Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia—Tsã Gbenɔnɔ Manyatalenu, Etsɔme Mɔkpɔkpɔ Nyui Aɖe

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia—Tsã Gbenɔnɔ Manyatalenu, Etsɔme Mɔkpɔkpɔ Nyui Aɖe

“Mite Ðe Mawu Ŋu, Eye Wòate Ðe Mia Ŋu”

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia​—Tsã Gbenɔnɔ Manyatalenu, Etsɔme Mɔkpɔkpɔ Nyui Aɖe

“MAWU ƒe nya la le agbe, eye wòsẽa ŋu, eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee, . . . eye wònye tamesusuwo kple dzimedidiwo ƒe ʋɔnudrɔ̃la.” (Hebritɔwo 4:12) Nya siae apostolo Paulo gblɔ le ŋusẽ si le Mawu ƒe gbedasia ŋu. Ŋutete si le eŋu be wòaɖo dzia gbɔ la dze nyuie le ƒe alafa gbãtɔ M.Ŋ. me. Togbɔ be ŋusẽkpɔɖeamedzinu gbegblẽwo nɔ anyi ɣemaɣi hã la, amesiwo va zu Kristotɔwo la do amenyenye yeyea.—Romatɔwo 1:28, 29; Kolosetɔwo 3:8-10.

Ŋusẽ si le Mawu ƒe nya ŋu be wòatrɔ ame, si woŋlɔ ɖe Biblia me la, gadzena wokpɔna egbea. Le kpɔɖeŋu me, bu ŋutsu kɔkɔ dzɔatsu aɖe si ŋkɔe nye Richard ƒe nya ŋu kpɔ. Esi Richard nye amesi doa dziku kabakaba ta la, edaa kɔ ɖe nu suetɔ kekeake gɔ̃ hã ta. Nuvlowɔwɔ xɔ eƒe agbe me katã. Richard ƒo eɖokui ɖe kɔdalawo ƒe habɔbɔ me gɔ̃ hã. Exɔ hehe vevie va zu Westphalia, Germany, ƒe kɔdala kpekpetɔwo ƒe ɖoƒea xɔla. Richard ganoa aha tsu hewɔa dzre zi geɖe. Le dzre mawo dometɔ ɖeka me la, ame aɖe ku le eme, eye wolé Richard de mɔ kloe.

Ke Richard ƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔ ya ɖe? Richard gblɔ be: “Hafi mía kple Heike míasrɔ̃ Biblia la, mía dometɔ ɖesiaɖe léa eƒe mɔ tsɔna. Heike gblẽa ɣeyiɣi gbogbo aɖewo le exɔlɔ̃ nyɔnuwo gbɔ, esime nye ya mekuna ɖe modzakaɖeɖewo—siwo nye kɔdada, fefe le ƒutsotsoe dzi, kple tsiƒuƒu koŋ—ŋu.”

Esi Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kple Richard kpakple Heike la, tɔtrɔ siwo dze abe womanya wɔ o ene wɔwɔ be ame ƒe agbenɔnɔ nasɔ ɖe dzidzenu kɔkɔ siwo wogblɔ ɖe Mawu ƒe Nya me nu la ŋu bubu tena ɖe Richard dzi ale gbegbe. Gake esi Richard va dze si Yehowa Mawu nyuie wu la, eva di vevie be yeawɔ nu wòadze eŋu. Richard va kpɔe be Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo lɔ̃a nuvlowɔwɔ alo amesiwo wɔnɛ tsɔ ɖea modzakae la ŋu o. Richard srɔ̃e be: “[Yehowa ƒe] luʋɔ léa fu ame vɔ̃ɖi kple amesi lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.”—Psalmo 11:5.

Gawu la, agbenɔnɔ tegbee le paradiso me le anyigba dzi ƒe mɔkpɔkpɔa lé dzi na Richard kple Heike. Woa kple evea di be yewoanɔ afima ɖekae! (Yesaya 65:21-23) Amekpekpe si nye “mite ɖe Mawu ŋu, eye wòate ɖe mia ŋu” la wɔ dɔ ɖe Richard dzi vevie. (Yakobo 4:8) Ekpɔ viɖe si le wɔwɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia si tso gbɔgbɔ me dzi be: “Megaʋã ŋu sesẽnuɖula o, eye eƒe mɔ aɖeke megadze ŋuwò o. Elabena godzela enye ŋunyɔ na Yehowa, ke tsi metoa eya kple dzime dzɔdzɔe tɔ domee o.”—Lododowo 3:31, 32.

Togbɔ be Richard di vevie be yeatrɔ yeƒe agbenɔnɔ hã la, ekpɔe dze sii be yemate ŋu awɔe le ye ɖeka yeƒe ŋusẽ me o. Eva kpɔe dze sii be ehiã be yeado gbe ɖa abia Mawu ƒe kpekpeɖeŋu. Le esia ta ewɔ ɖe Yesu ƒe nya siwo wògblɔ na Eƒe apostolowo dzi be: “Mido gbe ɖa, ne miagadze tetekpɔ me o; gbɔgbɔ la le lɔlɔ̃m, gake ŋutilã la gbɔdzɔ.”—Mateo 26:41.

Esi Richard srɔ̃ nu tso Mawu ƒe nukpɔsusu le nuvlowɔwɔ kple dɔmedzoedodowo ŋu megbe la, eme kɔ nɛ be kɔdada nye kamedefefe si mesɔ o. Le Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu kple amesiwo srɔ̃ Biblia kple Richard ƒe dzideƒoname me la, ete ŋu ɖe asi le nuvlowɔwɔ ŋu. Eɖe asi le kɔdada kple dzrewɔwɔ ŋu heɖoe be yeatrɔ asi le yeƒe ƒomegbenɔnɔ ŋu. Richard, si va zu dzikpɔla fatu le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me fifia la, gblɔ be: “Biblia me nyateƒea sɔsrɔ̃ kpe ɖe ŋunye be metɔna bua tame hafi wɔa nu.” Egblɔ kpee be: “Lɔlɔ̃ kple bubudedeameŋu ƒe gɔmeɖosewo fiaa mɔm azɔ le mía kple srɔ̃nye kple vinyewo dome ƒomedodo me. Esia wɔe be ɖekawɔwɔ va le míaƒe ƒomea me.”

Amesiwo wogblẽ to na la tsɔa nya ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu ɣeaɖewoɣi be wogblẽa ƒomewo dome. Gake amewo abe Richard ene ƒe kpɔɖeŋuwo ɖenɛ fiana be aʋatsoe nya ma nye. Le nyateƒe me la, Biblia ƒe nyateƒea ate ŋu ahe ŋutifafa ava aƒemee eye wòahe etsɔme mɔkpɔkpɔ nyui aɖe vɛ na amesiwo ƒe agbenɔnɔ ŋu ta menɔ tsã o la.—Yeremya 29:11.

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Paradisonyigba ƒe mɔkpɔkpɔae ʋãm be mawɔ tɔtrɔ”

[Aɖaka si le axa 9]

Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Wɔa Dɔ

Biblia ate ŋu akpɔ ŋusẽ gã aɖe ɖe amewo ƒe agbe dzi. Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo kpe ɖe ame wɔadãwo ŋu wotrɔ la dometɔ aɖewo enye si:

“Dzigbɔɖitɔ nyo wu kalẽtɔ, eye amesi ɖua eɖokui dzi la, nyo wu duwo xɔla.” (Lododowo 16:32) Dziku si nu womete ŋu lé o la nye gbɔdzɔgbɔdzɔ ƒe dzesi, ke menye ŋusẽ ɖeɖe fia o.

“Amesi gbɔa dzi blewu la, nunyalae.” (Lododowo 19:11) Nɔnɔme aɖe ŋu bubu kple egɔmesese nyuie kpena ɖe ame ŋu be wòanya nusiwo tututu tae nuwo yi nenema ɖo eye wòate ŋu aɖo asi dziku dzi be mafla o.

‘Megade ha kple dɔmedzoetɔ, ne eƒe toƒe namã wò o.’ (Lododowo 22:24, 25) Kristotɔwo ƒoa asa na hadede kple amesiwo doa dɔmedzoe kabakaba.