Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Wò Ŋku Nanɔ Amewo Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo ŋu

Wò Ŋku Nanɔ Amewo Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo ŋu

Wò Ŋku Nanɔ Amewo Ƒe Nɔnɔme Nyuiwo ŋu

‘Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye hena nye nyui.’​—NEXEMYA 13:31.

1. Aleke Yehowa nyoa dɔme na amewo katãe?

NE ALILIKPOWO do eye yame mekɔ o ŋkeke geɖe eye emegbe ŋdɔ va te ʋuʋu la, ehea tɔtrɔ dzeameŋu vɛ. Dzo ɖoa amewo me eye wokpɔa dzidzɔ. Nenema ke ne ŋdɔ ʋu sesĩe eye ku ɖi ɣeyiɣi didi aɖe eye emegbe tsi dza vie—alo tsi gã aɖe boŋ dza la—enaa dzidzeme kple gbɔdzɔe. Mía Wɔla lɔlɔ̃tɔ, Yehowa, ye wɔ yame ƒe nɔnɔmea alea wònye nunana wɔnuku. Yesu he susu yi Mawu ƒe dɔmenyonyo dzi esime wòfia nu be: “Milɔ̃ miaƒe ketɔwo . . . eye mido gbe ɖa ɖe amesiwo le mia yome tim la ta, bena ne miazu mia Fofo, si le dziƒo la, ƒe viwo; elabena eyae nana eƒe ɣe dzena na ame vɔ̃ɖiwo kple ame nyuiwo, eye wònana tsi dzana na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo.” (Mateo 5:43-45) Ẽ, Yehowa nyoa dɔme na amewo katã. Ele be esubɔlawo nadze agbagba be yewoasrɔ̃ eyama to alesi woƒe ŋku anɔ ame bubuwo ƒe nyuiwɔwɔ ŋui me.

2. (a) Susu ka tae Yehowa nyoa dɔme na amewo? (b) Nuka ŋue Yehowa léa ŋku ɖo le alesi míele nu wɔmee ɖe eƒe dɔmenyonyoa ŋu?

2 Nukatae Yehowa nyoa dɔme na amewo? Tso esime Adam dze nuvɔ̃ me ke la, Yehowa medzudzɔ ŋkuléle ɖe amegbetɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu o. (Psalmo 130:3, 4) Eƒe tameɖoɖo enye be yeagbugbɔ ameƒomea me tɔ toɖolawo aɖo te ake le Paradiso me. (Efesotɔwo 1:9, 10) Eƒe amenuveve wɔe be mɔkpɔkpɔ le mía si be woava ɖe mí tso nuvɔ̃ kple blibomademade me to Dzidzimevi si ƒe ŋugbe wodo dzi. (Mose I, 3:15; Romatɔwo 5:12, 15) Tafea ƒe ɖoɖoa dzi xɔxɔ se ʋu mɔ be míava ɖo blibodede gbɔ mlɔeba. Fifia Yehowa le ŋku lém ɖe mía dometɔ ɖesiaɖe ŋu be yeakpɔ alesi míele nu wɔmee ɖe yeƒe dɔmenyonyoa, kple nɔnɔme bubuawo, ŋui. (Yohanes I, 3:16) Ekpɔa nusianu si míewɔna be míatsɔ aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eƒe dɔmenyonyoa ŋu afia la. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: ‘Mawu menye madzɔmadzɔtɔ be, wòaŋlɔ miaƒe dɔwɔwɔ kple lɔlɔ̃ si mieɖe fia le eƒe ŋkɔ ta be o.’—Hebritɔwo 6:10.

3. Biabia kawo mee wòle be míadzro?

3 Ekema aleke míate ŋu asrɔ̃ Yehowa le alesi míaƒe ŋku anɔ ame bubuwo ƒe nyuiwɔwɔ ŋui me? Mina míadzro biabia siawo ƒe ŋuɖoɖowo me le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa ene me: (1) le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me, (2) le ƒomea me, (3) le hamea me, kple (4) le míaƒe ƒomedodo kple ame bubuwo me.

Le Gbeƒãɖeɖe Kple Nusrɔ̃lawo Wɔwɔ Me

4. Aleke gomekpɔkpɔ le Kristotɔwo ƒe subɔsubɔdɔa me nye eɖeɖe fia be míele ŋku lém ɖe amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋui?

4 Yesu ɖo nya si eƒe nusrɔ̃lawo biae be wòaɖe lu kple gbe wuwluiawo ƒe lododoa gɔme na yewo la ŋu be, “abɔ la enye xexe la me.” Abe Kristo ƒe nusrɔ̃la siwo li egbea ene la, míekpɔa nyateƒenya sia dzea sii ne míele gbeadzisubɔsubɔdɔa wɔm. (Mateo 13:36-38; 28:19, 20) Míaƒe gbeadzisubɔsubɔdɔ lɔ nusi dzi míexɔ se la gbɔgblɔ le gaglãgbe ɖe eme. Nyateƒe si wònye be wodze si Yehowa Ðasefowo le woƒe tso aƒeme yi aƒeme kple ablɔwo dzi subɔsubɔdɔa ta nye kpeɖodzi be míele amesiwo katã dze be woase Fiaɖuƒegbedasia la dim vevie. Vavãe, Yesu gblɔ be: “Ne miayi ɖe du alo kɔƒe aɖe me la, midi amesi dze le eme la vevie.”—Mateo 10:11; Dɔwɔwɔwo 17:17; 20:20.

5, 6. Nukatae míekua kutri le tɔtrɔ yi amewo gbɔ le woƒe aƒewo me me?

5 Ne míele gegem ɖe amewo dzi la, míeléa ŋku ɖe alesi wowɔa nu ɖe míaƒe gbedasia ŋui ŋu. Ɣeaɖewoɣi la, míekpɔnɛ be ame aɖe aɖo to mí le aƒe aɖe me, gake aƒea me tɔ bubu aɖe ado ɣli agblɔ be, “Míedi miaƒe gbedasia o,” eye wòahiã be míatrɔ adzo. Aleke wòtena ɖe mía dzii enye si be ame ɖeka ƒe tsitretsiɖeŋu alo ɖekematsɔleme nakpɔ ŋusẽ ɖe ame bubuwo ƒe ɖetsɔleme dzi! Ekema nukae míate ŋu awɔ be míayi edzi anɔ ŋku lém ɖe amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu?

6 Aƒe ma ke me yiyi ɣebubuɣi le míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa me le nuto ma me ate ŋu aʋu mɔnukpɔkpɔ na mí be míaƒo nu na amesi tsi dzeɖoɖo gbãtɔ nu la tẽ. Ŋkuɖoɖo nusi dzɔ ɣemaɣi dzi ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míadzra ɖo. Ðewohĩ susu nyuiwoe tsitretsiɖeŋula la tsɔ wɔ nu nenema esi wòsee le eɖokui me be mele be yeaɖe mɔ na amesi di be yease Fiaɖuƒegbedasia be wòasee o ta. Ðewohĩ etu eƒe nukpɔsusu ɖe alakpanya siwo wòse ku ɖe susu siwo ta míevaa amewo gbɔ dzi. Gake esia mexea mɔ ɖe míaƒe Fiaɖuƒea ŋuti gbeƒãɖeɖe edziedzi le aƒe ma me kple aɖaŋudzedze be míaɖɔ nukpɔsusu gbegblẽa ɖo la nu o. Míaƒe didi enye be míakpe ɖe amewo katã ŋu be Mawu ŋuti sidzedze vavãtɔ nasu wo si. Ekema ɖewohĩ Yehowa ahe ame ma ɖe eɖokui ŋu.—Yohanes 6:44; Timoteo I, 2:4.

7. Nukae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be dzideƒo nanɔ mía si ne míele gbeƒã ɖem na amewo?

7 Nya si Yesu gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo ƒe akpa aɖe ku ɖe ƒometɔwo ƒe tsitretsiɖeŋu ŋu. Ðe megblɔ be, “Elabena meva ame kple fofoa, vinyɔnu kple dadaa, ŋutsuvi srɔ̃ kple lɔ̃xoa dome ma ge” oa? Yesu gblɔ kpee be: “Ame ƒe ketɔwo anye ye ŋutɔ ƒemetɔwo.” (Mateo 10:35, 36) Ke hã, nyawo dzɔna eye amewo ƒe nɔnɔme trɔna. Dɔléle kpata aɖe, ƒometɔ aɖe ƒe ku, afɔkuwo, nuteɖeamedziwo, kple nu bubu geɖewo kpɔa ŋusẽ ɖe alesi amewo wɔa nui ɖe míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu dzi. Ne dzi ɖena le mía ƒo—be amesiwo míeɖea gbeƒã na maxɔ nyaa akpɔ gbeɖe o—la, ɖe míanye amesiwo le ŋku lém ɖe woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu nyateƒea? Ðe manyo be nàtsɔ dzidzɔ atrɔ yi wo gbɔ le aƒea me ɣebubuɣi oa? Ðewohĩ woƒe nɔnɔme ɖe mía ŋu atrɔ. Ɣeaɖewoɣi la, menye nusi míegblɔ ye nana wotrɔa nɔnɔme o, ke alesi míegblɔe hã ye. Gbedodoɖa vevie na Yehowa hafi adze gbeƒãɖeɖedɔa gɔme akpe ɖe mía ŋu godoo be dzideƒo nanɔ mía si eye míatsɔ Fiaɖuƒegbedasia ana le mɔ si dzɔa dzi na ame nu.—Kolosetɔwo 4:6; Tesalonikatɔwo I, 5:17.

8. Ne Kristotɔwo ƒe ŋku le woƒe ƒometɔ dzimaxɔsetɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la, nukae ate ŋu ado tso eme?

8 Le hame aɖewo me la, ƒome ɖeka me tɔ akpa gãtɔ nyea Yehowa subɔlawo. Zi geɖe la, nusi léa dzi na ɖeviawo eye wòʋãa wo enye alesi ƒometɔ tsitsi aɖe wɔ nuteƒee eye eƒe anyinɔnɔ nyui kple wo le ƒomea me kpakple le srɔ̃ɖegbenɔnɔa me wɔnɛ be ɖeviawo hã trɔa woƒe dzi. Wɔwɔ ɖe apostolo Petro ƒe aɖaŋuɖoɖo dzi kpe ɖe srɔ̃nyɔnu Kristotɔ geɖe ŋu be woɖe wo srɔ̃wo ‘nya aɖeke magblɔmagblɔe.’—Petro I, 3:1, 2.

Le Ƒomea Me

9, 10. Aleke Yakob kple Yosef siaa ƒe ŋku nɔ woƒe ƒomea ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋui?

9 Ƒomedodo kplikplikpli si tea ƒometɔwo ƒoa ƒui la nye afi bubu si míate ŋu alé ŋku ɖe amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu le. Bu alesi Yakob wɔ nui kple viaŋutsuwo ŋu kpɔ. Le Mose I, ta 37, kpukpui 3 kple 4 la, Biblia ɖee fia be Yakob lɔ̃ Yosef vevie. Esia na Yosef nɔviŋutsuwo ʋã ŋui ale gbegbe be woɖoe be yewoawu yewo nɔvia gɔ̃ hã. Gake kpɔ alesi Yakob kple Yosef va wɔ nui emegbe le woƒe agbe mee ɖa. Woa kple evea siaa ƒe ŋku nɔ woƒe ƒomea ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu.

10 Esi Yosef nye nuɖuɖudzikpɔla le Egipte-nyigba si dzi dɔ to le la, exɔ nɔvia siwo va egbɔ. Esime meɖe eɖokui fia wo enumake o la, eto mɔ aɖewo nu kpɔ egbɔ be wokpɔ wo katã dzi nyuie eye wokpɔ nuɖuɖu tsɔ yi na wo fofo si ku amegã la. Ẽ, togbɔ be wolé fu Yosef va yi hã la, ewɔ nu wòɖe vi na wo. (Mose I, 41:53–42:8; 45:23) Nenema kee esime Yakob nɔ eƒe kuba dzi la, egblɔ yayranyawo ɖi na viaŋutsuwo katã. Togbɔ be woƒe nuwɔna gbegblẽwo wɔe be woxɔ mɔnukpɔkpɔ aɖewo le wo si hã la, womeɖe ame aɖeke le anyigbaa ƒe domenyinu la xɔxɔ me o. (Mose I, 49:3-28) Lɔlɔ̃ si nu metsina o kae nye si Yakob ɖe fia le go sia me!

11, 12. (a) Nyagblɔɖi me kpɔɖeŋu kae ɖo kpe alesi wòle vevie be míana míaƒe ŋku nanɔ ƒomea me tɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu dzi? (b) Nukae míesrɔ̃ tso fofo si le Yesu ƒe vi nudomegblẽla ƒe lododoa me gbɔ?

11 Yehowa ƒe dzigbɔgbɔ blewu le nuwɔwɔ kple Israel-dukɔ xɔsemanɔsitɔwo me gana míese alesi wòléa ŋku ɖe amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu gɔme ɖe edzi wu. Yehowa zã nyagblɔɖila Hosea ƒe ƒomea ƒe nɔnɔme tsɔ wɔ eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o ƒe kpɔɖeŋui. Hosea srɔ̃, Gomer, wɔ ahasi zi geɖe. Ke hã, Yehowa gblɔ na Hosea be: “Gayi nalɔ̃ nyɔnu, si ame bubu le lɔlɔ̃m, eye wònye gbolo la, abe alesi Yehowa lɔ̃ Israel-viwo, ke woawo trɔ ɖe mawu tutɔwo ŋu, eye wole weintsetsebolo lɔ̃m la ene.” (Hosea 3:1) Nukata wòxlɔ̃ nui alea? Yehowa nyae be dukɔ si tra tso yeƒe mɔwo dzi la me tɔ aɖewo awɔ nu ɖe yeƒe dzigbɔɖia nu. Hosea gblɔ be: “Emegbe Israel-viwo atrɔ adi Yehowa, woƒe Mawu la, kple woƒe fia Dawid; eye woanɔ dzodzom nyanyanya ava Yehowa kple eƒe dɔmenyo gbɔ le ŋkekeawo ƒe nuwuwu.” (Hosea 3:5) Ðikeke mele eme o be esia nye kpɔɖeŋu nyui si ŋu míate ŋu ade ŋugble le ne ƒomekuxiwo dze ŋgɔ mí. Wò ŋku si anɔ ƒomea me tɔ bubuwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu ate ŋu anye dzigbɔgbɔɖi ƒe kpɔɖeŋu nyui aɖe ya teti nàɖo.

12 Yesu ƒe lododo ku ɖe vi nudomegblẽla la ŋu hã na míese alesi míana míaƒe ŋku nanɔ míaƒe ƒomea ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la gɔme ɖe dzi. Ŋutsuvi ɖevitɔa trɔ gbɔ va aƒe esi wòɖe asi le agbe manyatalenua nɔnɔ ŋu megbe. Fofoa wɔ nu ɖe eŋu nublanuikpɔkpɔtɔe. Aleke fofoa wɔ nui ɖe ŋutsuvi tsitsitɔ si medzo le eƒe ƒomea gbɔ kpɔ o la ƒe nyatoƒoetotoa ŋu? Esi fofoa nɔ nu ƒom na via tsitsia la, egblɔ be: “Vinye, wò la èle gbɔnye ɣesiaɣi, eye nusiwo katã nye tɔnye la, tɔwòe.” Esia menye nyaŋuɖoɖo le dziku me o ke boŋ enye fofoa ƒe kpeɖoɖo eƒe lɔlɔ̃ na via dzi. Eyi edzi be: ‘Ðeko wòle be míakpɔ dzidzɔ, elabena nɔviwò sia ku eye wògagbɔ agbe; ebu, eye wogakpɔe.’ Míawo hã míate ŋu ayi edzi ana míaƒe ŋku nanɔ amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu nenema ke.—Luka 15:11-32.

Le Kristo-hamea Me

13, 14. Mɔ siwo dzi míaɖe lɔlɔ̃ ƒe fiasedede afia le le Kristo-hamea me la dometɔ ɖeka ɖe?

13 Abe Kristotɔwo ene la, míaƒe taɖodzinu enye be míawɔ nu ɖe lɔlɔ̃ ƒe fiasededea nu. (Yakobo 2:1-9) Anɔ eme be míaxɔ míaƒe hamea me tɔ siwo ƒe ganyawo to vovo tso mía tɔ gbɔ ya. Gake ɖe ‘vovototodedeameme’ si ameƒomevinyenye, dekɔnu aɖe me tɔ nyenye, alo le mawusubɔsubɔ me hena vɛ kpɔtɔ le mía mea? Ne nenemae la, aleke míate ŋu awɔ ɖe Yakobo ƒe nuxlɔ̃amea dzii?

14 Dzaa dodo na amesiwo katã vaa Kristotɔwo ƒe kpekpewo vividoɖeameŋutɔe nyea kpeɖodzi be míenye amedzrowɔlawo. Ne míedo ŋgɔ te ɖe ame yeye siwo va Fiaɖuƒe Akpata me ŋu heɖo dze kpli wo la, vɔvɔ̃ kple ŋukpe si anɔ wo me do ŋgɔ la ado ɖa. Le nyateƒe me la, ame aɖewo siwo de Kristotɔwo ƒe kpekpe zi gbãtɔ gblɔ be: “Amesiame ɖe xɔlɔ̃wɔwɔ fia. Ðeko wòwɔ abe ɖe wonyam xoxo ene. Nye dzi dze eme ale gbegbe.”

15. Aleke woate ŋu akpe ɖe ɖeviwo ŋu le hamea me be woatsɔ ɖe le ame tsitsiwo mee?

15 Ne wokpã le kpekpewo le hame aɖewo me megbe la, sɔhɛ ʋɛ aɖewo aƒo wo ɖokui nu ƒu ɖe Fiaɖuƒe Akpata me loo alo le egodo, eye ŋu anɔ wo kpem woanɔ wo ɖokui ɖem ɖa tso ame tsitsiwo gbɔ. Afɔ nyui kae woate ŋu aɖe be woatsɔ atsi nɔnɔme sia nui? Nyateƒee, afɔɖeɖe gbãtɔ enye be dzilawo nahe wo viwo le aƒeme ahadzra wo ɖo ɖe kpekpeawo ŋu. (Lododowo 22:6) Woate ŋu ade dɔ asi na wo be woadi agbalẽ vovovo siwo katã zã ge miele la ada ɖe asitsɔƒe ale be nusiwo katã ahiã be miatsɔ ɖe asi ayi kpekpewo la nanɔ amesiame si. Dzilawo ate ŋu ade dzi ƒo hã na wo viwo be woaɖo dze kpui aɖewo kple ame tsitsiwo kple dɔnɔwo le Fiaɖuƒe Akpata me. Nya siwo me susu le kpɔkpɔ agblɔ na amesiawo ƒomevi ate ŋu ana ɖeviwo nakpɔ dzidzɔ le wo ɖokui me.

16, 17. Aleke ame tsitsiwo ate ŋu alé ŋku ɖe ɖevi siwo le hamea me ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋui?

16 Ele be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu tsitsiwo natsɔ ɖe le ɖevi siwo le hamea me la me. (Filipitɔwo 2:4) Woate ŋu ado ŋgɔ ate ɖe ɖeviwo ŋu aɖo dze kpli wo le mɔ dedziƒoname nu. Zi geɖe la, wotrɔa asi le nya vevi aɖewo ŋu le kpekpea me. Woate ŋu abia ɖeviwo nenye be kpekpea vivi wo nu kple nenye be wose nya vevi aɖe si dzɔ dzi na wo si woadi be yewoade nuwɔna me. Esi ɖeviwo hã nye hamea ƒe akpa vevi aɖe ta la, ele be woade bubu wo ŋu le alesi woɖoa to vevie ta eye woakafu wo ɖe ŋuɖoɖo ɖesiaɖe si wona le kpekpea me alo gome ɖesiaɖe si wokpɔ le wɔnaawo me la ta. Alesi ɖeviwo dea ha kple ame tsitsiwo le hamea me kple alesi wowɔa aƒemedɔ bɔbɔewo aɖee afia be woate ŋu ava kpɔ agbanɔamedzi gãwo hã gbɔ nyuie emegbe.—Luka 16:10.

17 To agbanɔamedziwo xɔxɔ me la, sɔhɛ aɖewo wɔ ŋgɔyiyi ɖo afisi woƒe gbɔgbɔmenɔnɔmewo na be woxɔ agbanɔamedzi siwo kpe wu. Dɔdasi aɖe si anɔ wo si hã akpe ɖe wo ŋu be woaɖu bometsinuwɔnawo dzi. (Timoteo II, 2:22) Dɔdasi siawo ate ŋu ‘ado’ nɔviŋutsu siwo le didim be yewoava subɔ abe subɔsubɔdɔwɔlawo ene la ‘akpɔ.’ (Timoteo I, 3:10) Woƒe gomekpɔkpɔ le kpekpeawo me faa kple woƒe dzonɔameme le subɔsubɔdɔa me, kpakple woƒe ɖetsɔtsɔ le hamea me tɔwo katã me, kpena ɖe hamemegãwo ŋu be woakpɔ woƒe ŋutetewo adze sii ne wole wo ŋu bum be yewoatsɔ agbanɔamedzi bubu aɖewo akpee na wo.

Ŋkuléle Ðe Amewo Katã ƒe Nɔnɔme Nyuiwo Ŋu

18. Ʋɔnudɔdrɔ̃ me mɔtetre kawo wòle be woaƒo asa na, eye nukatae?

18 Lododowo 24:23 gblɔ be: “Ame dzi dede le ʋɔnudɔdrɔ̃ me menyo o.” Dziƒonunya bia be hamemegãwo naƒo asa na ameŋkumekpɔkpɔ ne wole nyawo drɔ̃m le hamea me. Yakobo gblɔ be: “Nunya, si tso dziƒo la, gbã la eŋuti kɔna, emegbe la eƒe dɔme fana, efaa tu, elɔ̃na wogbea nya nɛ, nublanuikpɔkpɔ kple kutsetse nyuiwo yɔe fũ, medea vovo amewo dome o, alakpa mele eme o.” (Yakobo 3:17) Eme kɔ ƒã be, ehiã be hamemegãwo nakpɔ egbɔ be woa ŋutɔwo ƒe ƒomedodowo kpakple seselelãmewo nagatsyɔ woƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzi esime wole ŋku lém ɖe amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu o. Hakpala Asaf ŋlɔ bena: “Mawu tsi tre ɖe Mawu ƒe ha la me, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu le mawuwo [“amesiwo le abe mawuwo ene,” si fia amegbetɔ ʋɔnudrɔ̃lawo] dome. Ɣekaɣi miadrɔ̃ ʋɔnu madzɔmadzɔ ase ɖo, eye miade ame vɔ̃ɖi la dzi?” (Psalmo 82:1, 2) Le esia ta, hamemegã Kristotɔwo ƒoa asa na amedzidede ƒe nuwɔna suetɔ ɖesiaɖe gɔ̃ hã le afisiwo wole nya siwo ku ɖe xɔlɔ̃wo alo ƒometɔwo gbɔ kpɔm le. To mɔ sia nu la, woakpɔ ɖekawɔwɔ si le hamea me ta eye woana Yehowa ƒe gbɔgbɔ nate ŋu awɔ dɔ bɔbɔe le eme.—Tesalonikatɔwo I, 5:23.

19. Mɔ kawo nue míaƒe ŋku nɔa amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu le?

19 Ne míena míaƒe ŋku le nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la, míeɖea nɔnɔme si nɔ Paulo si esime wòƒo nu na Tesalonika-hamea fiana. Egblɔ be: “Ke míeɖo dzi ɖe mia ŋu le Aƒetɔ la me bena, miewɔa nusi míede se na mi la, eye miegale ewɔ ge hã.” (Tesalonikatɔwo II, 3:4) Anɔ bɔbɔe na mí be míatsyɔ nu ame bubuwo ƒe vodadawo dzi ne míaƒe ŋku le woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Míaƒe ŋku anɔ nusiwo me míate ŋu akafu mía nɔviwo le la ŋu, eye míaƒo asa na vodadadidi le ame ŋu ƒe gbɔgbɔ. Paulo ŋlɔ bena: “Wodina tso xɔnuviwo gbɔ, bene woakpɔ wo nuteƒewɔlawoe.” (Korintotɔwo I, 4:2) Menye amesiwo dzi xɔnuvidɔ le la ɖeɖeko sie wobia nuteƒewɔwɔ tsoe o ke boŋ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔwo katã ƒe nuteƒewɔwɔ hã nana woƒe nu dzea mía ŋu. Ewɔnɛ be míetena ɖe wo ŋu wu eye wòdoa ŋusẽ Kristotɔwo ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ hã. Nukpɔsusu si nɔ Paulo si ɖe nɔviawo ŋu le eƒe ŋkekea me la va sua mía si. Wonye ‘hadɔwɔlawo na Mawu ƒe fiaɖuƒe la’ kple ‘ŋusẽdoamelawo’ na mí. (Kolosetɔwo 4:11) Míetoa esia dzi ɖea Yehowa ƒe nɔnɔme fiana.

20. Yayra kawo amesiwo ƒe ŋku nɔa amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu la axɔ?

20 Nyateƒee wònye be míawo hã míedoa gbe ɖa abe Nexemya ene esi wògblɔ be: ‘Nye Mawu, ɖo ŋku dzinye hena nye nyui.’ (Nexemya 13:31) Aleke dzi dzɔa mí enye si be Yehowa léa ŋku ɖe amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu! (Fiawo I, 14:13) Mina míawo hã míawɔe nenema ke le nuwɔwɔ kple ame bubuwo me. Esia wɔwɔ ana xɔxɔ kple agbe mavɔ nɔnɔ le xexeme yeye si tu aƒe ŋutɔ me la ƒe mɔkpɔkpɔ mí.​—Psalmo 130:3-8.

Aleke Nàɖo Wo Ŋui?

Nukatae Yehowa nyoa dɔme na amewo katã?

Aleke míana míaƒe ŋku nanɔ amewo ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu

le míaƒe subɔsubɔdɔa me?

le míaƒe ƒomea me?

le míaƒe hamea me?

le míaƒe ƒomedodowo katã me?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 18]

Togbɔ be Yosef nɔviwo lé fui do ŋgɔ hã la, eƒe ŋku nɔ woƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu

[Nɔnɔmetata si le axa 19]

Tsitretsiɖeŋu mexea mɔ na mí be míagakpe ɖe amesiame ŋu o

[Nɔnɔmetata si le axa 20]

Togbɔ be Yakob-viwo wɔ nusiwo mesɔ o va yi hã la, mete yayra wo dometɔ aɖeke o

[Nɔnɔmetata si le axa 21]

Mido dzaa na amewo katã le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me