Nunana Si Dzea Mawu Ŋu
Nunana Si Dzea Mawu Ŋu
YESU kple eƒe nusrɔ̃lawo nɔ nu vivi aɖe ɖum le Betania kple wo xɔlɔ̃ vevi aɖewo, siwo dome Maria, Marta, kple Lazaro si wofɔ ɖe tsitre ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ hã nɔ. Esi Maria tsɔ ami xɔasi si de pounde ɖeka si ɖe Yesu ƒe afɔ ŋu la, dzi ku Yuda Iskariot eye wòɖe eƒe dzimenya gblɔ. Ehe nya be: “Nukaŋuti womedzra ami sia xɔ denario alafa etɔ̃, [si ade ƒe ɖeka ƒe fetu] eye woatsɔe ana ame dahewo o mahã?” Mexɔ ɣeyiɣi aɖeke hafi ame bubuwo hã gblɔ nya ma tɔgbe ke o.—Yohanes 12:1-6; Marko 14:3-5.
Ke hã Yesu ɖo eŋu be: “Mina mɔe. . . . Elabena ame dahewo le mia gbɔ ɖaasi, eye ɣeyiɣi, si mielɔ̃ la, miate ŋu awɔ nyuie na wo; ke nye la nyemeli kpli mi ɖaa o.” (Marko 14:6-9) Yuda subɔsubɔhakplɔlawo fia nu be nunana ame dahewo nye nu nyui wɔwɔ, eye be ate ŋu alé avu ɖe ame ƒe nuvɔ̃ ta gɔ̃ hã. Gake Yesu ya na eme kɔ be nunana si dzea Mawu ŋu menye dɔmenyonunana si wona ame dahewo ko o.
Alesi wona nui le Kristo-hame gbãtɔa me la me dzodzro kpuie ahe míaƒe susu ayi mɔ nyui aɖewo siwo nu míate ŋu aɖe míaƒe ɖetsɔleme afia le ale be míaƒe nunana nadze Mawu ŋu la dzi. Aɖe nunana tɔxɛ aɖe si ɖea vi wu ɖesiaɖe hã afia.
“Mina Nu Ame Dahewo”
Yesu de dzi ƒo na eƒe nusrɔ̃lawo zi geɖe be ‘woana nu ame dahewo.’ (Luke 12:33) Ke hã Yesu xlɔ̃ nu ku ɖe ameŋkumenunana si wowɔna kple susu be woakafu nunala la le esi teƒe be woatsɔ kafukafua ana Mawu ŋu. Egblɔ be: “Ne èna nu ame la, megana kpẽ naɖi le ŋgɔwò, sigbe alesi alakpatɔwo wɔna le woƒe ƒuƒoƒewo kple ablɔwo me, bena amewo nakafu yewo la, ene o.” (Mateo 6:1-4) Kristotɔ gbãtɔwo wɔ ɖe nuxlɔ̃amenya sia dzi eye woƒo asa na ameŋkumenuwɔwɔ si subɔsubɔhakplɔla siwo bua wo ɖokui ame kɔkɔewo wɔna le woƒe ɣeyiɣia me, eye wolɔ̃ faa tsɔ wo ɖokui na be yewoakpe ɖe amesiwo hiã tu ŋu alo ana nu wo tẽ.
Le kpɔɖeŋu me, le Luka 8:1-3 la, wogblɔ na mí be Maria Magdalatɔ, Yohana, Susana, kple ame bubuwo tsɔ “woƒe nuwo” subɔ Yesu kple eƒe apostolowo faa tso dzime. Togbɔ be menye wɔnamanɔŋutɔwoe ŋutsu siawo nye hafi o hã la, wogblẽ woƒe gakpɔmɔnu ɖi eye wotsɔ woƒe ŋutete katã de gbeƒãɖeɖedɔa me. (Mateo 4:18-22; Luka 5:27, 28) Alesi nyɔnu siawo kpe asi ɖe wo ŋu be woawu dɔ si Mawu de asi na wo nu la nye Mawu kafukafu vavã. Eye Mawu ɖe eƒe ŋudzedzekpɔkpɔ fia to woƒe dɔmenyoa ŋuti nuŋlɔɖi ta kpɔkpɔ le Biblia me be dzidzime yeyewo nava xlẽ me.—Lododowo 19:17; Hebritɔwo 6:10.
Dorcas nye nyɔnu bubu si ‘yɔ fũ kple dɔ nyui wɔwɔ kple dɔmenyonyo.’ Etɔa awuwo naa ahosi siwo hiã tu le Yope, si nye du si le ƒuta. Míenya ne gae wòxe ɖe eta wotɔe loo alo eya ŋutɔe tsɔ eƒe asi tɔe tsɔ ke wo o. Aleke kee nya la le o, eƒe dɔ nyui wɔwɔ na eƒe nu nyo amesiwo ŋu wòte ŋu kpe ɖo la ŋu, eye nenema ke wòdze Mawu hã ŋu, eye wòɖo eƒe amenuveve teƒe nɛ.—Dɔwɔwɔwo 9:36-41.
Dzi ƒe Ameʋaʋã Nyuitɔ Le Vevie
Nukae ʋã amesiawo be woana nu? Menye nublanuikpɔkpɔ ƒe seselelãme si ɖoa ame me le esi ame aɖe le konyi fam na kpekpeɖeŋu ta koe o. Woa ŋutɔwo se le wo ɖokui me be ele be yewoawɔ nusi yewoate ŋui gbesiagbe atsɔ akpe ɖe amesiwo nɔ hiakame, fukpekpe, dɔléle, alo nɔnɔme sesẽwo me tom ŋu. (Lododowo 3:27, 28; Yakobo 2:15, 16) Nunana sia tɔgbee dzea Mawu ŋu. Lɔlɔ̃ deto si le wo si na Mawu kple didi be yewoasrɔ̃ eƒe nublanuikpɔkpɔ kple dɔmenyonyo ƒe amenyenye la koŋue ʋã wo.—Mateo 5:44, 45; Yakobo 1:17.
Apostolo Yohanes he susu yi nunana ƒe akpa vevi sia dzi esime wòbia be: “Amesi ke xexemenuwo le esi, eye wòkpɔ nɔvia hiã tui, eye wòsẽ dzime ɖee heku ŋɔe la, ekema aleke Mawu ƒe lɔlɔ̃ la nɔa emee mahã?” (Yohanes I, 3:17) Ŋuɖoɖoa dze ƒã. Mawu ƒe lɔlɔ̃e ʋãa amewo be woanye dɔmenyonunalawo. Mawu kpɔa ŋudzedze ɖe amesiwo ɖea dɔmenyonyo ƒe gbɔgbɔ fiana abe eyama ene ŋu eye wòɖoa eteƒe na wo. (Lododowo 22:9; Korintotɔwo II, 9:6-11) Ðe míegakpɔa dɔmenyonyo sia tɔgbe teƒe egbea? Bu nusi dzɔ le Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe me nyitsɔ laa ŋu kpɔ.
Eva hiã vevie be woadzra Kristotɔ nyɔnu tsitsi aɖe ƒe aƒe ɖo nɛ. Eya ɖeka koe li eye ƒometɔ aɖeke meli akpe ɖe eŋu o. Le ƒe geɖe siwo va yi katã me la, etsɔ eƒe aƒea na be woawɔ Kristotɔwo ƒe kpekpe le eme, eye enuenu la, ekpea amesiame si alɔ̃ la be wòava aɖu nu kplii. (Dɔwɔwɔwo 16:14, 15, 40) Esi hamea me tɔwo de dzesi xaxa si me wòɖo la, wowɔ ɖeka yi ɖakpe ɖe eŋu. Ame aɖewo dzɔ ga, eye ame bubuwo ƒo wo ɖokui ɖe dɔa me. Le kwasiɖanuwuwu ʋɛ aɖewo ko me la, lɔlɔ̃nufaadɔwɔlawo gba xɔa yeyee, de nu yeyewo tsiléƒea, hezrɔ̃ dzisasrã gbãtɔa ŋu hesi aŋɔ na teƒea katã, eye wode aɖaka yeyewo dzodoƒea. Menye nyɔnua ƒe nuhiahiã ɖeɖeko gbɔe esia kpɔ o ke boŋ ena hamea ƒe ɖekawɔwɔ me va sẽ ɖe edzi eye wòwɔ dɔ ɖe aƒelikawo dzi wokpɔe be emae nye Kristotɔ vavãwo ƒe nunana ƒe kpɔɖeŋu.
Korintotɔwo II, 8:12) Ke ame ŋutɔ ƒe nunana tẽ sia koe nye esi tɔgbe dzi Mawu yrana ɖoa? Ao.
Mɔnu geɖewo li mía ŋutɔwo míate ŋu ato akpe ɖe amewo ŋu tẽ. Ðe míate ŋu azã ɣeyiɣi aɖe ɖe tsyɔ̃evi aɖe ŋua? Ðe míate ŋu aɖi asi alo atɔ awu na ame tsitsi aɖe si nye ahosi si míenya? Ðe míate ŋu aɖa nu alo ana gakpekpeɖeŋu ame aɖe si si nu mele oa? Mehiã be míanye kesinɔtɔwo hafi ate ŋu ana kpekpeɖeŋu o. Apostolo Paulo ŋlɔ be: “Ne edzilɔlɔ̃ li la, edze ame ŋu be, woaxɔ le nusi le amesi la nu, eye menye le nusi mele esi o la nu o.” (Ke Kpekpeɖeŋununana si Ŋuti Wowɔ Ðoɖo Ðo Ya Ðe?
Ɣeaɖewoɣi la, mía ŋutɔwo ƒe agbagbadzedze ɖeɖe medea edeƒe o. Le nyateƒe me la, Yesu kple eƒe apostolowo ɖe nudzɔdzɔ aɖe ɖe vovo na hiãtɔwo, eye woxɔa nudzɔdzɔ si ɖetsɔlemetɔ siwo wodoa goe le woƒe dɔa wɔwɔ me la naa wo. (Yohanes 12:6; 13:29) Nenema ke ƒe alafa gbãtɔ me hamea dzɔ nuwo esime hiahiã do mo ɖa eye wowɔ ɖoɖo ɖe kpekpeɖeŋununana gã aɖe ŋu.—Dɔwɔwɔwo 2:44, 45; 6:1-3; Timoteo I, 5:9, 10.
Esia ƒe ɖe dzɔ le ƒe 55 M.Ŋ. me. Hiã va tu hame siwo le Yudea, le esi dɔ gã aɖe to ɣemaɣi ta. (Dɔwɔwɔwo 11:27-30) Apostolo Paulo si tsia dzi ɖe ame dahewo ŋu ɣesiaɣi la bia kpekpeɖeŋu tso hame siwo le keke Makedonia ke hã si. Eya ŋutɔ wɔ ɖoɖo ɖe nunanawo xɔxɔ ŋu eye wona amesiwo dze la ɖo wo ɖa. (Korintotɔwo I, 16:1-4; Galatiatɔwo 2:10) Eya ŋutɔ alo amesiwo kpe ɖe eŋu mexɔ fetu ɖe dɔa ta o.—Korintotɔwo II, 8:20, 21.
Yehowa Ðasefo siwo li egbea hã nɔa klalo be yewoana kpekpeɖeŋu ne afɔku aɖe dzɔ. Le kpɔɖeŋu me, le ƒe 2001 ƒe dzomeŋɔli la, ahomya sesẽ aɖe na tsi gã aɖe ɖe Houston, Texas, U.S.A. Le wo katã me la, nu gblẽ le Ðasefowo ƒe aƒe 723 ŋu le mɔ aɖe nu eye wo dometɔ geɖe gblẽ ŋutɔ. Wowɔ ɖoɖo heɖo kpekpeɖeŋunakɔmiti si me Kristotɔ hamemegã siwo dze la le enumake be woalé ŋku ɖe amesiame ƒe hiahiãwo ŋu eye woana ga si wodzɔ be woatsɔ ana kpekpeɖeŋui la Ðasefo siwo le afima ne woatsɔ akpɔ kuxia gbɔe ahadzra woƒe aƒewo ɖo. Lɔlɔ̃nufaadɔwɔla siwo le hame siwo tsɔ ɖe wo gbɔe wɔ dɔa katã. Ðasefo aɖe kpɔ ŋudzedze ɖe kpekpeɖeŋudɔ si wowɔ nɛ ŋu ale gbegbe be esi nugblẽfexeha xe eƒe aƒe ŋuti nugblẽfe nɛ la, etsɔ gaa na enumake be woatsɔ akpe ɖe ame bubu siwo hiã tu ŋu.
Ke hã ne eɖo kpekpeɖeŋununana si ŋu wowɔ ɖoɖo ɖo dzi la, ele be míada kpekpeɖeŋubiabia siwo le mía gbɔ ɖom la akpɔ nyuie. Dɔmenyohabɔbɔ aɖewo gblẽa ga Lododowo 14:15 gblɔ be: “Ame bebewu xɔa nya sia nya dzi sena; ke nunyala léa ŋku ɖe eƒe afɔɖeɖe ŋu.” Eyata nuwɔwɔ le nunya mee wònye be míaku nyawo me nyuie.
geɖe ɖe woƒe habɔbɔa léle ɖe te ŋu alo ɖe kpekpeɖeŋubiabia mɔnuwo ŋu eye ga sue aɖe koe kpɔtɔna be woazã na tameɖoɖo si ta wodzɔe.Nunana si Ðea Vi na Amewo Wu Ðesiaɖe
Nunana aɖe li si ɖea vi na amewo wu dɔmenyonunana. Yesu he susu yi esia dzi esi ɖekakpui kesinɔtɔ dziɖula aɖe biae nusi wòle be wòawɔ akpɔ agbe mavɔ. Yesu gblɔ nɛ be: “Heyi ɖadzra nusiwo le asiwò, ne nàtsɔ wo ana ame dahewo, ekema kesinɔnu anɔ dziƒo na wò, eye nàva nɔ yonyeme.” (Mateo 19:16-22) De dzesii be Yesu megblɔ ko be, ‘Tsɔ wo na ame dahewo be nàkpɔ agbe’ o. Ke boŋ egblɔ kpe ɖe eŋu be “Nàva nɔ yonyeme.” Ne woagblɔe le mɔ bubu nu la, togbɔ be dɔmenyonunana dze na kafukafu eye wòɖea vi hã la, Kristotɔwo ƒe nusrɔ̃lawɔwɔdɔa ɖea vi geɖe wu.
Nusi me Yesu tsɔ ɖe le vevie wu enye kpekpe ɖe ame bubuwo ŋu le gbɔgbɔ me. Ɣeyiɣi kpui aɖe do ŋgɔ na eƒe ku la, egblɔ na Pilato be: “Esia ta wodzim ɖo, eye esia ta meva xexeame ɖo, bena maɖi ɖase na nyateƒe la.” (Yohanes 18:37) Esime Yesu xɔ ŋgɔ nɔ kpekpeɖeŋu nam ame dahewo, henɔ gbe dam na dɔnɔwo, henɔ nuɖuɖu nam dɔwuitɔwo la, gbeƒãɖeɖe koŋue nye dɔ si wòfia eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ. (Mateo 10:7, 8) Le nyateƒe me la, ede se na wo le eƒe kaklãnya me be: “Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo.”—Mateo 28:19, 20.
Nyateƒee, gbeƒãɖeɖe makpɔ xexeame ƒe kuxiawo katã gbɔ ya o. Ke hã Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia gbɔgblɔ na ameƒomevi ɖesiaɖe hea kafukafu vɛ na Mawu, elabena gbeƒãɖeɖe naa wowɔa Mawu ƒe lɔlɔ̃nu eye wòʋua viɖe mavɔ ƒe mɔ na amesiwo katã xɔa Mawu ƒe gbedasia. (Yohanes 17:3; Timoteo I, 2:3, 4) Ðe manyo be nàɖo to nusi le Yehowa Ðasefowo si be woagblɔ ne wogava gbɔwò oa? Gbɔgbɔ me nunanae wotsɔ ɖe asi. Eye wonya be esiae nye nunana nyuitɔ kekeake si yewoate ŋu ana wò.
[Nɔnɔmetata si le axa 6]
Mɔnu geɖe li si míate ŋu aɖee afia le be míetsɔ ɖe le eme na amewo
[Nɔnɔmetata si le axa 7]
Nyanyui si míegblɔna na amewo dzea Mawu ŋu eye wòʋua viɖe mavɔ ƒe mɔ na wo