Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Akɔfafa na Amesiwo Le Kpekpeɖeŋu Dim

Akɔfafa na Amesiwo Le Kpekpeɖeŋu Dim

Akɔfafa na Amesiwo Le Kpekpeɖeŋu Dim

BIBLIA menye tagbɔdɔdagbalẽ o. Ke hã efaa akɔ na mí hekpena ɖe mía ŋu be míakpɔ ŋudzedze ɖe agbe ŋu togbɔ be míedoa go kuxiwo hã. Le nyateƒe me la, Ŋɔŋlɔawo gblɔ be: “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia, eƒe agbe le kpuie, eye fuɖeɖe ti kɔ nɛ.” (Hiob 14:1) Mía ŋutɔwo ƒe blibomademade gbɔe míaƒe kuxiawo dometɔ aɖewo tso. Gake ameka koŋue hea fukpekpe vaa amegbetɔwo dzi?

Biblia gblɔ le ame ma ŋu be enye gbɔgbɔ vɔ̃ɖi aɖe si wòyɔ be Abosam kple Satana. Eyae le ‘xexeame katã blem’ hele kuxi siwo le fu ɖem na ameƒomea la dometɔ geɖewo hem vɛ. Ke hã, Biblia gblɔ na mí hã be ɣeyiɣi le vɔvɔm nɛ. (Nyaɖeɖefia 12:9, 12) Eteƒe madidi o Mawu aɖe fukpekpe siwo katã Satana he va anyigbadzinɔlawo dzi la ɖa. Le Biblia ƒe nya nu la, dzɔdzɔenyenye ƒe xexeme yeye si ƒe ŋugbe Mawu do la aɖe mɔkpɔkpɔmanɔamesi kple mɔkpɔkpɔbuɖeame ɖa.—Petro II, 3:13.

Akɔfaname kae nye si wònye be wòanyae be ɣeyiɣi kpui aɖe ƒe nu koe amegbetɔwo ƒe fukpekpe nye! Le Mawu ƒe Dziƒofiaɖuƒe si le Yesu Kristo si me ƒe dziɖuɖu te la, madzɔmadzɔnyenye kple fukpekpe nu ayi. Ŋɔŋlɔawo gblɔ le Fia si Mawu tia la ŋu be: “Aɖe ame dahe, si le ɣli dom, kple hiãtɔ, si xɔnametɔ aɖeke meli na o la. Ave hiãtɔwo kple ame dahewo nu, eye wòaɖe ame dahewo ƒe luʋɔ. Aɖe woƒe luʋɔ tso teteɖeanyi kple ŋutasesẽ me, eye woƒe ʋu axɔ asi le eŋku me.”—Psalmo 72:12-14.

Ɣeyiɣi si me nyagblɔɖi sia ava eme la tu aƒe ŋutɔ. Míate ŋu ase agbe mavɔ ƒe vivi le paradisonyigba dzi le nɔnɔme wɔnukuwo me. (Luka 23:43; Yohanes 17:3) Ŋɔŋlɔa ƒe ŋugbedodo fakɔname siawo nyanya naa mɔkpɔkpɔ kple akɔfafa sua amesiwo le kpekpeɖeŋu dim la si.

[Nɔnɔmetata Tsoƒe si le axa 32]

Nyɔnuvi si lé blanui: Photo ILO/J. Maillard