Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nuŋlɔɖi Wɔdɔɖeamedzi Aɖe

Nuŋlɔɖi Wɔdɔɖeamedzi Aɖe

Nuŋlɔɖi Wɔdɔɖeamedzi Aɖe

ANYIGBAYEYEDILA Richard E. Byrd zɔ mɔ yi Antarctic-nutowo me zi atɔ̃ sɔŋ tso ƒe 1928 me yiɖase ɖe ƒe 1956 me. Esi woa kple eƒe hatimɔzɔlawo wɔ gbesiagbenudzɔdzɔwo kple mɔzɔzɔawo ŋuti nuŋlɔɖi si de pɛpɛpɛ ŋudɔ ta la, wote ŋu de dzesi alesi ya ƒonae, heta mɔfiagbalẽwo, eye woke ɖe Antarctica-nyigbagã la ƒe nyatakaka gbogbo aɖewo ŋu.

Byrd ƒe mɔzɔzɔawo ɖe viɖe si le nuŋlɔɖigbalẽ ƒe amesinɔnɔ ŋu fia. Woŋlɔa ƒudzimɔzɔzɔ alo yamemɔzɔzɔ ŋuti nuŋlɔɖiwo ɖe mɔzɔzɔŋutinuŋlɔɖigbãle me. Woate ŋu azã nuŋlɔɖi siawo emegbe atsɔ ato nusiwo dzɔ me alo adzro nyatakaka siwo woate ŋu azã le mɔ siwo woava zɔ le etsɔme la me.

Noa ƒe ŋkekea me Tsiɖɔɖɔa ŋuti nuŋlɔɖi wɔdɔɖeamedzi aɖe le Ŋɔŋlɔawo me. Xexeame katã ƒe Tsiɖɔɖɔ ma xɔ ƒe ɖeka kple edzivɔwo. Le dzadzraɖo ɖe Tsiɖɔɖɔa ŋu me la, Noa, srɔ̃a, kple wo viŋutsu etɔ̃awo kpakple wo srɔ̃wo zã ƒe 50 alo 60 tsɔ kpa aɖakaʋu aɖe—si nye tɔdziʋu gã aɖe si ƒe kɔkɔme, kekeme, kple didime na eme ƒe lolome anye meta 40,000. Ðe taɖodzinu ka ta? Be woatsɔ akpɔ amegbetɔ aɖewo kple lãwo ta le Tsiɖɔɖɔa me.—Mose I, 7:1-3.

Ne míagblɔe tututu la, nusi woayɔ be Noa ŋɔli Tsiɖɔɖɔ ŋuti nuŋlɔɖi tso nusiwo dzɔ le Tsiɖɔɖɔa ƒe gɔmedzedze vaseɖe esime woa kple eƒe ƒomea wodo le aɖakaʋua me ŋuti nuŋlɔɖi le Biblia-gbalẽ si nye Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me. Ðe nu vevi aɖe le eme na mí egbea?