Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Míehiã Na Ame Bubuwo Nyateƒea?

Ðe Míehiã Na Ame Bubuwo Nyateƒea?

Ðe Míehiã Na Ame Bubuwo Nyateƒea?

ALBERT EINSTEIN, si nye dzɔdzɔmeŋutinunyala xɔŋkɔ, gblɔ be: “Ne míelé ŋku ɖe míaƒe agbenɔnɔ kple agbagbadzedzewo ŋu la, míedea dzesii enumake be míaƒe nuwɔna kple dzodzrowo katã kloe de nu amegbetɔ bubuwo ƒe anyinɔnɔ me.” Egblɔ kpee be: “Míeɖua nuɖuɖu siwo tso amewo ƒe agble me, míedoa awu siwo amewo tɔ henɔa aƒe siwo amewo tso me. . . . Amesi ame nye lae wònye eye asixɔxɔ si le eŋu lae le eŋu menye le amesi ƒomevi wònye nu o, ke boŋ abe amegbetɔƒome gã aɖe, si kpɔa ŋusẽ ɖe eƒe ŋutilã me kple gbɔgbɔ me gbenɔnɔ dzi tso edziɣi vaseɖe eƒe ku me la, me tɔ ene.”

Le lãwo gome la, enye nusi le bɔbɔe be woakpɔ alesi lãmenusenuwo tea wo ƒoa ƒui la adze sii. Atiglinyiwo zɔna le ha me eye woƒe ŋku nɔa wo viwo ŋu nyuie. Dzatanɔwo dea ade ɖekae hemaa nusi wolé la kple atsuawo. Ƒumehawo fena ɖekae eye woɖe lã bubuwo alo tsiƒulawo gɔ̃ hã tso afɔku me.

Gake le amegbetɔwo dome la, hadomegbenɔnɔ ŋuti nunyalawo de dzesi nɔnɔme aɖe si naa amewo tsia dzi. Nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si wota le Mexico gblɔ be, dzɔdzɔmeŋutinunyala aɖewo bui be “ƒe gbogbo si amewo tsɔ ɖe wo ɖokuiwo ɖe aga kpakple nɔvisiléle si yi to le nutowo me la gblẽ nu geɖe le amesiwo le United States ŋu.” Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ be “dukɔa ƒe nyonyo nɔ te ɖe tɔtrɔ gã si wòle be woawɔ le hadomegbenɔnɔ me, si lɔ nɔvisiléle ɖoɖo te ake le nutowo me ɖe eme dzi.”

Kuxi sia bɔ ɖe dukɔ deŋgɔ me tɔwo koŋ dome. Didi be woaɖe ame ɖokui ɖe aga nye nusi va le dzidzim ɖe edzi kabakaba ŋutɔ. Amewo di be ‘yewoanɔ yewo ɖokui si’ eye wotsri kura be ame bubuwo ‘nade nu yewo ƒe nya me.’ Wogblɔ be nɔnɔme sia na seselelãme kuxiwo, blanuiléle, kple ameɖokuiwuwu va le fu ɖem na amegbetɔƒomea bɔbɔe.

Le esia ta, Ðk. Daniel Goleman gblɔ be: “Ameɖokui ɖeɖe ɖe aga le hadome—si nye ebubu be ame aɖeke mele ame si wòagblɔ eƒe dzimenyawo na alo ade ha kpli kplikplikpli o—dzia alesi ame ate ŋu alé dɔ alo aku bɔbɔe ɖe edzi zi gbɔ zi eve.” Nyatakaka aɖe si wota ɖe Science magazine me ƒo nya ta be ameɖokui ɖeɖe ɖe aga le hadome ‘te ŋu wua ame bɔbɔe abe alesi ko wòle le atamanono ƒe numame, ʋusɔgbɔdɔ, ʋumemisɔgbɔdɔ, lolo akpa, kple kamemademade hã gomee ene.’

Ekema susu vovovowo tae míehiã na ame bubuwo vevie ɖo. Míate ŋu anɔ mía ɖokui si o. Eyata aleke woate ŋu akpɔ ameɖokui ɖeɖe ɖe aga ƒe kuxia gbɔe? Nukae na gɔmesese vavã ɖo ame geɖe ƒe agbe ŋu? Nyati si kplɔe ɖo aɖo biabia siawo ŋu.

[Nɔnɔmetata si le axa 3]

“Míaƒe nuwɔna kple dzodzrowo katã kloe de nu amegbetɔ bubuwo ƒe anyinɔnɔ me.”—Albert Einstein