Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nènye Amesi ‘Lalanaa?’

Ðe Nènye Amesi ‘Lalanaa?’

Ðe Nènye Amesi ‘Lalanaa?’

“Ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie.”—PETRO II, 3:11, 12.

1, 2. Aleke míate ŋu awɔ Yehowa ƒe ŋkekea ‘lala’ ƒe kpɔɖeŋui?

KPƆ ƒome aɖe si le mɔ kpɔm na amedzrowo be woava ɖu fiẽnu kpli yewo la le susu me ɖaa. Ɣeyiɣi si wòle be woava ɖo la le dedem kabakaba ŋutɔ. Srɔ̃nyɔnua ƒe ŋku biã vevie ɖe nu mamlɛawo gbɔ kpɔkpɔ ŋu. Srɔ̃aŋutsua kple wo viwo le kpekpeɖeŋu nam be woakpɔ egbɔ be nusianu sɔ gbe. Dzi le amesiame dzɔm. Ẽ, ƒome bliboa le amedzroawo lalam vevie hele ta mim ɖe nuɖuɖu vivia ŋu hele mɔ kpɔm na hadede nyui aɖe.

2 Abe Kristotɔwo ene la, míele nane si le vevie wu la lalam. Nukae? Mí katã míele ‘Yehowa ƒe ŋkeke la’ lalam! Vaseɖe esime wòava la, ehiã be míanɔ abe nyagblɔɖila Mixa ene, amesi gblɔ be: “Matsa ŋu na Yehowa, eye makpɔ Mawu, nye xɔnametɔ sinu.” (Mixa 7:7) Ðe ema fia be woanɔ anyi ade asi ata mea? Ao. Dɔ geɖe li míawɔ.

3. Le Petro II, 3:11, 12 ƒe nya nu la, nɔnɔme kae wòle be wòanɔ Kristotɔwo si?

3 Apostolo Petro kpe ɖe mía ŋu be nɔnɔme nyuitɔ nanɔ mía si esime míele lalam. Egblɔ be: “Ameka ƒomeviwo wòle na mi be, mianye le anyinɔnɔ kɔkɔe kple mawusosroɖa me, eye mialala, eye miadi Mawu ƒe ŋkeke la ƒe vava vevie”! (Petro II, 3:11, 12) De dzesii be menye ɖe Petro meka ɖe amesi ƒomevi wòle be míanye dzi le afisia o. Le eƒe lɛta eve siwo tso Mawu ƒe gbɔgbɔ me me la, eɖɔ amesiwo ƒomevi wòle be Kristotɔwo nanye. Exlɔ̃ nu wo hã be woayi edzi ‘anɔ agbe kɔkɔe ahawɔ nu le mawusosroɖa me.’ Togbɔ be ƒe 30 lɔƒo va yi tso esime Yesu Kristo gblɔ “xexeame ƒe nuwuwu” ƒe dzesia hã la, mele be Kristotɔwo naɖe ŋu ɖi o. (Mateo 24:3) Ele be woanɔ Yehowa ƒe ŋkekea ‘lalam eye wòanɔ susu me na wo vevie.’

4. Nukae ‘Yehowa ƒe ŋkeke la ƒe vava si anɔ susu me na mí vevie’ lɔ ɖe eme?

4 Helagbe me nya si gɔme woɖe le afisia be ‘wòanɔ susu me vevie’ la fia le nyaa ŋutɔŋutɔ nu be “do tsɔtsɔe.” Le nyateƒe me la, míate ŋu ‘ado tsɔtsɔe’ Yehowa ƒe ŋkekea ŋutɔŋutɔ o. Ema tae míenya “ŋkeke la alo gaƒoƒo” si Yesu Kristo ahe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava Fofoa ƒe futɔwo dzi o ɖo. (Mateo 24:36; 25:13) Numekugbalẽ aɖe ɖe nu me be dɔwɔnya si me woɖe nya “do tsɔtsɔe” tsoe le afisia gɔmee nye “‘woanɔ kplakplakpla dzi’ eye le esia ta edo ƒome kplikplikpli kple ‘veviedodonu, dzotsɔtsɔɖenuŋu, ɖetsɔtsɔ le nane me.’” Eyata Petro nɔ nu xlɔ̃m haxɔsetɔwo be woadi Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava vevie. Woate ŋu awɔ esia to eléle ɖe susu me ɣesiaɣi me. (Petro II, 3:12) Esi “Yehowa ƒe ŋkeke gã dziŋɔ la” tu aƒe ŋutɔ fifia la, ele be tamesusu ƒe nɔnɔme sia ke nanɔ mía si.—Yoel 3:4.

Tsɔ ‘Agbe Kɔkɔe Nɔnɔ’ Lalae

5. Aleke míate ŋu aɖee afiae be míedi vevie be míakpɔ ‘Yehowa ƒe ŋkekea’?

5 Ne míedi vevie be míatsi agbe le Yehowa ƒe ŋkekea dzi la, míaɖee afia le ‘agbe kɔkɔe nɔnɔ kple nuwɔwɔ le mawusosroɖa me’ me. Nyagbɔgblɔ si nye ‘agbe kɔkɔe nɔnɔ’ aɖo ŋku Petro ƒe nuxlɔ̃ame sia dzi na mí be: “Abe vi ɖotowo ene migana miaƒe anyinɔnɔ naɖi tsãtɔ, si me mienɔ le miaƒe nudzodzrowo me, le numanyamanya me la o, ke boŋ abe alesi amesi yɔ mi vɛ la le kɔkɔe ene la, nenema ke miawo hã minɔ kɔkɔe le miaƒe anyinɔnɔ katã me; elabena woŋlɔ bena: ‘Minɔ kɔkɔe, elabena nye la mele kɔkɔe.’”—Petro I, 1:14-16.

6. Be míanɔ kɔkɔe la, nukae wòle be míawɔ?

6 Be míanɔ kɔkɔe la, ele be míanɔ kɔkɔe le ŋutilã, susu, agbenɔnɔ, kple gbɔgbɔ me. Ðe míele dzadzram ɖo ɖe “Yehowa ƒe ŋkekea” ŋu to mía ɖokuiwo wɔwɔ kɔkɔe abe amesiwo ŋu Yehowa ƒe ŋkɔ le ene mea? Kɔkɔenyenye sia me léle ɖe asi mele bɔbɔe o elabena xexeame ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo me le gbegblẽm ɖe edzi kabakaba. (Korintotɔwo I, 7:31; Timoteo II, 3:13) Ðe míele ekpɔm be vovototo si le míaƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenuwo kple xexeame tɔ dome la le dzedzem nyuiea? Ne mele alea o la, ekema ele be míalé ŋku ɖe mía ɖokuiwo ŋu. Ðe wòanye be, togbɔ be mía ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo kɔkɔ wu xexeame tɔ hã, wole to yima? Ne nenemae la, ehiã be míaɖe afɔ nyuiwo atsɔ akpɔ egbɔe be míaƒe nu nadze Mawu ŋu.

7, 8. (a) Aleke wòate ŋu adzɔe be míaɖe ŋu ɖi le ‘agbe kɔkɔe nɔnɔ’ ƒe vevienyenye ŋu? (b) Ðɔɖɔɖo kawoe wòahiã be míawɔ?

7 Ðɔkta aɖe gblɔ be, tso esime amamaɖeɖe ƒe nuwɔnawo va ɖo Internet dzi kple alesi wònye nusi woate ŋu akpɔ le adzame bɔbɔe ta la, “gbɔdɔdɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ si seɖoƒe meli na o la” le amesiwo ƒe asi mekaa nu gbegblẽ mawo tsã o la si sum fifia. Ne ɖe míetsana le nyatakakadiƒe makɔmakɔ siawo la, míanɔ aɖaba ŋem ƒu Biblia ƒe se si gblɔ be “migaka asi nu makɔmakɔ aɖeke ŋu o” la dzi. (Yesaya 52:11) Ekema ɖee míanɔ egbɔ kpɔm be ‘Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava le susu me na mí vevie’ nyateƒea? Alo ɖee wòanye be míele ŋkeke ma hem ɖe megbe le susu me, anɔ bubum be ne míetsɔ nu ƒoɖiwo le ɖi ƒom míaƒe susui gɔ̃ hã la, ɣeyiɣi geɖe gakpɔtɔ le mía si míatsɔ akɔ mía ɖokui ŋuia? Ne kuxi le mía ŋu le go siawo me la, aleke wòhiã kpatae enye si be míaɖe kuku na Yehowa be ‘wòaɖe míaƒe ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu ahagbɔ agbe mí le eƒe mɔ dzi’!—Psalmo 119:37.

8 Yehowa Ðasefo akpa gãtɔ, ɖeviwo kple tsitsiawo, le Mawu ƒe agbenyuinɔnɔ ƒe dzidzenu kɔkɔwo me lém ɖe asi hele asa ƒom na xexe sia ƒe amebeble gbegblẽwo. Esi wonya nu tso alesi nuwɔwɔ kpata le míaƒe ɣeyiɣia me hiãe kple nuxlɔ̃ame si Petro na be “Aƒetɔ la ƒe ŋkeke le vava ge abe fiafitɔ ene” ŋu ta la, woyia dzi ‘nɔa agbe kɔkɔe.’ (Petro II, 3:10) Woƒe nuwɔnawo ɖoa kpe edzi be wole ‘Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava lalam eye wòle susu me na wo vevie.’ *

Tsɔ ‘Mawusosroɖagbenɔnɔ’ Lalae

9. Nukae wòle be mawusosroɖa naʋã mí míawɔ?

9 Ne Yehowa ƒe ŋkekea anɔ susu me na mí la, ele vevie be míanɔ ‘mawusosroɖagbe nɔm.’ “Mawusosroɖa” lɔ bubu deto si ʋãa mí be míawɔ nusi dzea Mawu ŋu la tsɔtsɔ nɛ ɖe eme. Kuku ɖe Yehowa ŋu nuteƒewɔwɔtɔe ye nye nusi ʋãa mí be míanɔ mawusosroɖagbe. Eƒe lɔlɔ̃nue wònye be “woaxɔ amewo katã, bene woava nyateƒe ƒe sidzedze la me.” (Timoteo I, 2:4) Mawu ‘medi bena, ame aɖeke natsrɔ̃ o, ke boŋ bena amewo katã natrɔ va dzimetɔtrɔ gbɔ.’ (Petro II, 3:9) Eyata ɖee mele be míaƒe mawusosroɖa naʋã mí be míadzi míaƒe agbagbadzedzewo ɖe edzi be míakpe ɖe amewo ŋu woasrɔ̃ nu tso Yehowa ŋu ahasrɔ̃ eyama oa?—Efesotɔwo 5:1.

10. Nukatae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe “kesinɔnuwo ƒe beble” ŋu?

10 Mawusosroɖagbenɔnɔ ayɔ míaƒe agbe me fu ne míedi Mawu ƒe Fiaɖuƒea gbagbiãgba. (Mateo 6:33) Esia bia be ŋutilãmenuwo ŋuti nukpɔsusu si da sɔ nanɔ mía si. Yesu xlɔ̃ nu be: “Mikpɔ nyuie, eye milé be na mia ɖokui le ŋukeklẽ ŋuti; elabena ame ƒe agbe menɔa eƒe nukpɔkpɔ vivivo la me o.” (Luka 12:15) Togbɔ be asesẽ na mí be míabu alesi galɔlɔ̃ ate ŋu ava gbã ŋku na mí ŋu hã la, anyo be míade dzesii be ‘xexeame ƒe agbagbadzedze kple kesinɔnuwo ƒe beble’ ate ŋu ‘avu tsyɔ’ Mawu ƒe ‘nya la dzi.’ (Mateo 13:22) Agbenɔnɔ manɔ bɔbɔe ya o. Le esia ta la, ame aɖewo buna xaa le xexeame ƒe akpa aɖewo bena, be woanɔ agbe si de ame dzi wu la, ele be woaʋu ayi dukɔ aɖe si me nuwo bɔ ɖo me, eye ɖewohĩ woagblẽ ƒomea ɖi hena ƒe aɖewo gɔ̃ hã. Mawu ƒe ame aɖewo gɔ̃ hã bui nenema. Ne woyi dukɔ bubu me la, ɖewohĩ woate ŋu akpɔ egbeŋkekea me nu deamedzi aɖewo ana woƒe ƒomea. Gake nukae ate ŋu adzɔ ɖe woƒe lɔlɔ̃tɔ siwo le aƒe la ƒe gbɔgbɔmemenyenye dzi? Ne tanyenye ƒe ɖoɖo nyui aɖeke mele aƒea me o la, ɖe gbɔgbɔmemenyenye si hiã be ame natsi agbe le Yehowa ƒe ŋkekea dzi la asu wo sia?

11. Aleke dutadɔwɔla aɖe ɖee fiae be mawusosroɖagbenɔnɔ le vevie wu kesinɔnuwoe?

11 Ame aɖe si tso Philippines si wɔa dɔ le duta la srɔ̃ Biblia ƒe nyateƒea le Yehowa Ðasefowo gbɔ le Japan. Esi wònya srɔ̃ nu ku ɖe tanyenye ƒe agbanɔamedzi si le Ŋɔŋlɔa me ŋu ko la, ede dzesii be ele be yeakpe ɖe yeƒe ƒomea ŋu be woava zu Yehowa subɔlawo. (Korintotɔwo I, 11:3) Srɔ̃anyɔnua si le wo dedukɔ me la tsi tre ɖe eƒe xɔse yeyea ŋu vevie eye wòdi be wòayi dzi anɔ ga ɖom ɖe aƒe tsɔ wu be wòagbɔ va aƒe ava fia eƒe dzixɔse siwo nɔ te ɖe Biblia dzi la ƒomea. Gake alesi wòhiã be míawɔ nu kpata le ɣeyiɣiawo nu kple alesi wòtsɔ ɖe le eme na eƒe lɔlɔ̃tɔwo ƒoe ɖe enu wogbɔ va aƒe. Exɔ eƒe nuwɔwɔ kple ƒomea me tɔwo le dzigbɔɖi me la ƒe teƒeɖoɖo. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, eƒe ƒomea va wɔ ɖeka le tadedeagu vavãtɔ me, eye srɔ̃anyɔnua ƒo eɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me.

12. Nukatae wòle be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ le agbe me?

12 Woate ŋu atsɔ nɔnɔme si me míele la asɔ kple amesiwo le aƒe aɖe si lé dzo me. Ðe nunya anɔ eme be míanɔ tɔtrɔm to me kple susu be míafɔ ŋutilãmenuwo tso xɔ si le bibim eye wòsusɔ vie ko ne woamu la mea? Ðe eteƒe la, ɖe manɔ vevie wu be míaɖe amewo ƒe agbe—mía ŋutɔwo kple míaƒe ƒomea kpakple aƒea me tɔ bubuwo tɔ—oa? Nya lae nye be nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia ƒe mumu le aƒe tum afɔtsɔtsɔe, eye amewo ƒe agbe ɖo afɔku me. Esi míenya esia ta la, godoo la ele be míatsɔ gbɔgbɔmenuwo aɖo nɔƒe gbãtɔ ahaɖo susu Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔ si dzi woato aɖe amewo la ŋu dzonɔamemetɔe.—Timoteo I, 4:16.

Mele Be ‘Míaƒo Ði O’

13. Nɔnɔme ka mee míadi be míanɔ ne Yehowa ƒe ŋkekea va?

13 Esi Petro nɔ gbe tem ɖe nusitae wòle be míalala dzi la, egblɔ be: “Lɔlɔ̃tɔwo, esi miele nusiawo lalam ŋuti la, mido vevie, bena woakpɔ mi le ŋutifafa me ɖimaƒomaƒo kple mokaka manɔŋui le eƒe ŋku me.” (Petro II, 3:14) Tsɔ kpe ɖe Petro ƒe aɖaŋu si wòɖo be míanɔ agbe kɔkɔe nɔm ahawɔ nu le mawusosroɖa me ŋu la, ete gbe ɖe alesi wòle vevie be míana Yehowa nakpɔ mí mlɔeba abe amesiwo klɔ wo ɖokuiwo ŋu le Yesu ƒe ʋu xɔasi la me ene dzi. (Nyaɖeɖefia 7:9, 14) Esia bia be ame naxɔ Yesu ƒe vɔsa dzi ase eye wòava zu Yehowa subɔla ɖeadzɔgbe xɔnyɔnyrɔ.

14. Nukae “ɖimaƒomaƒo” lɔ ɖe eme?

14 Petro xlɔ̃ nu mí be míadze agbagba ɖesiaɖe be woakpɔ mí ‘ɖimaƒomaƒoe.’ Ðe míele be lém na míaƒe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ kple amenyenye ƒe awu la ɖimaƒomaƒoe tso xexeamea? Ne míekpɔ ɖinu aɖe le míaƒe awu me la, míedzea agbagba be mía tutui ɖa enumake. Ne míaƒe awu vevi aɖe mee ɖia le la, míeɖɔa ŋu ɖo nyuie le etutu me. Ðe míesena le mía ɖokui me nenema ke ne míaƒe amenyenye alo agbenɔnɔ aɖe wɔe be míaƒe Kristotɔwo ƒe kpɔɖeŋuwua ƒo ɖia?

15. (a) Nukatae wobia tso Israel-viwo si be woade gbo woƒe avɔwo to? (b) Nukatae Yehowa subɔla siwo li egbea to vovo kuraa?

15 Wobia tso Israel-viwo si be ‘woade gbo woƒe avɔwo to’ eye ‘woatsi aɖabɛ blɔtɔ lɔ̃ka ɖe gboawo ŋu.’ Nukatae? Ale be woaɖo ŋku Yehowa ƒe sewo dzi, aɖo toe, ‘ahanɔ kɔkɔe’ na woƒe Mawu. (Mose IV, 15:38-40) Abe Yehowa subɔla siwo li egbea ene la, míeto vovo tso xexeame gbɔ elabena míewɔna ɖe Mawu ƒe sewo kple gɔmeɖosewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, míenɔa agbe kɔkɔe, míedea bubu ʋu ƒe nu kɔkɔenyenye ŋu, eye míeƒoa asa na trɔ̃subɔsubɔ ƒomeviwo katã. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29) Ame geɖe dea bubu mía ŋu ɖe tame si míeɖo kplikpaa be míaƒo ɖi mía ɖokui o ta.—Yakobo 1:27.

Ehiã be Míanye “Mokaka Manɔŋutɔwo”

16. Nukae “mokaka manɔŋui” lɔ ɖe eme?

16 Petro gblɔ hã be ele be woakpɔ mí “mokaka manɔŋui.” Aleke ema anya wɔe? Wote ŋu ɖea ɖi ɖa alo klɔnɛ ɖa bɔbɔe gake mele alea le mokaka ya gome o. Be woaka mo na ame la fia be nane gblẽ, vodada aɖe le eŋu le ememe. Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu na hati Kristotɔwo le Filipi be: “Miwɔ nuwo katã liʋiliʋilili kple ɖikeke manɔmee, bene miazu mokaka manɔŋutɔwo kple ame kɔkɔewo, mawuvi, siwo nye ame maɖifɔwo le dzidzime gɔglɔ̃ totro kpaɖikpaɖi titina, amesiwo dome mieklẽna le abe akaɖiwo ene le xexeame.” (Filipitɔwo 2:14, 15) Ne míezɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi la, míaƒo asa na liʋiliʋilili kple glãkahehewo eye míatsɔ susu nyui asubɔ Mawui. Lɔlɔ̃ na Yehowa kple na mía haviwo aʋã mí le gbeƒãɖeɖe “fiaɖuƒeŋutinya nyui sia” me. (Mateo 22:35-40; 24:14) Gawu la, míayi edzi anɔ gbeƒã ɖem nyanyuia togbɔ be ame geɖe mase nusitae míedzea agbagba zãa míaƒe ɣeyiɣiwo faa tsɔ kpena ɖe ame bubuwo ŋu be woasrɔ̃ nu tso Mawu kple eƒe Nya, Biblia, ŋu gɔme o hã.

17. Susu kae wòle be wòanɔ mía si ne míedi be mɔnukpɔkpɔwo nasu mía si le Kristo-hamea me?

17 Esi míedi vevie be woakpɔ mí “mokaka manɔŋui” ta la, anyo be míalé ŋku ɖe míaƒe tamesusuwo ŋu le nusiwo katã míedina me. Míeɖe asi le alesi xexeame wɔa nu ɖokuitɔdiditɔe, abe agbagbadzedze be kesinɔnuwo alo ŋusẽ nasu ame si ene la ŋu. Ne míele didim be mɔnukpɔkpɔwo nasu mía si le Kristo-hamea me la, mina míaƒe susu si míetsɔ le edimee la nadza eye mina wòatso lɔlɔ̃ na Yehowa kple na ame bubuwo me ɣesiaɣi. Enye nusi dzɔa dzi na ame be woakpɔ ŋutsu gbɔgbɔmemewo ‘woanɔ dzikpɔla ƒe dɔ dim’ kple dzidzɔ kpakple didi be yewoasubɔ Yehowa kple haxɔsetɔwo le ɖokuibɔbɔ me. (Timoteo I, 3:1; Korintotɔwo II, 1:24) Le nyateƒe me la, amesiwo dze be woanye hamemegãwo la ‘nyia Mawu ƒe alẽha kple lɔlɔ̃nu faa; menye le viɖe ƒoɖi ta o, ke boŋ kple dzi faa; menye abe amesiwo ɖu aƒetɔ ɖe hame, si wode asi na wo la, dzi ene o, ke boŋ abe amesiwo nye kpɔɖeŋu na hame la ene.’—Petro I, 5:1-4.

Ehiã be ‘Míanɔ Ŋutifafa Me’

18. Nɔnɔme kawoe wonya na Yehowa Ðasefowo nyuie?

18 Mlɔeba la, Petro gblɔ na mí be woakpɔ mí “le ŋutifafa me.” Be míate ŋu anɔ agbe ɖe nudidi sia nu la, ehiã be míanɔ ŋutifafa me kple Yehowa kpakple mía havi. Petro te gbe ɖe ‘lɔlɔ̃ tsɔtsɔ alɔ̃ mia nɔewo vevie’ kple ŋutifafa me nɔnɔ kple hati Kristotɔwo ƒe vevienyenye dzi. (Petro I, 2:17; 3:10, 11; 4:8; Petro II, 1:5-7) Be míaƒe ŋutifafa nanɔ anyi la, ele be lɔlɔ̃ nanɔ mía dome. (Yohanes 13:34, 35; Efesotɔwo 4:1, 2) Míaƒe lɔlɔ̃ kple ŋutifafa dzena nyuie ne míewɔ míaƒe dukɔwo dome takpekpewo. Le takpekpe aɖe si wowɔ le Costa Rica le ƒe 1999 me la, nudzrala aɖe si nɔ yameʋudzeƒea do dziku vevie be Ðasefo siwo le dua me siwo va dzaa do ge na amedzro siwo gbɔna takpekpea la xe asi si yeɖo la ŋkume le manyamanya me. Gake le ŋkeke evea gbe la, ede dzesi lɔlɔ̃ kple ŋutifafa si woɖe fia le dzaa si wodo na takpekpea valawo dzonɔamemetɔe la, togbɔ be Ðasefo siwo le dua mea menya wo o hã. Le ŋkeke mamlɛa dzi la, nudzrala la ƒo eɖokui ɖe dzaadodoa me eye wòbia be woasrɔ̃ Biblia kpli ye.

19. Nukatae wòle vevie be míanɔ ŋutifafa me kple haxɔsetɔwo?

19 Alesi míekɔa dzime le ŋutifafa me nɔnɔ kple míaƒe gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo me ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe alesi gbegbe míele Yehowa ƒe ŋkekea kple xexeme yeye si ƒe ŋugbe wòdo la lalam vevie dzi. (Psalmo 37:11; Petro II, 3:13) Tsɔe be esesẽ na mí be míanɔ ŋutifafa me kple haxɔsetɔ aɖe. Ðe míate ŋu akpɔ alesi ŋutifafa me nɔnɔ kplii le Paradiso me anɔ le susu me ɖaa? Ne nya aɖe le nɔvi aɖe si ɖe mía ŋu la, ele be ‘míadzra mía dome ɖo’ kaba. (Mateo 5:23, 24) Ele vevie be míawɔ esia nenye be míanɔ ŋutifafa me kple Yehowa.—Psalmo 35:27; Yohanes I, 4:20.

20. Go kawo mee wòle be ‘míalala’ le?

20 Ðe mía ŋutɔwo míele ‘Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava lalam eye wòle susu me na mí veviea’? Míaƒe didi vevie be míakpɔ vɔ̃ɖinyenye ƒe nuwuwu teƒe dzena le alesi míele kɔkɔe le xexe sia si me agbegbegblẽnɔnɔ bɔ ɖo me. Gawu la, alesi míele mɔ kpɔm vevie na Yehowa ƒe ŋkekea kple agbenɔnɔ le Fiaɖuƒe dziɖuɖua te la dzena le mawusosroɖanu siwo míewɔna me. Eye míaƒe mɔkpɔkpɔ be míava nɔ agbe le ŋutifafa xexeme yeyea me dzena le alesi míedina be míanɔ ŋutifafa me kple hati tadeagulawo fifia me. To mɔ siawo nu la, míeɖenɛ fiana be míenye amesiwo ‘lalana’ eye míelé ‘Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ɖe susu me vevie.’

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 8 Le kpɔɖeŋu me, kpɔ January 1, 2000, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 16 kple 1997 Yearbook of Jehovah’s Witnesses, axa 51.

Èɖo Ŋku Wo Dzia?

• Be woalé ‘Yehowa ƒe ŋkekea ƒe vava ɖe susu me vevie’ gɔme ɖe?

• Aleke míaƒe agbenɔnɔ ɖenɛ fiana be ‘míelalanae’?

• Nukatae ‘nuwɔwɔ le mawusosroɖa me’ le vevie?

• Nukae wòle be míawɔ be Yehowa nakpɔ mi ‘le ŋutifafa me, ɖimaƒomaƒoe, kple mokaka manɔŋui’?

[Biabiawo]

[Nɔnɔmetata si le axa 11]

‘Amesi lalana ƒe nɔnɔme’ dzena le agbe kɔkɔe nɔnɔ me

[Nɔnɔmetata si le axa 12]

Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa nye agbeɖeɖedɔ

[Nɔnɔmetata si le axa 14]

Esi míele Yehowa ƒe ŋkekea lalam la, mina míanɔ ŋutifafa me kple amewo