Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Dɔwɔwɔ Kple Gbegbɔgblɔ Tɔxɛ aɖe ƒe Ƒuƒoƒo le Korea

Dɔwɔwɔ Kple Gbegbɔgblɔ Tɔxɛ aɖe ƒe Ƒuƒoƒo le Korea

Dɔwɔwɔ Kple Gbegbɔgblɔ Tɔxɛ aɖe ƒe Ƒuƒoƒo le Korea

Ƒ UƑOƑO aɖe si me dzo le evɔ womeƒoa nu o la kpe ta ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe nutome gã takpekpe aɖe me le ƒe 1997 ƒe dzomeŋɔli. Esiae nye zi gbãtɔ si wowɔ takpekpe sia ƒomevi le Korea na tokunɔwo kple amesiwo mesea nu nyuie o. Vavalawo ƒe agbɔsɔsɔ gbogbotɔ kekeakee nye 1,174. Wowɔ wɔna bliboa—si me nuƒowo, gbebiamewo, kple drama nɔ—ɖe Koreatɔwo ƒe Tokunɔgbe me heɖee fia abe sinima ene le kpe gã aɖe si woate ŋu anɔ Takpexɔa ƒe afisiafi akpɔ la dzi. Esiae nye ƒe geɖe ƒe dɔ si lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo wɔ moveviɖoɖotɔe la me tsonu.

Ɣeyiɣi aɖe ava le anyigba dzi paradiso aɖe me si me “tokunɔwo ƒe to aʋu.” (Yesaya 35:5) Be woanɔ agbe le Paradiso ma me la, ele be amesiame, tsɔ kpe ɖe tokunɔwo siaa ŋu, nage ɖe gbɔgbɔmeparadiso, si nye gbɔgbɔmenɔnɔme kpɔdzidzedze si me Mawu ƒe ame yayrawo le, la me gbã. Ele be woava zu Yehowa ƒe Ðasefo ɖeadzɔgbe, xɔnyɔnyrɔ siwo wòfiaa nui.—Mixa 4:1-4.

Edze Egɔme Sue

Togbɔ be wowɔ gbeƒãɖeɖe aɖe sinu le tokunɔwo dome le ƒe 1960-awo me hã la, vaseɖe ƒe 1970-awo me hafi wo dometɔ ʋɛ aɖewo te Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpewo dede le Seoul, si nye Korea ƒe fiadu me. Nɔviŋutsu Kristotɔ aɖe si te ŋu ŋlɔa nu kabakaba la ŋlɔa nuƒoawo me nya veviwo kple Biblia kpukpuiwo ɖe nuŋlɔkpe dzi na wo.

Le ƒe 1971 me, le Taejon dugã me la, Ðasefo aɖe te Fiaɖuƒegbedasia fiafia via ŋutsu si nye tokunɔ kple exɔlɔ̃ siwo hã nye tokunɔwo. Ƒuƒoƒo sia mee veviedonula geɖe tso va zu sɔtiwo le hame geɖe siwo le tokunɔgbedolawo ƒe anyigbamama me la me.—Zaxarya 4:10.

Sɔhɛwo Tsɔ Wo Ðokui Ke

Ne tokunɔwo axɔ Yehowa kple Yesu ŋuti sidzedze ahazɔ agbemɔa dzi la, ekema ahiã lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla bubuwo ƒe asikpekpeɖeŋu. (Yohanes 17:3) Le esia ta, Yehowa Ðasefo ʋɛ aɖewo srɔ̃ tokunɔgbe eye woɖo eteƒe na wo kple nuteƒekpɔkpɔ nyui geɖewo.

Park In-sun, si xɔ ƒe 15, ɖoe eƒe taɖodzinui be yeasrɔ̃ tokunɔgbe. Be wòate ŋu awɔ esia la, eyi ɖasrɔ̃ dɔ le dɔwɔƒe aɖe si me tokunɔ 20 nɔ dɔ wɔm le. Ewɔ dɔ aduadu kpli wo ɣleti enyi sɔŋ ale be wòate ŋu asrɔ̃ gbea kpakple alesi tokunɔwo bua nuwo ŋui. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, eva zu gbesiagbe mɔɖela, alo ɣeyiɣiawo katã ƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖela, eye wòwɔ dɔ le tokunɔawo ƒe ƒuƒoƒo aɖe me tɔ siwo tsɔ ɖe le Biblia ƒe nyateƒea me la dome. Ƒuƒoƒoa tsi kabakaba ŋutɔ, eye eteƒe medidi o wo dometɔ siwo wu 35 vaa Kwasiɖagbe ƒe kpekpewo.—Psalmo 110:3.

Esia megbee wova wɔ ɖoɖo be woawɔ Kristotɔwo ƒe kpekpewo ɖe tokunɔwo ƒe gbe ɖeɖe ko me le Seoul zi gbãtɔ. Nɔviŋutsu Park In-sun zu mɔɖela vevi le ƒuƒoƒo sia si nɔ ta kekem la me. Fifia la, eva bi ɖe tokunɔgbea dodo me. Le ɣleti aɖewo me la, ewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ kple tokunɔ 28. Amesiawo dometɔ geɖe wɔ ŋgɔyiyi va zu Yehowa Ðasefowo.

Le lɔlɔ̃nu faa dɔ sia si wowɔ moveviɖoɖotɔe ta la, woɖo tokunɔgbe hame gbãtɔ ɖe Seoul le October 1976 me, eye gbeƒãɖela 40 kple gbesiagbe mɔɖela 2 ye nɔ eme. Esia de dzo dɔa me le dugã bubuwo me le Korea. Nyanyuia ƒe dɔ nɔ tokunɔ bubu geɖe wum eye wonɔ lalam be woava yewo gbɔ.

Dɔwɔwɔ le Tokunɔwo Dome

Àbia be aleke wowɔna kena ɖe tokunɔawo ŋu hã. Amewo ɖeɖefia dzie woto ke ɖe wo dometɔ geɖe ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, wote ɖe mɔlidzraƒe siwo le afima la ŋu bia tokunɔwo ta, eye woamawo tsɔ tokunɔwo ƒe ŋkɔwo kple adrɛswo na. Dziɖuɖudɔwɔƒe aɖewo na kpekpeɖeŋu le nyatakaka siawo nana me. Anyigbamama siwo me tokunɔwo le la kpekpeɖo tsitotsito kpɔ dzidzedze ale gbegbe be le ɣeyiɣi aɖe megbe la, woɖo tokunɔgbe hame ene. Wode dzi ƒo na sɔhɛ Kristotɔ geɖe be woasrɔ̃ tokunɔgbe.

Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒea ɖo mɔɖela vevi siwo srɔ̃ tokunɔwo ƒe gbe la ɖa be woaɖawɔ dɔ kple hameawo. Woɖo Subɔsubɔdɔ ƒe Hehenasuku nuwulawo ɖe hame siawo me nyitsɔ laa eye wodo ŋusẽ wo le gbɔgbɔ me.

Kuxiwo li siwo dzi wòle be woaɖu. Subɔsubɔ le nuto sia me bia be woadze agbagba ase tokunɔwo ƒe nukpɔsusuwo gɔme. Wobua tame hewɔa nu tẽ. Esia wɔa mo yaa na amewo eye wòte ŋu hea masɔmasɔwo vɛ ɣeaɖewoɣi. Gakpe ɖe eŋu la, ne Ðasefowo le aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔm kple tokunɔwo la, ehiã be woakpe ɖe wo ŋu be woabi ɖe gbea me ahade dzi ƒo na wo be woadzi woƒe nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃ ɖe edzi.

Le tokunɔwo ƒe gbesiagbe nuwɔnawo me la, wodoa go kuxiwo siwo menɔa nyanya na ame bubuwo o. Kadodo kple amesiwo le dziɖuɖudɔwɔƒewo kple dɔdaƒewo, kpakple asitsatsa zua kuxi gã na wo zi geɖe. Esi Ðasefo siwo tso hame siwo te ɖe afima ŋu me na kpekpeɖeŋu tokunɔ siwo le Kristo-hamea me lɔlɔ̃tɔe ta la, wokpɔe be yewole nɔviwo ƒe habɔbɔ vavãtɔ me.—Yohanes 13:34, 35.

Vomeɖaseɖiɖiwo Ðe Vi

Eva dzɔ le Pusan, si nye Korea ƒe anyiehe melidzeƒedugã, me be Ðasefo aɖe do go tokunɔ eve siwo ŋlɔ ɖe agbalẽ kakɛ aɖe dzi be: “Paradiso doa dzidzɔ na mí. Míedi be míanya ŋɔŋlɔ siwo ƒo nu tso agbe mavɔ ŋu.” Nɔviŋutsua xɔ woƒe adrɛs hewɔ ɖoɖo be yeava srã wo akpɔ. Esi wòyi la, ekpɔ tokunɔ gbogbo aɖewo siwo nɔ lalam le xɔ aɖe me be yewoase Fiaɖuƒegbedasia. Nudzɔdzɔ sia ʋãe be wòasrɔ̃ tokunɔwo ƒe gbe. Eteƒe medidi o woɖo tokunɔgbe hame ɖe Pusan.

Nɔvi aɖe si tso hame ma me kpɔ tokunɔ eve aɖewo nɔ dze ɖom eye wòte ɖe wo ŋu. Esi wòde dzesii be ɖeko wokpã tso sɔleme enye ma la, ekpe wo be woava Fiaɖuƒe Akpata me le ŋdɔ ga eve me gbemagbe ke. Wova, eye wote Biblia sɔsrɔ̃ kpli wo. Le esia megbe kpuie la, wo ame 2 la kplɔ wo xɔlɔ̃ tokunɔ 20 ɖe asi yi nutome gã takpekpea. Amesiawo dometɔ geɖe ɖe adzɔgbe na Yehowa. Eve zu hamemegã eye ɖeka zu subɔsubɔdɔwɔla le tokunɔgbe hamewo me.

Woɖo Eƒe Kutrikuku Teƒe Nɛ

Esi wònye be tokunɔ aɖewo gbɔ didi ŋutɔ tso tokunɔgbe hamewo gbɔ ta la, ebia agbagbadzedze kple kutrikuku geɖe be woate ŋu ana gbɔgbɔmenunyiame si le Biblia me la wo edziedzi. Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu aɖe si xɔ ƒe 31 la nye lãɖela le ƒukpo aɖe dzi. Etsɛa, si Yehowa Ðasefowo ɖi ɖase na lae gblɔ Biblia ƒe gbedasia nɛ. Le esi lãɖela tokunɔ sia di be yeatsi gbɔgbɔmedɔ si nɔ ewum nu ta la, eku tɔdziʋu kilometa 16 yi Tongyoung City, si le Korea ƒe anyiehe ƒuta. Eƒe tameɖoɖo enye be yeado go mɔɖela vevi aɖe si le Masan City tokunɔgbe hamea me. Mɔɖela vevi sia zɔa mɔ kilometa 65 Dzoɖa ɖesiaɖe be yeaɖasrɔ̃ Biblia ko kple lãɖela tokunɔ la.

Be Biblia-nusrɔ̃vi tokunɔ sia nate ŋu ade Kwasiɖagbe kpekpewo le Masan City la, ele be wòazɔ tɔdzimɔ kilometa 16 eye emegbe wòaɖo bɔs azɔ mɔ kilometa 65 bubu kpee. Eƒe kutrikukua ɖe vi. Le ɣleti ʋɛ aɖewo megbe la, ebi ɖe tokunɔgbea dodo me, esrɔ̃ Koreatɔwo ƒe ŋɔŋlɔdzesiwo, eye—vevietɔ wu la—wòsrɔ̃ nu tso alesi wòawɔ atu ƒomedodo ɖo kple Yehowa. Esi wòkpɔ vevienyenye si le kpekpewo dede kple ɖaseɖiɖi edziedzi ŋu dze sii ta la, eʋu yi tokunɔgbe hamea ƒe anyigbamama me. Ðe ema wɔwɔ nɔ bɔbɔea? Ao. Ebia be wòaɖe asi le eƒe lãɖeɖedɔ si hea ga dɔlar 3,800 vɛ nɛ ɣleti sia ɣleti la ŋu, gake woɖo eƒe kutrikukua teƒe nɛ. Le ŋgɔyiyi wɔwɔ le nyateƒea me megbe la, exɔ nyɔnyrɔ eye woa kple eƒe ƒomea le Yehowa subɔm dzidzɔtɔe fifia.

Gbegɔmeɖeɖe na Tokunɔwo

Zi geɖe la, nue wotsɔna gblɔa Fiaɖuƒenyanyuiae. Gake be woate ŋu agblɔ Mawu ƒe Nya ƒe gbedasia wòade edeƒe la, ele vevie be woatsɔ Biblia ƒe nufiafia ana le mɔ si anɔ anyi eteƒe nadidi nu. Le esia ta, le ƒe alafa gbãtɔ me la, ame tsitsi bibiwoe ŋlɔa agbalẽwo kple lɛtawo. (Dɔwɔwɔwo 15:22-31; Efesotɔwo 3:4; Kolosetɔwo 1:2; 4:16) Le míaƒe ɣeyiɣia me la, wonaa gbɔgbɔmenuɖuɖu gbogbo aɖewo to Kristotɔwo ƒe agbalẽ vovovowo dzi. Woɖe esiawo gɔme ɖe gbegbɔgblɔ alafa gbogbo aɖewo, siwo me tokunɔgbe vovovowo hã le, me. Be woawɔ esia le Koreatɔwo ƒe Tokunɔgbe me la, alɔdzedɔwɔƒea ɖo tokunɔgbegɔmeɖeƒe. Video dɔwɔƒea wɔa video siwo le tokunɔgbe me. Esia nana nyanyuigbeƒãɖela kple ɖetsɔlemetɔ siwo nye tokunɔwo le hame siwo le Korea bliboa me kpɔa gbɔgbɔmenunyiamewo.

Togbɔ be ame geɖe va bi ɖe tokunɔgbea me hena kpekpeɖeŋu le videowo wɔwɔ me hã la, zi geɖe la, amesiwo nyea gbea gɔmeɖela nyuiwoe nye tokunɔwo ƒe viwo. Wosrɔ̃ tokunɔgbea tso vidzĩ me ke. Menye ɖeko amesiawo wɔa dzesiawo wòsɔna pɛpɛpɛ ko o, ke boŋ wonaa gbedasia me kɔna wu to woƒe ŋutinuwo zazã kple alesi woɖoa mo ɖe eŋui me, si wɔnɛ be wòɖoa amewo ƒe susu kple dzi gbɔ.

Abe alesi míegblɔe ene la, wowɔa nutome gã kple nutome sue takpekpewo edziedzi azɔ le Korea. Ebia ga kple agbagbadzedze geɖe be woate ŋu awɔ esia. Ke hã, vavalawo daa akpe ɖe ɖoɖo sia ta. Ne wowu kpekpe siawo nu la, dzodzo sesẽna na ame geɖe eye wodina be yewoayi edzi ade ha kple yewo nɔewo ahadzro gbɔgbɔmenuɖuɖu nyui si yewoxɔ la me. Eme kɔ ƒã be kuxiwo le dɔwɔwɔ kple ƒuƒoƒo tɔxɛ sia me ya, gake gbɔgbɔmeyayra siwo le eme la nana asixɔxɔ nɔa eŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Tokunɔgbe me video siwo wowɔ le Korea: “What Does God Require of Us?,” “Appreciating Our Spiritual Heritage,” “Warning Examples for Our Day,” kple “Respect Jehovah’s Authority”

[Nɔnɔmetata si le axa 10]

Tso ete le miame va yi ɖusime: Wole tokunɔgbe me video wɔm le Korea ƒe alɔdzedɔwɔƒea; teokrasinyagbewo ƒe dzesiwo toto vɛ; tokunɔgbe gɔmeɖelawo ƒe ƒuƒoƒo; gadada na dzesiawo wɔla ne wole videoa wɔm