Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia Ete Ŋu Trɔ

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia Ete Ŋu Trɔ

“Mite Ðe Mawu Ŋu, Eye Wòate Ðe Mia ŋu”

Woƒe Agbenɔnɔ Tsã Kple Fifia Ete Ŋu Trɔ

SANDRA, si nye nyɔnu aɖe le Mexico, ɖɔ eɖokui be yee nye amesi mede yewoƒe ƒomea dzi kura o. Nu si wogbe le egbɔ kple lɔlɔ̃ si womeɖe fiae o la gblẽ nu le eŋu le eƒe ƒewuiwo me. Egblɔ be: “Metsɔ sese le ɖokuinye me be asixɔxɔ aɖeke mele ŋunye o kpakple ɖikeke geɖe le nusitae mele agbe ɖo kple tameɖoɖo si le agbe ŋu to nye ƒewuimenɔɣi me ɖo tsitsi me.”

Esi Sandra nɔ sekɛndrisuku dem la, ete wein si fofoa dze da ɖe aƒeme la nono. Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ete eya ŋutɔ tɔ dzedze eye wòva zu ahanoxee. Elɔ̃ ɖe edzi be: “Naneke meʋãm be manɔ agbe o.” Le dziɖeleameƒo ta la, Sandra ƒo eɖokui ɖe atikemuamewo zazã me. Egblɔ be: “Nusi kpena ɖe ŋunye be maŋlɔ nye kuxiwo be koe nye nusiwo metsɔna ɖe nye akplo sue me: ahatukpa, atikekui aɖewo, kple gbe sesẽ vi aɖe.”

Esi Sandra wu ɖɔktasuku nu la, eyi ahanonoa dzi va zu ahanoxee. Etee kpɔ be yeaɖe yeƒe agbe ɖa. Gake etsi agbe.

Sandra tsa di gbɔgbɔ me kpekpeɖeŋu kple dzideƒoname le subɔsubɔha vovovowo me do kpoe. Esi mɔkpɔkpɔ bu ɖee eye dzi ɖe le eƒo ta la, efaa avi biana Mawu edziedzi bena: “Afikae nèle? Nukatae makpe ɖe ŋunye o?” Alesi wòsena le eɖokui me be viɖe aɖeke mele ye ŋu o la ɖo eƒe sesẽaƒe esi Yehowa Ðasefo aɖe do goe. Esia na wòva te Biblia-sɔsrɔ̃. Esi Sandra se be “Yehowa tsɔ ɖe amesiwo ƒe dzi gbã gudugudu la gbɔ” la, ewɔ dɔ ɖe edzi ŋutɔ.—Psalmo 34:19.

Amesi srɔ̃a Biblia kple Sandra kpe ɖe eŋu wòse egɔme be Yehowa Mawu nyae be gbagbãƒewo le mía ŋu le nuvɔ̃ kple blibomademade si ƒe dome míenyi tso Adam gbɔ ta. Sandra va kpɔe dze sii be Mawu nyae be míate ŋu aɖo dzidzenu dzɔdzɔewo gbɔ pɛpɛpɛ o. (Psalmo 51:7; Romatɔwo 3:23; 5:12, 18) Edzɔ dzi nɛ be yease be menye míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo ŋu koŋ Yehowa ƒe ŋku nɔna o, eye mebia nusi míate ŋu awɔ o la tsoa mía si o. Hakpala la bia be: “Yehowa, ne ebe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?”—Psalmo 130:3.

Biblia me nyateƒe vevi aɖe si do dzidzɔ na Sandra ŋutɔ enye Yesu Kristo ƒe tafevɔsa. Yehowa toa edzi naa tenɔnɔ dzɔdzɔe amegbetɔ toɖolawo nublanuikpɔkpɔtɔe togbɔ be wonye blibomadelawo hã. (Yohanes I, 2:2; 4:9, 10) Ẽ, míate ŋu akpɔ ‘míaƒe vodadawo ƒe tsɔtsɔke’ si akpe ɖe mía ŋu míaɖu viɖemanɔameŋu ƒe seselelãme ɖesiaɖe dzi.—Efesotɔwo 1:7.

Sandra srɔ̃ nu vevi geɖe tso apostolo Paulo ƒe kpɔɖeŋua me. Paulo kpɔ ŋudzedze ɖe dɔme si Mawu nyo nɛ ŋu be wòtsɔ eƒe vodada siwo wòwɔ va yi la kee hekpe ɖe eyama ŋu le eƒe ʋiʋli la me be wòɖu gbɔdzɔgbɔdzɔ siwo nɔ fu ɖem nɛ dzi. (Romatɔwo 7:15-25; Korintotɔwo I, 15:9, 10) Paulo ɖɔ eƒe agbenɔnɔ ɖo, ‘ƒo eƒe ŋutilã wòdo ʋusrã hewɔe kluvie’ be wòate ŋu anɔ mɔ si dzea Mawu ŋu la dzi. (Korintotɔwo I, 9:27) Mena eƒe nuvɔ̃menyenyea wɔe kluvii o.

Sandra ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo wɔ fui ya, gake eyi edzi wɔ avu kpli wo. Edo gbe ɖa vevie na Yehowa be wòakpe ɖe ye ŋu yeaɖu wo dzi hebia be wòakpɔ nublanui na ye. (Psalmo 55:23; Yakobo 4:8) Esi Sandra see le eɖokui me be Mawu tsɔ ɖe le ye me vevie la, ete ŋu trɔ eƒe agbenɔnɔ. Egblɔ be: “Edzɔ dzi nam be metsɔ ɣeyiɣiawo katã le Biblia fiam amewo.” Mɔnukpɔkpɔ su Sandra si be wòkpe ɖe edaa kple nɔvianyɔnu sue ŋu be wova dze si Yehowa. Le eƒe ‘nyuiwɔwɔ’ me la, etsɔa eɖokui nana faa hezãa atikeŋutinunya si le esi kpea asi ɖe dɔnɔwo ŋu le Yehowa Ðasefowo ƒe takpekpewo me.—Galatiatɔwo 6:10.

Ke Sandra ƒe numameawo ya ɖe? Egblɔ kakaɖedzitɔe be: “Nye susu me kɔ. Nyemegamua aha, alo noa atama, alo zãa atikevɔ̃ɖiwo o. Nyemehiã na wo o. Meke ɖe nusi dim menɔ la ŋu.”

[Nya si ɖe dzesi si le axa 9]

“Meke ɖe nusi dim menɔ la ŋu”

[Aɖaka si le axa 9]

Biblia ƒe Gɔmeɖosewo Wɔa Dɔ

Biblia ƒe gɔmeɖose siwo kpe ɖe ame geɖe ŋu woɖe asi le numame ƒoɖiamewo ŋu dometɔ aɖewo enye si:

“Mina míakɔ mía ɖokui ŋuti tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, bena míawu kɔkɔenyenye nu le mawuvɔvɔ̃ me.” (Korintotɔwo II, 7:1) Amesiwo kɔ wo ɖokui ŋuti tso nu ƒoɖiamewo me eye woƒoa asa na nuwɔna makɔmakɔwoe Mawu yrana.

“Yehowa-vɔvɔ̃ enye fuléle vɔ̃.” (Lododowo 8:13) Mawu vɔvɔ̃ bubutɔe kpena ɖe ame ŋu be wòaɖe asi le nɔnɔme gbegblẽ siwo dome atikevɔ̃ɖizazã le ŋu. Tsɔ kpe ɖe dzidzɔdodo na Yehowa ŋu la, amesi trɔ la kpɔa eɖokui ta tso dɔléle dziŋɔwo si me.

‘Mibɔbɔ mia ɖokuiwò na dziɖulawo kple ŋusẽwo, eye miaɖo to wo.’ (Tito 3:1) Le teƒe geɖewo la, atike aɖewo ƒe amesinɔnɔ alo wo zazã nye dada le se dzi. Atike siwo ŋu wode se ɖo la menɔa Kristotɔ vavãwo si o eye womezãnɛ hã o.