Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Amewo Subɔsubɔ Ðea Ame Ŋutɔ Ƒe Vevesese Dzi Kpɔtɔna

Amewo Subɔsubɔ Ðea Ame Ŋutɔ Ƒe Vevesese Dzi Kpɔtɔna

Agbemeŋutinya

Amewo Subɔsubɔ Ðea Ame Ŋutɔ Ƒe Vevesese Dzi Kpɔtɔna

ABE ALESI JULIÁN ARIAS GBLƆE ENE

Esime mexɔ ƒe 40 le ƒe 1988 me la, edze abe ɖe nye dɔwɔɖui nɔ dedie ene. Dukɔwo dome dɔwɔƒe aɖe ƒe alɔdze si le nutoa me ƒe amegãe menye. Le dɔ si wɔm menɔ ƒe nɔnɔme ta wona ʋu nyui aɖem, fetu si mexɔna nyo, eye nye ɔfis si le Madrid titina le Spain dzeani ale gbegbe. Dɔwɔƒea kura gblɔe flui mese be yewoaɖom manye dɔwɔƒea ƒe amegã le dukɔa me. Nyemenya kura be eteƒe madidi hafi nye agbenɔnɔ natrɔ bubui keŋkeŋ o.

LE ƑE ma ƒe ŋkeke aɖe dzi la, nye ɖɔkta gblɔ nam be ʋukamexexedɔ si nu sẽ, si nye dɔléle si womate ŋu ada o la, le ŋunye. Metɔtɔ ale gbegbe. Emegbe esi mexlẽ nu tso alesi ʋukamexexedɔ ate ŋu agblẽ nu le ame ŋui ŋu la, dzidzi ƒom ŋutɔ. * Edze abe le nye agbemeŋkeke mamlɛawo katã me la, nye agbe ɖo afɔku me ene. Aleke mawɔ akpɔ srɔ̃nye, Milagros, kple mía viŋutsu, Ismael, si xɔ ƒe etɔ̃ dzi? Aleke míate ŋu anɔ te ɖe kuxia nu dzidzedzetɔe? Esime ŋuɖoɖo kpɔkpɔ na biabia siawo nɔ fu ɖem nam vevie la, nuteɖeamedzi bubu aɖe gadzɔ ɖe dzinye.

Anɔ ɣleti ɖeka megbe tso esime nye ɖɔkta gblɔ nye dɔlélea ŋu nya nam la, nye dɔdzikpɔla yɔm ɖe eƒe ɔfis hegblɔ nam be dɔwɔƒea hiã na “amesiwo ƒe dzedzeme nya kpɔ nyuie.” Eye ame aɖe si ŋu dɔléle gblẽnu sia le—ne edze egɔme teti kura gɔ̃ hã—ƒe dzedzeme mesɔ kple esi dim dɔwɔƒea le o. Eyata nye amegã gblɔ nam enumake be nyemate ŋu agawɔ dɔ le dɔwɔƒea o. Nye dɔwɔɖuia ɖe wòwu enu keŋ ɖe afima nublanuitɔe nye ema!

Medze agbagba be maɖe dzideƒo afia ne mele nye ƒomea gbɔ, gake medina vevie be manɔ ɖokuinye si, abu nɔnɔme yeye si me mele fifia ŋu, ahade ŋugble le nye etsɔme ŋu. Medze agbagba vevie be maɖu blanuiléle ƒe seselelãme si nu nɔ sesẽm ɖe menye la dzi. Nusi tena ɖe dzinye vevie enye be, mezu wɔnamanɔŋutɔ le nye dɔwɔƒea ŋkume enumake.

Ŋusẽkpɔkpɔ le Gbɔdzɔgbɔdzɔ Me

Dzidzɔtɔe la, le blanuiléɣi sia la, mate ŋu atrɔ ɖe ŋusẽdoametsoƒe geɖe ŋu. Meva zu Yehowa Ðasefo le ƒe 20 siwo do ŋgɔ me. Eyata medo gbe ɖa na Yehowa vevie tso nye seselelãmewo kple nye dzitsitsi ɖe etsɔme ŋu la ŋuti. Srɔ̃nye si hã nye haxɔsetɔ doa ŋusẽm vevie, eye xɔ̃nye kplikplikpli aɖewo ƒe dɔmenyonyo kple veveseɖeamenu si woɖe fiam la wu gbɔgblɔ.—Lododowo 17:17.

Ðetsɔtsɔ le amewo ƒe nuhiahiãwo me hã kpe ɖe ŋunye. Medi vevie be makpɔ vinyeŋutsuvia dzi nyuie, afia nui, afe kplii, ahana hehee le gbeƒãɖeɖedɔa me. Eyata mele be mana ta o. Gakpe ɖe eŋu la, hamemegãe menye le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo dometɔ ɖeka me, eye Kristotɔ nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le hamea me hiã nye kpekpeɖeŋu. Ne nye fukpekpea na be nye xɔse gbɔdzɔ ɖe, ke kpɔɖeŋu ka ɖom mele ɖi na amewo?

Nyateƒee wònye be nye agbenɔnɔ trɔ le ŋutilã me kple ganyawo gome—egblẽ nu ŋutɔ le go aɖewo me gake ena nye agbe nyo ɖe edzi le go bubuwo hã me. Mese ɖɔkta aɖe gblɔ kpɔ be: “Dɔléle megblẽa nu le ame ŋu o; ɖe wòtrɔa ame ƒe nɔnɔme boŋ.” Eye menyae be menye nu madeamedziwo sɔŋ ye tɔtrɔ siwo katã dɔlélea he vɛ la nye o.

Gbãtɔ enye be, ‘ŋù si le nye ŋutilã me’ kpe ɖe ŋunye be mesea amewo ƒe lãmesẽkuxiwo kple nɔnɔme si me tom wole gɔme nyuie wu. (Korintotɔwo II, 12:7) Mese nya siwo wogblɔ ɖe Lododowo 3:5 gɔme nyuie fifia wu tsã, be: “Ðo ŋu ɖe Yehowa ŋu tso dzi blibo me, ke megaɖo dzi ɖe wò gɔmesese ŋu o.” Ƒo wo katã ta la, nɔnɔme si me mele fifia na mese nusi le vevie wu le agbe me kple nusi naa dzidzeme vavãtɔ ame kpakple asixɔxɔ dede ame ɖokui ŋu gɔme nyuie wu. Nu geɖe ŋutɔ li si magate ŋu awɔ le Yehowa ƒe habɔbɔa me. Mese Yesu ƒe nya siwo nye, “Nana enye yayra wu xɔxɔ” gɔme nyuie azɔ.—Dɔwɔwɔwo 20:35.

Agbe Bubu Nɔnɔ

Esi wode dzesi nye dɔlélea megbe kpuie la, wokpem be made numedzrokpekpe aɖe le Madrid, afisi wofiaa nu Kristotɔ lɔlɔ̃nu faa dɔwɔlawo le be woatu kadodo nyuie ɖo ɖe atikewɔlawo kple Ðasefo siwo nye dɔnɔwo dome. Emegbe lɔlɔ̃nu faa dɔwɔla mawo va zua Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti me tɔwo. Le gonyeme la, numedzrokpekpe ma va pɛpɛpɛ ɖe ɣeyiɣi nyuitɔ dzi. Meke ɖe dɔ si nyo wu ŋu, esi ana dzidzeme geɖem wu dɔwɔɖui bubu ɖesiaɖe.

Wogblɔ na mí le numedzrokpekpea me be Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti yeye siwo woɖo ƒe dɔe nye be woanɔ kɔdziwo srãm kpɔ, abia gbe ɖɔktawo, eye woaɖe nu me na lãmesẽdɔwɔlawo, kple taɖodzinu be woawɔ nu aduadu kpli mí be nyaʋiʋliwo manɔ mo dom ɖa o. Kɔmitiawo kpena ɖe wo nɔvi Ðasefowo ŋu be woakpɔ ɖɔkta si alɔ ada dɔ na wo ʋumazãmazãe. Esi nyemenya naneke tso dɔdada ŋu o ta la, nu geɖe ŋutɔ li si wòle be masrɔ̃ tso dɔdada me nyagbewo, se siwo dzi wowɔna ɖo le atikewɔnyawo me, kple alesi wokpɔa kɔdzi nyawo gbɔe ŋu. Ke hã, le numedzrokpekpe ma megbe la, metrɔ yi aƒeme kple taɖodzinu yeye, kpakple dɔdasi yeye si do dzidzɔ nam geɖe, si ŋu wodzram ɖo la gɔmedzedze.

Kɔdzi ƒe Sasrãkpɔwo​—Dɔ si Na Mekpɔ Dzidzeme

Togbɔ be dɔlélea nɔ nu gblẽm le ŋunye eye wòna ŋusẽ nɔ vɔvɔm le ŋunye hã la, Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia me tɔ nyenye ƒe agbanɔamedzi si nɔ dzinye ya nɔ dzidzim ɖe edzi. Wonɔ nugblẽfe si woxena na nuwɔametɔ siwo mate ŋu awɔ dɔ o xem nam, eye esia wɔe be ɣeyiɣi nɔ asinye metsɔ srãa kɔdziwo kpɔna. Togbɔ be womexɔ mí ɣeaɖewoɣi nyuie o hã la, sasrãkpɔ siawo wɔwɔ va nɔ bɔbɔe eye wònɔ vi ɖem wu alesi mesusui. Togbɔ be bunɔkeke mee menɔna fifia hã la, esia menyea mɔxenu gã aɖeke nam o. Mewɔa sasrãkpɔa kple kɔmitia me tɔ aɖe ɣesiaɣi. Gakpe ɖe eŋu la, mesesẽ na ɖɔktawo be woaƒo nu kple amesiwo le bunɔkekewo me o, eye ɣeaɖewoɣi la, edzena abe woɖoa tom vevie hedea bubu ŋunye ene ne wokpɔ agbagba si medze hafi va srã wo kpɔ.

Le ƒe ewo siwo va yi me la, mesrã ɖɔkta alafa geɖe kpɔ. Wo dometɔ aɖewo lɔ̃ faa tso gɔmedzedzea me ke be yewoakpe ɖe mía ŋu. Ðk. Juan Duarte—si nye dzikola le Madrid, amesi dea bubu deto dɔnɔwo ƒe dzitsinya ŋu—lɔ̃ enumake be yeakpe ɖe mía ŋu. Tso ɣemaɣi la, eko Ðasefo siwo wu 200 le Spain ƒe akpa geɖe eye mezã ʋu le dɔdada na wo me o. Esi ƒeawo va nɔ yiyim la, ɖɔkta geɖewo dze dɔdada na amewo ʋumazãmazãe gɔme. Míaƒe sasrãkpɔ edziedzi wɔ akpa aɖe le ɖɔktawo ƒe ʋumazãmazã me, gake ŋgɔyiyi siwo wɔm wole le atikewɔnyawo me kple vi siwo ɖem ʋumazãmazã le le dɔdada me hã gbɔe wòtso be wo dometɔ geɖe le tɔtrɔ sia wɔm. Eye míeka ɖe edzi be Yehowa yra míaƒe agbagbadzedzewo.

Nusi de dzi ƒo nam vevie enye alesi dzikola aɖewo siwo de ŋgɔ le dɔdada na ɖeviwo me wɔ nui. Le ƒe eve me la, míenɔ ƒuƒoƒo aɖe si me amekola eve kple woƒe ɖɔkta siwo dea ame alɔ̃ me le la srãm kpɔ. Míetsɔ agbalẽ si ɖe nusi wɔm ɖɔkta bubuwo le le dɔdada na amewo le mɔ sia nu me na wo. Viɖe gã aɖe do tso míaƒe agbagbadzedzewo me le ƒe 1999 me, esime wonɔ Atikewɔlawo ƒe Numekutakpekpe le Ðeviwo ƒe Dzi Koko Ŋu wɔm. Amekola eveawo—siwo wɔ dɔ le amekola si tso England si hã lɔ̃ ɖe míaƒe nyametsotsoa dzi ƒe mɔfiafia te—te ŋu wɔ dɔ na vidzĩ Ðasefo aɖe esi wòhiã be woatrɔ asi le eƒe ʋuka gãtɔ si me ʋu sina tona tso dzia gbɔ ŋu. * Mekpɔ dzidzɔ kple ɖevia dzilawo esime amekolawo dometɔ ɖeka do go tso amekoxɔa me va gblɔ na mí be yewokpɔ dzidzedze le ɖevia koko me eye be yewowɔ ɖe ƒomea ƒe dzitsinya dzi. Fifia la, ɖɔkta eve siawo lɔ̃na faa wɔa dɔ na dɔnɔ siwo nye Ðasefowo edziedzi le Spain dukɔa katã me.

Nusi doa dzidzɔ nam vevie le nɔnɔme mawo mee nye alesi mede dzesii be mate ŋu akpe ɖe nɔvinye Kristotɔwo ŋu. Zi geɖe la, enyea nɔnɔme sesẽwo le nɔviwo ƒe agbe me ne wòva hiã be woate ɖe Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmiti ŋu. Wodzea ŋgɔ amekoko ƒe kuxiwo, eye ɖɔkta siwo le kɔdzi siwo le wo gbɔ melɔ̃na alo mate ŋu ada dɔa na wo ʋumazãmazãe o. Gake ne nɔviawo nya be amekola siwo sea nu gɔme na mí siwo nya nu tso amekoko ƒe mɔnu vovovowo ŋu le yewo gbɔ le Madrid la, ewɔnɛ be woƒe dzi dzea eme ŋutɔ. Mede dzesii be nɔviŋutsu aɖe ƒe dzimaɖitsitsi trɔ zu dzidzeme esi wòkpɔ be míeva ye gbɔ le kɔa dzi.

Akpa si Ʋɔnudrɔ̃lawo Kple Gɔmeɖose Siwo le Atikewɔnyawo me Wɔna

Le nyitsɔ laa ƒewo me la, Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitiwo dea ʋɔnudrɔ̃lawo hã gbɔ. Le sasrãkpɔ mawo me la, míenaa agbalẽ aɖe si ƒe tanyae nye Family Care and Medical Management for Jehovah’s Witnesses, (Yehowa Ðasefowo ƒe Ƒomewo Ta Kpɔkpɔ Kple Atikewɔnyawo) si ŋu wotrɔ asi le nyuie be woatsɔ ana nyanya ʋɔnudrɔ̃lawo le míaƒe nukpɔsusu le ʋudodo ŋu kple atike bubu siwo li woazã ɖe ʋu teƒe ŋu. Sasrãkpɔ siawo hiã ŋutɔ elabena ɣeaɖewoɣi la, enye nusi bɔ le Spain be ʋɔnudrɔ̃lawo naɖe gbe na ɖɔktawo be woado ʋu na dɔnɔ siwo ƒe dzitsinya meɖe mɔ na wo nenema hafi o.

Ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe nɔƒewo nyea xɔ gã nyadriwo, eye mebu ɖokuinye ame maɖinui esi menɔ nye bunɔkekea me nɔ xɔdomemɔa tom yina ɖe wo gbɔ. Nusi gagblẽ nu kura enye afɔku sue aɖe si dzɔ si wɔe be mege le nye kekea me hetɔ klo anyi. Ʋɔnudrɔ̃lawo kple senyala ʋɛ aɖewo siwo kpɔ nɔnɔme sesẽ si me tom menɔ la va kpe ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe, ke hã ŋu kpem ŋutɔ le wo ŋku me.

Togbɔ be ʋɔnudrɔ̃lawo menya nusi tututu ta míeva wo gbɔ ɖo o hã la, wo dometɔ geɖe wɔ nu ɖe mía ŋu lɔlɔ̃tɔe. Ʋɔnudrɔ̃la gbãtɔ si gbɔ míeyi la nɔ ŋugble dem le míaƒe nukpɔsusua ŋu xoxo, eye wògblɔ be yedi be yeaɖo dze geɖe kpli mí tso eŋu. Esi míegayi egbɔ le ɣeyiɣi bubu dzi la, eya ŋutɔ kum le nye kekea me yi eƒe ɔfis eye wòɖo to míaƒe numeɖeɖea tsitotsito. Nusi do tso sasrãkpɔ gbãtɔ sia me de dzi ƒo na mía kple nye zɔhɛwo be míaɖu vɔvɔ̃ si nɔ mía me dzi, eye eteƒe medidi hafi míekpɔ emetsonu nyui bubuwo teƒe o.

Le ƒe ma ke me la, míena Family Care ƒe kɔpi ʋɔnudrɔ̃la bubu si xɔ mí nyuie eye wògblɔ na mí be yeaxlẽ emenyawo. Menae nye telefon xexlẽdzesi ale be wòate ŋu aƒo ka ne nya kpata aɖe dzɔ si me wòahiã míaƒe numekɔkɔ. Le kwasiɖa eve megbe la, eyɔm gblɔ nam be amekola aɖe si le nutoa me bia tso ye si be yeaɖe gbe woado ʋu na Ðasefo aɖe si wòhiã be woako. Ʋɔnudrɔ̃la la gblɔ na mí be yedi be míakpe ɖe ye ŋu le nya la gbɔ kpɔkpɔ me ale be woawɔ ɖe Ðasefoa ƒe didi be woagado ʋu na ye o dzi. Míekpe fu boo aɖeke hafi kpɔ amekola bubuwo le kɔdzi bubu aɖe o, afisi wolɔ̃ ko nɔvia le ʋumazãmazã dzidzedzetɔe. Ʋɔnudrɔ̃la la kpɔ dzidzɔ ɖe esia ŋu eye wòka ɖe edzi na mí be yeakpɔ nya sia ƒomevi si ado mo ɖa le etsɔme hã gbɔ nenema ke.

Esi míedi be ɖɔktawo nabu dɔnɔwo ƒe gomenɔamesiwo kple dzitsinya ŋu hafi ada dɔ na wo ta la, nyabiabia siwo ku ɖe se siwo dzi wowɔna ɖo le atikewɔnyawo me ŋu fɔna ɖe te zi geɖe esime menɔ kɔdzi ƒe sasrãkpɔwo wɔm. Kɔdzi aɖe si le Madrid si lɔ̃ ɖe míaƒe nukpɔsusuwo dzi kpem be mava kpɔ gome le nufiameɖoɖo aɖe si wonɔ wɔwɔm ku ɖe se siwo dzi wowɔna ɖo le atikewɔnyawo me ŋu la me. Numedzodzro sia na be megblɔ míaƒe nukpɔsusu si míetu ɖe Biblia dzi na ame geɖe siwo nya nu nyuie tso atikewɔnyawo ŋu. Ekpe ɖe ŋunye hã be mese nyametsotso sesẽ geɖe siwo wòahiã be ɖɔktawo nawɔ la gɔme.

Nusɔsrɔ̃a ƒe nufialawo dometɔ ɖeka, Nufialagã Diego Gracia, wɔa atikewɔnya me sewo ƒe nusɔsrɔ̃ edziedzi na ɖɔkta siwo le Spain eye wòva zu amesi lɔ̃ ɖe míaƒe ʋumadomado ƒe nyametsotso si ŋu míenya nu tsoe hafi wɔ dzi vevie. * Míaƒe numedzodzro kple Nufialagã Gracia edziedzi wɔe be wòva hiã be woakpe Yehowa Ðasefowo ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Spain teƒenɔlawo be woava ɖe míaƒe nyametsotso ku ɖe ʋu ŋu me na Nufialagã la ƒe nusrɔ̃vi siwo xɔ hehe wu nu, amesiwo wobuna le dukɔa me be wonye ɖɔkta siwo nya woƒe dɔ nyuie wu.

Tenɔnɔ Ðe Agbemekuxiwo Nu

Nyateƒee wònye be dɔ sia si naa dzidzeme ame si wɔm mele ɖe haxɔsetɔwo ta mekpɔ nye agbemekuxiwo katã gbɔ ya o. Nye dɔlélea nu le sesẽm ɖe edzi madzudzɔmadzudzɔe. Gake dzidzɔtɔe la, nye susu ya le ŋute. Akpe na srɔ̃nye kple vinyeŋutsu siwo metoa nyatoƒoe o, mete ŋu gatsɔa nye agbanɔamedziwo kokoko. Nyemate ŋu awɔ esia woƒe kpekpeɖeŋu kple alɔdodo manɔmee o. Nyemete ŋu tua nye atalegbe nugbuiawo alo doa nye awudziwui o. Mesea vivi le gbeƒãɖeɖe me le Memleɖa ɖesiaɖe eye vinyeŋutsu Ismael tutuam le nye kekea me ale be mate ŋu aƒo nu na aƒemenɔla vovovowo. Eye mete ŋu gawɔa nye hamemegã dɔwo kokoko le hamea me.

Meto ɣeyiɣi sesẽwo me le ƒe 12 siwo va yi me. Ɣeaɖewoɣi la, ne mebu alesi nye nuwɔametɔnyenye gblẽ nu le nye ƒomea ŋui ŋu la, etena ɖe dzinye wu nye dɔlélea ŋutɔ gɔ̃ hã. Menya be wole fu kpem togbɔ be womegblɔnɛ o hã. Lɔ̃xonye kple fofonye ku le ƒe ɖeka me eteƒe medidi boo o. Le ƒe ma me ke la, mede dzesii be nyemate ŋu ayi teƒe aɖeke bunɔkekea mazãmazãe o. Fofonye si nɔ míaƒe aƒeme ku esi dɔléle sesẽ bubu aɖe dze eya hã dzi. Milagros, si nɔ be lém nɛ, se le eɖokui me abe nusi ava dzɔ ɖe dzinye le etsɔme teƒe kpɔmee wònɔ ene.

Togbɔ be míele fua kpem ɖekae hã la, enye dzidzɔ be ɖekawɔwɔ kpɔtɔ le míaƒe ƒomea me. Nye ɖoƒe trɔ tso amegãnɔƒe va ɖo bunɔkeke me nɔƒe, ke hã nye agbenɔnɔ nyo ɖe edzi fifia wu tsã elabena metsɔe le amewo subɔm bliboe. Amewo subɔsubɔ ate ŋu aɖe vevesese dzi akpɔtɔ, eye Yehowa wɔa ŋugbe si wòdo be yeado ŋusẽ mí le xaxaɣi la dzi. Abe Paulo ene la, mate ŋu agblɔ kakaɖedzitɔe be: “Metea ŋu wɔa nuwo katã le Kristo, amesi doa ŋusẽm la me.”—Filipitɔwo 4:13.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

^ mm. 5 Ʋukamexexedɔ nye dɔléle si gblẽa nu le lãmenusese ŋu. Egblẽa nu hã le ame ƒe tenɔnɔ, abɔwo kple afɔwo zãza, kple ɣeaɖewoɣi le ame ƒe nukpɔkpɔ, nuƒoƒo, alo nugɔmesese ŋu vivivi.

^ mm. 19 Woyɔa amekoko sia be Ross procedure.

^ mm. 27 Kpɔ Gbetakpɔxɔ, February 15, 1997, axa 19-20.

[Aɖaka si le axa 24]

Viŋutsua ƒe Nukpɔsusu

Fofonye ƒe dzidodo kple gbɔgbɔ me nukpɔsusu nyui si le esi la nye kpɔɖeŋu nyui aɖe nam, eye mesenɛ le ɖokuinye me be mele akpa vevi aɖe wɔm nɛ ne mele etutum le kekea me. Menyae be menye nusianu si melɔ̃e mate ŋu awɔ ɣesiaɣi o. Ƒewuivie menye fifia, gake ne metsi la, nye hã madi be manye Kɔdzi Kadododzikpɔkɔmitia me tɔ. Biblia me ŋugbedodowo na menya be fukpekpewo manɔ anyi ɖaa o eye be nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu geɖewo li siwo le fu kpem wu mí.

[Aɖaka si le axa 24]

Srɔ̃nyɔnua ƒe Nukpɔsusu

Abe srɔ̃nyɔnu ene la, mekpɔe be esesẽ—le susu, seselelãme, kple ŋutilã me—be nànɔ anyi kple srɔ̃wò si le ʋukamexexedɔ lém. Ehiã be mada asɔ le nusi meɖo be mawɔ me eye be maɖoe koŋ adzudzɔ dzimaɖitsitsi ɖe etsɔme ŋu si mehiã o. (Mateo 6:34) Ke hã fukpekpe me toto ate ŋu ana ame naɖe eƒe nɔnɔme nyuiwo afia. Míaƒe srɔ̃ɖekadodo me va sẽ wu tsã, eye mía kple Yehowa dome ƒomedodo me va le kplikplikpli wu. Ame bubu siwo le nɔnɔme sesẽ siawo tɔgbe me tom ƒe agbemeŋutinyawo hã do ŋusẽm geɖe ŋutɔ. Dzidzeme si su Julián si ɖe nɔviawo subɔsubɔ ta su nye hã asinye, eye mekpɔe dze sii be togbɔ be ŋkeke ɖesiaɖe ate ŋu ahe kuxi bubu vɛ hã la, Yehowa megblẽa mí ɖi o.

[Nɔnɔmetata si le axa 22]

Srɔ̃nye doa ŋusẽm geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Esi menɔ dze ɖom kple dzikola Ðk. Juan Duarte

[Nɔnɔmetata si le axa 25]

Mía kple vinyeŋutsu míesea vivi le dɔwɔwɔ ɖekae le gbeadzi me