne Nàɖu Dzi le Agbedudimekekea Me

Nɔ Te Sesĩe, ne Nàɖu Dzi le Agbedudimekekea Me

NE WÒHIÃ be nàzɔ mɔ ato atsiaƒu dzeagbo aɖe dzi la, tɔdziʋu kae nàdi be yeaɖo? Tɔdziʋu sue hodzoe aɖee nàɖo loo alo meli aɖe si wowɔ wòsẽ hele dedie laea? Ðikeke mele eme o be àtia melia, le esi wòate ŋu ato ƒutsotsoe dzeagboawo dzi bɔbɔe ta.

Esi míele nuɖoanyi dzeagbo sia si me afɔku le me tom la, míedzea ŋgɔ kuxi siwo menana ame vona o. Le kpɔɖeŋu me, sɔhɛwo ase le wo ɖokui me ɣeaɖewoɣi be yewotɔtɔ eye be yewomenya nusi yewoawɔ le xexe sia ƒe nukpɔsusuwo kple nɔnɔmewo me o. Amesiwo te agbenɔnɔ abe Kristotɔwo ene eteƒe medidi o ase le wo ɖokui me be yewomeli ke tututu o. Ame like aɖewo siwo tsɔ ƒe geɖe subɔ Mawu nuteƒewɔwɔtɔe gɔ̃ hã anɔ dodokpɔwo me tom le esi woƒe mɔkpɔkpɔwo mekpɔ va eme keŋkeŋ haɖe o ta.

Seselelãme siawo menye nu yeye o. Yehowa subɔla wɔnuteƒewo, abe Mose, Hiob, kple Dawid ene, tsi dzodzodzoe le wo ɖokui me ɣeaɖeɣi. (Mose IV, 11:14, 15; Hiob 3:1-4; Psalmo 55:5) Ke hã woƒe agbenɔnɔ ɖee fia be wonɔ te sesĩe le wo ɖokuitsɔtsɔ na Yehowa me. Woƒe kpɔɖeŋu nyuia dea dzi ƒo na mí be míanɔ te sesĩe, gake Satana Abosam dina be yeaɖe mí ɖa tso agbe mavɔ ƒe dudimekekea me. (Luka 22:31) Ekema aleke míawɔ anɔ te sesĩe, ‘ali ke le xɔse me’? (Petro I, 5:9) Eye aleke míate ŋu ado ŋusẽ mía hati xɔsetɔwoe?

Yehowa Di Be Míanɔ Te Sesĩe

Ne míewɔ nuteƒe na Yehowa la, akpe ɖe mía ŋu ɣesiaɣi be míayi edzi anɔ te sesĩe. Hakpala Dawid dze ŋgɔ nɔnɔme sesẽ geɖewo, gake eɖo ŋu ɖe Mawu ŋu, si wɔe be wòte ŋu dzi ha be: “[Yehowa hem] tso gbegblẽ ƒe do la me, eye wòɖem le ba finyafinya me, etsɔ nye afɔ ɖo agakpe dzi, eye wòli ke nye afɔɖeɖewo.”—Psalmo 40:3.

Yehowa doa ŋusẽ mí be míaʋli “xɔse ƒe ʋiʋli nyui la” ale be míaƒe ‘asi nasu agbe mavɔ dzi.’ (Timoteo I, 6:12) Egana nusiwo akpe ɖe mía ŋu be míanɔ te sesĩe ahaɖu dzi le míaƒe gbɔgbɔmeʋaa me la mí. Apostolo Paulo xlɔ̃ nu hati Kristotɔwo be ‘woayi edzi anɔ ŋu sẽm le Aƒetɔ kple eƒe ŋusẽ ƒe ŋutete la me,’ eye be ‘woado Mawu ƒe aʋawɔnu blibo la katã, bene woate ŋu anɔ te ɖe Abosam ƒe aɖaŋu vɔ̃wo nu.’ (Efesotɔwo 6:10-17) Gake nukae ate ŋu ana míade ke li ge do kpoe? Eye aleke míate ŋu aƒo asa na ŋusẽkpɔɖeamedzinu doafɔkuame mawoe?

Nɔ Ŋudzɔ Ðe Tenɔnɔ Sesĩe Me Gblẽnuwo Ŋu

Nunya le eme be míaɖo ŋku nyateƒenya vevi sia dzi be: Nyametsotso siwo míewɔna la va kpɔa ŋusẽ nyui loo alo gbegblẽa ɖe míaƒe Kristotɔwo ƒe tenɔnɔ dzi mlɔeba. Dɔwɔwɔ, sukudede ayi ŋgɔ, kple srɔ̃ɖeɖe ŋuti nyametsotsowo dzea ŋgɔ sɔhɛwo. Ahiã be ame tsitsiwo natso nya me le ʋuʋu ayi teƒe bubu loo alo dɔ bubu didi akpe ɖe esi le wo si ŋu. Míewɔa alesi míazã ɣeyiɣi kpakple nya bubu geɖewo ŋuti nyametsotsowo gbesiagbe. Nukae akpe ɖe mía ŋu be míawɔ nyametsotso siwo me nunya le siwo ado ŋusẽ míaƒe tenɔnɔ sesĩe abe Mawu subɔlawo ene? Kristotɔ tsitsi aɖe gblɔ be: “Mebiaa Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu ne mele nyametsotsowo wɔm. Mexɔe se be ele vevie be míaxɔ aɖaŋuɖoɖo siwo míekpɔna le Biblia me, le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me, tso hamemegãwo gbɔ, kple esiwo le Biblia-srɔ̃gbalẽwo me la ahade wo dɔwɔna me.”

Ne míele nyametsotsowo wɔm la, anyo be míabia mía ɖokui be: ‘Le ƒe atɔ̃ alo ƒe ewo siwo ava va me la, ɖe makpɔ dzidzɔ ɖe nyametsotso siwo wɔm mele egbea ŋu loo alo ɖe wòava te ɖe dzinyea? Ðe medzea agbagba be makpɔ egbɔ be nye nyametsotsowo magblẽ nu le ŋunye le gbɔgbɔ me o ke boŋ adzi nye gbɔgbɔmeŋgɔyiyi ɖe edzia?’—Filipitɔwo 3:16.

Tanana tetekpɔwo alo mɔɖeɖe le ameɖokui ŋu be wòade Mawu ƒe sewo dzi da ge na ame xɔnyɔnyrɔ aɖewo nɔ agbe si meli ke o. Ame aɖewo siwo woɖe le hamea me le esi woyi nuvɔ̃wɔwɔ dzi dzimematrɔmatrɔe ta la dze agbagba vevie be woagbugbɔ wo axɔ, eye—ɣeaɖewoɣi, le esia megbe kpuie la—wogaɖea wo le haa me ake le nugbegblẽwɔwɔ ma tɔgbe ta. Ðe wòanye be womedo gbe ɖa bia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu be ‘yewoatsri nuvɔ̃ ahalé ɖe nu nyui ŋuti’ oa? (Romatɔwo 12:9; Psalmo 97:10) Ehiã be mí katã ‘míayi edzi anɔ mɔ dzɔdzɔewo ɖem na míaƒe afɔwo.’ (Hebritɔwo 12:13) Ekema mina míabu nu vevi siwo akpe ɖe mía ŋu be míalé gbɔgbɔmetenɔnɔ sesĩe me ɖe asi ŋu.

Nɔ Te Sesĩe le Kristotɔwo ƒe Dɔwo Wɔwɔ Me

Mɔ siwo dzi míato ayi míaƒe agbedudimekekea dzi numatikɔnametɔe enye be míanɔ dɔ geɖe wɔm le Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa me. Ẽ, míaƒe Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa nye kpekpeɖeŋunu vevi aɖe si nana míaƒe dzi kple susu nɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ kple agbe mavɔ ƒe fetua ŋu goŋgoŋ. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo le esia ŋu be: “Nɔvinye lɔlɔ̃tɔwo, minɔ te sesĩe, maʋãmaʋã, eye migba go ɖaasi le Aƒetɔ la ƒe dɔwɔwɔ me, esi mienyae bena, miaƒe agbagbadzedze menye dzodzro le Aƒetɔ la me o ŋuti la.” (Korintotɔwo I, 15:58) “Tenɔnɔ sesĩe” fia be ‘woalé ɖe nu ŋu goŋgoŋ.’ “Maʋãmaʋã” ate ŋu afia be ‘womana naneke nana woaɖe asi le nusi woku asii la ŋu o.’ Le esia ta moveviɖoɖo le míaƒe subɔsubɔdɔa me ate ŋu ana míali ke le míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ me. Kpekpe ɖe amewo ŋu be woadze si Yehowa nana gɔmesese nɔa míaƒe agbe ŋu eye wònana míekpɔa dzidzɔ.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Pauline, si nye Kristotɔ aɖe si tsɔ ƒe 30 kple edzivɔwo wɔ dutanyanyuigbɔgblɔdɔa kple ɣeyiɣiawo katã ƒe gbeƒãɖeɖedɔ bubuwo gblɔ be: “Subɔsubɔdɔa nye ametakpɔnu elabena ɖaseɖiɖi na amewo ɖoa kpe edzi nam be nyateƒea su asinye vavã.” Kakaɖedzi sia ƒomevi sua ame si le gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe dɔwɔna bubuwo, abe kpekpewo dede hena tadedeagu kpakple ɖokuisi Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ moveviɖoɖotɔe ene, hã me.

Nɔviwo ƒe Habɔbɔ si me Lɔlɔ̃ Le Lia Ke Mí

Xexeame katã ƒe habɔbɔ si me tadeagula vavãwo le me nɔnɔ ate ŋu akpɔ ŋusẽ sẽŋu aɖe ɖe mía dzi be míali ke. Yayra kae nye si wònye be míele xexeame katã ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔ lɔ̃ame sia me! (Petro I, 2:17) Eye míate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe mía hati haxɔsetɔwo dzi be woali ke.

Bu kpekpeɖeŋunu siwo ame dzɔdzɔe Hiob wɔ la ŋu kpɔ. Eva hiã be aʋatso akɔfala Elifaz nalɔ̃ ɖe edzi be: “Wò nya fɔ ame kudɔewo ɖe te, eye nèdo ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo.” (Hiob 4:4) Aleke míele le go sia me? Enye mía dometɔ ɖesiaɖe ƒe agbanɔamedzi be míakpe ɖe míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ŋu be woado dzi le Mawu ƒe subɔsubɔdɔa me. Ne míele nu wɔm kple wo la, míate ŋu awɔ nu wòasɔ ɖe nya siawo nu be: “Mido ŋusẽ alɔ gblɔdɔwo, eye mide agbe klo beliwo me.” (Yesaya 35:3) Ekema nukatae màɖoe wò taɖodzinui be yeado ŋusẽ ahade dzi ƒo na hati Kristotɔ ɖeka alo eve ɣesiaɣi si miedo go o? (Hebritɔwo 10:24, 25) Kafukafunya dedziƒonamewo kple ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe agbagba si dzem wole be yewoadze Yehowa ŋu la ŋu ate ŋu akpe ɖe wo ŋu vevie be woayi edzi anɔ te sesĩe aɖu dzi le agbedudimekekea me.

Hamemegã Kristotɔwo ate ŋu ana kpekpeɖeŋu geɖe to dzidedeƒo na ame yeyewo me. Woate ŋu awɔ esia to susu nyui aɖewo ɖeɖe gblɔ me kple Ŋɔŋlɔawo me ɖaŋu nyuiwo ɖoɖo kpakple dɔwɔwɔ kpli wo le gbeadzisubɔsubɔdɔ me. Apostolo Paulo wɔa mɔnukpɔkpɔwo ŋudɔ ɣesiaɣi tsɔ doa ŋusẽ ame bubuwo. Edzroe vevie be yeakpɔ Kristotɔ siwo le Roma ale be yeate ŋu ana kpekpeɖeŋu wo atsɔ ado ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me. (Romatɔwo 1:11) Ebu nɔvia ŋutsu kple nyɔnu lɔlɔ̃a siwo le Filipi la be wonye yeƒe ‘dzidzɔ kple fiakuku,’ eye wòde dzi ƒo na wo be ‘woanɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me.’ (Filipitɔwo 4:1) Esi Paulo nya se nɔnɔme sesẽ siwo me tom nɔviawo le le Tesalonika ko la, edɔ Timoteo ɖa be ‘wòado ŋusẽ wo ahafa akɔ na wo, bene ame aɖeke nagaʋuʋu le xaxawo me o.’—Tesalonikatɔwo I, 3:1-3.

Apostolo Paulo kple Petro kpɔ agbagba nyui siwo dzem wo hati tadeagulawo le la dze sii eye wokpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. (Kolosetɔwo 2:5; Tesalonikatɔwo I, 3:7, 8; Petro II, 1:12) Mina míawo hã míalé ŋku ɖe mía nɔviwo ƒe nɔnɔme nyuiwo kple ʋiʋli si ʋlim wole dzidzedzetɔe be yewoanɔ te sesĩe ahade bubu Yehowa ŋu la ŋu, ke menye be míake ŋku ɖe woƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo me o.

Ne míenye vodadadileameŋulawo alo fɔbuamelawo la, míana wòasesẽ na ame aɖewo le manyamanya me be woayi edzi anɔ te sesĩe le xɔse la me. Aleke gbegbe wòsɔe enye si be míanɔ ŋku ɖom edzi be mía nɔviwo ‘ƒe lãme gbɔdzɔ eye woka hlẽ’ le nuɖoanyi sia me! (Mateo 9:36) Esɔ be woakpɔ mɔ be yewoakpɔ akɔfafa kple dzidzeme le Kristo-hamea me. Eyata, neva eme be mí katã míawɔ míatɔ sinu atsɔ atu haxɔsetɔwo ɖo ahakpe ɖe wo ŋu be woanɔ te sesĩe.

Ame aɖewo awɔ nu ɖe mía ŋu ɣeaɖewoɣi le mɔ aɖe nu si ate ŋu agbɔdzɔ míaƒe tenɔnɔ sesĩe me. Ðe míaɖe mɔ nyaveame aɖe alo nu madzemadze aɖe wɔwɔ ɖe ame ŋu naɖe míaƒe dzonɔameme le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔa me dzi akpɔtɔa? Mele be míaɖe mɔ gbeɖe ame aɖeke nahe mí ɖa tso míaƒe kelili me o!—Petro II, 3:17.

Mawu ƒe Ŋugbedodowo—Wolia Ke Ame

Yehowa ƒe ŋugbe si wòdo ku ɖe etsɔme wɔnuku si ava le Fiaɖuƒedziɖuɖua me la naa mɔkpɔkpɔ si kpena ɖe mía ŋu be míayi edzi ali ke la mí. (Hebritɔwo 6:19) Eye kakaɖedzi si le mía si be Mawu wɔna ɖe eƒe ŋugbedodowo dzi ɣesiaɣi ʋãa mí be ‘míanɔ ŋudzɔ ahanɔ tsitre sesĩe le xɔse me.’ (Korintotɔwo I, 16:13; Hebritɔwo 3:6) Mawu ƒe ŋugbedodowo dometɔ aɖewo siwo adze na mí abe ɖe wole megbe tsim ene la ate ŋu ado míaƒe xɔse akpɔ. Eyata ele vevie ŋutɔ be míanɔ ŋudzɔ be aʋatsonufiafiawo nagakplɔ mí atrae be míate ɖa tso míaƒe mɔkpɔkpɔa gbɔ o.—Kolosetɔwo 1:23; Hebritɔwo 13:9.

Israel-vi siwo tsrɔ̃ le esi womexɔ Yehowa ƒe ŋugbedodowo dzi se o la nanye nuxlɔ̃amekpɔɖeŋu na mí. (Psalmo 78:37) Le esi míanɔ abe wo ene teƒe la, mina míanɔ te sesĩe ahatsɔ nuwɔwɔ kpata ƒe susu anɔ Mawu subɔmee le ŋkeke mamlɛ siawo me. Hamemegã bibi aɖe gblɔ be: “Menɔa agbe gbesiagbe abe ɖe Yehowa ƒe ŋkeke gã ava etsɔ ko ene.”—Yoel 1:15.

Ẽ, Yehowa ƒe ŋkeke gã la tu aƒe. Ke hã, naneke meganye ŋɔdzi na mí kura o, zi alesi míenya le Mawu ŋu kplikplikpli ko. Ne míelé ɖe eƒe dzidzenu dzɔdzɔewo ŋu heyi edzi nɔ te sesĩe la, míate ŋu ake agbe mavɔ ƒe dudimea dzidzedzetɔe!—Lododowo 11:19; Timoteo I, 6:12, 17-19.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Ðe nèle nusianu si nàte ŋui wɔm tsɔ le kpekpem ɖe hati Kristotɔwo ŋu be woayi edzi anɔ te sesĩea?

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 21]

The Complete Encyclopedia of Illustration/J. G. Heck