Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Noa ƒe Nuŋlɔɖi—Ðe Viɖe Le Eŋu Na Mía?

Noa ƒe Nuŋlɔɖi—Ðe Viɖe Le Eŋu Na Mía?

Noa ƒe Nuŋlɔɖi—Ðe Viɖe Le Eŋu Na Mía?

ESI Yesu nɔ eƒe anyinɔnɔ kpakple nuɖoanyia ƒe nuwuwu ƒe dzesi ŋu nya gblɔm ɖi la, egblɔ be: “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.” (Mateo 24:3, 37) Eme kɔ ƒã be Yesu gblɔe ɖi be nusi le dzɔdzɔm le míaƒe ŋkekea me la sɔ kple Noa ƒe ɣeyiɣia me tɔ. Noa ƒe ŋkekea me nudzɔdzɔwo ŋuti nuŋlɔɖi siwo de pɛpɛpɛ eye kakaɖedzi le wo ŋu la ate ŋu anye nu xɔasi aɖe na mí.

Ðe Noa ŋɔli Tsiɖɔɖɔ ŋuti nuŋlɔɖia nye nu xɔasi nenema? Ðe nusiwo wokpɔna le nusiwo dzɔ ŋutɔŋutɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo ŋu la le eŋua? Ðe míate ŋu anya ɣeyiɣi si me Tsiɖɔɖɔa ɖe xexea?

Ɣekaɣie Tsi Ðe Xexeame?

Akɔntabubu ŋuti nyatakaka si dzi woate ŋu anɔ te ɖo abu akɔnta ayi megbemegbee le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la le Biblia me. Le Mose I, 5:1-29 me la, míate ŋu akpɔ dzidzime ŋuti nuŋlɔɖi tso ame gbãtɔ, Adam, wɔwɔ dzi vaseɖe Noa dziɣi. Tsiɖɔɖɔa dze egɔme “esi Noa xɔ ƒe alafa ade.”—Mose I, 7:11.

Be míate ŋu anya ɣeyiɣi si me Tsiɖɔɖɔa ɖe xexea la, ehiã be míadze egɔme tso ƒe nyanyɛ aɖe dzi. Esia fia be, ele be míadze egɔme tso ƒe aɖe si dzi wolɔ̃ ɖo le ŋutinya me eye wògasɔ ɖe nudzɔdzɔ aɖe koŋ si woŋlɔ ɖe Biblia me dzi la dzi. Tso ƒe nyanyɛ ma dzi la, míate ŋu abu akɔnta ahakpɔ ŋkeke si dzi Tsiɖɔɖɔa va ɖe xexea le Gregory ƒe ɣletigbalẽ si wozãna fifia wu la dzi.

Ƒe nyanyɛawo dometɔ ɖekae nye ƒe 539 D.M.Ŋ., si nye ƒe si me Persia-fia Kores ɖu Babilon dzi. Nuŋlɔɖi siwo li ku ɖe eƒe dziɖuɖu ŋu la dometɔ aɖewo nye Babilontɔwo ƒe kpedzinuŋlɔɖiwo kpakple Diodorus, Africanus, Eusebius, kple Ptolemy ƒe nuŋlɔɖiwo. Le se aɖe si Kores de ta la, Yudatɔ susɔeawo dzo le Babilon heɖo wo denyigba dzi le ƒe 537 D.M.Ŋ. me. Emae he Yuda ƒe aboyomenɔnɔ ƒe 70 sɔŋ si Biblia ƒe nuŋlɔɖi fia be edze egɔme le ƒe 607 D.M.Ŋ. la, va nuwuwui. Ne míebu ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ɣeyiɣia kple Israel fiawo ƒe dziɖuɣiwo hã kpe ɖe eŋu la, míate ŋu ava kpɔe be ƒe 1513 D.M.Ŋ. mee Israel-viwo dzo le Egipte. Ɣeyiɣikɔntabubu si wotu ɖe Biblia me nudzɔdzɔwo dzi gakplɔ mí yi megbemegbee ƒe 430, esime wobla nu kple Abraham le ƒe 1943 D.M.Ŋ. me. Eyome míabu ƒe siwo me wodzi Tarax, Naxor, Serug, Regu, Peleg, Eber, kple Selax, kpakple Arpaxsad, amesi wodzi “le ƒe evelia me le tsiɖɔɖɔ la megbe,” kple woƒe ƒe siwo woxɔ la akpee. (Mose I, 11:10-32) Eyata míate ŋu ade dzesi ƒe 2370 D.M.Ŋ. be eyae nye ƒe si me Tsiɖɔɖɔa dze egɔme. *

Tsiɖɔɖɔa Dze Egɔme

Hafi míadzro Noa ƒe ŋkekea me nudzɔdzɔwo me la, àdi be yeaxlẽ Mose I ta 7 kpukpui 11 vaseɖe ta 8 kpukpui 4. Wogblɔ tsi gã si dza la ŋu nya na mí ale: “Esi Noa xɔ ƒe alafa ade [ƒe 2370 D.M.Ŋ.], le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi tututu la, anyigbatu me tsiwo katã ŋɔ, eye dziƒo nu ʋu.”—Mose I, 7:11.

Noa ma ƒea ɖe ɣleti 12 siwo dometɔ ɖesiaɖe me ŋkeke 30 le me. Le blema ɣeyiɣiwo me la, ɣleti gbãtɔa dze egɔme le ɣletigbalẽ si zãm míele fifia ƒe ɣleti si nye September ƒe domedome lɔƒo. Tsia te dzadza le “ɣleti evelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi” eye wòyi edzi nɔ dzadzam ŋkeke 40 zã 40 le ɣleti siwo nye November kple December, ƒe 2370 D.M.Ŋ. me.

Wogana míenya le Tsiɖɔɖɔa ŋu be: “Eye tsia le ɖɔɖɔm ɖe anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka kple blaatɔ̃ sɔŋ. . . . Eye tsia le miemiem le anyigba la dzi ʋeʋeʋe. Edze miemie le ŋkeke alafa ɖeka kple blaatɔ̃ megbe. Le ɣleti adrelia ƒe ŋkeke wuiadrelia dzi aɖakaʋu la va xa ɖe Aratat-towo dometɔ ɖeka me.” (Mose I, 7:24–8:4) Eyata tso esime tsia ɖe anyigba bliboa vaseɖe esime wòdze miemie gɔme la le ŋkeke 150, alo ɣleti atɔ̃. Le ema ta aɖakaʋua va tsi Ararat-toawo dzi le ƒe 2369 D.M.Ŋ. ƒe April me.

Fifia àdi be yeaxlẽ Mose I, 8:5-17. Ɣleti eve kple afã (ŋkeke 73) megbe, “le ɣleti ewolia [June] ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi,” ye toawo tame dze. (Mose I, 8:5) * Ɣleti etɔ̃ (ŋkeke 90) megbe—le Noa ƒe “ƒe alafa ade kple ɖeka me le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi,” alo le September, 2369 D.M.Ŋ. ƒe titina—ye Noa fo aɖakaʋua tame. Ɣemaɣie wòkpɔe be “anyigba dzi ƒu.” (Mose I, 8:13) Ɣleti ɖeka kple ŋkeke 27 (ŋkeke 57) megbe, “le ɣleti evelia ƒe ŋkeke blave vɔ adrelia [November ƒe titina, ƒe 2369 D.M.Ŋ.] dzi anyigba dzi ƒu keŋkeŋ.” Emegbe Noa kple eƒe ƒomea do go le aɖakaʋua me ɖe anyigba ƒuƒui dzi. Eyata Noa kpakple ame kpɔtɔeawo xɔ ƒe ɖeka kple ŋkeke ewo (ŋkeke 370) le aɖakaʋua me.—Mose I, 8:14.

Nukae nuŋlɔɖi siawo me nudzɔdzɔwo, numeɖeɖe detowo, kple ɣeyiɣi siwo de pɛpɛpɛ la ɖe fia? Kpuie ko la, eyae nye be: Nyateƒenya gblɔm nyagblɔɖila Hebritɔ Mose, amesi eme kɔ ƒã be etu Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nyawo ɖe nuŋlɔɖi siwo wòxɔ dzi, la nɔ, ke menye nyakpakpawo dzie o. Eyata viɖe gã aɖe le Tsiɖɔɖɔa ŋu na mí egbea.

Aleke Biblia Ŋlɔla Bubuwo Bu Tsiɖɔɖɔae?

Tsɔ kpe ɖe Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me nuŋlɔɖiwo ŋu la, woƒo nu tso Noa loo alo Tsiɖɔɖɔa ŋu le Biblia ƒe teƒe geɖewo. Le kpɔɖeŋu me:

(1) Numekukuwɔla Ezra de Noa kple viaŋutsuawo ŋkɔwo (Sem, Xam, kple Yafet) Israel-dukɔa ƒe dzidzimegbalẽa me.—Kronika I, 1:4-17.

(2) Atikewɔla kple Nyanyuiŋlɔla Luka yɔ Noa esime wònɔ Yesu Kristo tɔgbuiwo ŋkɔ yɔm.—Luka 3:36.

(3) Apostolo Petro yɔ nyawo zi geɖe tso Tsiɖɔɖɔa ŋuti nuŋlɔɖia me esime wònɔ nu ŋlɔm na hati Kristotɔwo.—Petro II, 2:5; 3:5, 6.

(4) Apostolo Paulo ƒo nu tso xɔse gã si Noa ɖe fia be wòkpa aɖakaʋua na eƒemetɔwo ƒe ɖeɖekpɔkpɔ la ŋu.—Hebritɔwo 11:7.

Ðe woate ŋu ake ɖi be Biblia ŋlɔla siawo siwo gbɔgbɔ ʋã la melɔ̃ ɖe Tsiɖɔɖɔa ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me dzi oa? Eme kɔ ƒã be wobui be enye nudzɔdzɔ ŋutɔŋutɔ.

Yesu Kple Tsiɖɔɖɔa

Yesu Kristo nɔ agbe do ŋgɔ hafi va zu amegbetɔ. (Lododowo 8:30, 31) Enye gbɔgbɔmeme le dziƒo esime Tsiɖɔɖɔa ɖe xexeame. Esi Yesu nye amesi ŋutɔ kpɔ Noa kpakple Tsiɖɔɖɔa teƒe ta la, ena mí Ŋɔŋlɔawo me kpeɖodzi sesẽtɔ kekeake si le eŋuti. Yesu gblɔ be: “Sigbe alesi Noa ƒe ŋkekewo nɔ la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava. Elabena alesi wowɔ le ŋkeke, si dze ŋgɔ na tɔɖɔɖɔ me, wole nu ɖum, eye wole nu nom, wole srɔ̃ ɖem, eye wole wo tsɔm na, bena woaɖe, vaseɖe ŋkeke, si dzi Noa yi ɖe aɖakaʋua me, eye womedze sii o, vaseɖe esime tɔɖɔɖɔ va, eye wòkplɔ wo katã yii la, nenema ke lanye Amegbetɔvi la ƒe vava.”—Mateo 24:37-39.

Ðe Yesu azã nyakpakpa atsɔ axlɔ̃ nu mí ku ɖe nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu si gbɔna ŋua? Kura o! Míeka ɖe edzi be Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ si va ame vɔ̃ɖiwo dzi ŋutɔŋutɔe wòzã tsɔ wɔ esia ƒe kpɔɖeŋui. Ẽ, amewo bu woƒe agbe, gake míate ŋu akpɔ akɔfafa tso enyanya be wokpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta le Tsiɖɔɖɔa me la me.

“Noa ƒe ŋkekewo” le vevie na amesiwo le agbe egbea, le “Amegbetɔvi la,” Yesu Kristo, ‘ƒe anyinɔɣia’ me ŋutɔ. Ne míele xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔ ŋuti nuŋlɔɖi deto si Noa dzra ɖo la xlẽm la, míate ŋu aka ɖe edzi be enye ŋutinyamenuŋlɔɖi si ŋu ɖikeke aɖeke mele o. Eye gɔmesese vevi aɖe le Tsiɖɔɖɔa ŋuti nuŋlɔɖi si tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me, si woŋlɔ ɖe Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me la, ŋu na mí. Abe alesi ko Noa, viaŋutsuawo, kple wo srɔ̃wo ka ɖe mɔ si nu Mawu ato axɔ wo ɖe agbe dzii ene la, míawo hã míate ŋu ato Yesu ƒe tafevɔsaa dzixɔxɔse me akpɔ Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ. (Mateo 20:28) Gawu la, míate ŋu akpɔ mɔ be míanɔ amesiwo atsi agbe le nuɖoanyi sia ƒe nuwuwu la dome abe alesi tututu Noa ƒe nuŋlɔɖi ɖee fiae be woa kple eƒe ƒomea tsi agbe le Tsiɖɔɖɔ si he xexe mavɔ̃mawu aɖe si nɔ anyi ɣemaɣi la va nuwuwui ene.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Ne èdi ɣeyiɣi si me Tsiɖɔɖɔa ɖe xexeame ŋuti numeɖeɖe detowo la, kpɔ Insight on the Scriptures, si Yehowa Ðasefowo ta, ƒe Babla 1, axa 458-60.

^ mm. 12 Keil-Delitzsch Commentary on the Old Testament, Babla 1, axa 148, gblɔ be: “Anye ŋkeke 73, tso esime aɖakaʋua tɔ, megbee wokpɔ toawo, siwo nye Armenia-to siwo dome aɖakaʋua va tsi, la tame.”

[Aɖaka si le axa 5]

Ðe Wonɔ Agbe Ɣeyiɣi Didi Nenema?

BIBLIA gblɔ be: “Noa ƒe agbe me ŋkekewo katã nye ƒe alafa asieke kple blaatɔ̃, eye wòku.” (Mose I, 9:28b) Noa tɔgbui Metusala nɔ agbe ƒe 969—si nye amegbetɔ ƒe agbenɔƒe diditɔ kekeake si woŋlɔ ɖi. Dzidzime ewo si tso Adam dzi vaseɖe Noa dzi ƒe agbenɔƒe le mama dedie nu la wu ƒe 850. (Mose I, 5:5-31) Nukatae amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi la nɔ agbe wòdidi nenema gbegbe?

Mawu ƒe gɔmedzetameɖoɖoe nye be amegbetɔ nanɔ agbe tegbee. Wowɔ ame gbãtɔ, Adam, kple mɔnukpɔkpɔ be wòanɔ agbe si nuwuwu meli na o nenye be eɖo to Mawu. (Mose I, 2:15-17) Gake Adam meɖo to o eye wòbu mɔnukpɔkpɔ ma. Le ƒe 930 siwo Adam tsɔ nɔ agbee henɔ kukum vivivi megbe la, egbugbɔ yi anyi si me woɖee tsoe la me. (Mose I, 3:19; 5:5) Ame gbãtɔ la gblẽ nuvɔ̃ kple ku ɖi na eƒe dzidzimeviwo.—Romatɔwo 5:12.

Ke hã, amesiwo nɔ anyi ɣemaɣi la te ɖe Adam ƒe blibodeɣi ŋu eye anye susu ma tae wote ŋu nɔ agbe wòdidi wu amesiwo va nɔ agbe le ɣeyiɣi ma megbe ʋĩ ɖo. Le esia ta, amegbetɔ ƒe agbenɔƒe gogo ƒe akpe ɖeka le ɣeyiɣi siwo do ŋgɔ na Tsiɖɔɖɔa me, eye edzi vanɔ ɖeɖem kpɔtɔ kabakaba le Tsiɖɔɖɔa megbe. Le kpɔɖeŋu me, ƒe 175 pɛ koe Abraham nɔ agbe. (Mose I, 25:7) Eye le ƒe 400 aɖewo le blemafofo wɔnuteƒe ma ƒe ku megbe la, nyagblɔɖila Mose ŋlɔ bena: “Míaƒe agbenɔƒewo nye ƒe blaadre, ne ede ƒã la, ƒe blanyi, eye fuɖename kple hiã nye wo adegbeƒonu.” (Psalmo 90:10) Alea tututue nɔnɔmea le egbea.

[Nyaɖoɖo/Nɔnɔmetata siwo le axa  6, 7]

Akɔntabubu Yi Megbemegbee, tso Kores ƒe Sedede si Ðe Mɔ Na Yudatɔwo be Woagbɔ tso Aboyome, Va Ðo Noa ƒe Ŋkekea Me Tsiɖɔɖɔa Dzi

537 Kores ƒe sededea *

539 Persiatɔ Kores Ðu Babilon Dzi

ƒe 68

607 Yuda ƒe aƒedozuzu ƒe 70 la dze egɔme

Ƒe 906 si

kplɔlawo,

ʋɔnudrɔ̃lawo,

kple Israel-

fiawo tsɔ

ɖu dzii

1513 Israel ƒe Ʋuʋu tso Egipte

ƒe 430 Ƒe 430 si Israel-viwo tsɔ nɔ Egipte kpakple

Kanaan nyigbawo dzi (Mose II, 12:40, 41)

1943 Kpeɖoɖo Abraham ƒe nubablaa dzi

ƒe 205

2148 Tarax dzidzi

ƒe 222

2370 Tsiɖɔɖɔa ƒe gɔmedzedze

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 35 “Persia-fia Kores ƒe ƒe gbãtɔ,” si anye ƒe 538 D.M.Ŋ. alo ƒe 537 D.M.Ŋ. ƒe gɔmedzedze, mee Kores de se be woaɖe asi le Yudatɔwo ŋu le aboyome.