Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Alesi Woatu Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðoe

Alesi Woatu Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðoe

Alesi Woatu Lɔlɔ̃ Vavãtɔ Ðoe

“Lɔlɔ̃e kpɔa nuwo katã gbɔ le agbeme; lɔlɔ̃e nye agbe.”​—Living to Purpose, si Joseph Johnson ŋlɔ, ƒe 1871.

ALEKE amegbetɔ wɔna srɔ̃a amelɔlɔ̃e? To susuŋutinunya sɔsrɔ̃ mee loo? To agbalẽ si wozana tsɔ wɔa nu le ameɖokui si aɖe xexlẽ mee loo? Alo to lɔlɔ̃nyawo ŋuti sinimawo kpɔkpɔ me yea? Gbeɖe. Dzilawo ƒe kpɔɖeŋuwo kple hehe mee amegbetɔwo srɔ̃a lɔlɔ̃ le gbã. Ðeviwo asrɔ̃ nusi lɔlɔ̃ nye ne, le afisi woɖea vividoɖeameŋu ƒe lɔlɔ̃ fiana le la, wokpɔe be yewo dzilawo naa nuɖuɖu yewo hekpɔa yewo ta, ɖoa dze kpli yewo, hetsɔa ɖe le eme na yewo vevie. Wosrɔ̃a alesi woalɔ̃ amewoe hã ne wo dzilawo fia wo be woawɔ ɖe nyui kple vɔ̃ ƒe gɔmeɖose nyuiwo dzi.

Lɔlɔ̃ vavã lɔ nu geɖe ɖe eme wu vividodoɖeameŋu alo seselelãme dzro aɖe ko. Eɖea vi na ame bubuwo ɣeawokatãɣi, ne womekpɔ ŋudzedze ɖe eɖeɖe fia ŋu gbã o gɔ̃ hã, abe alesi wònɔna le ɖeviwo gome ne wohe to na wo le lɔlɔ̃ me ene. Amesi nye kpɔɖeŋu deblibo le ɖokuitɔmadimadi ƒe lɔlɔ̃ɖeɖefia mee nye Wɔla la ŋutɔ. Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Vinye megado vlo Aƒetɔ ƒe tohehe o, eye dzi nagaɖe le ƒowò o, ne eka ŋkume na wò o; elabena amesi ke Aƒetɔ la lɔ̃na la, eya wòhea to na.”—Hebritɔwo 12:5, 6.

Dzilawo, aleke miate ŋu asrɔ̃ Yehowa le lɔlɔ̃ɖeɖefia me le miaƒe ƒomea mee? Eye aleke kpɔɖeŋu si mieɖona le miaƒe ƒomedodo me kple mia nɔewo abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene le vevie?

Fia Amelɔlɔ̃ to Kpɔɖeŋu Ðoɖo Me

Ne srɔ̃ŋutsue nènye la, ɖe nèdea asixɔxɔ srɔ̃wò nyɔnua ŋu, alo bunɛ be ele vevie ŋutɔ hewɔa nu kplii le beléle kple bubu mea? Ne srɔ̃nyɔnue nènye la, ɖe nèlɔ̃a srɔ̃wò ŋutsua hekpena ɖe eŋua? Biblia gblɔ be ele be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nalɔ̃ wo nɔewo ahade bubu wo nɔewo ŋu. (Efesotɔwo 5:28; Tito 2:4) Ne wowɔe alea la, wo viwo kpɔna alesi Kristotɔwo ɖea lɔlɔ̃ fiana teƒe tẽ. Nusɔsrɔ̃ vevi wɔdɔɖeamedzi kae ema anye!

Dzilawo ate ŋu awɔ nu hã wòade ame dzi le lɔlɔ̃ɖeɖefia me le aƒea me ne wonɔ agbe ɖe ƒomea ƒe dzidzenu kɔkɔwo nu le nuwo abe modzakaɖeɖe, agbenyuinɔnɔ, taɖodzinuwo ɖoɖo kple nu vevitɔwo ɖoɖo nɔƒe gbãtɔ ene me. Le xexeame godoo la, amewo kpɔe be Biblia nye kpekpeɖeŋunu vevi aɖe le ƒomea ƒe dzidzenu siawo ɖoɖo me, eye wònyea kpɔɖeŋu siwo fia be vavãe Biblia la ‘tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me eye enyo na nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo, na amehehe le dzɔdzɔenyenye me.’ (Timoteo II, 3:16) Le nyateƒe me la, ame geɖe bua agbenyuinɔnɔsewo kple agbe me mɔfiafia siwo dze le Todzimawunya ɖeɖe kura me be enye esi ɖeke mesɔ kplii o.—Mateo, ta 5 va ɖo 7.

Ne ƒome bliboa kpɔa Mawu sinu hena mɔfiafia hewɔna ɖe eƒe dzidzenuwo dzi la, wo dometɔ ɖesiaɖe sena le eɖokui me be yele dedie wu, eye ɖeviwo ate ŋu atsi ava lɔ̃ wo dzilawo ahade bubu wo ŋu. Gake le aƒe si me dzidzenu eve, si meda sɔ o, alo esi me gbɔdzɔ le la wɔnɛ be wote ŋu wɔa nu wòdoa dziku na ɖeviawo, eye wodoa dɔmedzoe, alo dzea aglã.—Romatɔwo 2:21; Kolosetɔwo 3:21.

Ke dzilaɖekɛwo ya ɖe? Ðe wɔna aɖeke mele woawo ya ŋu be woate ŋu afia amelɔlɔ̃ wo vi suewo oa? Mele nenema kokoko o. Togbɔ be naneke meli woatsɔ aɖo vidada kple vifofo nyui ƒe nuwɔwɔ aduadu teƒe o hã la, nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ƒomekadodowo ƒe nyonyome ate ŋu axe dzila ɖeka ƒe anyimanɔmanɔ teƒe vaseɖe afi aɖe. Ne dzilaɖekɛe nènye la, dze agbagba nàwɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo ŋudɔ le aƒeme. Ẽ, lododo aɖe gblɔ na mí be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o. Lé ŋku ɖe eŋu le wò mɔwo katã dzi, ekema ata mɔ na wò”—si me dzilanyenye ƒe mɔ la hã le.—Lododowo 3:5, 6; Yakobo 1:5.

Dzilaɖekɛƒomewo mee sɔhɛ ɖɔʋu geɖewo tsi le eye wole Yehowa Ðasefowo ƒe Kristo-hame akpe gbogbowo me fifia le xexeame godoo hele Mawu subɔm nuteƒewɔwɔtɔe. Esia ɖo kpe edzi be dzilaɖekɛwo hã ate ŋu akpɔ dzidzedze le lɔlɔ̃ fiafia wo viwo me.

Alesi Mí Katã Míate Ŋu Atu Lɔlɔ̃ Ðoe

Biblia gblɔe ɖi be “amesiwo melɔ̃a ame ƒe nya o” anye “ŋkeke mamlɛwo” ƒe dzesi, si fia be, dzɔdzɔmelɔlɔ̃ si nɔa ƒomea me tɔwo si na wo nɔewo manɔ anyi o. (Timoteo II, 3:1, 3) Ke hã amesiwo tsi le afisi lɔlɔ̃ menɔ o gɔ̃ hã ate ŋu asrɔ̃ alesi woatu amelɔlɔ̃ ɖo. Le mɔ ka nu? To esɔsrɔ̃ tso Yehowa, amesi ŋutɔ nye lɔlɔ̃ Dzɔtsoƒe kple amesi ɖea lɔlɔ̃ kple ɖetsɔleme fiaa amesiwo katã tena ɖe eŋu tso dzi blibo me la gbɔ. (Yohanes I, 4:7, 8) Hakpala aɖe gblɔ be, ‘Ne fofonye ŋutɔŋutɔ kple danye ŋutɔŋutɔ gblẽm ɖi gɔ̃ hã la, Yehowa axɔm.’—Psalmo 27:10.

Yehowa ɖe eƒe lɔlɔ̃ fia mí le mɔ vovovo nu. Esiawo ƒe ɖee nye vifofo ƒe mɔfiafia si wòna le Biblia me, gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe kpekpeɖeŋu, kple kpekpeɖeŋu si Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa nana vividodoɖeameŋutɔe. (Psalmo 119:97-105; Luka 11:13; Hebritɔwo 10:24, 25) Bu alesi nunana etɔ̃ siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàtsi le lɔlɔ̃ na Mawu kple amehavi me ŋu kpɔ.

Vifofo ƒe Mɔfiafia si Tso Gbɔgbɔ Me

Be woatu kadodo si me lɔlɔ̃ le ɖo kple ame aɖe la, ahiã be míanya amea nyuie. Yehowa to nya siwo le Biblia me dzi kpe mí be míate ɖe ye ŋu. Ke hã Biblia xexlẽ ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Ele be míatsɔ eƒe nufiafiawo ade dɔwɔna me be míakpɔ eme viɖe. (Psalmo 19:8-11) Yesaya 48:17 gblɔ be, “Nye Yehowa, wò Mawu, enye amesi fia nusi nyo na wò la wò, nyee akplɔ wò to mɔ, si dzi nato la.” Ẽ, Yehowa, si ŋutɔ ƒe amenyenye enye lɔlɔ̃, fiaa nu mí be wòanyo na mí—menye kple susu be wòaxɔ ablɔɖe le mía si to se siwo mehiã hafi o dede me o.

Biblia me sidzedze vavãtɔ hã kpena ɖe mía ŋu be míatsi le lɔlɔ̃ na mía havi amegbetɔwo me. Elabena Biblia ƒe nyateƒea fiaa mí alesi Mawu bua amegbetɔwoe eye wòfiaa mí gɔmeɖose siwo akplɔ mí ne míele nu wɔm kple mía nɔewo. Nyatakaka siawo akpe ɖe mía ŋu be gɔmeɖoanyi sẽŋu nanɔ mía si si dzi míatu lɔlɔ̃ na mía haviwo ɖo. Apostolo Paulo gblɔ be: ‘Esia ŋuti medoa gbe ɖa ɖo, bena miaƒe lɔlɔ̃ la nanɔ agbɔ sɔm ɖe dzi wu le sidzedze vavãtɔ kple dzimenusese katã me.’—Filipitɔwo 1:9.

Be míawɔ alesi ‘sidzedze vavãtɔ’ ate ŋu afia mɔ ame wòaɖe lɔlɔ̃ afia nyuie ƒe kpɔɖeŋu la, bu nyateƒe si wogblɔ le Dɔwɔwɔwo 10:34, 35 ŋu kpɔ: “Mawu mekpɔa ame ŋku me o, hafi boŋ le dukɔ sia dukɔ me, amesi ke vɔ̃nɛ, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya dzea eŋu.” Ne amewo ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔ kple mawusosroɖa ŋue Mawu léa ŋku ɖo, ke menye du si me tɔ ame nye alo ameƒomevi si wònye ŋue o la, ɖe mele be míawo hã míatsɔ ameŋkumemakpɔmakpɔ ma tɔgbe ke abu mía haviwoe oa?—Dɔwɔwɔwo 17:26, 27; Yohanes I, 4:7-11, 20, 21.

Lɔlɔ̃—Mawu ƒe Gbɔgbɔ ƒe Kutsetsee

Abe alesi tsi si dzana le ɣeyiɣi nyuitɔ dzi ɖe atikutsetsebɔ dzi nana wokpɔa nuku nyuiwo ŋena ene la, nenema ke Mawu ƒe gbɔgbɔ ate ŋu ana amesiwo ɖoa to natu nɔnɔme siwo Biblia yɔ be “gbɔgbɔ ƒe kutsetse” ɖo. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Kutsetse sia ƒe vevitɔ enye lɔlɔ̃. (Korintotɔwo I, 13:13) Gake aleke míewɔna xɔa Mawu ƒe gbɔgbɔ lae? Mɔ veviawo dometɔ ɖeka enye gbedodoɖa. Ne míedo gbe ɖa bia Mawu eƒe gbɔgbɔa la, anae mí. (Luka 11:9-13) Ðe ‘nèyia edzi’ doa gbe ɖa biaa gbɔgbɔ kɔkɔea? Ne èbianɛ la, ekema ele be eƒe kutsetse xɔasiawo siwo ŋu lɔlɔ̃ kpe ɖo nanɔ dzedzem le wò agbenɔnɔ me geɖe wu.

Ke hã gbɔgbɔ bubu aɖe li si tsia tre ɖe Mawu ƒe gbɔgbɔa ŋu. Biblia yɔ esia be “xexeme ƒe gbɔgbɔ la.” (Korintotɔwo I, 2:12; Efesotɔwo 2:2) Enye ŋusẽkpɔɖeamedzi vɔ̃ɖi, eye Satana Abosam, ‘xexe sia,’ si nye ameƒomea si ɖe eɖokui ɖa tso Mawu gbɔ, ‘ƒe fia’ la gbɔe wòtso. (Yohanes 12:31) Abe ya sesẽ si lɔa ʋuʋu kple gbeɖuɖɔwo ɖe enu ene la, “xexeme ƒe gbɔgbɔ la” nyɔa dzodzro vɔ̃ siwo gblẽa lɔlɔ̃ dome hedea ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi la ɖe ame me.—Galatiatɔwo 5:19-21.

Gbɔgbɔ vɔ̃ɖi ma va sua amewo si ne woɖe mɔ le wo ɖokuiwo ŋu na ŋutilãmenudidi vivivo, ɖokuitɔdidi ƒe nukpɔsusu, kple nuvlowɔwɔ ƒe nɔnɔme, kpakple lɔlɔ̃ ƒe nukpɔsusu totrowo, kple zi geɖe lɔlɔ̃ ŋuti nukpɔsusu gbegblẽ si bɔ ɖe xexeame. Ne èdi be yeatsi le lɔlɔ̃ vavãtɔ me la, ele be nàtsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu sesĩe. (Yakobo 4:7) Ke hã mègaɖo ŋu ɖe wò ŋutɔ wò ŋusẽ ŋu o; bia Yehowa be woakpe ɖe ŋuwò. Eƒe gbɔgbɔ—si sesẽ wu ɖesiaɖe le xexeame la—ate ŋu ado ŋusẽ wò eye wòana nàkpɔ dzidzedze.—Psalmo 121:2.

Srɔ̃ Lɔlɔ̃ɖeɖefia le Kristotɔwo ƒe Nɔviwo ƒe Habɔbɔa Me

Abe alesi ko ɖeviwo srɔ̃a ame lɔlɔ̃ to eteƒekpɔkpɔ le aƒeme mee ene la, mí katã—ɖeviwo kple tsitsiawo siaa—míate ŋu atsi le lɔlɔ̃ me to hadede kple Kristotɔ bubuwo me. (Yohanes 13:34, 35) Le nyateƒe me la, dɔ vevi siwo Kristo-hamea wɔna la dometɔ ɖekae nye be wòanye afisi amewo ate ŋu ‘ade dzi ƒo na wo nɔewo le lɔlɔ̃ kple dɔ nyui wɔwɔ me’ le.—Hebritɔwo 10:24.

Amesiwo ƒe “lãme gbɔdzɔ, eye woka hlẽ” le xexeame godoo si me lɔlɔ̃ mele o me la koŋue kpɔa ŋudzedze ɖe lɔlɔ̃ sia ŋu. (Mateo 9:36) Nuteƒekpɔkpɔ ɖee fia be ƒomedodo si me lɔlɔ̃ le kpɔkpɔ le tsitsime ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòaɖu ŋusẽkpɔɖeamedzi gbegblẽ si lɔlɔ̃ si womeɖe fiae le ɖevime o kpɔ ɖe edzi la dzi. Ekema, aleke wòle vevie enye si be Kristotɔ ɖeadzɔgbewo katã naɖe dzaadoname si tso dzi blibo me afia ame yeye siwo va wo dome la!

“Lɔlɔ̃ la Nu Metsina Gbeɖe O”

Biblia gblɔ be “lɔlɔ̃ la nu metsina gbeɖe o.” (Korintotɔwo I, 13:8) Aleke nya ma nye nyateƒee? Apostolo Paulo gblɔe na mí be: “Lɔlɔ̃ la gbɔa dzi blewu, eƒe dɔme nyona; lɔlɔ̃ la meʋãa ŋu o, lɔlɔ̃ la meƒoa adegbe o, medoa eɖokui ɖe dzi glodzo o, mewɔa nusi medze o, media ye ŋutɔ tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o.” (Korintotɔwo I, 13:4, 5) Eme kɔ ƒã be lɔlɔ̃ sia menye nususukpɔ aɖe alo gotagome seselelãme aɖe ko o. Eto vovo kura—amesiwo ɖenɛ fiana nya nu tso agbe me mɔkpɔkpɔbuɖeamewo kple vevesesewo ŋu helɔ̃ ɖe wo dzi hã, gake womenana esia tsia woƒe lɔlɔ̃ na wo haviwo nu o. Lɔlɔ̃ sia nye “blibonyenye la ƒe nublanu” nyateƒe.—Kolosetɔwo 3:12-14.

Bu nyɔnuvi Kristotɔ aɖe si xɔ ƒe 17 si le Korea ŋu kpɔ. Esi wòte Yehowa Mawu subɔsubɔ la, eƒe ƒomea tsi tre ɖe eŋu eye wòle nɛ be wòaʋu le aƒea me. Gake le esi teƒe be dzi nakui la, edo gbe ɖa le nyaa ŋu eye wòna Mawu ƒe Nya kple eƒe gbɔgbɔ kpɔ ŋusẽ ɖe eƒe nukpɔsusu dzi. Esia megbe la, eŋlɔa agbalẽ na eƒe ƒomea edziedzi heɖea lɔlɔ̃ vavã si le esi na wo fiana le eƒe lɛtaawo me. Esia wɔe be foa eve va te Biblia sɔsrɔ̃ eye fifia wozu Kristotɔ ɖeadzɔgbewo. Dadaa kple tsɛa ŋutsuvi hã xɔ Biblia ƒe nyateƒea. Mlɔeba la, fofoa si tsi tre ɖe eŋu vevie hã va trɔ nɔnɔme kura. Nyɔnuvi Ðasefoa ŋlɔ bena: “Mí katã míeɖe hati Kristotɔwo, eye míaƒe ƒome si me tadeagula siwo wɔ ɖeka le ƒe xexlẽme fifiae nye 23.” Dziɖuɖu ka gbegbee nye si lɔlɔ̃ na wokpɔ!

Ðe nèdi be yeatu lɔlɔ̃ vavã ɖo ahakpe ɖe ame bubuwo ŋu be woawɔ nenema kea? Ekema trɔ ɖe Yehowa, amesi nye nɔnɔme xɔasi sia Tsoƒe ŋu. Ẽ, lé eƒe Nya me ɖe asi, do gbe ɖa nàbia gbɔgbɔ kɔkɔea, eye nàde ha kple Kristotɔwo ƒe nɔviwo ƒe habɔbɔa ɣesiaɣi. (Yesaya 11:9; Mateo 5:5) Aleke gbegbe wòdea dzi ƒo na amee nye si be woanya be eteƒe madidi o woaɖe ame vɔ̃ɖiwo katã ɖa, eye amesiwo ɖea Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ vavã fiana la koe akpɔtɔ! Nyateƒee, lɔlɔ̃e nye mɔ nyuitɔ si dzi woato akpɔ dzidzɔ kple agbe.—Psalmo 37:10, 11; Yohanes I, 3:14.

[Nɔnɔmetata si le axa 6]

Gbedodoɖa kple Mawu ƒe Nya la sɔsrɔ̃ akpe ɖe mía ŋu be míatu lɔlɔ̃ vavã ɖo