Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae April 1, 2002, ƒe Gbetakpɔxɔ gblɔ le axa 11, memama 7, be Yudatɔ siwo zu xɔsetɔ yeyewo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi la nye kpɔɖeŋu na “wo ɖokui tsɔtsɔ ɖe adzɔgbe na Mawu to Kristo dzi,” le esime nukpɔsusu si nɔ anyi tsã enye be Yudatɔwo ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me tso ƒe 33 M.Ŋ. vaseɖe ƒe 36 M.Ŋ. mebia be woatsɔ ame ɖokui aɖe adzɔgbe ma o?

Le ƒe 1513 D.M.Ŋ. me la, Yehowa Mawu na mɔnukpɔkpɔ Israel-viwo be ne ‘woɖo to yeƒe gbe, eye wolé yeƒe nubabla me ɖe asi’ la, woanye dukɔ kɔkɔe na ye. Woɖo eŋu be: “Nya, siwo katã Yehowa gblɔ la, míawɔe.”—Mose II, 19:3-8; 24:1-8.

Esi Israel-viwo lɔ̃ ɖe edzi be yewoawɔ ɖe Mose ƒe Sea dzi ta la, wotsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu. Dukɔ ɖeadzɔgbe sia mee wodzi Yudatɔwo ƒe dzidzime siwo katã kplɔe ɖo la ɖo. Gake Yudatɔ siwo va zu Yesu Kristo yomedzelawo tso ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi yi la ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ lɔ nu geɖe ɖe eme wu wo ɖokuiwo tsɔtsɔ na Mawu abe dukɔ ɖeadzɔgbe me tɔwo ene ko. Enye woƒe ƒomedodo yeye me nɔnɔ kple Yehowa Mawu to Yesu Kristo dzi ƒe adzɔgbeɖeɖe ƒe kpɔɖeŋu. Le mɔ ka nu?

Le gbɔgbɔ kɔkɔea kɔkɔ ɖe nusrɔ̃la siwo ade 120 siwo kpe ta ɖe dziƒoxɔ aɖe me le Yerusalem le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi megbe la, apostolo Petro tsi tre hete gbeƒãɖeɖe na Yudatɔ kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔ siwo va kpe ta be yewoakpɔ nusi dzɔ la. Le ɖaseɖiɖi na wo nyuie megbe la, egblɔ na Yudatɔ siwo dzitsinya bu fɔe be: ‘Mitrɔ le miaƒe dzi me, eye mia dome amesiame naxɔ nyɔnyrɔ ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me hena miaƒe nuvɔ̃wo ƒe keke.’ Le nuwɔwɔ ɖe nuxlɔ̃amenya siwo Petro gagblɔ kpee nu la, ‘amesiwo xɔ eƒe nyaa la xɔ nyɔnyrɔ, eye le ŋkeke ma dzi wotsɔ luʋɔwo anɔ akpe etɔ̃ kpe ɖe wo ŋu.’—Dɔwɔwɔwo 2:1-41.

Ðe Yudatɔ mawo siwo wonyrɔ le Petro ƒe nuxlɔ̃amea megbe menye dukɔ ɖeadzɔgbea me tɔwo xoxo oa? Ðe womenɔ adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo me kple Mawu xoxo oa? Ao. Apostolo Paulo ŋlɔ bena ‘Mawu ɖe Sea ɖa le mía kpli dome, esime woklãe ɖe fuwɔametia ŋuti.’ (Kolosetɔwo 2:14) Yehowa Mawu to Kristo ƒe ku le ƒe 33 M.Ŋ. me dzi ɖe Sea ƒe nubabla—si nye nusi tututu dzi wòto na Israel-viawo le adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo me Kplii—ɖa. Fifia Mawu ŋutɔ gbe dukɔ si gbe Mawu ƒe Vi la. Eyata ‘ŋutilãme Israel’ magate ŋu agblɔ be yenye dukɔ ɖeadzɔgbe na Mawu o.—Korintotɔwo I, 10:18; Mateo 21:43.

Woɖe Sea ƒe nubabla ɖa le ƒe 33 M.Ŋ. me, gake Mawu ƒe amenuveɣi kple beléle tɔxɛ na Yudatɔwo nu meyi ɣemaɣi o. * Ele be esia nayi edzi vaseɖe ƒe 36 M.Ŋ. me, si nye esime Petro ɖe gbeƒã na Italiatɔ mawuvɔ̃la Kornelio kple eƒemetɔwo kpakple Trɔ̃subɔdukɔmetɔ bubuwo hã. (Dɔwɔwɔwo 10:1-48) Nuka dzie wonɔ te ɖo keke amenuveve sia ɖe enu?

Daniel 9:27 gblɔ be: “[Mesia la] abla nu sesẽ kple ame geɖewo kwasiɖa ɖeka.” Nubablaa si wogakpɔtɔ lé ɖe te hena ƒe adre, alo “kwasiɖia ɖeka,” tso Yesu ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ kple Mesia la ƒe gaglãgbesubɔsubɔdɔa ƒe gɔmedzeɣi le ƒe 29 M.Ŋ. me lae nye Abraham ƒe nubabla la. Be ame nate ŋu anɔ nubabla ƒe ƒomedodo sia me la, ɖeko wòhiã be wòanye Abraham ƒe dzidzimevi Hebritɔ. Akpa ɖeka ko ƒe nubabla ma mena amea ŋutɔ nɔa adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo me kple Yehowa o. Le esia ta, togbɔ be Yudatɔ siwo xɔ se, siwo gbɔna nyɔnyrɔ xɔ ge le Petro ƒe nuƒo si wòƒo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi megbe, nye Mawu ƒe beléle tɔxɛa gomekpɔlawo abe dzɔdzɔme Yudatɔwo ene hã la, womate ŋu agblɔ be yewo le adzɔgbeɖeɖe ƒe ƒomedodo me kple Mawu o le esi woɖe Se ƒe nubablaa ɖa ta. Ehia be woa ŋutɔwo natsɔ wo ɖokui aɖe adzɔgbee na Mawu.

Yudatɔwo kple trɔ̃subɔla zu Yudatɔwo ɖokuiwo tsɔtsɔ na be woanyrɔ yewo le ƒe 33 M.Ŋ. ƒe Pentekoste dzi ƒe adzɔgbeɖeɖe nɔ vevie le susu bubu aɖe hã ta. Apostolo Petro xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo be woatrɔ dzime ahaxɔ nyɔnyrɔ le Yesu ƒe ŋkɔ me. Esia wɔwɔ bia be woaɖe asi le xexeame ƒe mɔ ŋu ahaxɔ Yesu be enye Aƒetɔ kple Mesia, be enye Nunɔlagã, eye be enye amesi nɔ anyi ɖe Mawu ƒe nuɖusi me le dziƒo. Ehiã be woayɔ Yehowa Mawu ƒe ŋkɔ to Kristo Yesu dzi be woakpɔ xɔxɔ, si bia be woaxɔ Kristo dzi ase ahaxɔ eyama be enye yewo ƒe Kplɔla. Nu blibo si dzi woanɔ te ɖo ado ƒome kple Mawu ahakpɔ nuvɔ̃wo ƒe tsɔtsɔke la trɔ azɔ kura. Abe ame ɖekaɖekawo ene la, ehiã be Yudatɔ siwo xɔ se la naxɔ ɖoɖo yeye sia ade eme. To mɔ ka nu? To adzɔgbeɖeɖe na Mawu kple eɖeɖefia le dutoƒo be yewowɔ esia to nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me le Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me dzi. Nyɔnyrɔxɔxɔ ɖe tsi me nye woƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu ƒe dzesi, si na wova le ƒomedodo yeye me kplii to Yesu Kristo dzi.—Dɔwɔwɔwo 2:21, 33-36; 3:19-23.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 7 Esime Yesu Kristo lia yi dziƒo hetsɔ asixɔxɔ si le eƒe amegbetɔ ƒe agbe si wòtsɔ sa vɔe ŋu ɖo Yehowa Mawu ŋkume la, wote ƒli ɖe Mose ƒe Sea ƒe nubablaa me eye woɖo gɔmeɖoanyi yeye na “nubabla yeye” si ƒe nya wogblɔ ɖi la.—Yeremya 31:31-34.