Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Tia Agbe Mavɔ

Tia Agbe Mavɔ

Tia Agbe Mavɔ

TIATIAWƆWƆ ƒe mɔnukpɔkpɔ gbogbo aɖe le ame si sum fifia wu tsã. Le kpɔɖeŋu me, mía ŋutɔe tiaa awu si míado, nusi míaɖu, kple afisi míawɔ dɔ le kple afisi míanɔ. Le xexeame ƒe akpa geɖe la, enye nusi bɔ be ame ŋutɔ natia amesi wòaɖe. Gake Biblia ya tsɔ tiatia aɖe si ƒo tiatiawo katã ta—si woɖo amegbetɔƒomea katã ŋkume—la ɖo ŋkuwò me.

Biblia gblɔ be: “Dzɔdzɔenyenye vavã hea agbe vɛ; ke vɔ̃ɖiyometiti hea ku vɛ.” (Lododowo 11:19) Eye Yesu Kristo gblɔ be: “Esiae nye agbe mavɔ la bena, woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo, si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Ẽ, mía Wɔla la tsɔ mɔnukpɔkpɔ aɖe si ana míatia agbenɔnɔ aɖe si ate ŋu akplɔ ame ayi agbe mavɔ mee la ɖo mía ŋkume! Nukae wòle be míawɔ akpɔ agbe mavɔ?

Le Biblia ƒe nya nu la, “agbe le dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi.” (Lododowo 12:28) Míate ŋu anɔ ame dzɔdzɔe siwo le mɔ si ɖo ta agbe mavɔ me dzi la dome. To mɔ ka nu? To egbɔkpɔkpɔ be míaƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃nu kple eƒe sededewo nu me. (Mateo 7:13, 14) Eyata neva eme be míawɔ tiatia nyuitɔ bene míaxɔ Mawu ƒe nunana si nye agbe mavɔ.—Romatɔwo 6:23.