Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kɔnu Dzro aɖe Koe loo alo Zãnunanae?

Kɔnu Dzro aɖe Koe loo alo Zãnunanae?

Kɔnu Dzro aɖe Koe loo alo Zãnunanae?

LE Poland ƒe kɔledzi aɖewo me la, enye nuwɔna si bɔ le sukuviwo dome be woadzɔ ga atsɔ aƒle nunanawoe na woƒe nufialawo, kple susu be woana dzesi nyuiwo yewo le dodokpɔwo me. Eyata mewɔ nuku o be Kristotɔ sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Katarzyna dze ŋgɔ kuxi sesẽ aɖe. Ebia eɖokui be: “Ðe madzɔ gaa alo magadzɔe oa?” Etɔ sukuviwo gblɔ be: “Kɔnu si amesiame wɔna koe wònye. Magblẽ naneke le ŋuwò o, ke boŋ àte ŋu akpɔ viɖe gbogbo aɖe tso eme, eyata nukatae ewɔwɔ le sesẽm na wò?”

Katarzyna gblɔ be: “Le nyateƒe me la, mekpɔ gome le gadzɔdzɔa me le ƒe gbãtɔa me. Emegbe hafi meva kpɔe dze sii be mele zãnu nam to esia wɔwɔ me, si nye nusi ŋu Biblia tsi tre ɖo.” Eɖo ŋku mawunyakpukpui siwo fia be Yehowa meda asi ɖe zãnunana dzi kura o la dzi. (Mose V, 10:17; 16:19; Kronika II, 19:7) Katarzyna gblɔ be: “Meva se alesi wòle bɔbɔe be hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu ate ŋu ana woana ta gɔme. Megbugbɔ bu eŋu eye tso ɣemaɣi la nyemegakpɔa gome le kɔnu sia me azɔ o.” Togbɔ be sukuvi bubuwo ɖu fewu le eŋu le ƒe etɔ̃ siwo va yi me hã la, ete ŋu ɖe nu me na wo dometɔ aɖewo be yemekpɔa gome le “nunana” sia ƒomeviwo me o le nusiwo wòsrɔ̃ tso Biblia me ta.

Wo dometɔ aɖewo bu fɔ Katarzyna be enye ɖokuitɔdila kple amesi tsia tre ɖe hadomenuwɔnawo ŋu. Egblɔ be: “Vaseɖe fifia mía kple wo dometɔ aɖewo dome meyina o. Gake, wo dometɔ geɖe dea bubu nye nukpɔsusua ŋu, si nana be dzi dzɔam.” Wova dze si Katarzyna be enye Yehowa Ðasefo si wɔa Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi le gbesiagbegbenɔnɔ me.