‘Salomo Meɖo Atsyɔ̃ Kpɔ abe Esiawo Dometɔ Ðeka Ene O’
‘Salomo Meɖo Atsyɔ̃ Kpɔ abe Esiawo Dometɔ Ðeka Ene O’
SEƑOƑO siwo míena ɖe gbe me abe esiwo le afisia ene bɔ ɖe mɔwo to le anyiehe Afrika. Woyɔa wo be cosmos eye Amerika ƒe anyigba xɔdzowo dzie wokpɔa wo le koŋ. Seƒoƒo dzeani siawo siwo le tsitsim le wo ɖokui si ɖoa ŋku Yesu ƒe nufiame aɖe dzi na mí. Eƒe nyaselawo dometɔ geɖewo nye hiãtɔwo, eye wotsi dzi ɖe woƒe ŋutilã me nuhiahiãwo, siwo nye woƒe nuɖuɖu kple nudodo ŋu.
Yesu bia wo be: “Nukaŋuti miele fu ɖem na mia ɖokui le avɔtata ŋuti mahã? Mibu dzogbenyã, si le gbedzi la, ŋuti kpɔ, alesi wòwɔnae; mewɔa dɔ o, metrea ɖeti hã o; ke mele egblɔm na mi bena: Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.”—Mateo 6:28, 29.
Amewo do susu vovovowo ɖa le seƒoƒo si tututu Yesu wɔnɛ la ŋu. Gake Yesu yi edzi tsɔe sɔ kple gbe dzro ko, hegblɔ be: “Ne Mawu ɖo atsyɔ̃ na gbe, si le gbedzi egbe, eye etsɔ kasia woatsɔe aƒu gbe ɖe kpodzo me la, ɖe mawɔ na miawo geɖe awu o mahã? Mi xɔseʋeetɔwo!”—Mateo 6:30.
Togbɔ be menye Israel ye cosmos miena le o hã la, woɖo kpe nusi fiam Yesu nɔ dzi. Ne woɖale adzɔge alo te ɖe wo ŋu hafi kpɔ wo o, wodze ani ale gbegbe eye fotoɖelawo kple nutalawo mefena le wo ŋu kura o. Nyateƒee, Yesu menɔ numevivim o esi wogblɔ be: “Salomo le eƒe ŋutikɔkɔe katã me la meɖo atsyɔ̃ kpɔ abe esiawo dometɔ ɖeka ene o.”
Nusɔsrɔ̃ kae le eme na mí egbea? Amesiwo subɔa Mawu ate ŋu aka ɖe edzi be akpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ yewoƒe nuhiahiãwo le ɣeyiɣi sesẽwo gɔ̃ hã me. Yesu gblɔe be: “Midi [Mawu ƒe] fiaɖuƒe la, eye woatsɔ nusiawo katã [abe nuɖuɖu kple nudodo ene] akpe ɖe eŋuti na mi.” (Luka 12:31) Ẽ, viɖe vavãwo tsoa Mawu ƒe Fiaɖuƒea didi me. Gake ènya nusi Mawu ƒe Fiaɖuƒea nye kple nusi wòava wɔ na ameƒomea? Adzɔ dzi na Yehowa Ðasefowo be yewoakpe ɖe ŋuwò nàkpɔ ŋuɖoɖoa tso Biblia me.