Mitsi Tre Ði, Ne Miakpɔ Alesi Yehowa Le Xɔxɔ Ge Na Mii!
Mitsi Tre Ði, Ne Miakpɔ Alesi Yehowa Le Xɔxɔ Ge Na Mii!
‘Minɔ te sesĩe, mitsi tre ɖi, ne miakpɔ alesi Yehowa le xɔxɔ ge na mii.’—KRONIKA ii, 20:17.
1, 2. Nukatae ‘Gog si tso Magog’ ƒe amedzidzedze lolo wu nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ le xexeame katã?
AME aɖewo gblɔ be nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ nye ameƒomea kpakple ŋgɔyiyi si wowɔ siaa dzi dzedze. Eme kɔ ƒã be ele be woatsɔ ŋɔdzinu sia nya vevii. Ke hã amedzidzedze aɖe si galolo wu kura si ŋu ameƒomea metsia dzi ɖo boo o alo wometsia dzi ɖe eŋu kura o la li. Eyae nye ka?
2 Eyae nye ‘Gog si tso Magog’ ƒe amedzidzedze si ŋu Biblia ƒo nu tsoe le Xezekiel ta 38. Amiɖeɖeɖenyae wònye be woagblɔ be amedzidzedze sia lolo kura wu nuvlowɔlawo ƒe ŋɔdzinuwɔwɔ le xexeame katã? Mele nenema kura o, elabena nusi ŋu Gog ho aʋa ɖo la de ŋgɔ wu amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo ko. Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu ŋue wòtso ɖo! Gake Wɔla la mele abe amegbetɔ siwo si ŋutete boo mele be woanɔ te ɖe wo dzi dzedze nu la ene o, ke boŋ ŋutete le esi be wòakpɔ Gog ƒe amedzidzedze vɔ̃ɖia gbɔ bliboe.
Hoho Ðe Mawu ƒe Dziɖuɖu Ŋu
3. Nukae wokpe xexeame dziɖulawo be woawɔ tso keke ƒe 1914 ke, eye aleke wowɔ nu ɖe eŋui?
3 Mawu ƒe Fia si le dzi ɖum fifia kpakple Satana ƒe nuɖoanyi vɔ̃ɖia dome ʋa le edzi yim tso keke esime woɖo Mawu ƒe Fiaɖuƒea anyi le dziƒo le ƒe 1914 me. Le ɣemaɣi la, wona nyanya amegbetɔwo ƒe dziɖulawo be woabɔbɔ wo ɖokui na Dziɖula si Mawu tia. Gake wogbe edziwɔwɔ abe alesi wogblɔe ɖi ene, be: ‘Anyigba dzi fiawo tso, eye amegãwo ƒo takpli ɖe adaŋu me ɖe Yehowa kple eƒe amesiamina ŋu, hegblɔ be: “Mina míatso woƒe kawo, eye míaɖe woƒe gawo aƒu gbe le mía ŋu!”’ (Psalmo 2:1-3) Woƒe tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe Fiaɖuƒe dziɖuɖua ŋu adze ƒã ne eɖo eƒe sesẽaƒe le Gog si tso Magog ƒe amedzidzedzea me.
4, 5. Aleke amegbetɔwo ate ŋu awɔ aʋa kple Mawu ƒe dziƒodziɖuɖu si womate ŋu akpɔ o la?
4 Ðewohĩ míanɔ tame bum le alesi amegbetɔwo ate ŋu atsi tre ɖe dziƒodziɖuɖu si womate ŋu akpɔ o ŋu la ŋuti. Biblia ɖee fia be “ame akpe alafa ɖeka blane vɔ ene, siwo woƒle tso anyigba dzi” kple “Alẽvi,” Kristo Yesue nye dziɖuɖu sia me tɔwo. (Nyaɖeɖefia 14:1, 3; Yohanes 1:29) Esi dziɖuɖu yeyea nye esi le dziƒo ta la, wogblɔ be enye “dziƒo yeye,” ke woyɔ eteviwo wòsɔ be wonye “anyigba yeye.” (Yesaya 65:17; Petro II, 3:13) Kristo ƒe hatidziɖula 144,000 dometɔ akpa gãtɔ wu woƒe anyigba dzi subɔsubɔdɔ nu nuteƒewɔwɔtɔe xoxo. Esia fia be woɖo kpe edzi be yewodze axɔ yewoƒe dɔdasi yeyea le dziƒo.
5 Ke hã ame 144,000 la dometɔ ʋɛ aɖewo gakpɔtɔ le anyigba dzi. Le ame 15,000,000 kple edzivɔ siwo de Aƒetɔ ƒe Fiẽnuɖuɖua le ƒe Nyaɖeɖefia 12:17.
2002 me dome la, ame 8,760 koe ɖee fia be yewole amesiwo wotia hetsɔ dziƒodɔdasi sia na la me tɔwo dome. Le nyateƒe me la, amesiame si ate kpɔ be yeadze Fiaɖuƒea gomekpɔla siawo ƒe ame susɔeawo dzi la le aʋa wɔm kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea.—Fia la Ahe Eƒe Aʋadziɖuɖu Ava Nuwuwui
6. Aleke Yehowa kple Kristo bua tsitretsitsi ɖe Mawu ƒe amewo ŋui?
6 Wogblɔ alesi Yehowa awɔ nu ɖe amesiwo tsi tre ɖe eƒe Fiaɖuƒe si wòɖo anyi ŋu la ŋu nya ɖi be: “Amesi bɔbɔ nɔ dziƒo la, le nu kom, eye Aƒetɔ la le alɔme ɖem le wo ŋu. Emegbe aƒo nu kpli wo le eƒe dɔmedzoe me, eye wòado ŋɔdzi na wo le eƒe dziku me, ahagblɔ be: ‘Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.’” (Psalmo 2:4-6) Ɣeyiɣia de azɔ na Kristo be ‘wòahe eƒe aʋadziɖuɖu ava nuwuwui,’ le Yehowa ƒe mɔfiafia te. (Nyaɖeɖefia 6:2) Aleke Yehowa bua tsitretsitsi ɖe eƒe amewo ŋu le eƒe aʋadziɖuɖu mamlɛtɔ sia me? Ebunɛ abe eya kple eƒe Fia si le dzi ɖum ŋue woho ɖo ŋutɔŋutɔ ene. Yehowa gblɔ be: “Amesi ka asi mia ŋu la, eka asi [nye] ŋkuvi ŋu.” (Zaxarya 2:12) Eye Yesu gblɔ tsɔ ɖo kpe edzi be yebua nusi amewo wɔna alo wodo kpo wɔwɔ na ye nɔvi amesiaminawo abe yee wowɔe na alo yee womewɔe na o ene.—Mateo 25:40, 45.
7. Nukata Gog do dɔmedzoe ɖe “ameha gã” la me tɔ siwo ƒe nya wogblɔ le Nyaɖeɖefia 7:9 la hã ŋu?
7 Nyateƒee, Gog ado dɔmedzoe ɖe amesiwo kpea asi ɖe amesiamina susɔeawo ŋu la hã ŋu. Mawu ƒe “anyigba yeye” ƒe gomekpɔla siawoe nye “ameha gã” siwo woyɔ “tso dukɔ sia dukɔ kple to sia to kple du sia du kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ me.” (Nyaɖeɖefia 7:9) Wogblɔ be wole “tsitre ɖe fiazikpui la ŋgɔ kple alẽvi la ƒe ŋku me, wodo awu ʋlaya ɣiwo.” Esia fia be tenɔnɔ nyui le wo si le Mawu kple Kristo Yesu ŋkume. Wolé “deʋayawo ɖe asi,” hele Yehowa kafum be eyae nye xexeame katã ƒe Dziɖulagã si dze, amesi ƒe dziɖulanyenye wòɖe fia to eƒe Fia si le dzi ɖum, Yesu Kristo, si nye “Mawu ƒe Alẽvi” la dzi.—Yohanes 1:29, 36.
8. Nukae Gog ƒe amedzidzedze ana Kristo nawɔ, eye nukae ado tso eme?
8 Gog ƒe amedzidzedzea ana Mawu ƒe Fia si le dzi ɖum la natso eye wòahe Harmagedon ƒe aʋa la vɛ. (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Woatsrɔ̃ amesiwo gbe Yehowa ƒe dziɖulanyenye dzi dede. Ke amesiwo do dzi to xaxa me le woƒe nuteƒewɔwɔ na Mawu ƒe Fiaɖuƒea ta ya akpɔ gbɔɖeme mavɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ ku ɖe esia ŋu be: “[Nusiawo] nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi bena, wobu mi be, miedze mawu ƒe fiaɖuƒe, si ŋuti miekpe fu ɖo la, ne ele ale bena, edzɔ le Mawu ƒe ŋku me bena, wòatsɔ xaxa aɖo teƒe na amesiwo na xaxa mi; eye mi amesiwo kpɔ xaxa la, ana gbɔɖeme mi kpakple mí katã siaa le Aƒetɔ Yesu Kristo kple eƒe ŋusẽ ƒe dɔlawo ƒe ɖeɖefia tso dziƒo la me le dzo ƒe aɖe me, esime wòabia hlɔ̃ amesiwo menya Mawu o kple amesiwo meɖoa to mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nyanyui la o.”—Tesalonikatɔwo II, 1:5-8.
9, 10. (a) Aleke Yehowa na Yuda ɖu futɔ sesẽ aɖe dzii? (b) Nukae wòle be egbe Kristotɔwo nayi edzi awɔ?
9 Le xaxa gã si gbɔna, si awu enu le Harmagedon me la, Kristo aho aʋa ɖe vɔ̃ɖinyenyewo katã ŋu. Gake mahiã na eyomedzelawo be woawɔ aʋa o, abe alesi wònɔ le Yuda fiaɖuƒea ƒe to eveawo gome ƒe akpe nanewoe nye si va yi ene. Yehowa tɔe nye aʋa la, eye eyae na woɖu dzi. Nuŋlɔɖia gblɔ be: “Yehowa kplɔ xadelawo de Moab-viwo kple Amon-viwo kpakple amesiwo tso Seir-towo dzi, amesiwo ho ɖe Yuda ŋu la, eye wowu wo nɔewo. Tete Moab-viwo kple Amon-viwo tso ɖe amesiwo tso Seir-towo dzi la ŋuti, wodza wo ƒu anyi eye wotsrɔ̃ wo. Eye esi wotsrɔ̃ Seir-to dzi nɔlawo vɔ la, wotsrɔ̃ wo nɔewo. Esi Yuda va toa ta me le gbea dzi, eye wotrɔ ɖe ameha la ŋu la, kpɔ ɖa, ame kukuwo ɖo baba ɖe anyigba, eye ame aɖeke mekpɔtɔ o.”—Kronika II, 20:22-24.
10 Eva eme tututu abe alesi Yehowa gblɔe ɖi ene: “Miele asi de ge aʋa la me o.” (Kronika II, 20:17) Esia nye kpɔɖeŋu na Kristotɔwo be woasrɔ̃ ne Yesu Kristo ho be ‘wòawu eƒe aʋadziɖuɖu nu.’ Ke fifia gɔ̃ hã wole aʋa wɔm ɖe nuvlowɔwɔ ŋu, menye kple ŋutilãmeʋawɔnuwo o, ke boŋ kple gbɔgbɔmetɔwo. To esia me la ‘woyia edzi tsɔa nu nyui la ɖua nu vɔ̃ɖi la dzi.’—Romatɔwo 6:13; 12:17-21; 13:12; Korintotɔwo II, 10:3-5.
Amekae Axɔ Ŋgɔ le Gog ƒe Amedzidzedzea Me?
11. (a) Habɔbɔ kawoe Gog azã le eƒe amedzidzedzea me? (b) Nukae ŋudzɔnɔnɔ le gbɔgbɔ me lɔ ɖe eme?
11 Gog si tso Magog enye Satana Abosam si woɖi gbɔe tso ƒe 1914 me. Esi wònye gbɔgbɔmeme ta la, mate ŋu adze ame dzi tẽ o, ke boŋ azã amegbetɔ siwo nye eƒe habɔbɔ atsɔ awɔ esiae. Amekawoe anye habɔbɔ sia? Biblia megblɔe na mí tẽ o, gake ena dzesi aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya amesiwo woanye la mí. Ne xexeme nudzɔdzɔwo na Biblia ƒe nyagblɔɖiwo le eme vam la, vivivi la, eme ava kɔ na mí wu. Yehowa ƒe amewo mesusua nu ko gblɔna o, ke boŋ wonɔa ŋudzɔ le gbɔgbɔ me, eye woléa ŋku ɖe nusiwo le edzi
yim le dunyahedziɖuɖuwo kple subɔsubɔhawo me ŋu hekpɔa alesi wole kpe ɖom Biblia me nyagblɔɖiwo dzii.12, 13. Aleke nyagblɔɖila Daniel gblɔ Mawu ƒe amewo dzi dzedze mamlɛtɔ ŋu nya ɖii?
12 Nyagblɔɖila Daniel kɔ nu me ku ɖe Mawu ƒe amewo dzi dzedze mamlɛtɔ aɖe ŋu heŋlɔ bena: “[Eya, dziehe fia la] aho kple dziku gã, be wòagblẽ ame geɖewo atsrɔ̃ wo. Atu eƒe fiasã ƒe agbadɔ ɖe atsiaƒu [gã la] kple to kɔkɔe nyo la dome.”—Daniel 11:44, 45.
13 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me la, ‘atsiaƒu gã lae’ nye Ƒu Gã la, alo Mediterranea-ƒua, eye “to kɔkɔe la” enye Zion, si ŋu Yehowa gblɔ le be: “Ke nye la meɖo fianye le Zion, nye to kɔkɔe la dzi.” (Psalmo 2:6; Yosua 1:4) Eyata le gbɔgbɔ me gɔmesese nu la, anyigba si le ‘atsiaƒu gã la kple to kɔkɔe la dome’ tsi tre ɖi na Kristotɔ amesiaminawo ƒe gbɔgbɔmenyigba. Wote wo ɖokui ɖe aga be yewomeganye atsiaƒu si nye amegbetɔƒome si ɖe eɖokui ɖe aga tso Mawu gbɔ la me tɔwo o, eye wole mɔ kpɔm na fiaɖuɖu kple Kristo Yesu le Dziƒofiaɖuƒea me. Eme kɔ ƒã be Mawu ƒe subɔla amesiaminawo kpakple ameha gã si nye woƒe zɔhɛ wɔnuteƒewo lae ava nye amesiwo dziehe fia la atɔ ŋkui ne edze eƒe aʋa vɔ̃ɖia gɔme le Daniel ƒe nyagblɔɖia me vava nu.—Yesaya 57:20; Hebritɔwo 12:22; Nyaɖeɖefia 14:1.
Aleke Mawu ƒe Subɔlawo Awɔ Nui?
14. Nu etɔ̃ kawoe wòle be Mawu ƒe amewo nawɔ ne wodze wo dzi?
14 Nukae woakpɔ mɔ be Mawu ƒe subɔlawo awɔ ne wodze wo dzi? Le afisia hã alesi Mawu ƒe kpɔɖeŋu dukɔa wɔ nu le Yehosafat ŋɔli la ɖo kpɔɖeŋu ɖi. De dzesii be wode se na dukɔa be woawɔ nu etɔ̃ siawo: (1) woanɔ te sesĩe, (2) woatsi tre ɖi, eye (3) woakpɔ Yehowa ƒe xɔname sinu. Aleke Mawu ƒe amewo egbea awɔ nu le ɖekawɔwɔ me kple nya siawoe?—Kronika II, 20:17.
15. Nukae wòfia be Yehowa ƒe amewo nanɔ te sesĩe?
15 Woanɔ te sesĩe: Mawu ƒe amewo ayi edzi alé woƒe Mawu ƒe Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi nɔnɔ me ɖe asi maʋãmaʋãe. Woayi edzi alé woƒe Kristotɔwo ƒe akpaɖekedzimademade me ɖe asi. “[Woanɔ] te sesĩe, maʋãmaʋã” le woƒe subɔsubɔdɔ wɔwɔ nuteƒewɔwɔtɔe na Yehowa me eye woayi edzi anɔ Yehowa kafum le dutoƒo ɖe eƒe amenuveve ta. (Korintotɔwo I, 15:58; Psalmo 118:28, 29) Fifia ƒe amedzizizi alo etsɔme tɔ aɖeke mate ŋu ana woaɖe asi le woƒe nɔƒe si dze Mawu ŋu la ŋu o.
16. Mɔ ka nue Yehowa subɔlawo atsi tre ɖi le?
16 Woatsi tre ɖi: Yehowa subɔlawo madze agbagba be yewoaɖe yewo ɖokui o, ke boŋ woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Eya ɖeka koe ate ŋu aɖe esubɔlawo tso xexeame ƒe zitɔtɔwo me, eye edo ŋugbe be yeawɔe hã. (Yesaya 43:10, 11; 54:15; Konyifahawo 3:26) Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu bia be woaɖo ŋu ɖe egbegbe mɔnu si dze ƒã be eya zãm wòle ƒe gbogbo aɖewoe nye esia tsɔ le eƒe tameɖoɖo gbɔ kpɔm la hã ŋu. Eye ehiã be Kristotɔ vavãwo naɖo dzi ɖe wo hati tadeagula siwo Yehowa kple eƒe Fia si le dzi ɖum de dɔ asi na be woaxɔ ŋgɔ la ŋu fifia wu ɣeyiɣi ɖesiaɖe. Nuteƒewɔla siawo afia mɔ Mawu ƒe amewo. Aɖabaŋeŋe ƒu woƒe mɔfiame dzi ate ŋu ahe afɔku vɛ.—Mateo 24:45-47; Hebritɔwo 13:7, 17.
17. Nukatae Mawu subɔla wɔnuteƒewo akpɔ Yehowa ƒe xɔname sinu?
17 Woakpɔ Yehowa ƒe xɔname sinu: Xɔnamee anye fetu si amesiwo katã nɔ te sesĩe le woƒe Kristotɔwo ƒe nuteƒewɔwɔ me léle ɖe asi me eye woɖo dzi ɖe Yehowa ƒe ameɖeɖe ŋu la akpɔ. Woaɖe gbeƒã Yehowa ƒe ʋɔnudrɔ̃ŋkekea vaseɖe gaƒoƒo mamlɛtɔ dzi—eye woawɔe va ɖo afisi woate ŋui. Ele be nuwɔwɔwo katã nanyae be Yehowae nye Mawu vavã ɖeka la eye be subɔla nuteƒewɔlawo le esi le anyigba dzi. Mɔ si Yehowa kpɔ be wòanye dziɖulagã ƒe nyaʋiʋli ɣeyiɣi didi aɖeke magahiã gbeɖe o.—Xezekiel 33:33; 36:23.
18, 19. (a) Aleke aʋadziɖuha si le Mose II, ta 15 ɖe alesi amesiwo atsi agbe le Gog ƒe amedzidzedzea me ase le wo ɖokui me la fiae? (b) Nukae sɔ be Mawu ƒe amewo nawɔ fifia?
18 Mawu ƒe amewo atsɔ dzo yeye age ɖe xexe yeyea me kple didi vevie be yewoadzi aʋadziɖuha abe alesi blema Israel-viwo wɔe esime woɖe wo to Ƒudzĩa me ene. Le esi ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Yehowa ƒe ametakpɔkpɔ ŋu ayɔ wo me ɖaa ta la, ame ɖekaɖekawo kple ƒuƒoƒo blibowo siaa agblɔ nya si wogblɔ gbaɖegbe va yi la be: “Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nu tsuwo. . . . Yehowa enye aʋawɔla, eŋkɔe nye Yehowa. . . . Yehowa, wò nuɖusi kaka futɔwo hlẽ. Èwɔ nu tsu geɖe, eye nèƒo wò ketɔwo ƒu anyi. Wò dɔmedzoe bi ɖe wo ŋu, eye wofiã abe gbe ene. . . . Ève wò dukɔ la nu hekplɔ wo, eye nèɖe wo. Èkplɔ wo kple wò ŋusẽ heva wò teƒe kɔkɔe la. . . . Èkplɔ wo yii, eye nètsɔ wo ɖo to, si nye tɔwò la dzi, teƒe, si nèdzra ɖo be, yeanɔ, Yehowa, kɔkɔeƒe, si nèdzra ɖo kple wò asi Aƒetɔ! Yehowa aɖu fia ɖaa tegbee.”—Mose II, 15:1-19.
19 Fifia si agbe mavɔ ƒe mɔkpɔkpɔa le dzedzem na mí wu tsã la, ɣeyiɣi nyuitɔ enye sia be Mawu ƒe subɔlawo naɖe woƒe nuteƒewɔwɔ na Yehowa afia eye woado ŋusẽ woƒe tameɖoɖo ɖe edzi wu be woasubɔ woƒe Fia mavɔ la!—Kronika I, 29:11-13.
Àte Ŋu Aɖe Wo Mea?
• Nukatae wònye amesiaminawo kple alẽ bubuawo ŋue Gog aho aʋa ɖo?
• Aleke Mawu ƒe amewo anɔ te sesĩe?
• Nukae wòfia be woatsi tre ɖi?
• Aleke Mawu ƒe amewo akpɔ Yehowa ƒe xɔname sinui?
[Biabiawo]
[Nɔnɔmetata si le axa 18]
Yehowa na Yosafat kple eƒe amewo ɖu aʋa dzi, esi mehiã be woade asi aʋa la me o
[Nɔnɔmetata si le axa 20]
Amesiaminawo kple alẽ bubuawo wɔ ɖeka lé Yehowa ƒe dziɖulanyenye me ɖe asi
[Nɔnɔmetata si le axa 22]
Abe blema Israel-viwo ene la, madidi o Mawu ƒe amewo adzi aʋadziɖuha