Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dzidzɔ Si Wu Gbɔgblɔ!

Dzidzɔ Si Wu Gbɔgblɔ!

Agbemeŋutinya

Dzidzɔ Si Wu Gbɔgblɔ!

ABE ALESI REGINALD WALLWORK GBLƆE ENE

“Naneke mele xexe sia me si woate ŋu atsɔ asɔ kple dzidzɔ si míekpɔ le Yehowa subɔsubɔ ɣeyiɣiawo katã le dutanyanyuigblɔdɔa me o!” Mekpɔ nya siawo le srɔ̃nye ƒe nuŋlɔɖi veviwo me le eƒe ku megbe kpuie le May 1994 me.

NE MELE Irene ƒe nyawo ŋu bum la, meɖoa ŋku ƒe 37 siwo míetsɔ wɔ dutanyanyuigblɔdɔa dzidzɔtɔe le Peru dzi. Míese vivi le Kristotɔwo ƒe ɖekawɔwɔ xɔasia me tso esime míeɖe mía nɔewo le December 1942 me—eye esɔ hã be madze nye ŋutinyaa gɔme tso ɣemaɣi.

Wonyi Irene wònye Yehowa Ðasefo le Liverpool, England. Enye fofoa si ku le Xexemeʋa I wɔɣi ƒe vinyɔnu etɔawo dometɔ ɖeka. Emegbe dadaa ɖe Winton Fraser, eye wodzi viŋutsu, si ŋkɔe nye Sidney. Do ŋgɔ kpuie na Xexemeʋa II la, woƒe ƒomea ʋu yi Bangor, si le Dziehe Wales, afisi Irene xɔ nyɔnyrɔ le le ƒe 1939 me. Sidney xɔ nyɔnyrɔ le ƒe si do ŋgɔ na ema me, eyata woa kple Irene wosubɔ ɖekae le mɔɖeɖedɔa—ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigbɔgblɔdɔ—me le Wales ƒe dzieheƒuta, eye wowɔ dɔ tso Bangor vaseɖe Caernarvon, kple le Anglesey ƒukpoa dzi.

Ɣemaɣi menɔ Runcorn Hamea me, si didi abe kilometa 20 ene tso Liverpool gbɔ, le eƒe anyieheɣedzeƒe gome, eye menye dzikpɔla zimenɔla abe alesi míeyɔnɛ egbea ene. Esi wònye Irene gbɔna edaa Vera gbɔ nɔ ge le Runcorn ta la, ete ɖe ŋunye le nutome sue takpekpe aɖe me hebia nenye be yeate ŋu axɔ anyigbamama aɖe awɔ gbeƒaɖeɖedɔa le eme hã. Mía kple Irene dome va nɔ kplikplikpli le kwasiɖa eve siwo wònɔ mía gbɔ me, eye le ema megbe la, meyi va srãe kpɔ zi geɖe le Bangor. Aleke gbegbe dzi dzɔm le kwasiɖanuwuwu aɖe enye esi esime Irene lɔ̃ ɖe srɔ̃ɖenya si medo ɖe egbɔ dzi!

Esi metrɔ gbɔ va aƒeme le Kwasiɖagbe la, medze míaƒe srɔ̃kpekpea ƒe ɖoɖowo wɔwɔ gɔme enumake, gake woɖo telegram aɖe ɖem le Braɖagbe. Exlẽ be: “Taflatse, telegram sia xexlẽ agba dzi na wò. Míaƒe srɔ̃kpekpea mate ŋu adze edzi o. Maŋlɔ lɛta emegbe aɖe nusitae me na wò.” Metɔtɔ ale gbegbe. Nukae dzɔ hafi?

Mexɔ Irene ƒe lɛta le ŋkeke si kplɔe ɖo dzi. Egblɔ nam be yeyina mɔɖeɖedɔa wɔƒe kple Hilda Padgett le Horsforth si le Yorkshire. * Eɖe eme be yeɖe adzɔgbe ɣleti 12 do ŋgɔ be ne wobia tso ye si be yeava subɔ le afisi hiahiã lolo wu le la, yealɔ̃ faa ayi. Eŋlɔ be: “Esia le nam abe adzɔgbe si meɖe na Yehowa ene, eye mesee le ɖokuinye me be esi wònye medo ŋugbe nɛ hafi va nya wò ta la, ele be mawɔ ɖe ŋugbedodoa dzi.” Togbɔ be melé blanui hã la, mekpɔ ŋudzedze ɖe eƒe nuteƒewɔwɔa ŋu ŋutɔ eye meɖo ŋuɖoɖoa ɖee be: “Yi. Manɔ wò lalam.”

Esi Irene nɔ Yorkshire la, wodee gaxɔ me ɣleti etɔ̃ le esi wònɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi gbe be yemakpɔ gome le aʋawɔwɔ me o ta. Gake ɣleti 18 megbe, le December 1942 me la, míeɖe mía nɔewo.

Nye Ðevimenɔɣi

Le ƒe 1919 me la, danye ƒle Studies in the Scriptures * ƒe agbalẽ bablawo. Togbɔ be fofonye gblɔe le nyateƒe me be danye mexlẽ agbalẽ aɖeke kpɔ o hã la, Dada ɖoe kplikpaa be yeazã yeƒe Biblia atsɔ asrɔ̃ agbalẽ babla siawo nyuie. Ewɔe abe alesi wòɖoe ene eye wòxɔ nyɔnyrɔ le ƒe 1920 me.

Fofonye ƒe nya me mesẽ o eye mexe mɔ ɖe danye ƒe didiwo, siwo dometɔ ɖekae nye wo vi eneawo—nɔvinyenyɔnu eve, Gwen kple Ivy; nɔvinyeŋutsu Alec; kple nye ŋutɔ—hehe le nyateƒea ƒe mɔ dzi o. Stanley Rogers kple Ðasefo wɔnuteƒe bubu siwo nɔ Liverpool zɔa mɔ va ƒoa Biblia me nuƒowo le Runcorn, eye eteƒe medidi hafi woɖo hame yeye ɖe afima o. Míaƒe ƒomea wɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyiwo aduadu kple hamea.

Gwen nɔ England Sɔlemeha ƒe ŋusẽdodoxɔxɔ ƒe nusrɔ̃ƒe dem gake edzudzɔ enumake esi wònya dze Biblia-nusɔsrɔ̃ gɔme kple Dada teti ko. Esi nunɔlateƒenɔla va srã mí kpɔ be yeanya nusitae meganɔ nuasrɔ̃ƒe vam o la, Gwen biae nya geɖe siwo ŋu mete ŋu ɖo o. Gwen biae be wòaɖe Aƒetɔ ƒe Gbedodoɖa me na ye, gake mete ŋui o, eyata Gwen ŋutɔ gatrɔ ɖe eme nɛ! Eyɔ Korintotɔwo I, 10:21 tsɔ ƒo etae, eye wòna eme kɔ nɛ nyuie be yemate ŋu ayi edzi anɔ nu ɖum le ‘kplɔ̃ eve ŋuti o.’ Esi nunɔlateƒenɔla la do le míaƒe aƒea me vɔ la, egblɔ na Gwen be yeyina gbe do ge ɖa ɖe eta eye yeatrɔ ava ɖo eƒe nyabiabiawo ŋu nɛ, gake megatrɔ va o. Le Gwen ƒe nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe la, eva zu ɣeyiɣiawo katã ƒe nyanyuigblɔla.

Alesi wotsɔa ɖe le eme na ɖeviwo le míaƒe hamea me nye esi ɖe dzesi ŋutɔ. Meɖo ŋku nuƒo si hamemegã aɖe si va srã mí kpɔ la ƒo dzi esime mexɔ ƒe adre. Eva ɖo dze kplim emegbe. Megblɔ nɛ be menɔ nu xlẽm tso Abraham kple alesi wòtee kpɔ be yeatsɔ ye vi Isak asa vɔe ŋu. Egblɔ be: “Yi nàva tsi tre ɖe nuƒolanɔƒea ƒe dzogoe dzi nàgblɔ nusiwo katã nèxlẽ tso eŋu la nam.” Aleke gbegbe dzi dzɔm enye esi be matsi tre ɖe afima aƒo nye “dutoƒonuƒo” gbãtɔ!

Mexɔ nyɔnyrɔ esi mexɔ ƒe 15, le 1931 me, eye ƒe ma mee danye ku, wòva hiã be madzudzɔ sukudede ava srɔ̃ elektrik-dɔ wɔwɔ. Ƒe 1936 mee wonɔ Biblia me nuƒo siwo wolé ɖe agba dzi ƒom le dutoƒo, eye nɔvinyɔnu tsitsi aɖe de dzi ƒo na mía kple fonye be míaƒo mía ɖokui ɖe dɔ sia wɔwɔ me. Le esia ta mía kple Alec míeyi va ƒle gasɔ le Liverpool eye míena wowɔ agbatsɔkeke ɖe eŋu na mí be míatsɔ anɔ míaƒe nuƒomɔ̃a kɔm. Woda gbeɖiɖimɔ̃ aɖe ɖe agbatsɔnu si kɔ meta 2, si ŋu wote ŋu trɔa asi le bɔbɔe, dzi tsɔ tsi ɖe agbatsɔkekea megbe. Ʋudzraɖola si le kekea wɔm gblɔ na mí be yemewɔ naneke nenema tɔgbe kpɔ o, gake ewɔe wòwɔ dɔ nyuie! Míekpe míaƒe anyigbamama ɖo veviedodotɔe, eye míekpɔ ŋudzedze ɖe nɔvinyɔnua ƒe dzideƒoname kple mɔnukpɔkpɔ si su mía si la ŋu ŋutɔ.

Xexemeʋa II—Dodokpɔ ƒe Ɣeyiɣi Aɖe

Esi dzesiwo ɖee fia kɔte be eteƒe madidi o aʋa adzɔ la, mía kple Stanley Rogers míenɔ gbeƒã ɖem dutoƒonuƒo si ƒe tanyae nye “Lɔ̃ Ðe Nyateƒeawo Dzi,” si woaƒo le London ƒe Royal Albert Hall le September 11, 1938 dzi. Emegbe mekpɔ gome le nuƒo sia ƒe nuƒogbalẽvi mama me, tsɔ kpe ɖe Fascism or Freedom, si wota le ƒe si kplɔe ɖo me ŋu. Agbalẽvi eveawo siaa klo nu le ŋutasẽdziɖuɖu si Hitler tsɔ ɖu Germany dzii la ŋu. Ɣemaɣi la, amewo va nyam nyuie le Runcorn ɖe nye dutoƒosubɔsubɔdɔa ta eye wodea bubu ŋunye ɖe eta. Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be esi mexɔa ŋgɔ zi geɖe le teokrasi dɔwɔna me ta la, ewɔe be mesu te nyuie te ŋu kpe ɖe amewo ŋu.

Wona dɔ dɔwɔƒe si mewɔa dɔ le be wòava de eletrik-kawo le mɔ̃ɖaŋudɔwɔƒe yeye si wotu ɖe dua ƒe gbɔto. Esi meva nya be aʋawɔnuwo wɔƒee teƒea ava nye la, mena eme kɔ na wo ƒã be nyemate ŋu awɔ dɔ le afima o. Tɔgbɔ be medo dzidzɔ na nye dɔtɔwo o hã la, nye dɔa dzikpɔla ƒo nu ɖe nunye, eye wona dɔ bubum. Emegbe meva nya be nɔɖia aɖe hã nye Yehowa Ðasefo.

Nye dɔwɔhati aɖe de dzi ƒo nam vevie esi wògblɔ be: “Reg, esi nèle Biblia-dɔ ma wɔm ƒe geɖe enye esia ta la, nyametsotso si nèwɔ tututue nye nusi míenɔ mɔ kpɔm na.” Ke hã ele be makpɔ nyuie, elabena nye dɔwɔhati geɖewo nɔ didim be yewoadi nya nam.

Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Liverpool lɔ̃ ɖe nye gbegbe be nyemawɔ asrafodɔ o le dzitsinya ta dzi le June 1940 me, kple susu be nenye be makpɔtɔ ayi dɔ si wɔm mele dzi ko. Le nyateƒe me la, esia wɔe be mete ŋu yi nye Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa dzi.

Mege Ðe Ɣeyiɣiawo Katã ƒe Subɔsubɔdɔa Me

Esi aʋaa nɔ kekem la, meɖoe be maɖe asi le nye dɔwɔɖuia ŋu ale be mawɔ ɖeka kple Irene le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Le ƒe 1946 me la, meƒle kekexɔ si ƒe didime nye meta 5 si va zu míaƒe aƒe, eye le ƒe si kplɔe ɖo me la, wobia tso mía si be míaʋu ayi Alveston, si nye kɔƒedu aɖe le Gloucestershire. Le ema megbe la, míewɔ mɔɖeɖedɔa le du xoxo si nye Cirencester kple le dugã si nye Bath me. Le ƒe 1951 me la, wokpem be mava nye dzikpɔla mɔzɔla ne masrã hame siwo nɔ anyiehe Wales akpɔ, gake mede ƒe eve hafi wokpe mí be míava de Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gilead Biblia Suku na dutanyanyuigbɔgblɔdɔa ƒe hehexɔxɔ o.

Wowɔ sukua ƒe klass 21 lia le South Lansing, si le dziehe New York, eye míewu enu le ƒe 1953 me le Xexeme Yeye Habɔbɔ ƒe Takpekpe si wowɔ le New York City la me. Mía kple Irene míenya afisi woade dɔ asi na mí le o vaseɖe míaƒe sukunuwugbe. Aleke gbegbe dzi dzɔ mí esi míeva nya be Peru ye woaɖo mí ɖo. Nukatae? Elabena Irene nɔviŋutsu tsitsi, Sidney Fraser, kple srɔ̃a Margaret, nɔ subɔsubɔm le alɔdzedɔwɔƒea le Lima ƒe ɖeka kple edzivɔe nye ema esi wowu Gilead ƒe klass 19 lia nu!

Esi míenɔ míaƒe dukɔmenɔgbalẽwo lalam la, míezã ɣeyiɣi kpui aɖe tsɔ wɔ dɔ le Brooklyn Betel, gake eteƒe medidi hafi míedzo yi Lima o. Míewɔ míaƒe dutanyanyuigblɔdɔa ƒe dɔdasi ewoawo ƒe gbãtɔ le Callao, si nye Peru ƒe melidzeƒe gãtɔ si le Lima ƒe ɣetoɖoƒe. Togbɔ be míesrɔ̃ Spaingbe vi aɖe hã la, ɣemaɣi mía kple Irene siaa míete ŋu doa gbea nyuie o. Aleke míawɔ aɖo dze kple amewo?

Gbeƒãɖeɖedɔa me Kuxiwo Kple Mɔnukpɔkpɔwo

Wogblɔ na mí le Gilead be vidada mefiaa gbegbɔgblɔ via o. Ke boŋ ɖevia srɔ̃a gbea ne dadaa le edom nɛ. Eyata aɖaŋu si woɖo na mí enye: “Midze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme enumake, eye misrɔ̃ gbea tso amewo gbɔ ne wole edom. Woakpe ɖe mia ŋu.” Esi menɔ kutri kum be masrɔ̃ gbe yeye sia la, bu alesi mese le ɖokuinye me esi woɖom dzikpɔla zimenɔlae le Callao Hamea me le míaƒe afima ɖoɖo kwasiɖa eve ko megbe ŋu le susu me kpɔ ko! Meyi Sidney Fraser gbɔ, gake aɖaŋu si wòɖo la sɔ kple esi woɖo na mí le Gilead—egblɔ be bɔ ha kple hamea kpakple amesiwo le wò anyigbamama me. Meɖoe kplikpaa be mawɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi.

Memleɖa ŋdi aɖe la, medo go atikpala aɖe le eƒe dɔwɔƒe. Egblɔ nam be: “Ele be mayi nye dɔa dzi, gake taflatse nɔ anyi nàɖo dze kplim.” Megblɔ nɛ be mate ŋu awɔ esia gake nu ɖeka sia nenɔ susu me nɛ: “Taflatse ne mewɔ vodada la, nàɖɔm ɖo. Mate ɖe dzinye o.” Eko nu eye wòlɔ̃ be yeawɔ nye didia dzi. Medea egbɔ zi eve le kwasiɖaa me eye mede dzesii be enye mɔ nyuitɔ si dzi mato ase gbe yeyea nyuie abe alesi wogblɔe nam ene.

Le míaƒe dutanyanyuigblɔdɔa ƒe dɔdasi evelia wɔwɔ le Ica la, eva dzɔ be megado go atikpala bubu aɖe ake eye meɖe ɖoɖo si mewɔ kple amewo le Callao be woanɔ kpekpem ɖe ŋunye me nɛ. Eya hã lɔ̃ nenema ke be yeakpe ɖe ŋunye, si wɔe be menɔ ŋgɔyiyi wɔm nyuie le Spaingbea dodo me, ke hã exɔ ƒe etɔ̃ hafi mete ŋu donɛ nyuie. Dɔ geɖe nɔa ŋutsu sia si wòwɔna ɣesiaɣi, gake metoa mɔ aɖe nu wɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kplii to Ŋɔŋlɔawo xexlẽ kple wo gɔmeɖeɖe nɛ dzi. Le kwasiɖa aɖe me esi meyi be masrãe kpɔ la, eƒe dɔtɔ gblɔ nam be ekpɔ dɔ yeye aɖe le Lima. Le ɣeyiɣi aɖe megbe esi mía kple Irene míeyi takpekpe le Lima la, medo go ŋutsu sia ake. Aleke gbegbe dzi dzɔm enye si esi wògblɔ nam be yedi Ðasefo siwo nɔ afima yome mɔ be woayi nusɔsrɔ̃a dzi kple ye, eye be ye kple yeƒe ƒomea va zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo!

Le hame aɖe me la, míede dzesii be ɖekakpui aɖe kple ɖetugbui aɖe woli ɖekae abe srɔ̃tɔwo ene, woxɔ nyɔnyrɔ, evɔ womeɖe wo nɔewo le se nu o. Esi míeɖe Ŋɔŋlɔawo me gɔmeɖose siwo ku ɖe nɔnɔme sia ŋu me na wo la, wotso nya me be yewoaɖe srɔ̃ le se nu, si ana yewoava zu Ðasefo xɔnyɔnyrɔwo. Eyata meɖoe be makplɔ wo ayi dziɖuɖudɔwɔƒe si le dua me be woade woƒe srɔ̃ɖeɖea agbalẽ me. Gake kuxi aɖe do mo ɖa, elabena womede vi ene siwo nɔ wo si la ƒe ŋkɔwo dzigbegbalẽ me o, evɔ sea bia be woawɔe nenema hafi. Míebu nusi dudzikpɔla la awɔ ŋu vevie. Dudzikpɔla la gblɔ be: “Le esi nuteƒewɔla siawo, mia xɔlɔ̃ Yehowa Ðasefowo, kpɔ egbɔ be ele be miaɖe srɔ̃ le se nu ta la, nyematsɔ nya ɖe mia ŋu ɖe ɖeviawo dometɔ ɖesiaɖe ƒe ŋkɔ si miede agbalẽ me ta o, made woƒe ŋkɔwo agbalẽ me na mi femaxee.” Aleke gbegbe dzi dzɔ mí enye esi, le esi wonye ƒome dahe eye fe ɖesiaɖe si woado na wo xexe anye agba gã aɖe na wo ta!

Albert D. Schroeder, si tso Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le Brooklyn, va srã mí kpɔ emegbe eye wòdoe ɖa be woaɖo dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe yeye ɖe Lima-dua ƒe akpa bubu. Eyata mía kple Irene, kpakple nɔvinyɔnu eve, Frances kple Elizabeth Good siwo tso United States, kple atsu kple asi siwo tso Canada, míeʋu yi San Borja ƒe nuto gã la me. Le ƒe eve alo etɔ̃ ko megbe la, míeɖo hame sẽŋu yeye aɖe.

Eyome míeyi va subɔ kple hame si nɔ Huancayo, si me Ðasefo 80 nɔ eye wònye du si le tonyigba si kɔkɔ meta 3,000 la titina. Esi míenɔ afima la, mekpɔ gome le Fiaɖuƒe Akpata evelia si wotu le dukɔa me la tutu me. Woɖom menye Yehowa Ðasefowo ƒe senyawo teƒenɔla, elabena eva hiã be míayi ʋɔnu zi etɔ̃ ava ɖee fia be míeƒle míaƒe anyigba la le se nu. Afɔɖeɖe mawo, tsɔ kpe ɖe dutanyanyuigblɔla wɔnuteƒewo ƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa veviedodotɔe ŋu, va nye gɔmeɖokpe sẽŋu aɖe na dzidziɖedzi nyui si le edzi yim le Peru fifia—tso Ðasefo 283 le ƒe 1953 me va ɖo 83,000 kple edzivɔ egbea.

Ʋuʋu Wɔnublanui Aɖe

Míese vivi le hadede kple mía hati dutanyanyuigblɔlawo le míaƒe dutanyanyuigblɔlawo ƒe aƒe vovovoawo me, teƒe si mɔnukpɔkpɔ sua asinye zi geɖe be manye aƒea dzikpɔla le. Dzoɖagbe ŋdi ɖesiaɖe la, míeƒoa ƒu ɖekae dea ŋugble le dɔ si míawɔ le kwasiɖaa me ŋu eye míemaa míaƒe aƒea dzikpɔkpɔdɔwo. Nusi mí katã míenya nyuie be enye nu vevitɔe nye gbeƒãɖeɖedɔa, eye le susu ma ta mí katã míewɔa dɔ ɖekae le ŋutifafa me. Edo dzidzɔ nam be magblɔ be nyaʋiʋli gã aɖeke meɖo mía dome gbeɖe le míaƒe aƒeawo dometɔ aɖeke me kpɔ o.

Míewɔ míaƒe dɔdasi mamlɛtɔ le Breña, si nye Lima ƒe gbɔtodu bubu me. Ðasefo 70 siwo nɔ hame lɔ̃ame si le afima me ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi kabakaba va 100 kple edzivɔ, si na be woɖo hame bubu ɖe Palominia. Ɣeyiɣi sia mee Irene ƒe lãme va gblẽ. Mede dzesii gbã be mete ŋu ɖoa ŋku nya si wògblɔ va yi dzi ɣeaɖewoɣi o, eye ɣeyiɣi aɖewo me hã esẽsena nɛ be wòaɖo ŋku mɔ si dzi wòato ayi aƒemee dzi. Togbɔ be wowɔ atike nɛ nyuie hã la, ɖeko eƒe nɔnɔmea nɔ gbegblẽm ɖe edzi vivivi.

Nublanuitɔe le ƒe 1990 me la, eva hiã be mawɔ ɖoɖo ɖe míaƒe tɔtrɔ yi England ŋu, eye nɔvinyenyɔnu Ivy xɔ mí lɔ̃lɔtɔe ɖe eƒe aƒeme. Ƒe ene megbe la, Irene ku le eƒe ƒe 81 lia xɔxɔ me. Meyi ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa dzi, eye menye hamemegã le hame etɔ̃ siwo le mía dedua me dometɔ ɖeka me. Mezɔa mɔ ɣeaɖewoɣi hã yia Manchester va doa ŋusẽ Spaintɔwo ƒe ƒuƒoƒo si le afima.

Nuteƒekpɔkpɔ dodzidzɔname aɖe su asinye nyitsɔ laa si dze egɔme ƒe geɖe enye sia esime meƒo miniti atɔ̃ ƒe Biblia me nuƒo le nye agbaƒomɔ̃a dzi na aƒemenɔlawo. Meɖo ŋku edzi nyuie be nyɔnuvi sue aɖe si nye sukuvi nɔ dadaa megbe le ʋɔtru aɖe nu henɔ gbedasia sem.

Mlɔeba la nyɔnuvi sia ʋu yi Canada, eye xɔnye aɖe si nye Ðasefo fifia, si gakpɔtɔ le Runcorn, nɔa ka ƒom nɛ alo ŋlɔa lɛta nɛ. Nyɔnua ŋlɔ ɖo ɖa nyitsɔ laa be Ðasefo eve va ye gbɔ eye le woƒe nuƒoƒo me wozã nyagbɔgblɔ siwo na yeɖo ŋku Biblia me nuƒo ma si yese miniti atɔ̃ le mɔ̃a dzi la dzi. Esi wòde dzesii be nyateƒeae nye ema ta la, eva zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe fifia eye wògblɔ be woada akpe na ɖekakpui si va ye dada ƒe aƒeme ƒe 60 enye si va yi la na ye! Nyateƒee wònye be míenya alesi nyateƒea ƒe kuwo toa ke heva tsina gbeɖe o.—Nyagblɔla 11:6.

Ẽ, nye dzi dzea eme ŋutɔ ne meɖo ŋku alesi mezã nye agbe le Yehowa ƒe subɔsubɔdɔ xɔasia me dzi. Tso esime meɖe adzɔgbe le ƒe 1931 me ke la, kpekpe siwo Yehowa ƒe amewo wɔna ƒe ɖeke meto ŋunye kpɔ o. Togbɔ be mía kple Irene míedzi vi aɖeke o hã la, dzidzɔe wònye nam be le gbɔgbɔmegɔmesese nu la, viŋutsu kple vinyɔnu siwo wu 150, siwo katã le Dziƒofofo Yehowa subɔm, la le asinye. Nyateƒee, abe alesi srɔ̃nye lɔlɔ̃a gblɔe ene la, dzidzɔ si míekpɔ le míaƒe subɔsubɔ mɔnukpɔkpɔ siwo su mía si me nye esi wu gbɔgblɔ.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 9 Hilda Padgett ƒe agbemeŋutinya, “Dzinyelawo ƒe Afɔtoƒewo Yomedzedze,” dze le Gbetakpɔxɔ, October 1, 1995, me le axa 19-24.

^ mm. 12 Yehowa Ðasefowoe tae.

[Nɔnɔmetata si le axa 24]

Dada, le ƒe 1900-awo ƒe gɔmedzedze

[Nɔnɔmetata si le axa 24, 25]

Miame: Hilda Padgett, nye, Irene, kple Joyce Rowley le Leeds, England, le ƒe 1940 me

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Etame: Mía kple Irene le míaƒe kekexɔ ŋgɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 27]

Gbeƒãɖeɖe dutoƒonuƒo aɖe le Cardiff, Wales, le ƒe 1952 me