Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ

Nukatae woyɔ Satana le Hebritɔwo 2:14 (NW) be “amesi te ŋu wua ame”?

Kpuie ko la, Paulo nɔ fiafiam be Satana ŋutɔ ate ŋui alo ate ŋu ato eƒe dɔlawo dzi ahe ku ava amegbetɔwo dzi. Ema tae Yesu gblɔ le Satana ŋu be “amewula wònye tso gɔmedzedzea.”—Yohanes 8:44.

Tɔtɔ ate ŋu ado mo ɖa ku ɖe Hebritɔwo 2:14 ŋu le alesi gbegɔmeɖeɖe aɖewo ɖe emee ta, si gblɔ be “ku ƒe ŋusẽ” le Satana si alo “kpɔ ŋusẽ ɖe ku dzi.” (King James Version; Revised Standard; New International Version; Jerusalem Bible) Gɔmeɖeɖe siawo ate ŋu ana wòadze abe ɖee ŋusẽ si seɖoƒe meli na o ye le Satana si be wòate ŋu awu amesiame si wòlɔ̃ ene. Gake eme kɔ ƒã be menye aleae nyaa le o. Ne aleae wòle la, anye ne etsrɔ̃ Yehowa subɔlawo vɔ ɖa le anyigba dzi gbaɖegbe ke.—Mose I, 3:15.

Helagbe me nya si gɔme woɖe le gbegɔmeɖeɖe aɖewo me be “kpɔ ŋusẽ ɖe ku dzi” kple “amesi te ŋu wua ame” le New World Translation me lae nye “kraʹtos tou tha·naʹtou.” Tou tha·naʹtou nye nyagbɔgblɔ ƒomevi aɖe si fia “ku.” Zi geɖe la, Kraʹtos fia “ŋusẽ, alo ŋutete.” Le Theological Dictionary of the New Testament ƒe numeɖeɖe nu la, efia “ŋusẽ ƒe anyinɔnɔ alo alesi wòɖe dzesii ke menye alesi wozãe o.” Eyata, le Hebritɔwo 2:14 la, Paulo menɔ fiafiam be ŋusẽ si seɖoƒe meli na o ye le Satana si ɖe ku dzi o. Ke boŋ ele asi fiam ŋutete si le Satana si be wòate ŋu awu ame.

Mɔ kawo nue Satana tona ‘hea ku vɛ’? Le Hiob ƒe agbalẽa me la, míexlẽ nu le nudzɔdzɔ aɖe si le etɔxɛ le mɔ aɖe nu ŋu. Ŋutinyaa gblɔ be Satana zã ahomya ‘tsɔ wu’ Hiob ƒe viwoe. Gake de dzesii be, Satana te ŋu wɔ esia le Mawu ƒe mɔɖeɖe dzaa ko ta, eye wona mɔe elabena wole nya vevi aɖe gbɔ kpɔm. (Hiob 1:12, 18, 19) Ke hã, Satana mete ŋu wu Hiob ŋutɔ ya o. Womeɖe ema ƒe mɔ nɛ o. (Hiob 2:6) Esia fia be togbɔ be Satana te ŋu wu nuteƒewɔla aɖewo ɣeaɖewoɣi hã la, mehiã be míavɔ̃ be ate ŋu aɖe míaƒe agbe ɖa ɣesiaɣi si dze eŋu o.

Satana toa amegbetɔwo hã dzi wua amewo. Esia wɔe be Kristotɔ geɖewo ku le woƒe xɔse ta, nuvlowɔha siwo do dɔmedzoe ye wu wo dometɔ aɖewo loo alo dziɖuɖumegãwo alo ʋɔnudrɔ̃la nufitifitiwɔlawo ɖe gbe be woawu wo madzemadzee.—Nyaɖeɖefia 2:13.

Gakpe ɖe eŋu la, Satana toa amegbetɔ ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo dzi wua amewo ɣeaɖewoɣi. Le keke Israel-viwo ŋɔli ke la, nyagblɔɖila Bileam ɖo aɖaŋu na Moabtɔwo be woable Israel-viwo nu be ‘woatrɔ aʋu le Yehowa yome.’ (Mose IV, 31:16) Esia na Israel-vi 23,000 kple edzivɔwo ku. (Mose IV, 25:9; Korintotɔwo I, 10:8) Nenema ke ame aɖewo dzea Satana ƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” me egbea wòblea wo dea gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ alo mawumavɔ̃mavɔ̃ ƒe nuwɔna bubuwo me. (Efesotɔwo 6:11) Nyateƒee, amesiawo mekuna enumake ya o. Gake woate ŋu abu agbe mavɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa, eye le mɔ ma nu la, Satana wu wo.

Togbɔ be míenya be ŋutete le Satana si be wòawɔ nuvevi ame hã la, mele be míavɔ̃ nɛ yakatsyɔ o. Esi Paulo gblɔ be Satana te ŋu wua ame la, egagblɔ kpee be Kristo ku ale be ‘wòaɖi gbɔ Satana eye wòaɖe amesiwo katã nɔ kluvinyenye me to vɔvɔ̃ na ku me le woƒe agbenɔɣiwo katã me.’ (Hebritɔwo 2:14, 15) Ẽ, Yesu xe tafea eye wòto esia me ɖe ameƒomea si xɔ edzi se la tso nuvɔ̃ kple ku ƒe kluvinyenye me.—Timoteo II, 1:10.

Nyateƒee, nya sia nana woyia ŋugble me ʋĩ be woase be Satana te ŋu hea ku vɛ, ke hã kakaɖedzi le mía si be Yehowa ate ŋu agbugbɔ aɖe nu vevi ɖesiaɖe si Satana kple eƒe dɔlawo awɔ mí la ɖa. Yehowa ka ɖe edzi na mí be Yesu si wofɔ ɖe tsitre la ‘agblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.’ (Yohanes I, 3:8) To Yehowa ƒe ŋusẽ me la, Yesu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye to esia wɔwɔ me la, aɖe ku ŋutɔ ɖa. (Yohanes 5:28, 29) Mlɔeba la, Yesu aɖe Satana ƒe ŋusẽa ƒe seɖoƒe afia le mɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe nu ne edee aʋli me. Ɣemaɣi Satana aɖo afisi wòatsrɔ̃e ɖa tegbee azɔ.—Nyaɖeɖefia 20:1-10.