Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Míana Nɔnɔme si me Míele Nadze Mía Ŋu

Alesi Míana Nɔnɔme si me Míele Nadze Mía Ŋu

Alesi Míana Nɔnɔme si me Míele Nadze Mía Ŋu

Le dzideƒoname lɛta aɖe si apostolo Paulo ŋlɔ na Kristotɔ siwo le Filipi me la, egblɔ be: “Nye la mesrɔ̃e bena, anyinɔnɔ, si ke me mele la, nadze ŋunye. . . . Meganya alesi makpɔ nu geɖe hã; le nusianu kple nuwo katã me la mesrɔ̃ nu ɣaɣla sia bena, maɖi ƒo, eye dɔ nawum hã; makpɔ nu geɖe, eye hiã natum hã.”—Filipitɔwo 4:11, 12.

Nukae na Paulo te ŋu kpɔ ŋudzedze ɖe nusi le esi la ŋu? Ne míebu alesi nuwo le asi xɔmee kple ganyawo ƒe kemalimali ŋu le míaƒe ɣeyiɣia me ŋu la, aɖe vi godoo be Kristotɔ vavãwo nasrɔ̃ alesi woakpɔ ŋudzedze ɖe nusi le wo si la ŋu ale be woƒe susu nanɔ woƒe subɔsubɔ tsɔtsɔ na Mawu ŋu.

PAULO gblɔ dɔ si me wòkpɔ dzidzedze le hafi va zu Kristotɔ le eƒe lɛtaa ƒe gɔmedzedze. Egblɔ be: “Ne ame bubu aɖe bu bena, yeate ŋu aɖo dzi ɖe ŋutilã ŋuti la, nye la mewui: Ŋkeke enyiagbe wotso aʋa nam, metso Israel dukɔ la me, tso Benyamin ƒe to la me, Hebritɔ tso Hebritɔwo me; le sea nu la farisitɔ menye; le ŋuʋaʋã nu la hame yometila menye; le dzɔdzɔenyenye, si le sea me nu la mokaka manɔŋutɔ menye.” (Filipitɔwo 3:4-6) Gakpe ɖe Yudatɔ si me dzo le si Paulo nye ŋu la, exɔ dɔdasi tso nunɔlagã si le Yerusalem, amesi hã de megbe nɛ, la gbɔ. Esiawo katã nye ŋusẽ kple ŋkɔxɔxɔ ƒe mɔkpɔkpɔ nɛ—le dunyahehe, mawusubɔsubɔ, kple le ga gome hã godoo—le Yudatɔwo ƒe nuɖoanyia me.—Dɔwɔwɔwo 26:10, 12.

Ke hã esi Paulo va zu subɔla Kristotɔ dovevienu la, nuwo trɔ kura nɛ. Le nyanyuia ta, elɔ̃ faa ɖe asi le eƒe dɔ si me wòkpɔa dzidzedze le kple nu bubu siwo katã wobuna nu veviwoe tsã ŋu. (Filipitɔwo 3:7, 8) Ke aleke wòakpɔ eɖokui dzii fifia? Ðe wòaxɔ fetu abe subɔla enea? Aleke wòakpɔ eƒe nuhiahiãwo gbɔe?

Paulo wɔ eƒe subɔsubɔdɔa fetu aɖeke maxɔmaxɔe. Be magava zu agba ɖe amesiwo wòsubɔna dzi o la, ewɔ ɖeka kple Akwila kple Priskila le avɔgbadɔ wɔwɔ me esime wònɔ Korinto, eye wòwɔ dɔ bubuwo hã be wòatsɔ akpɔ eɖokui dzii. (Dɔwɔwɔwo 18:1-3; Tesalonikatɔwo I, 2:9; Tesalonikatɔwo II, 3:8-10) Paulo zɔ mɔ didi etɔ̃ ɖe dutanyanyuigbɔgblɔ ta, eye wòzɔ mɔ yi hame siwo hiã sasrãkpɔ hã gbɔ. Esi wòzã eƒe ɣeyiɣiwo katã le Mawu ƒe dɔ wɔwɔ me ta la, nunɔamesi ʋɛ aɖewo koe nɔ esi. Zi geɖe la nɔviawo kpɔa eƒe nuhiahiãwo gbɔ. Ke hã le nɔnɔme madeamedziwo ta la nuwo hiãe ɣeaɖewoɣi. (Korintotɔwo II, 11:27; Filipitɔwo 4:15-18) Togbɔ be nuwo nɔ na Paulo alea hã la, mexa nu le eƒe xaxa la ta o, eye ame bubuwo ƒe nu mebiã ŋu nɛ o. Elɔ̃ faa wɔ dɔ vevie kple dzidzɔ be wòaɖe vi na ehati Kristotɔwo. Le nyateƒe me la, Paulo enye amesi yɔ Yesu ƒe nya nyanyɛa esi wògblɔ be: “Nana enye yayra wu xɔxɔ.” Kpɔɖeŋu tɔxɛ kae nye si na mí katã!—Dɔwɔwɔwo 20:33-35.

Nusi Ŋudzedzekpɔkpɔ Ðe Nusi Le Ame Si Ŋu Fia

Nu vevi aɖe si na Paulo kpɔ dzidzɔ eye eƒe dzi dze eme enye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe nusi le esi ŋu. Gake nukae wòfia be ame nakpɔ ŋudzedze ɖe nusi le esi ŋu? Kpuie ko la, efia be nu vevi siwo le ame si nasɔ gbɔ na ame. Paulo gblɔ na ehati subɔla Timoteo le esia ŋu be: “Ke mawusosroɖa kpakple ŋudzedzekpɔkpɔ enye viɖenu gã. Elabena míetsɔ naneke va xexe sia me o, eye edze ƒã bena, míate ŋu atsɔ naneke ayii hã o; ke ne nunyiame kple avɔtata le mía si la, mina nusiawo nasɔ gbɔ na mí.”—Timoteo I, 6:6-8.

De dzesii be Paulo yɔ mawusosroɖa kpe ɖe ŋudzedzekpɔkpɔ ŋu. Enya be dzidzɔkpɔkpɔ vavãtɔ tsoa mawusosroɖa me, si nye be etsoa míaƒe Mawu subɔsubɔ tsɔtsɔ ɖo nɔƒe gbãtɔ me, ke menye ŋutilãmenunɔamesi alo kesinɔnu mee wòtsona o. “Nunyiame kple avɔtata” koe hiã nɛ be wòanɔ mawusosroɖagbenɔnɔ dzi. Eyata le Paulo gome la, nu vevi si na wòte ŋu kpɔ ŋudzedze ɖe nɔnɔme si me wònɔ ŋue nye ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu, nɔnɔme ka ke mee ame ɖale o.

Egbea ame geɖe tsia dzimaɖi eye womekpɔa dzidzɔ o elabena womenya mɔ nyuitɔ la o alo esi wogbee tae. Le esi teƒe be woakpɔ ŋudzedze ɖe nusi le wo si ŋu la, wodina be yewoaɖo ŋu ɖe ga kple nusi wòate ŋu aƒle ŋu. Dɔwɔƒe siwo doa boblo nuwo kple nyakakamɔnudɔwɔlawo na amewo sena le wo ɖokui me be dzi mate ŋu adzɔ wo o negbe ɖe wokpɔ nu yeye siwo le tsia dzi hafi—eye ele be wòasu wo si enumake. Esia na be ga kple ŋutilãmenudidi ƒe mɔ̃ ɖe ame geɖe. Le dzidzɔ kple dzidzeme kpɔkpɔ teƒe la, ‘wogena ɖe tetekpɔwo kple mɔ̃tetrewo kpakple movidzɔdzɔ kple nuveviwɔame ƒe nudzodzro geɖe, siwo tsɔa amewo xlãna ɖe gbegblẽ kple tsɔtsrɔ̃ me la me.’—Timoteo I, 6:9, 10.

Wokpɔ Mɔ Nyuitɔ la Dze Sii

Le egbeŋkekewo me la, ɖe wòanya wɔ le nyateƒe me be woanɔ mawusosroɖagbe ahakpɔ ŋudzedze ɖe nusi le ame si ŋu eye wòana woakpɔ dzidzɔ kple dzidzemea? Ẽ, woate ŋui. Le nyateƒe me la, ame miliɔn geɖe le esia tututu wɔm egbea. Wova nya alesi woakpɔ dzidzɔ ɖe ŋutilãmenu ɖesiaɖe si anɔ wo si la ŋu. Woawoe nye Yehowa Ðasefo siwo tsɔ wo ɖokui ɖe adzɔgbe na Mawu hewɔa eƒe lɔlɔ̃nu hefiaa amesiame eƒe tameɖoɖowo.

Le kpɔɖeŋu me, bu amesiwo tsɔ wo ɖokui na faa be woana hehe wo ahadɔ wo abe dutanyanyuigblɔlawo ene ɖe dzronyigbawo dzi be woaɖaɖe gbeƒã Mawu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ŋu kpɔ. (Mateo 24:14) Zi geɖe la, agbenɔnɔ le dukɔ siwo me woɖo wo ɖo mede ŋgɔ le ŋutilãmenuwo gome abe afisi wonɔ wòma wo la ene o. Le kpɔɖeŋu me, esi dutanyanyuigblɔlawo ɖo Asia dukɔ aɖe me le ƒe 1947 ƒe gɔmedzedze la, nusiwo aʋawɔwɔ gblẽ le wo ŋu la gakpɔtɔ nɔ dzedzem ƒã, eye aƒe ʋɛ aɖewo me koe elektrik-kaɖiwo nɔ. Le dukɔ geɖe me la, dutanyanyuigblɔlawo kpɔe be dukɔa me tɔwo nyaa woƒe awuwo vivivi le ʋuƒo alo kpe aɖe si le tɔ to dzi ke menye le elektriknunyamɔ̃ me o. Gake ɖe wova be yewoafia Biblia me nyateƒea amewo, le esia ta wotrɔ ɖe teƒe yeyea ƒe nɔnɔmewo ŋu eye woyi woƒe subɔsubɔdɔa dzi kple ŋkubiã.

Ame bubuwo ƒo wo ɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me alo ʋu yi afisi nyanyuia mekpɔ ɖo haɖe o. Adulfo wɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔ ƒe 50 kple edzivɔ le Mexico ƒe akpa vovovowo. Egblɔ be: “Abe alesi apostolo Paulo wɔe ene la, mía kple srɔ̃nye míesrɔ̃ alesi míatrɔ ɖe nɔnɔmeawo ŋu. Le kpɔɖeŋu me, du alo asime aɖeke metsɔ ɖe hame aɖe si míeyi ɖasrã kpɔ gbɔ o. Nɔviawo kpɔa ŋudzedze ɖe abolo ɖeka kple halã si wode dzee kpakple tii kplu ɖeka ŋu le woƒe nuɖuɣi ɖesiaɖe. Ema koe nye nusi li woaɖu—abolo etɔ̃ gbeɖeka. Eyata míedze agbagba be míanɔ agbe abe nɔviawo ke ene. Meto nɔnɔme siawo tɔgbe geɖe me le ƒe 54 si metsɔ subɔ Yehowa le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.”

Florentino ɖo ŋku alesi wòle be woa kple eƒe ƒomea natrɔ ɖe nɔnɔme sesẽwo ŋu dzi. Egblɔ le eƒe ɖevimenɔɣi ŋu be: “Fofonye nye asitsala kpɔdzidzedze aɖe. Etso aƒe geɖe. Megaɖoa ŋku nudzrakplɔ̃ si nɔ nu kpotokpotoewo dzraƒe nɛ la dzi kokoko. Kplɔ̃ŋuɖaka si ƒe kekeme nye sentimeta 50 eye eƒe goglome nye sentimeta 20 si me woma ɖe akpa ene nɔ eŋu. Afisiae míedaa ŋkekea ƒe ga siwo míexɔ la ɖo. Kaka zã nado la gagbalẽ kple gakuwo yɔe taŋtaŋ.

“Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke o míaƒe ganyawo va trɔ bubui kura, eye mí amesiwo si nu nɔ tsã la va zu hiãtɔwo. Nusianu bu ɖe mí negbe míaƒe aƒe dzaa ko. Gakpe ɖe eŋu la, fonye ɖeka dze afɔku eye wòzu bafa. Nusianu trɔ bubui. Le ɣeyiɣi aɖe me la meva nɔ atikutsetsewo kple ʋulɛ dzram. Meyi ɖaɖea ɖetifu, gbea weintsetse, kple alfalfa hã eye mekpɔ gome le tsidede nuwo le agblewo dzi me. Ame aɖewo yɔm be dɔ sia dɔ wɔla. Danye dea dzi ƒo na mí gbesiagbe gblɔna na mí be nyateƒea le mía si, si nye gbɔgbɔmekesinɔnu si ame ʋɛ aɖewo koe kpɔe. Eyata mesrɔ̃ alesi makpɔ nu geɖe kple alesi maɖo ko. Fifia si mesubɔ Yehowa ƒe 25 enye sia la, mate ŋu agblɔ be mekpɔa dzidzɔ gbesiagbe be metia agbenɔnɔmɔ nyuitɔ—si nye Yehowa subɔsubɔ le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.”

Biblia gblɔe na mí eme kɔ be ‘xexeame ƒe nɔnɔme le tɔtrɔm.’ Le esia ta egagblɔ na mí be: “Amesiwo le dzidzɔ kpɔm la, nanɔ abe ɖe womele dzidzɔ kpɔm o ene; eye amesiwo le nu ƒlem la nanɔ abe ɖe naneke mele wo si o ene; eye amesiwo wɔa xexe sia me ŋuti dɔ la, nanɔ abe ɖe womele eŋuti dɔ wɔm o ene.”—Korintotɔwo I, 7:29-31.

Eyata fifiae nye ɣeyiɣi si wòle be nàdzro wò anyinɔnɔ me akpɔ nyuie. Ne èle nɔnɔme si me nu mede dziwò o me la, kpɔ nyuie be megate ɖe dziwò o, wòahayi dzi ku ge na wò alo ana nàʋã ŋu gɔ̃ hã o. Le go bubu me la, ŋutilãmenu ka kee ɖale asiwò o, anyo be nàtsɔ wo aɖo afisi sɔ le agbe me ale be woagava kpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o. Abe alesi apostolo Paulo gblɔe ene la, kpɔ egbɔ be màtsɔ wò mɔkpɔkpɔ “aɖo kesinɔnuwo ƒe dediemanɔmanɔ dzi o; ke boŋ ɖe Mawu gbagbe, si tsɔ nuwo katã na mí fũ be, míawɔ wo ŋuti dɔ la dzi.” Ne èwɔ esia la, ekema wò hã ate ŋu agblɔ be yenya mɔ nyuitɔ si dzi yeato ana nɔnɔme si me yele la nadze ye ŋu.—Timoteo I, 6:17-19.

[Nɔnɔmetata si le axa 9]

Paulo wɔ dɔ kple ye ŋutɔ ƒe asi ale be magazu agba na ame bubuwo o

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Ame gbogbo aɖewo le dzidzɔ kpɔm le “mawusosroɖa kple ŋudzedzekpɔkpɔ” gbenɔnɔ me